Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kuxi Sesẽ Siwo Henɛ Vɛ, Nusiwo Gbegbe Wògblẽna

Kuxi Sesẽ Siwo Henɛ Vɛ, Nusiwo Gbegbe Wògblẽna

Kuxi Sesẽ Siwo Henɛ Vɛ, Nusiwo Gbegbe Wògblẽna

“Dɔ nɔ wuyem eye mietia amewo be woaku nu me le nye dɔwuamea ŋu. Mezu aƒemanɔsitɔ eye mieŋlɔ nu tso nye xaxaa ŋu. Medze dɔ eye miewɔ takpekpe ku ɖe amesiwo dzi nu mede o ŋu. Miewɔ numekuku le nye kuxia ƒe akpa vovovoawo ŋu, gake dɔ gakpɔtɔ le wuyem, aƒe mele asinye o eye nye lãme mehaya o.”—Womenya eŋlɔla o.

TOGBƆ be xexeame habɔbɔwo dze agbagba geɖe be woaɖe nunyuimakpɔɖui ƒe kuxia ɖa hã la, viɖe gobii aɖeke medo tso eme o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1996 ƒe Xexeame ƒe Nuɖuɖu Ŋuti Takpekpe si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nuɖuɖu Kple Agblededehabɔbɔ (FAO) wɔ me la, woɖo taɖodzinu aɖe be woaɖe nuɖuɖu ƒe ame masumasu ƒe kuxia dzi akpɔtɔ le xexeame va ɖo afã lɔƒo—si anye na ame miliɔn 400—hafi ƒe 2015 nava yi. *

Enyo ŋutɔ be wowɔ ŋgɔyiyi aɖewo ya. Gake nublanuitɔea, Nuɖuɖu Kple Agblededehabɔbɔa ƒe nyitsɔ laa nyatakaka si nye The State of Food Insecurity in the World 2001, lɔ̃ ɖe edzi be: “Edze ƒã be nuɖuɖu ƒe ame masumasu ƒe kuxi si le xexeame gbɔ kpɔkpɔ megale afɔ tsɔm o.” Eyata egale dzedzem kokoko abe takpekpea ƒe taɖodzinua gbɔ manya ɖo o ene. Le nyateƒe me la, nyatakakaa na eme kɔ be “amesiwo nuɖuɖu mesuna o ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ le dukɔ madeŋgɔ akpa gãtɔ me.”

Nukatae kuxi sia dzi ɖuɖu sesẽ alea gbegbe ɖo? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míaɖe nusi nye nunyuimakpɔɖui gɔme gbã eye míadzro alesi gbegbe wògblẽa nui kple nusiwo koŋ henɛ vɛ la me.

Nukawo Gbɔe Nunyuimakpɔɖui Tsona?

Nunyuimakpɔɖui nye kuxi si tsoa nuɖuɖu me nunyiamewo si lãmenugbagbeviwo hiã si mesua wo o gbɔ, eye zi geɖe la nu vevi eve siwo gbɔna la ƒe dɔwɔwɔ aduadu gbɔe wòtsona: (1) protein, calories, vitamin, kple mineral siwo womekpɔna wòsua ame le nuɖuɖu me o kple (2) dɔléle kabakaba.

Dɔléle siwo nye mitsinyenye, gbaɣi, asrã, kple akɔta dɔlélewo nana nu tea ŋutilã la ŋu ale gbegbe be wònana nunyiame dzi ɖena kpɔtɔna kura le lã me na ame. Wonana nuɖuɖu megadzroa ame o eye womegate ŋu ɖua nu o, eye esia nana nuɖuɖu megasua ame nyuie o. Gake ɖevi siwo mekpɔa nu nyui ɖuna o la te ŋu léa dɔ kabakaba. Esia yia edzi atraɖii eye wònana amesiwo kuna le protein kple nunyiame siwo naa ŋusẽ ame makpɔmakpɔ ta ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi.

