Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Metso Kunugbe Va Ti Ŋutifafadɔ Yome

Metso Kunugbe Va Ti Ŋutifafadɔ Yome

Metso Kunugbe Va Ti Ŋutifafadɔ Yome

ABE ALESI TOSHIAKI NIWA GBLƆE ENE

Japantɔ aɖe si nye yameʋukula tsã si wona hehee be wòaku ameɖokuitsrɔ̃yameʋu (kamikaze) aɖalɔ Amerikatɔwo ƒe aʋawɔtɔdziʋu le Xexemeʋa II mee gblɔ alesi wònɔ sesem le eɖokui me esi wònɔ eƒe kunugbe yiyi lalam.

ALESI woɖu Japan dzi vevie le Midway-ʋa la me le June 1942, na alesi wònɔ ŋusẽ kpɔm ɖe Pasifik-nutowo dzi nu tso zi ɖeka. Tso ɣemaɣi la, United States kple dukɔ siwo kpe ɖe eŋu nɔ aʋa ɖesiaɖe si wowɔ kple Japan la dzi ɖum eye wogbugbɔ xɔ anyigba siwo Japan xɔ va yi le esi.

Le September 1943 me la, Japan dziɖuɖua ɖe gbeƒã be yunivɛsiti sukuvi siwo katã woɖe ɖa be woagawɔ aʋa o awɔ aʋa azɔ. Le December me esi mexɔ ƒe 20 la, mege ɖe ƒudzisrafo me le sukukpodzi. Ɣleti ɖeka megbe la, medze ƒudzisrafo kple yamesrafo ƒe hehexɔxɔ gɔme. Le December 1944 la, mesrɔ̃ bɔmbdayameʋu aɖe si woyɔna be Zero yameʋawɔʋu la kuku.

Ameɖokuitsrɔ̃yameʋu ƒe Amedzidzesrafoha Tɔxɛ

Esusɔ vie woaɖu Japan dzi keŋkeŋ. Le February 1945 me la, yamesrafo siwo nɔ B-29 bɔmbdayameʋuwo me gakpɔtɔ nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe Japan dzi vevie. Le ɣeyiɣi ma ke me la, United States ƒe ƒudzisrafowo nɔ egogom, si na wònɔ bɔbɔe be yamesrafowo nate ŋu adze edzi.

Ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, Japan srafomegãwo ɖoe be yewoawɔ aʋa mamlɛa to ameɖokuiwumɔnuwo dzi. Togbɔ be edze ƒã ɣemaɣi be Japan makpɔ dziɖuɖu le aʋa la me o hã la, nyametsotso ma he aʋa la ɖe megbe eye ɖikeke mele eme o be esia he afɔku akpe nane bubuwo vɛ.

Esiae na woto Ameɖokuitsrɔ̃yameʋu ƒe Amedzidzesrafoha Tɔxɛa vɛ. Kamikaze, si nye ahom sesẽ aɖe si ŋu wotua xo le be eyae nyrɔ Mongoliatɔwo ƒe aʋawɔtɔdziʋuwo le ƒe alafa 13 lia me, ƒe ŋkɔe wotsɔ nɛ. Le ameɖokuitsrɔ̃yameʋu ƒe amedzidzedze gbãtɔa me la, wotsɔ bɔmb si ƒe kpekpemee nye kilogram 250 de Zero bɔmbdayameʋu ɖesiaɖe me be ameɖokuitsrɔ̃yameʋukula naku wòava lɔ tɔdziʋu si wotɔ ŋkui.

Woɖe gbe na Yatabe Yamesrafowo ƒe Aʋalɔgoa be wòaƒo ameɖokuitsrɔ̃yameʋukulawo ƒe aʋalɔgo tɔxɛ aɖe nu ƒu, eye menɔ wo dome. Wona agbalẽvi aɖe mía dometɔ ɖesiaɖe be míade asi ete, atsɔ afia nenye be míalɔ̃ faa anye ameɖokuitsrɔ̃yameʋukulawo ƒe aʋalɔgoa me tɔwo.

Mesee le ɖokuinye me be ele be matsɔ nye agbe ana ɖe nye dukɔa ta. Gake ne metsɔ ɖokuinye na be mazɔ mɔ si ate ŋu ade nye agbe afɔku me hã la, woate ŋu ada tum hafi maɖo afisi yim mele, ahaku yakatsyɔ. Ðe wòadzɔ dzi na danye ne megblẽ nye agbe dome alea nye ƒomegbanɔamedziwo gbɔ makpɔmakpɔa? Menɔ esia ŋu bum ɣeyiɣi didi aɖe nenye be mɔzɔzɔ sia si me afɔku le alea lae nye mɔ nyuitɔ kekeake si wòle be mawɔ nye agbe ŋudɔ le. Ke hã metsɔ ɖokuinye na.

