Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Afɔku Ɣaɣla Si Gbɔ Wòle Be Woakpɔ Kpata” Enu Ava Yi Kpuie!

“Afɔku Ɣaɣla Si Gbɔ Wòle Be Woakpɔ Kpata” Enu Ava Yi Kpuie!

“Afɔku Ɣaɣla Si Gbɔ Wòle Be Woakpɔ Kpata” Enu Ava Yi Kpuie!

XEXEAME ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) gblɔ be: “Nuwo sɔ gbɔ ɖe mía si le xexeame egbea ŋutɔ, ne wotsɔ wo sɔ kple ɣeyiɣi siwo va yi nyitsɔ laa tɔ. . . . Nuɖuɖu geɖe li na amesiame . . . le nukpɔkpɔ nu.” Ne alea nya la le la, ke nuka koŋue nye kuxi si hea nunyuimakpɔɖui vɛ?

Lãmesẽhabɔbɔa gblɔ be: “Kuxiae nye be womewɔa nuɖuɖu ŋudɔ hemanɛ sɔsɔe ɖe afisiafi o. Nublanuitɔe la, hiãtɔ siwo le anyigba wɔnuwo dzi le dukɔ madeŋgɔwo me la tsia asi ƒuƒlu nɔa nu kpɔm—dɔ wua wo—esime woɖoa agblemenuku ʋaʋã gbogbo aɖewo ɖe duta va dzrana xɔa ga. Enye viɖekpɔkpɔ le ɣeyiɣi kpuitɔ me na ame ʋɛ aɖewo, ke egblẽa nu le ame geɖe ŋu ɣeyiɣi didi aɖe.” Numekuku aɖe si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nuɖuɖu Kple Agblededehabɔbɔ (FAO) wɔ nyitsɔ laa ɖee fia be ‘amesiwo nye kesinɔtɔwo wu le xexeame dometɔ 20 le alafa me’ ye ‘ɖua ʋulã kple tɔmelãwo ƒe 45 le alafa me; eye amesiwo nye hiãtɔwo wu dometɔ 20 le alafa me kpɔa 5 le alafa me ko ɖuna.’

Gake Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha gblɔ be: “Sukunyuimakpɔde kple nyatakaka nyui makpɔmakpɔ hã nye numaɖumaɖu nyuie ŋuti kuxiwo tsoƒe.” Egblɔ kpee be: “Nyatakaka si ŋuti wotrɔ asi le nyuie kple nufiafiaɖoɖo nyui siwo ate ŋu asu ame si bɔbɔe manɔmee la, womate ŋu ake ɖe sidzedze, aɖaŋu, kple nɔnɔme siwo hiã be woatsɔ akpe akɔ kple numaɖumaɖu nyuie ŋu o.” Gake nunyuimakpɔɖui hã gagblẽa nu le ame ƒe lãmesẽkpɔkpɔ kple alesi wòawɔ akpɔ hehe nyuitɔ ŋu—si hã ganye kuxi vɔ̃ɖi bubu si nɔa edzi yim.

Dzɔdzɔenyenye Kple Ðokuitɔmadimadi ƒe Ðetsɔleme na Amewo

Togbɔ be mɔxenu nyadri mawo li hã la, eŋununyala bibi aɖewo galéa mɔkpɔkpɔ me ɖe asi kokoko. Le kpɔɖeŋu me, Nuɖuɖu Kple Agblededehabɔbɔa ƒe dɔdzikpɔlagã Jacques Diouf gblɔ eƒe mɔkpɔkpɔ alea be: “Xexe aɖe si me nuɖuɖu nyiame gbogbo si le dedie le na ŋutsu, nyɔnu kple ɖeviwo gbesiagbe ƒe mɔkpɔkpɔ aɖe le asinye. Le nye mɔkpɔkpɔa me la, vovototo gã si nɔa kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo dome la dzi aɖe akpɔtɔ. Mele mɔ kpɔm na mɔɖeɖeɖenuŋu ke menye vovototodedeameme o; mele mɔ kpɔm na ŋutifafa ke menye dukɔmevidzrehehe o; mele mɔ kpɔm na beléle na nutoawo me ke menye nutoawo dome gbegblẽ o; mele mɔ kpɔm na amesiame ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ke menye nugbegblẽ le ame ŋu be mɔkpɔkpɔ nabu ɖee o.”