Nukatae wònye ɖeviwo koŋue ɖo afɔku me wu le nunyuimakpɔɖu ta? Wole ɣeyiɣi si me wotsina kabakaba me eye wohiã na calories kple protein. Susu mawo ke tae nunyuimakpɔɖu gblẽa nu le funɔwo kple nyɔnu siwo le no nam wo viwo ŋu vevie ɖo.

Enuenue la, ɖevia ƒe kuxia dzea egɔme do ŋgɔ na edziɣi gɔ̃ hã. Ne nuɖuɖu mesua vidada o alo mekpɔa nu nyui ɖuna hafi fɔ fu alo le fufɔɣia o la, ɖevia ƒe kpekpeme dzi aɖe akpɔtɔ le edziɣi. Emegbe notsotso nɛ kaba, nuɖuɖu manamanae nyuie, kple dzadzɛnyenye gbɔ makpɔmakpɔ ate ŋu ahe numaɖumaɖu nyuie ƒe kuxiwo vɛ.

Nunyiame vovovo siwo hiã makpɔmakpɔ nana ɖevia kua te eye metsina nyuie o. Efaa avi vevie eye dɔléle te ŋu dzea edzi bɔbɔe. Ne nɔnɔmea va le agbogbo dom ɖe edzi la, eƒe kpekpeme dzi ɖena kpɔtɔna kuraa, eƒe ŋkuwo kple dzodome (ta ƒe akpa si gbɔna) va nyena ɖe eme, ade va vɔna le ŋutilã kple lãmekawo me, eye ŋutete si le ŋutilã ŋu be woalé dzoxɔxɔ ɖe te dzi ɖena kpɔtɔna.

Nunyuimakpɔɖu agate ŋu adze le mɔ bubuwo nu. Esiawo hã te ŋu nana ɖevi kua te. Le kpɔɖeŋu me, mineral—vevietɔ esiwo nye iron, iodine, kple zinc—kple vitamin—vevietɔ vitamin A—makpɔmakpɔ ate ŋu ahe nɔnɔme mawo vɛ. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha (UNICEF) gblɔ be vitamin A ƒe vɔvɔ le lã me gblẽa nu le ɖevi siwo ade miliɔn 100 ŋu le xexeame eye wònana woƒe ŋkuwo tsina. Egblẽa nu le dɔlélenutsiŋutete hã ŋu, eye wònana ɖevia dzea dɔ kabakaba.

Nusiwo Gbegbe Wògblẽna

Nunyuimakpɔɖui gblẽa nu le ŋutilã ŋu vevie, vevietɔ le ɖeviwo gome. Nu ate ŋu agblẽ le ŋutinuwo kple lãmenuwo—siwo nye dzi, ayikuwo, dɔgbo, dɔkavi, dzitodzitowo, kple ahɔhɔ̃ ŋu.

Numekuku vovovowo ɖee fia be tekuku kple susu ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie kpakple dzidzedzemakpɔmakpɔ le sukudede kple agbalẽ manyamanyae zɔna. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe yɔ nusia be nunyuimakpɔɖu ƒe nugbegblẽ me tsonu vɔ̃ɖitɔ kekeake si nɔa anyi ɣeyiɣi didi wu.

Le ɖevi siwo to eme tsi agbe gome la, emetsonuawo ate ŋu atsi wo ŋu woatsi kplii. Esia tae Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha fa konyi be: “Amegbetɔ ƒe tamebubuŋutete le to yim ale gbegbe—le nusiwo nu woate ŋu axe mɔ ɖo keŋkeŋ hafi la me—enye nudomegbegblẽ yakatsyɔ, kple ŋutasẽnuwɔwɔ gɔ̃ hã.” Eyata numaɖumaɖu nyuie ƒe nu gbegblẽ me tsonu siwo nɔa anyi didina la nye nusi ŋu woatsi dzi ɖo vevie. Nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe si wowɔ la ƒo nu le nuɖuɖu si mesua vidzĩwo o ŋu eye wote ŋu va zua dɔmavɔleameŋuwo abe dzidɔ, suklidɔ, kple ʋusɔgbɔdɔ ene lélawo le woƒe tsitsime.

