Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akantɔwo Ƒe Lododowo—Alesi Wowɔa Wo Ŋudɔe le Hadomegbenɔnɔ Me

Akantɔwo Ƒe Lododowo—Alesi Wowɔa Wo Ŋudɔe le Hadomegbenɔnɔ Me

Akantɔwo Ƒe Lododowo​—Alesi Wowɔa Wo Ŋudɔe le Hadomegbenɔnɔ Me

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE GHANA GBƆ

NUKAE nye lododo? Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe lododo gɔme be enye “nyagbɔgblɔ kpui siwo amewo gblɔna zi geɖe tsɔ xlɔ̃a nu ame alo ƒoa nu tso agbe ŋu na ame.” Yorubatɔ siwo le Nigeria ɖea lododo gɔme le mɔ dodzidzɔname aɖe nu, eye wogblɔna be enye “sɔ si ate ŋu atsɔ ame kple du be woake ɖe nukpɔsusu vovovowo ŋu.”

Lododowo, alo abebubuwo ƒe vevienyenye dze le lododo sia si Akantɔ siwo le Ghana nya nyuie me be: “Vi nyanu loe wodona nɛ, wo megblɔa nya gbogbo nɛ o.” Nusi fiam wòle koe nye be mehiã be woagblɔ nya geɖe na nunyala hafi wòanya nusi wòle be wòawɔ o. Lododo si sɔ nana wobua tame henana wosea nu gɔme, eye wòte ŋu ʋãa ame be wòawɔ nusi sɔ.

Le Ghana la, wodoa lowo zi geɖe ŋutɔ le srɔ̃ɖeƒewo kple kuteƒewo eye wodzena le woƒe hawo me. Wozãnɛ hã ne wodɔ ame aɖe ɖe dɔa aɖe gbe. Nyanuɖela alo amedɔdɔ wɔa lododowo ŋudɔ enuenu le aɖaŋu me.

Le Akantɔwo dome la, amesi bi ɖe lododo me nyuie la nye amesi si nunya le. Dzidzɔtɔe le Biblia me la wogblɔ be Fia Salomo—amesi xɔ ŋkɔ le eƒe nunya, nusɔsrɔ̃, kple aɖaŋudzedze me la—do lo 3,000 sɔŋ. Nyateƒee, Mawue na woŋlɔ Biblia me lododowo eye wo me nyawo le eteƒe pɛpɛpɛ ɣesiaɣi, eye womele abe lododo siwo wotu ɖe amegbetɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple nugɔmesese dzi ene o. Aleke kee nunya anɔ amegbetɔwo ƒe lododowo me o, womate ŋu atsɔ wo asɔ kple esiwo le Biblia me o. Gake mina míadzro Akantɔwo ƒe lododo aɖewo me kpɔ.

Mawu Ŋuti Nukpɔsusu

Le Ghana la, lododowo ɖea Mawu ƒe anyinɔnɔ dzixɔxɔse fiana, eye esia dzena le Akantɔwo ƒe lododo geɖewo me. Mawu ƒe anyimanɔmanɔ ŋuti nukpɔsusuwo mele Akantɔwo ƒe nufiafiawo me o. Le kpɔɖeŋu me, lododo ɖeka aɖe gblɔ be: “Ame aɖeke mefia Mawu ɖevi o.” Mawu ƒe anyinɔnɔ dzena na ɖevi gɔ̃ hã nyuie. Wodoa lo sia tsɔ fiaa nusi ɖeviwo te ŋu nyana bɔbɔe le mɔfiame vi aɖe ko nanae me ŋu.

Akantɔwo ƒe lododo bubu aɖe gblɔ be: “Ne èsi le Mawu nu hã la, ete koe nègakpɔtɔ le.” Eyata ɖeko wònye ameɖokuifuflu be ame aɖe nate kpɔ aŋe aɖaba aƒu Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi. Biblia gblɔ nya ma tɔgbe gbaɖegbe ke esi wògblɔ be Mawu ƒe “ŋkuwo le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.” (Lododowo 15:3) Mí katã míabu akɔnta na Ŋusẽkatãtɔ la.

Hadome Nyagbɔgblɔwo Kple Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖosewo

Abe alesi lododowo le le dekɔnu bubuwo me ene la, Akantɔwo ƒe lododowo ɖea hadomegbenɔnɔ kple kɔnu geɖewo fiana. Le kpɔɖeŋu me, ŋusẽ si nyagbɔgblɔwo te ŋu kpɔna ɖe ame dzi dze le kpɔɖeŋu sia me: “Ne wò nu da la evɔ̃ɖi wu be nàkli afɔ.” Aɖe si womemlã nyuie o ate ŋu agblẽ nu geɖe eye wòate ŋu ahe ku gɔ̃ hã vɛ.—Lododowo 18:21.