Gake abe alesi míekpɔe va yi ene la, abia nu geɖe wu nuɖuɖu ŋuti dɔ geɖe wɔwɔ kple emama na amesiame hafi woate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ. Abia be dzɔdzɔenyenye kple ɖokuitɔmadimadi ƒe ɖetsɔleme na amewo nanɔ amewo me le afisiafi. Gake nɔnɔme nyui mawo mele egbegbe ƒe asitsatsa me o.

Ðe wòle bɔbɔe be woaɖe mɔxenu nyadri siwo nye ŋukeklẽ, ahedada, dzrehehewo, kple ɖokuitɔdidi ɖa si awɔe be nunyuimakpɔɖui nu nayi le xexeamea? Alo ɖe esia nye nusi gbɔ womate ŋu aɖo oa?

Mɔkpɔkpɔ Vavãtɔ Ðeka Kolia La

Biblia na eme kɔ be mele be kuxi siwo hea nunyuimakpɔɖui vɛ nawɔ nuku na mí o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ke nya esia bena le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, . . . amesiwo melɔ̃a nu nyui o, . . . amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le gake wogbe eƒe ŋusẽ.”—Timoteo II, 3:1-5.

Ðe amegbetɔwo ate ŋu aɖe nɔnɔme mawo siwo xɔ aƒe ɖe amewo me ɖa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmeea? Medze abe ate ŋu adzɔ nenema ene o ɖe, alo? Ðewohĩ nàde dzesii be susu nyui nɔa dziɖuɖumegãwo si ku ɖe amegbetɔwo ƒe kuxiwo ŋu, gake ɖokuitɔdidi, galɔlɔ̃ kple ame aɖewo ƒe blibomademade nyea kplamatsedonu na wo eye wogblẽa nu vevie le agbagba si wodze le anukwareɖiɖi vevie me gɔ̃ hã ŋu.—Yeremya 10:23.

Ke hã egbɔkpɔkpɔ menye mɔkpɔkpɔ aɖe si mate ŋu ava eme o. Biblia la do ŋugbe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe madzɔmadzɔnyenye ƒe kuxia tsɔ kpe ɖe fukpekpe bubu siwo katã ɖea fu na amegbetɔwo egbea ŋu la ɖa.

Yesaya 9:5-6 do mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ƒe ŋugbe be: “Elabena wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be: Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mavɔ, ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.”

Fiaɖuƒe ma kee amewo doa gbe ɖa biana ne wole Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa dom ɖa eye wogblɔna na Mawu be, “Wò fiaɖuƒe nava!” (Mateo 6:9, 10) De dzesii be Yesaya gblɔ be “Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.” Ẽ, Yehowa Mawu tsɔa ɖe le amegbetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me vevie ɣesiaɣi. Ewɔ anyigba sia be wòana nuɖuɖu si ade amesiame nu.

Psalmo 65:10-14 gblɔ tso eŋu be: “Èɖo ŋku anyigba dzi, eye nède tsii wòwu ko nɛ, tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋu taŋ. Èna blii, eye ale nèwɔ anyigba lae enye si. Ède tsi woƒe boliƒowo, ègbã woƒe agble me nyiglãwo hetsɔ tsidzadza bɔbɔwoe; èyra woƒe numiemiewo. . . . Alẽwo yɔ lãnyiƒewo kpaŋ, eye bli do kpekpekpe ɖe baliwo me.”

Ẽ, Yehowa, Wɔla la, koe nye amesi dze akpɔ ameƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Eyae nye “Amesi na nuɖuɖu ŋutilãwo katã, elabena eƒe amenuveve li tegbee.”—Psalmo 136:25.

Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo si me akpɔ amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Abe alesi Biblia gblɔe ene la: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” Gake woamae wòasu amesiame sɔsɔe hã elabena “[Yesu Kristo] aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la, . . . eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.” (Psalmo 72:12, 13, 16) Eyata dzi megaɖe le ƒowò o! Woakpɔ “afɔku ɣaɣla si gbɔ wòle be woakpɔ kpata” la gbɔ kpuie hena ɣeyiɣiwo katã.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

“Dɔwɔame kple nunyuimakpɔɖui nye nusi gbɔ woate ŋu akpɔ. Egbɔkpɔnuwo li. Afisi kuxia lee nye . . . afɔ vevi si woaɖe le dukɔ ɖekaɖekawo me kple le dukɔwo dome.”​—Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 10]