Ke hã menye nunyuimakpɔɖui si nu sẽ ŋutɔe ɖea fu na ame geɖewo o, Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha lɔ̃ ɖe edzi be: “Menye nunyuimakpɔɖui ƒomevi si gbɔ eme gbɔe amesiwo nusia wuna ƒe akpa etɔ̃lia tsona o ke boŋ etsoa nunyuimakpɔɖu ɣeaɖewoɣi kple esi le vedomesi ko gbɔ.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Lãmesẽkuxi siwo nɔa anyi eteƒe didina te ŋu ɖea fu na ɖevi siwo toa nunyuimakpɔɖui ɣeaɖewoɣi ƒe kuxiwo alo nunyuimakpɔɖui si le vedomesi me. Eyata ele vevie be woade dzesi nunyiame siwo ɖeviwo mekpɔna ɖuna o ale be woate ŋu akpɔ egbɔ alesi dze.—Kpɔ aɖaka si le axa 7.

Kuxi Sesẽ Siwo Henɛ Vɛ

Abe alesi míegblɔe va yi ene la, nusi hea nunyuimakpɔɖui vɛ tẽ enye nuɖuɖu ƒe anyimanɔmanɔ. Gake nu bubu siwo gadzia kuxia ɖe edzi tsoa hadome, ganya, dekɔnu, kple nutome ƒe nɔnɔme gbɔ. Esi ɖe dzesi wue nye ahedada, si gblẽa nu le ame miliɔn nanewo ŋu vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me. Togbɔ be ahedada nye kuxia tsoƒewo dometɔ ɖeka hã la, nunyuimakpɔɖui hã hea ahedada vɛ, elabena ne nunyuimakpɔɖui na amewo ƒe dɔwɔnawo yi to la, egadzia ahedada ɖe edzi wu.

Nu bubu aɖewo hã li siwo henɛ vɛ. Numanyamanya tso eŋu hea numaɖumaɖu nyuie ƒe nɔnɔmewo vɛ. Dɔxɔxɔ hã wɔa akpa aɖe abe alesi míekpɔe va yi ene. Hadome kple dekɔnuwo hã henɛ vɛ, siwo dometɔ aɖewo nye nuɖuɖu si womemana na amesiame sɔsɔe o kple nazãbubu ɖe nyɔnuwo ŋu. Enuenu la nyɔnuwoe nyea ame ‘mlɔetɔ siwo ɖua nu sue aɖe’—si nye ne ŋutsuwo ɖu nu vɔ hafi kple esi medea ŋutsuwo tɔ nu o ɖuɖu. Wotea sukudede si akpe ɖe wo ŋu be woalé be na wo viwo nyuie hã ƒe mɔnukpɔkpɔ nyɔnuwo.

Gakpe ɖe eŋu la, nutome ƒe nɔnɔmewo nana be womegate ŋu kpɔa nuɖuɖu sɔgbɔ o. Esiawo dometɔ aɖewoe nye dzɔdzɔmefɔkuwo kple aʋawɔwɔwo. Agbalẽ si nye The State of Food Insecurity in the World 2001, gblɔ be, tso October 1999 va ɖo June 2001 ɖeɖe me la, kuɖiɖi gblẽ nu le dukɔ 22 ŋu, ahom sesẽwo alo tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le dukɔ 17 ŋu, dukɔmeviʋa alo dzrehehewo gblẽ nu le dukɔ 14 ŋu, vuvɔŋɔli sesẽwo gblẽ nu le dukɔ 3 ŋu, eye anyigbaʋuʋu gblẽ nu le dukɔ 2 ŋu.

