Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afɔku Aɖe Si Keke Ta Ŋutɔ

Afɔku Aɖe Si Keke Ta Ŋutɔ

Afɔku Aɖe Si Keke Ta Ŋutɔ

Ɣleti adee Erik * xɔ. Gake eƒe kpekpeme kple kɔkɔme le ko abe ɣleti ɖeka alo eve vi ene. Togbɔ be eƒe kpekpeme dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ hã la, eƒe ƒodo dzi ɖe enu eye eƒe afɔwo kple mo te. Efu tititi, eƒe ɖa kli hebiã ɖe ta nɛ, eye abi kakɛwo le ŋuti nɛ. Edze abe mevona le eɖokui me kura o ene. Ne ɖɔkta le ŋku lém ɖe Erik ƒe ŋkuviwo ŋu la, ele nɛ be wòaɖɔ ŋu ɖo elabena eƒe ŋku dzi kawo ate ŋu alã bɔbɔe. Nu anya gblẽ le Erik ƒe susu ƒe dɔwɔna hã ŋu. Nukutɔe la, menye ɖevi sia ɖeɖekoe le nenema o.

“EKPE ɖe nusiwo wua ɖevi akpa gãtɔ le xexeame godoo ŋu—eye wòƒo dɔxɔleameŋuwo katã ta tso esime Ku Yibɔ (Black Death), si nye dɔvɔ̃ aɖe do vɔ megbe. Ke hã menye dɔxɔleameŋue wònye o. Eƒe nugblẽƒe keke ta lɔ ame miliɔn nane siwo to eme zu bunɔwo, amesiwo léa dɔ kabakaba, eye wògblẽ nu le woƒe susu ƒe dɔwɔwɔ nyuie ŋu la ɖe eme. Edea nyɔnuwo, ƒomewo kple amesiwo to eme mlɔeba hã afɔku me vevie.”—The State of the World’s Children, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha.

Dɔléle ka ŋu nya gblɔm míele? Nunyuimakpɔɖui—vevietɔ nuɖuɖu siwo me protein kple nunyiame siwo naa ŋusẽ ame [le] makpɔmakpɔ [protein-energy malnutrition (PEM)], si Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) yɔna be “afɔku ɣaɣla si gbɔ wòle be woakpɔ kpata” ye. Aleke afɔku sia keke tae? Lãmesẽhabɔbɔa gblɔ be, “Le ɖevi miliɔn 10.4 siwo kuna ƒe sia ƒe me la, eya hã kpe ɖe nusiwo wua woƒe afã ŋu.”

Nunyuimakpɔɖui hea dɔléle vovovowo vɛ, tso nuɖuɖumasuame alo nunyiame ɖeka alo wo dometɔ aɖewo koŋ siwo womekpɔna ɖuna o—siwo ƒe ɖewoe nye vitamin kple mineral dzi—va ɖo lolo akpa kple dɔmavɔleameŋu bubu siwo numaɖumaɖu nyuie hena vɛ la dzi. Gake Lãmesẽhabɔbɔa gblɔ be protein kple nunyiame siwo naa ŋusẽ ame makpɔmakpɔ “koŋ mee afɔku le wu bubuawo katã.” Amesiwo koŋ ŋue wògblẽa nu lee nye ɖevi siwo mekpɔ xɔ ƒe atɔ̃ o.

Tɔ sẽ nàbu Erik, amesi míeyɔ le nyatia ƒe gɔmedzedzea me, tsɔ kpe ɖe ɖevi miliɔn nane siwo mekpɔa nu nyui ɖuna o ŋu kpɔ. Menye woƒe vovodae wònye be wole nɔnɔme ma me o, eye womate ŋu asi le enu hã o. Ðeviwo ƒe dɔléle kple nuɖuɖuŋutinunyala Georgina Toussaint gblɔ na Nyɔ! ŋlɔlawo be: “Amesiwo nɔa nɔnɔme sia me nyea fɔmaɖilawo wu ke hã woawoe kpea fu wu.”

Ame aɖewo asusui be womate ŋu awɔ naneke le kuxia ŋu o—eye be womate ŋu akpɔ nuɖuɖu woasu amesiame nu o. Gake nusi wɔ mo ya enye be Lãmesẽhabɔbɔa gblɔ be, “míele xexe si me nuɖuɖu bɔ ɖo egbea ŋutɔ la me.” Nuɖuɖu li si ade na amesiame le anyigba dzi—eye geɖe agakpɔtɔ. Gakpe ɖe eŋu la, amegbetɔwo ƒe numaɖumaɖu nyuie nye dɔléle si nu woate ŋu atsi bɔbɔe eye womagblẽ ga boo aɖeke ɖe eŋu o. Ðe nyateƒenya siawo na nèdo dɔmedzoea?

Amekawo Ŋue Wògblẽa Nu Le?

Numaɖumaɖu nyuie ƒe nya la melɔ ɖeviwo ɖeɖeko ɖe eme o. Lãmesẽhabɔbɔa ƒe nyatakaka aɖe si wòna le July 2001 ɖee fia be, “numaɖumaɖu nyuie bɔ ɖe afisiafi, eye wòle nu gblẽm le amesiwo agogo miliɔn 800 ŋu—siwo nye ame siwo katã le dukɔ madeŋgɔwo me dometɔ 20 le alafa me.” Esia fia be ame 1 le 8 ɖesiaɖe me le xexeame le nɔnɔme sia me tom.

Togbɔ be amesiwo mekpɔa nuɖuɖu wòdea wo nu o sɔ gbɔ ɖe Asia wu—vevietɔ le anyiehe kple titina nutowo me—hã la, dukɔ siwo me amewo mekpɔa nuɖuɖu wòdea wo nu le mama dedie nu o la ƒe akpa gãtɔ le Afrika. Dukɔ madeŋgɔ bubu siwo kplɔe ɖo enye Latin Amerika kple Carib-ƒukpowo dzi tɔwo.

Ðe nunyuimakpɔɖui mele dukɔ deŋgɔwo ya me oa? Ao. Agbalẽ si nye The State of Food Insecurity in the World 2001 ɖee fia be, ame miliɔn 11 le dukɔ deŋgɔwo me mekpɔa nu nyui ɖuna o. Ame miliɔn 27 bubu siwo mekpɔa nu nyui ɖuna o la le dukɔ siwo le dukɔ deŋgɔwo zum me, vevietɔ esiwo le Ɣedzeƒe Europa kple Soviet Union si nɔ anyi tsã me.

Nukatae nu nyui kpɔkpɔ aɖu zu kuxi gã nenema ɖo? Ðe nane li si ana dɔwuitɔwo ƒe nɔnɔmea naka ɖe eme fifia? Ðe nunyuimakpɔɖui nu ava yi le míaƒe ɣletinyigba sia dzi gbaɖegbea? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia mawo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Menye eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe o.

[Nyaɖoɖo/Anyigbatata si le axa 4]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

DUKƆ SIWO LE NUÐUÐU MASUAME ƑE AFƆKU ME

ESIWO ÐO AFƆKU ME VIE

ESIWO ƑE AFƆKUA LE VEDOMESI

ESIWO ÐO AFƆKU ME VEVIE

AFƆKU MELI O ALO AKƆNTABUBUA MEDE TUTUTU O

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋununanawo le Sudan

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

UN/DPI Photo by Eskinder Debebe