Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Wole Be Míawɔ Míaƒe Tiatiawɔblɔɖe Ŋudɔe?

Aleke Wole Be Míawɔ Míaƒe Tiatiawɔblɔɖe Ŋudɔe?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Aleke Wole Be Míawɔ Míaƒe Tiatiawɔblɔɖe Ŋudɔe?

MAWU tsɔ tiatiawɔwɔ ƒe ŋutete yra ame gbãtɔ Adam kple Xawa. Etsɔ Eden-bɔa dzi kpɔkpɔ de asi na Adam. Adam ƒe dɔdasia dometɔ aɖee nye be wòatia ŋkɔ si wòayɔ na lãwo. (Mose I, 2:15, 19) Vevietɔ wu la, Adam kple Xawa ate ŋu atiae be yewoaɖo to Mawu alo yewomaɖo toe o.​—Mose I, 2:17, 18.

Tso ɣemaɣi vaseɖe fifia la amewo wɔ nyametsotso biliɔn gbogbo aɖewo—geɖewo nyo, ɖewo mesɔ o, bubuwo vɔ̃ɖi ŋutɔ. Nyametsotso gbegblẽ aɖewo siwo amegbetɔwo wɔ he afɔkuwo vɛ. Ke hã Mawu mede nu míaƒe tiatiawɔblɔɖea me kpɔ o. Esi Mawu nye Fofo lɔ̃ame ta la, enaa mí kpekpeɖeŋu to Biblia dzi be míate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo. Exlɔ̃a nu mí hã ku ɖe afɔku siwo le tiatia gbegblẽ wɔwɔ me ŋu. Biblia gblɔ be míaŋe nusi míeƒã.​—Galatiatɔwo 6:7.

Ame Ŋutɔ ƒe Nyametsotsowo Wɔwɔ

Le nya aɖewo me la, Mawu gblɔ nusi wòdi tso mía si eme kɔna, eye wònana mɔfiafia tɔxɛ aɖewo mí. Gake le nya akpa gãtɔ me la, Biblia mewɔ sewo be woafia nusianu si míawɔ le mía ŋutɔwo ƒe nyawo me o. Le ema teƒe la, ena mɔfiafia gbadzaa si ɖea mɔ na amesiame be wòawɔ nusi dzroe alo wòawɔ eƒe dzimedidi. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi nya si wògblɔ ku ɖe modzakaɖeɖe ŋu.

Ŋɔŋlɔawo yɔ Yehowa be ‘Mawu dzidzɔtɔ.’ (Timoteo I, 1:11) Mawu ƒe Nya ƒo nu tso “nukoɣi” kple “ɣeɖuɣi” ŋu. (Nyagblɔla 3:1, 4) Biblia gblɔ be Fia Dawid ƒo ha tsɔ ɖe modzakae na ame bubuwo. (Samuel I, 16:16-18, 23) Yesu de srɔ̃ɖeƒe aɖe eye wòtrɔ tsi wòzu wein tsɔ kpe asi ɖe srɔ̃ɖeɖea ŋu.—Yohanes 2:1-10.

Ke hã Biblia xlɔ̃ nu wòsɔ nyuie be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) “Atsaƒoƒo” kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nuwɔnawo nye nuvɔ̃wɔwɔ si tsia tre ɖe Mawu ŋu, eye woate ŋu agblẽ mía kpli ƒe ƒomedodo me. (Efesotɔwo 5:3-5) Ne wono aha ŋumaɖɔɖotɔe le hadomekpekpewo me la, ete ŋu hea afɔku gãwo vɛ. (Lododowo 23:29-35; Yesaya 5:11, 12) Yehowa Mawu léa fu ŋutasẽnuwɔwɔ hã.​—Psalmo 11:5; Lododowo 3:31.

Biblia me kpukpui siawo kpena ɖe mía ŋu be Mawu ƒe nukpɔsusu ku ɖe modzakaɖeɖe ŋu sua mía si. Ne Kristotɔwo di be yewoawɔ tiatia la, woléa ŋku ɖe eŋu be esɔ ɖe Biblia ƒe nukpɔsusu nu hã. Nyateƒee, mía dometɔ ɖesiaɖe atsɔ eya ŋutɔ ƒe tiatiawɔwɔ me tsonu ƒe agba eɖanye nyui alo vɔ̃e o.​—Galatiatɔwo 6:7-10.