Egbɔkpɔkpɔ Kple Mɔxexe Ðe Enu

Aleke woawɔ akpɔ ɖevi si ŋu nunyuimakpɔɖui gblẽ nu le la gbɔ? Ne nunyiamemakpɔmakpɔ na nu te ɖevia ŋu vevie la, etsɔtsɔ yi ɖe kɔdzi gbã anye egbɔkpɔnu nyuitɔ. Mɔfiamegbalẽ aɖe si Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ta na atikewɔlawo gblɔ be, ɖɔktawo nalé ŋku ɖe ɖevia ƒe nɔnɔmea ŋu eye woakpɔ dɔléle siwo le eŋu kple tsi si vɔ le lã me nɛ la gbɔ. Woate ŋu adze nuɖuɖu nanae gɔme vivivi, eye zi geɖe wodonɛ toa aŋe me dea ŋɔti me nɛ hafi wògena ɖe eƒe dɔ me. Afɔɖeɖe gbãtɔ sia axɔ kwasiɖa ɖeka.

Asitɔtrɔ siwo ana wòagaɖo eƒe nɔnɔ kplɔnɛ ɖo. Woganana ɖevia noa dada ƒe notsi eye wodea dzi ƒo nɛ be wòaɖu nu alesi wòate ŋui. Eƒe seselelãme kple ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ le vevie le go sia me. Belélename kple lɔlɔ̃ ate ŋu awɔe be woakpɔ tɔtrɔ ɖedzesi le ɖevia ŋu. Ɣeyiɣi sia mee woafia vidadaa alesi wòalé be na via to nuɖuɖu si me nunyiame le nanae kple egbɔkpɔkpɔ be wòanɔ dzadzɛ ale be nɔnɔme sia magadzɔ ɖe edzi ake o. Emegbe woɖea asi le ɖevia ŋu le kɔdzi. Ele vevie be woanɔ kɔdzia dem kple ɖevia bena woanɔ edom kpɔ edziedzi.

Ke hã eme kɔ ƒã be mɔxexe ɖe enue nye nu nyuitɔ. Esia tae le dukɔ geɖewo me la, dziɖuɖua kple habɔbɔ nɔɖokuisiwo wɔ ɖoɖo ɖe nuɖuɖu siwo me nunyiame le hedoa ŋusẽ ame ŋu hena amesiame ƒe zazã. Nutoa me nɔlawo hã ate ŋu awɔ geɖe le mɔxexe ɖe nunyuimakpɔɖui nu, le kpɔɖeŋu me, woate ŋu awɔe to nunyiame ŋuti mɔfiamewo nana me, tsinono tsoƒewo ta kpɔkpɔ, nugododeƒewo tutu, egbɔkpɔkpɔ be nutoa me le dzadzɛ, asikpekpe ɖe abɔtasisi ƒe ɖoɖowo ŋu, kpakple ŋkuléle ɖe ɖeviwo ƒe tsitsi kple woƒe ŋgɔgbedede ŋu.

Gake nukae ame ɖekaɖekawo ate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe nunyuimakpɔɖui ƒe kuxia nu? Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le aɖaka si le axa 8 me. Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, ɖeviwo ƒe dɔléle kple nuɖuɖuŋutinunyala Georgina Toussaint kafui be anyo be vidadaa nagbugbɔ ayi ɖeviwo ƒe kɔdzi alo dɔdaƒe le eƒe vidzidzi ƒe ŋkeke adreagbe, ne ɖevia xɔ ɣleti ɖeka, kple le ɣleti siwo katã akplɔe ɖo megbe. Ele be vidadaa nadi atikewɔla ƒe kpekpeɖeŋu ne tsie mele lã me na ɖevia o, ne ele mitsi nyem vevie, alo asrã dze edzi.