Gake ne womlã aɖe nyuie la, ate ŋu anye avuléla ŋutɔŋutɔ, abe alesi wòdze le abebubu sia me ene be, “Aɖu mehea nya le aɖe ŋkume o.” Nusi fiam wole le afisiae nye be woate ŋu akpɔ nya si dzɔ ɖe ame eve dome gbɔ le tomefafa me—le kpɔɖeŋu me, le ŋutsu kple srɔ̃a dome—to egbɔkpɔkpɔ le ŋutifafa me me. Eye ne esia mekpɔ egbɔ o la, avuléla aɖe ƒe aɖe ŋudɔwɔwɔ nyuie ate ŋu akpɔ masɔmasɔa gbɔ.

Nunya si Le Eme

Woɖe nugɔmesese kple nuŋububu do ŋgɔ ƒe vevienyenye fia nyuie le lododo geɖewo me eye wohea susu yia nunya si le wo me dzi. Bometsila si wɔa nu gbodogbodo, si mebua eƒe nuwɔnawo me tsonuwo ŋu o ate ŋu asrɔ̃ nu tso abebubu sia me, “Ðe wokpɔa bebeƒe hafi nɔa ƒli yrum.”

Anyo be dzila si de dzesi nɔnɔme gbegblẽ aɖewo le via ŋu nawɔ ɖe lododo sia dzi be, “Ati si mie gbɔna ŋku tɔ ge na ame la, ɖe wohonɛ ɖa, womekpaa nu gbɔ nɛ o.” Ẽ, ele be woaxɔ nɔnɔme gbegblẽ ɖesiaɖe le ame si—alo woatsi enu le gɔmedzedzea me—hafi wòadze go azu kuxi ŋutɔŋutɔ.

Nya Siwo Hea Susu Yia Gɔmeɖosewo Kple Dekɔnuwo Dzi

Ɣeaɖewoɣi la, ehiã be woase dekɔnu aɖe gɔme hafi woate ŋu ase woƒe lododowo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, le Akantɔwo dome la, wobua miasi tsɔtsɔ ƒo nui le ame ŋkume, vevietɔ le ame tsitsiwo dome, be enye nɔnɔme gbegblẽ. Wohe susu yi agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose dzi le lododo sia me be, “Wometsɔa miasi fiaa ame de o.” Ne míagblɔe bubui la, ele be ame nakpɔ ŋudzedze ɖe nusi nye etɔ, kple afisi wòtso ŋu.

Lododo aɖe si he susu yi alesi Akantɔwo ɖua nu le aƒemee dzi gblɔ be: “Vi si nya asikɔklɔe ɖua nu kple ame tsitsiwo.” Le nuɖuɣiwo la, wonana aƒea me tɔwo nɔa anyi le ƒuƒoƒowo me le woƒe ƒexɔxɔwo nu. Gake woate ŋu ade bubu ɖevi, si léa be na eɖokui, vevietɔ dzadzɛnyenye kple agbenyuinɔnɔ gome be wòava ɖu nu kple fofoa kpakple ame tsitsi bubuwo le kplɔ̃ ŋu. Nusi fiam lododoa le enye be ame ƒe agbenyuinɔnɔ koŋue naa wodea bubu eŋu ke menye eƒe ƒexɔxɔ ye o.

Ðe nèle ŋugble dem le srɔ̃ɖeɖe ŋua? Ekema de ŋugble le Akantɔwo ƒe lododo sia ŋu kpɔ, “Srɔ̃ɖeɖe menye dehae wònye woaɖɔ akpɔ o.” Zi geɖe la, dehadzralawo ɖea mɔ na amesiwo di be yewoadzee la be woaɖɔe akpɔ gbã hafi atso nya me le agbɔsɔsɔ si nu wodi be woadze ŋu alo agbe edzedze gɔ̃ hã. Ke hã womate ŋu aɖɔ srɔ̃ɖeɖe kpɔ alea o. Lododo sia ɖo kpe srɔ̃ɖeɖe ƒe kadodo ƒe anyinɔnɔ ɖaa dzi eye wòtsi tre ɖe srɔ̃ɖeɖe dodo kpɔ ƒe nukpɔsusu ŋu.

Ŋkuléle Ðe Nu Ŋu Nyuie

Lododo gbogbo aɖewo ɖo kpe alesi Akantɔwo ƒe tɔgbuiwo lé ŋku ɖe amewo kple lãwo ŋu vevie dzi. Le kpɔɖeŋu me, ŋkuléle ɖe koklonɔ kple viawo ŋu nyuie na wodo lo sia be, “Koklovi si nɔa dada ŋue ɖua bɔ ƒe ata.” Egɔme ɖe? Ne ame aɖe ɖea eɖokui ɖe aga la, woŋlɔnɛ be bɔbɔe ne wole nu nyui aɖe mam.