Le March 1945 la, woɖo Yatabe Yamesrafowo ƒe Aʋalɔgo gbãtɔ. Togbɔ be wotia nye dɔwɔhati 29 hã la, wometiam o. Le hehe tɔxɛ nana wo vɔ megbe la, wowɔ ɖoɖo na wo be woadze mɔzɔzɔ si me afɔku le la gɔme tso Kanoya yamesrafowo nɔƒe si le Kagoshima nutoa me le April me. Hafi woaɖo wo ɖe Kanoya la, meva srã xɔlɔ̃nyewo kpɔ, be makpɔ alesi wonɔ sesem le wo ɖokui me esi wonɔ dzadzram ɖo ɖe kunugbea yiyi ŋu.

Wo dometɔ ɖeka gblɔ blewu be: “Míegbɔna kuku ge, gake mele be nàyɔ o. Ne mía dometɔ aɖe tsi agbe la, negblɔ vevienyenye si le ŋutifafa ŋu nya na ame bubuwo kple alesi woawɔ akpɔe.”

Hatinyewo dze mɔzɔzɔa gɔme le April 14, 1945 dzi. Le gaƒoƒo ɖeka megbe la, mí katã míenɔ to dzi na nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge ŋuti nyatakakawo sese. Gbeƒãɖela la gblɔ be: “Showa ƒe Aʋalɔgo Gbãtɔ si tso Ameɖokuitsrɔ̃yameʋu ƒe Amedzidzesrafoha Tɔxɛa me va yi ge ɖe futɔwo si me le atsiaƒu me le Kikai Shima ƒe ɣedzeƒe gome. Amesiame ku la aʋaa me.”

Ohka​—Ame Bɔmb La

Le ɣleti eve megbe la, woɖem yi Konoike Ƒudzisrafo kple Yamesrafowo ƒe Aʋalɔgoa me be manye Jinrai Amedzidzesrafoha ƒe Aʋalɔgo Tɔxɛa me tɔ. Jinrai gɔme enye “mawu ƒe dziɖegbe.” Yameʋu (si woyɔna be Amedzidzelawo), aʋawɔyameʋu siwo dzɔa wo ŋu, kple bɔmbdayameʋu bubuwo ye aʋalɔgoa zã.

Le yameʋu ‘gãtɔwo’—siwo nye Amedzidzeyameʋu siwo si mɔ̃ eve le—dometɔ ɖesiaɖe ŋu la àkpɔ Ohka si gɔmee nye “seƒoɣi.” Etsi tre ɖi na sɔhɛ yameʋukula siwo tsɔ woƒe agbe sa vɔe. Ohka nye bɔmbdayameʋu si wowɔ na ame ɖeka, eye eƒe aʋalawo keke meta 5, eye eƒe kpekpeme enye kilogram 440. Wode bɔmb siwo ƒe kpekpe anɔ tɔn ɖeka nu gbɔ nɛ.

Ne yameʋugã la le amesiwo wotɔ ŋkui gogom la, yameʋukulawo dometɔ ɖeka gena ɖe Ohka, si woɖena ɖa le yameʋugã la ŋu me. Wodana yamezɔmɔ̃ (rocket) si wóna henaa Ohka la zɔna le yame mii sɛkɛnd ewo, hafi lũna ɖe nusi wòtɔ ŋkui la dzi. Woate ŋu ayɔ esia wòasɔ be ame bɔmb. Ne wonya dae ko la, agbetsitsi megali o!

Ne wole Ohka kuku ƒe hehe nam yameʋukula aɖe la, ate ŋu aku Zero bɔmbdayameʋu tso yame afisi kɔkɔ meta 6,000 wòava dze nusi wòtɔ ŋkui la dzi. Mekpɔ yameʋukula geɖewo ku le hehexɔɣi siawo me.