Togbɔ be aɖaŋuɖoɖo siawo ŋudɔwɔwɔ nyo le ɖeviwo ƒe nuɖunyawo gbɔ kpɔkpɔ be wòaka ɖe eme me hã la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be nunyuimakpɔɖui nye kuxi nyadri aɖe—elolo ale gbegbe be amegbetɔwo mate ŋu akpɔ egbɔ o. Encyclopædia Britannica lɔ̃ ɖe edzi be: “Nuɖuɖu si asu amesiame kple nunyiame ŋuti mɔfiame nana amesiame gakpɔtɔ nye kuxi nyadri aɖe kokoko.” Eyata ɖe mɔkpɔkpɔ aɖe li be “afɔku ɣaɣla si gbɔ wòle be woakpɔ kpata” sia nu ava yi gbaɖegbea?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Ne èdi nyatakaka bubu tso Xexeame ƒe Nuɖuɖu Ŋuti Takpekpea ŋu la, ekema kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! August 8, 1997, axa 12-14.

[Aɖaka si le axa 7]

ÐE NUÐUÐU MESUA VIWÒ OA?

Aleke lãmesẽdɔwɔlawo wɔna nyana ne nuɖuɖu mele ɖevi aɖe sum o? Woléa ŋku ɖe dzesi vovovowo ŋu le amea ŋu, wobiaa gbe tso eƒe nuɖuɖu ŋu, eye wonana wodoa eƒe lãmenuwo kpɔna le nudokpɔƒe. Gake zi geɖe la, nusiwo woate ŋu adzidze tẽ koŋ dzie wonɔa te ɖo. Wodzidzea ɖevia eye wotsɔa xexlẽdzesia sɔna kple dzidzeme nyuitɔ siwo li. Emae kpena ɖe wo ŋu wonyaa numaɖumaɖu nyuie ƒe kuxi si tɔgbe wònye kple alesi gbegbe wògblẽ nu le eŋui.

Nu vevi siwo wodzidzena koŋ enye kpekpeme, kɔkɔme, kple ɖevia ƒe abɔ ƒe titrime. Ðevia ƒe kpekpeme tsɔtsɔ sɔ kple eƒe ƒexɔxɔ nana wonyana alesi gbegbe nuɖuɖu mele esum o; ne enu sẽ la, ɖevia ɖia ku eye wònɔa ƒuƒui. Wobua ɖevia ƒe dɔlélea be eɖo ŋkubiã me ne eƒe kpekpeme dzi ɖe kpɔtɔ wu 40 le alafa me eye wobunɛ be ele vedomesi ne alesi edzi ɖe kpɔtɔ nye 25 va ɖo 40 le alafa me, eye wobunɛ be enu mesẽ o ne alesi edzi ɖe kpɔtɔ le 10 va ɖo 25 le alafa me. Ne wokpɔ be ele kpuie akpa to etsɔtsɔ sɔ kple ƒe si wòxɔ la, afia be nuɖuɖu mele esum o ɣeyiɣi didi aɖe enye ma—si na be wòku te.

Amesiwo le protein kple nunyiame siwo naa ŋusẽ ame makpɔmakpɔ ƒe dɔ vɔ̃ɖitɔwo lém enye amesiwo ɖi ku glaŋglaŋ marasmus, kple amesiwo lé kwashiorkor, alo amesiwo le evea siaa lém. Marasmus (si nye kuɖiɖi vivivi) la dzena le ɖevi nono siwo xɔ tso ɣleti 6 va ɖo 18 ŋu. Enɔa dzedzem vivivi ne mekpɔ nuɖuɖu si doa ŋusẽ ame kple esiwo nyia ame ɖuna o le ɣeyiɣi didi aɖe me, eye etsoa nomanamana wòasui gbɔ alo esi wotsɔa notsi bubu siwo wotɔ tsi akpa nanɛ ta. Ðevia ɖia ku ŋutɔ, eƒe lãkusiwo nɔa falɛfalɛ ale gbegbe be woléna ɖe ƒuawo ŋu, eye wòkua te. Azɔ hã ɖevia toa “ame tsitsi ƒe mo,” mevona le eɖokui me o, eye wòfaa avi vevie.