Nenema ke woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woawɔ nyametsotso nyui siwo ku ɖe awudodo, srɔ̃ɖeɖe, dzilanyenye, kple dɔwɔnyawo ŋu wòasɔ kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo. Esiawo lɔ nya siwo ŋu womeƒo nu tsoe tẽ le Ŋɔŋlɔawo me o ɖe eme, ke hã gɔmeɖose si dze le eme kpena ɖe wo ŋu be wowɔa nyametsotso si nɔ te ɖe woƒe dzitsinya dzi. (Romatɔwo 2:14, 15) Ele be gɔmeɖose si gbɔna la nawɔ dɔ le Kristotɔ ɖesiaɖe ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòawɔ la me: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.”​—Korintotɔwo I, 10:31.

Le tiatiawɔwɔ ƒe nya sia me la, ele be míalé ŋku ɖe gɔmeɖose si nye ‘míagade nu ame bubu ƒe nya me o’ ŋu. (Tesalonikatɔwo I, 4:11) Tiatia vovovowo nɔa anyi zi geɖe Kristotɔ ate ŋu awɔ siwo matsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu o. Eyata Kristotɔ aɖe ƒe tiatiawɔwɔ ato vovo tso Kristotɔ bubuwo tɔ gbɔ. Madzɔ dzi na Mawu be wòakpɔ be esubɔlawo le ʋɔnu drɔ̃m wo nɔewo o. (Yakobo 4:11, 12) Biblia xlɔ̃ nu le nunya me be: “Ame aɖeke nagakpe fu abe . . . amesi doa gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me la ene o.”​—Petro I, 4:15.

Nyametsotso be Woasubɔ Mawu

Biblia te gbe ɖe viɖe siwo le toɖoɖo Mawu me dzi. Ke hã Mawu mezia ame aɖeke dzi be wòasubɔ ye o. Le ema teƒe la ekpea eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo be woava nye ye subɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo ɖe Yehowa, mía wɔla, ŋku me.”​—Psalmo 95:6.

Blema Israel-dukɔa gbɔe wodo amekpekpe sia ɖo. Ƒe 3,500 kple edzivɔe nye esi va yi Israel-dukɔa nɔ tsitre ɖe Sinai-toa gɔme, eye Mawu gblɔ tadeagu vavã ƒe ɖoɖo si dze le Mose ƒe Sea me fia woamawo si nye ame miliɔn nanewo. Fifia tiatiawɔwɔ dze ŋgɔ wo: Ðe woasubɔ Mawu alo womasubɔe oa? Aleke woɖo eŋui? Wo katã wotsɔ nusɔsɔ gblɔ be: ‘Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe, eye míalé eme ɖe asi.’ (Mose II, 24:7) Nyametsotso be woasubɔ Yehowa alo womasubɔe o nye esi woa ŋutɔwo wɔ.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu ɖo gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe nyanyuia anyi. (Mateo 4:17; 24:14) Mezii ɖe ame aɖeke dzi be wòaƒo eɖokui ɖe dɔ sia wɔwɔ me o. Ke boŋ ekpe ame bubuwo dɔmenyotɔe be: ‘Va nɔ yonyeme.’ (Marko 2:14; 10:21) Ame geɖewo lɔ̃ ɖe eƒe amekpekpea dzi eye wodze gbeƒãɖeɖe gɔme kplii. (Luka 10:1-9) Ɣeaɖeɣi megbe la, ame aɖewo trɔ le Yesu yome. Yuda dee asi. (Yohanes 6:66; Dɔwɔwɔwo 1:25) Emegbe ame geɖe wu va zu nusrɔ̃lawo le apostoloawo ƒe mɔfiafia te ke menye yie wotsɔ ɖe wo ŋu hafi o ke boŋ woa ŋutɔwoe tso le woƒe lɔlɔ̃nu me. Wowɔ ‘tiatia si sɔ’ eye ‘wozu xɔsetɔwo.’ (Dɔwɔwɔwo 13:48; 17:34) Egbea hã Kristotɔ vavãwo ɖoa to Mawu ƒe Nya la kple dzi faa eye wowɔna ɖe Yesu ƒe nufiafia dzi.

Eme kɔ ƒã be enye Mawu ƒe didi be míazã míaƒe ŋutete awɔ tiatiawo. Ena mɔfiafia mí hã le Biblia me si kpena ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso nyuitɔwo. (Psalmo 25:12) Le afisiwo woawɔ ame ŋutɔ ƒe nyametsotso le la, ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nadzro mawumegɔmeɖosewo me nyuie. Esia wɔwɔ me koe míate ŋu atsɔ “subɔsubɔ kɔkɔe si miawɔ kple miaƒe tamebubu ƒe ŋutete” ana Mawu.​—Romatɔwo 12:1.