Hafi woatsɔm akpe ɖe aʋalɔgoa ŋu la, aʋalɔgo gbãtɔa dze mɔ xoxoxo. Amedzidzeyameʋu 18 nue wodzra Ohka ɖo, aʋawɔyameʋu 19 ye dze wo yome. Amedzidzeyameʋuawo nɔ kpekpem eyata womenɔ abla ɖem o. Wo dometɔ aɖeke meɖo afisi yim wonɔ o. United States srafowo gbã Amedzidzeyameʋuawo kple aʋawɔyameʋu siwo dze wo yome katã.

Esi aʋawɔyameʋuwo megali o ta la, ele na Jinrai Aʋalɔgoa me nɔlawo be woazɔ mɔ woawo manɔmee. Amesiwo katã yi emegbe megatrɔ gbɔ o. Wo dometɔ ɖesiaɖe ku le Okinawa ƒe aʋagbedzi.

Aʋa la ƒe Ŋkeke Mamlɛawo

Le August 1945 me la, woɖom ɖe Yamesrafowo ƒe Aʋalɔgo si le Otsu. Asrafonɔƒe si me woɖom ɖo la le Hiei-zan si te ɖe Kyoto ŋu. Esi míenɔ mɔ kpɔm na United States srafowo ƒe Japan dzi dzedze ta la, wowɔ ɖoɖo be woazã Ohka aɖewo atsɔ adze United States ƒe ƒudziʋawɔʋuwo dzi le toa dzi. Woɖo gakpo siwo dzi woato awɔ esia ɖe toa tame.

Míenɔ lalam be woaɖe gbe na mí. Gake gbeɖeɖe ma meva gbeɖe o. Esi wotsɔ atɔm bɔmb tsrɔ̃ Hiroshima kple Nagasaki le August 6 kple 9 megbe la, Japan na ta United States kple eƒe kpeɖeŋutɔwo keŋkeŋ le August 15 lia dzi. Aʋa la wu enu mlɔeba. Bebli hafi mete ŋu tsi agbe.

Le August ƒe nuwuwu la, metrɔ yi mía de Yokohama, gake B-29 bɔmbdalawo gbã míaƒe aƒe gudugudu wòzu afi. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe nye ƒomea vevie. Daanye kple nyruiyɔvinye tsrɔ̃ le dzobibia me. Ke hã alesi tsɛnye te ŋu gbɔ tso aʋa la me dedie na akɔfafa mí.

Togbɔ be nuwo dome gblẽ keŋkeŋ eye nuɖuɖu nɔ vevem hã la, megagbugbɔ trɔ yi yunivɛsiti be mawu nye sukudede nu. Mewu enu le ƒe ɖeka megbe, eye mekpɔ dɔ. Le ƒe 1953 me la, meɖe Michiko eye míedzi viŋutsuvi eve.

Alesi Meti Ŋutifafa Yome

Le ƒe 1974 me la, Michiko te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefo aɖe. Eteƒe medidi o edze woƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me gɔme. Metsi tre ɖe eŋu le alesi wòdona edziedzi ta. Eɖe nume nam be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔa akpa vevi aɖe le ŋutifafa vavãtɔ hehe vɛ me. Mebu eŋu be ne nenemae la ke mele be matsi tre ɖe eŋu o. Ele be mawɔ ɖeka kplii boŋ.

Le ɣemaɣi lɔƒo la, mexɔ Ðasefo sɔhɛ ʋɛ aɖewo be woadzɔ zã nam. Esi Ðasefo sɔhɛawo va la, mebia nya wo ku ɖe woƒe habɔbɔa kple subɔsubɔdɔa ŋu. Ewɔ nuku nam esi mekpɔ be woƒe agbe to mɔ ɖeka eye ɖokuitsɔtsɔna ƒe nɔnɔme le wo si eye woto vovo tso wo tɔ sɔhɛ bubuwo gbɔ. Wosrɔ̃ nɔnɔme mawo tso Biblia me. Wogblɔ be Ðasefo siwo le xexeame godoo medea vovototo amewo me o eye wowɔna ɖe Biblia ƒe sedede be woalɔ̃ Mawu kple wo haviwo dzi bliboe. (Mateo 22:36-40) Wobua wo hatiwo be wonye nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, dukɔ ka ke mee woɖatso o.—Yohanes 13:35; Petro I, 2:17.

Mebui le susu me be ‘ema menye naneke o nususukpɔ aɖe koe.’ Esi Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo nɔ aʋa wɔm kple wo nɔewo ta la, esesẽ nam be maxɔe ase be Yehowa Ðasefowo ya to vovo.