Nya kwashiorkor si woɖe tso Afrika-gbe aɖe me gɔmee nye “kpedevi.” Efia ɖevi si woɖe le dada ƒe no nu le ɖevi bubu si wodzi ɖe eyome ta. Nɔnɔme sia dzena le notsotso na vi megbe, eye togbɔ be elɔ nuɖuɖu siwo doa ŋusẽ ame ƒe ame masumasu ɖe eme hã la, protein makpɔmakpɔ le lã mee henɛ vɛ. Ewɔnɛ be tsi tsia lã me nɛ, si nana eƒe ƒodo dzina ɖe enu eye eƒe asi kple afɔwo hã tena. Ɣeaɖewoɣi la, egblẽa nu le ɖevia ƒe mo hã ŋu, eye wònɔna nogoe abe ɣleti si sɔ tegblẽe ene. Ðevia dzea abi kakɛwo eye eƒe ɖa ƒe amadede kple nɔnɔme trɔna. Ðevi siwo le dɔ sia lém ƒe aklã tena eye womedoa dzidzɔ ɖe nu ŋu o eye woléa blanui hã. Esiae dzɔ ɖe Erik, si míeyɔ va yi dzi, esi dada na noe ɣleti ɖeka ko le eƒe agbe me; emegbe wòva nɔ nyinotsi si wotɔ tsii akpa namee. Esi wòxɔ ɣleti etɔ̃ la, wova nanɛ detsi si wotsɔ detsiƒonuwo ƒoe tsɔ kpe ɖe suklitsi ŋu eye wogblẽnɛ ɖe aƒelika aɖe gbɔ.

Protein kple nunyiame siwo naa ŋusẽ ame makpɔmakpɔ ƒe dɔléle etɔ̃lia lɔ marasmus kple kwashiorkor siaa ɖe eme. Nɔnɔme siawo katã ate ŋu awu ame ne wometso ɖe wo ŋu kaba o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

KPƆ VIWÒWO TA TSO NUNYUIMAÐUMAÐU SI ME!

▪ Ele vevie be vidada ƒe nuɖuɖu nanyo ɖe edzi. Ele be funɔwo kple vidada siwo le no nam wo viwo naɖu nuɖuɖu siwo nana ŋusẽ ame kple esi me protein geɖe le. Protein koŋue nana vidada ƒe notsi dzina. Eyata ne nuɖuɖu le vevem la, ele be woabu nyɔnu siwo agate ŋu adzi vi kple ɖevi suewo ŋu gbã.

▪ Le goawo katã kloe me la, nuɖuɖu si sɔ woate ŋu akpɔ bɔbɔe na ɖevi enye dadaa ƒe notsi. Esia le vevie le ŋkeke gbãtɔ siwo kplɔ edziɣi ɖo, elabena dɔlélenutsinu si kpɔa ɖevia ta tso dɔléle si me nɔa dadaa ƒe notsi me. Le ɣleti ene alo esi wu nenema siwo do ŋgɔ me la, wokpɔa nunyiame siwo katã ɖevia hiã be wòate ŋu atsi nyuie la le notsia me.

▪ Togbɔ be vidadaa ƒe notsi gakpɔtɔ nye ɖevia ƒe nuɖuɖu koŋ le ɣleti ene kple adelia dome hã la, ɖevia su te aɖu nu bubuwo azɔ. Na wòate atikutsetse siwo wofa kple amagbe siwo wotu heɖa ɖuɖu vivivi. Na ɖevia nasrɔ̃ nuɖuɖu yeye aɖe ɖuɖu nyuie hafi ayi bubu dzi. Ne nua ɖuɖu mae le ŋkeke eve alo etɔ̃ megbe la, na wòagasrɔ̃ bubu ɖuɖu. Nyateƒee wònye be, dzigbɔɖi kple agbagbadzedze geɖe hiã hafi ɖevi nalɔ̃ aɖu nuɖuɖu yeye aɖe. Ne èle asi trɔm le nuɖuɖu mawo ŋu la, ɖo ŋku edzi be ele be nusianu nanɔ dzadzɛ! Klɔ nuɖuɖuwo ŋu kple nuɖanuwo me nyuie!

