Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia Le Xaxaɣiwo

Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia Le Xaxaɣiwo

Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia Le Xaxaɣiwo

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ

WOYƆ Kwasiɖagbe, January 27, 2002, be Ŋkeke Vɔ̃ le Lagos, Nigeria. Bɔmb aɖe si wó tso aʋawɔnudzraɖoƒe si le to me na anyigba ʋuʋu le dua me katã eye eƒe keklẽ xɔ ya me fiẽ ma. Bɔmb go kakɛwo kple nu gbagbɛwo hlẽ yi ya me kaka de afisiwo didi wu kilometa etɔ̃, eye wòna amewo tsi dzodzodzoe le dua me.

Nyasegblɔ manyatana si wokaka la dzi vɔvɔ̃a ɖe edzi. Ameha gbogbo aɖewo siwo vɔvɔ̃ ɖo la ƒo zi ɖe ablɔwo dzi, eye womenya nusi wole sisim na loo alo afisi wosi yina o. Ame alafa geɖe siwo nɔ sisim le vivitia me siwo dome ɖevi siwo vɔvɔ̃ lé hã nɔ la va dze tsimɔ doviviti aɖe me heku ɖe eme. Aƒewo, sukuxɔwo, kple dɔwɔƒe aɖewo gbã eye nu gblẽ le bubuwo ŋu vevie si wɔe be ame geɖe zu aƒemanɔsitɔwo kple dɔmakpɔwɔetɔwo. Amesiwo ƒe xexlẽme anɔ 1,000 lɔƒo ku le afɔkua me. Xexlẽme si wobu emegbe gɔ̃ hã sɔ gbɔ wu.

Emegbe wofɔ bɔmb 1,350 siwo mewó o, rocket-wo, kple bɔmb suesue siwo wodana kple asi le aƒe siwo te ɖe afisi wodzra aʋawɔnuawo ɖo si nye afisi bɔmbawo wó le la me. Ŋutsu aɖe kpɔ nane si wotsɔ ga wɔe le eƒe akpata me. Menya be bɔmb ye o, eye wòkɔe de eƒe kaa ƒe agbadeƒea hetrɔe yi na dumegãwo.

Esi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nigeria se bɔmb ƒe wowóa ŋuti nyatakaka la, wowɔ ɖoɖo kple hamemegã aɖe le Lagos enumake eye wogblɔ be nutome sue dzikpɔla 16 siwo le teƒea naku nu me ku ɖe Ðasefo 36,000 siwo le Lagos ƒe nɔnɔme ŋu. Alɔdzedɔwɔƒea ɖo naira miliɔn ɖeka (si ade United States dɔlar 10,000) ɖa, hetsɔ mɔfiame kpe ɖe eŋu be woaɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti siwo akpɔ dɔa dzi.

Le Ðasefoawo dome la, bɔmb go kakɛ aɖe wɔ nu vevi ŋutsu ɖeka vevie; nublanuitɔe la, ɖetugbi eve ku; eye nu gblẽ le Fiaɖuƒe Akpata eve kple ƒome 45 ƒe aƒewo ŋu.

Ŋkeke ade le bɔmb la ƒe wowó megbe si nye le February 2, 2002 dzi la, gbevovodolawo dome ʋunyaʋunyawɔwɔ aɖe dzɔ le dua ƒe akpa bubu. Atitsoga Dzẽ Habɔbɔa ka nya ta be ame 100 ku le ʋunyaʋunyawɔwɔ me, ame 430 xɔ abi, eye wonya ame 3,000 de gbe eye wotɔ dzo aƒe 50. Kpekpeɖeŋunakɔmiti si nɔ kpekpem ɖe amesiwo dzi “Ŋkeke Vɔ̃” la me fɔkua dzɔ ɖo la wɔ kaba do afɔ na wo nɔvi Kristotɔwo le nuto sia me.

Ðasefoawo dometɔ aɖeke meku le ɣeyiɣi sia me o, elabena wo dometɔ akpa gãtɔ nɔ nutome sue takpekpe aɖe me esime avuwɔwɔa dze egɔme. Ke hã aƒe megava nɔ hame atɔ̃ me tɔ siwo le nutoa me la dometɔ geɖe si woanɔ eme o. Wo nɔvi Kristotɔwo lɔ̃ faa be yewoana nɔƒe wo. Ðasefo aɖe si nye ɖɔkta kple srɔ̃a na dɔƒe ame 27 siwo si aƒe megava nɔ o.

Ðasefo siwo le Lagos siwo ŋu bɔmb la kple avuwɔwɔa megblẽ naneke le o la dzɔ nuɖuɖu, awudodo, kple aƒemenuzazãwo tso dzi me tsɔ na. Dugãdzikpɔla ka nya ta be: “Nusiwo nɔvi siwo le Lagos le dzɔdzɔm la sɔ gbɔ wu nusiwo hiã amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo.” Eva hiã be alɔdzedɔwɔƒea naŋlɔ agbalẽ na hameawo agblɔ na wo be woagadzɔ nuawo azɔ o. Wolɔ nusiwo tsi anyi la de ʋu gã etɔ̃ me yi alɔdzedɔwɔƒea be woadzra wo ɖo ɖe afima.

Hamemegãwo yi ɖasrã amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo kple amesiwo ƒe ƒometɔwo ku la dometɔ geɖewo kpɔ. Wodze agbagba be yewoafa akɔ na wo tso Ŋɔŋlɔawo me. Kpekpeɖeŋunakɔmitia wɔ ɖoɖo ɖe aƒe siwo ŋu nu gblẽ le la dzadzraɖo ŋu. Wotsɔ aƒemenuzazãwo, awudodo, kple nuɖuɖu na amesiwo dzi afɔku evea siaa dzɔ ɖo eye wokpe ɖe amesiwo zu aƒemanɔsitɔwo ŋu be woakpɔ teƒe anɔ. Kɔmitia kpe ɖe ƒome siwo ƒe xexlẽme nye 90 kple ame ɖekaɖekawo ŋu.

Kpekpeɖeŋu si wona amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo dometɔ geɖewo wɔ nuku na wo ŋutɔ. Ðasefo aɖe gblɔ na kpekpeɖeŋunakɔmitia dzidzɔtɔe be: “Zi alesi megakpɔtɔ le agbe la, mawɔ Yehowa nye ‘sitsoƒe kple ŋusẽ’!”—Psalmo 46:2, 3.

Amesiwo menye Ðasefowo o kpɔ alesi Yehowa Ðasefowo lé be na wo nɔewo le xaxaɣi siawo me. Ðasefo aɖe si ku nyrui gblɔ na hame si wònɔ ƒe hamemegãwo be: “Matrɔ ava ada akpe ŋutɔŋutɔ na mi eye be masrɔ̃ nu geɖe.” Egblɔ na eƒe ƒometɔwo be: “Nusi teƒe mekpɔ le Lagos la wɔ nuku. Ƒometɔwo gɔ̃ hã mete ŋu wɔ nusi amesiawo wɔ o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ʋu si me wodo kpekpeɖeŋununana ƒe agbawo ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Amesiwo ŋu wokpe ɖo dometɔ aɖewo

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Srɔ̃tɔ siawo na nɔƒe ame 27 siwo zu aƒemanɔsitɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ðasefowo le dɔ wɔm le aƒe aɖe si gbã ŋu

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]

Etame: Sam Olusegun - The Guardian