Megblɔ ɖikeke si nɔ menye na wo. Sɔhɛ Ðasefoawo zã Yearbook of Jehovah’s Witnesses tsɔ ɖo kpe edzi nam be wode Ðasefo siwo le Germany gaxɔ me eye wowu ɖewo esi womede akpa aɖeke dzi le Hitler ƒe dziɖuɣi o ta. Meva ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe nye Kristotɔ vavãwo.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, srɔ̃nye ɖo kpe adzɔgbe si wòɖe na Mawu dzi to nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me le December 1975 me. Wodo Biblia sɔsrɔ̃ ɖe gbɔnye le ɣeyiɣi ma me. Gake esi mede ŋugble le agbanɔamedzi si nɔ dzinye le ganyawo gome, abe vinyewo ƒe sukufe kple míaƒe aƒea ŋu fe xexe ɣleti sia ɣleti ene ŋu la, esia na nyemewɔ afɔɖeɖe aɖeke o. Srɔ̃ŋutsu siwo nɔ hamea me nɔ asi trɔm le woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe. Mesusui be woabia nu ma ke tso asinye. Gake esi wofiam alesi woawɔ nuwo wòasɔ le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple ŋutilãmedɔ gome vɔ megbe la, metso nya me mlɔeba be masrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo.

Nyametsotso be Masubɔ Ŋutifafa ƒe Mawu La

Le nusɔsrɔ̃ ƒe eve megbe la, amesi nɔ Biblia srɔ̃m kplim biam nenye be mebu nye agbe tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu ŋu. Gake megbe ema wɔwɔ eye wòɖea fu nam.

Menɔ ɖiɖim kabakaba le atrakpui dzi gbeɖeka le nye dɔwɔƒe. Mekli nu hege tso dzi va dze anyi hetsɔ nye ʋuɖome ƒu anyi, eye meyi ɖime. Esi menyɔ la, ta ɖum sesĩe eye wotsɔ dɔnɔkɔʋu kɔm yi ɖe kɔdzii. Togbɔ be nye ʋuɖome te hã la, nyemexɔ abi ɖe ta alo ʋu ɖuɖu ɖe lã me nam o.

Alekee meda akpe na Yehowa enye esi be wòna metsi agbe! Tso ɣemaɣi dzi yi la, meɖoe kplikpaa be mawɔ nye agbe ŋudɔ atsɔ awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, eye metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe nɛ. Le July 1977 la, mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 53. Vinyeŋutsu, Yasuyuki hã srɔ̃ Biblia eye wòxɔ nyɔnyrɔ anɔ ƒe eve megbe lɔƒo.

Ƒe ewo le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la, mexɔ dzudzɔ le dɔme. Menɔ agbe abe Kristotɔwo ene le ƒe ewo mawo me, henɔ eŋu dɔ wɔm kple nye ŋutilãmedɔa sɔsɔe. Fifia la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mezu hamemegã le Yokohama, eye mezãa ɣeyiɣi geɖe ŋutɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Vinyeŋutsu tsitsitɔ nye hamemegã kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla le hame aɖe si te ɖe mía ŋu me.

Meda akpe geɖe be metsi agbe le amedzidzesrafoha ƒe asrafo tɔxɛ kple eƒe kunugbe yiyi me, eye mebui mɔnukpɔkpɔ be mele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” me. (Mateo 24:14) Meva kpɔ kakaɖedzi blibo be agbenyuinɔnɔe nye be woanɔ agbe abe Mawu ƒe amewo ene. (Psalmo 144:15) Le xexe yeye si gbɔna kpuie me la, amegbetɔwo magawɔ aʋa gbeɖe o, esi “dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o” ta.—Yesaya 2:4.

Ne anye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, madi be mado go amesiwo katã menya eye woku le aʋa la me siwo woava fɔ ɖe tsitre. Anye dzidzɔ nam be magblɔ agbenɔnɔ le ŋutifafa me, si ate ŋu asu wo si le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea te le paradisonyigba dzi ŋu nya na wo!—Mateo 6:9, 10; Dɔwɔwɔwo 24:15; Timoteo I, 6:19.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Esi menɔ ƒudzisrafo kple yamesrafodɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

“Ohka”​—Ame bɔmb

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© CORBIS

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple nye hatiwo do ŋgɔ na woƒe kunugbea yiyi. Nyee nye ame evelia tso miame, nye ɖeka koe tsi agbe

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mía kple srɔ̃nye, Michiko, kpakple mía viŋutsu tsitsitɔ, Yasuyuki

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 24]

U.S. National Archives photo