▪ Ne ɖeviwo xɔ tso ɣleti atɔ̃ yina asieke la, zi geɖe la wohiãna na nuɖuɖu si me woakpɔ ŋusẽ kple protein geɖe wu le tsɔ wu esiwo wokpɔna le notsi me. Ðoe kplikpaa nàyi edzi anɔ nuɖuɖu vovovowo namee. Ðeviwo ƒe nuɖuɖu siwo wotsɔ nukuwo kple amagbewo wɔe nado ŋgɔ, emegbe lã kple nyinotsi kple bɔta kpakple nyinotsibabla nakplɔe ɖo. Togbɔ be wotsyɔa nuɖuɖu gbãtɔ siwo ɖeviwo ɖuna nyuie hã la, tso ɣleti ade yina la woate ŋu afli wo nyuie nɛ. Dze alo sukli dede eme mehiã o eye womebia nenema hã o.

▪ Le ɣleti enyi megbe la, vidada ƒe notsi meganyea nuɖuɖu vevi na ɖevi o, ke boŋ enyea eƒe akpa aɖe ko. Ðevia va tea nuɖuɖu siwo ƒomea ɖuna la ɖuɖu. Ele be woakpɔ egbɔ be nuɖuɖua le dzadzɛ, eye woflii nyuie ale gbegbe be wòate ŋu aɖui wòame. Nusiwo sɔ wòanɔ ɖuɖum koŋ enye atikutsetsewo kple detsiƒonuwo, nukuwo kple ayi ƒomeviwo tsɔ kpe ɖe ʋulã kpakple nyinotsi, bɔta, kple nyinotsibabla ŋu. * Vevietɔ wu la, ɖeviwo hiã nuɖuɖu siwo me vitamin A sɔ gbɔ ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye notsi, amagbe damawo, tsɔ kpe ɖe atikutsetse ɖiɖiwo kple detsiƒonu siwo ƒe amadede nye yelo abe mango, carrot, kple aɖiba ene ŋu. Ehiã be ɖevi siwo mekpɔ xɔ ƒe etɔ̃ haɖe o naɖu nu zi atɔ̃ va ɖo zi ade gbeɖeka.

▪ Nuɖuɖu hamehame siwo nàte ŋu akpɔ ahatrɔ asi le wo ŋu le mɔ vovovowo nu ana viwò nakpɔ nunyiame siwo akpɔ eƒe lãmesẽ ta. Ele na vidadaa be woalé fɔ ɖe nuɖuɖu nyui nana via ŋu, eye mele be wòazi ɖevia dzi be wòagaɖu nu esime wòɖi ƒo alo agbe nuɖuɖu nanae esime wòdi be yeaɖu ɖe akpee o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 43 Àte ŋu akpɔ nyatakaka geɖe le nyati si nye “Nunyiamewo Le Gbɔwò” le May 8, 2002, Nyɔ! ƒe tata me.

[Nɔnɔmetata]

Eŋunyala bibiwo lɔ̃ ɖe edzi be vidada ƒe notsi koŋue nyea nuɖuɖu nyuitɔ ɣesiaɣi si sɔ na vidzĩ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Caroline Penn/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðevi siwo le lu si ŋu detsiƒonuwo kpe ɖo ɖum le suku, le Bhutan

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

FAO photo/WFP Photo: F. Mattioli

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Àte ŋu atrɔ asi le viwò ƒe nuɖuɖunyawo ŋu be wòanyo ɖe edzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

FAO photo