Amesi léa ŋku ɖe akpɔkplɔ kuku ŋu la magbe nyagbɔgblɔ sia gɔmesese nyuie o be, “Ku megbe hafi wodzea si akpɔkplɔ ƒe didime.” Zi geɖe la wodoa lo sia ne ame aɖe kpɔ be yeƒe nu medzea ame ŋu o. Le nɔnɔme sia tɔgbe me la, amesi ƒe nu medzea ame ŋu o la dea dzi ƒo na eɖokui be ne yemegava li o la yeƒe anyimanɔmanɔ ana woakpɔ yeƒe vevienyenye adze sii kɔte.

Lododo Siwo Le “Kpɔɖeŋunuwo Me”

Togbɔ be ɖe wogbugbɔ gblɔa Akantɔwo ƒe lododowo na woƒe megbeviwo tso dzidzime yi dzidzime hã la, wokpɔ wo dometɔ geɖewo ta le aɖaŋunuwɔwɔewo me. Aɖaŋunuwɔwɔe mawo tɔgbe dzena le atikpakpɛwo, atizɔtiwo, sikanudanuwo, kple avɔ siwo wolɔ̃na kple asi kpakple atsyã siwo wowɔna ɖe egbegbe vɔwo me me. Tsaɖila siwo ɖia tsa le Ghanatɔwo ƒe asinudɔdzraɖoƒewo ate ŋu akpɔ ŋutsu si le ati liam esime ŋutsu bubu le etutum ƒe kpɔɖeŋunuwo. Esia nye kpɔɖeŋu ƒe lododo si nye be, “Amesi lia ati wɔnu ŋue wokpena ɖo.” Nusi fiam wole la me kɔ ƒã be—ne èti taɖodzinu ɖɔʋuwo yome la, woana kpekpeɖeŋu wò.

Kuteƒewo dede koŋue ʋua mɔnukpɔkpɔ na nusi agbalẽŋlɔla aɖe yɔ be “avɔwo ƒe nuƒoɣi.” Vevesese ƒe nɔnɔme si me amesiame le ɣemaɣi bia be woade ŋugble le agbe me nudzɔdzɔwo ŋu. Eyatae kpɔɖeŋunu si wota ɖe kuvɔwo me gblɔa nya siwo me nunya detowo le. Le kpɔɖeŋu me, avɔ si me wota atrakpui ɖo hea susu yia lododo sia dzi be, “Menye ame ɖeka koe liaa ku ƒe atrakpui o.” * Esia ɖoa ŋku edzi na amesiame be wòabɔbɔ eɖokui ale be womaganɔ agbe abe ɖe womaku akpɔ gbeɖe ene o.—Nyagblɔla 7:2.

Le Akantɔwo dome la, fiawo ƒe amedɔdɔwo alo tsiamiwo bi nyuie ɖe lowo dodo me, eye woléna fiatikplɔ si tame kpɔɖeŋunu aɖe le, si tsi tre ɖi na dua ƒe gɔmeɖose malɔ̃nugbɔ aɖe, ɖe asi. Le kpɔɖeŋu me, nɔnɔmetata si me xe aɖe tsɔ fe lé da aɖe ƒe ta nye “kpɔɖeŋunu” na lododo si gblɔ be, “Ne ènya lé da ƒe ta ko la, eƒe akpa mamlɛwo zua ka ɖeɖe.” Nuka gblɔm wole? Kpɔ kuxiwo gbɔ bliboe—tso tagbɔ heyi.

Lododo Ŋudɔwɔwɔ Nyuie

Abe alesi wòle le kpɔɖeŋu bubu ɖesiaɖe ɖoɖo me ene la, ɣeyiɣi kple alesi wowɔa lododo aɖe ŋudɔ nɔa te ɖe nya si gblɔm wole la kple nyaselawo siaa dzi. Woate ŋu agblẽ nya si gblɔm wole ƒe nyonyo me ne womewɔ lododowo ŋudɔ nyuie o. Eye esi lododowo ŋudɔwɔwɔ nye nuƒoƒo nyuie ƒe akpa vevi aɖe le dekɔnu aɖewo me ta la, wo ŋudɔmawɔmawɔ nyuie ate ŋu ana amewo naɖe bubu le nuƒola ŋu.

Le Ghana la, wobua ame tsitsiwo be woawoe nye lododo fialawo kple wo takpɔlawo. Eyata zi geɖe la, wotsɔa nya sia dzea lododo gɔme be “Ame tsitsiwo gblɔna be . . .” Eye le afisi nuƒola aɖe le nu ƒom na nyasela siwo tsi wui kura le la, enye bubudedeameŋu be wòadze lododo gɔme be, “Mi ame tsitsiwoe gblɔna be . . .” Le bubudedeameŋu ta la, nuƒola si metsi o madi be yeawɔe wòadze abe yee le nunya fiam ame tsitsiwo le lododowo me ene o.

Nu Vevi aɖe Siwo Wòle Be Woade Dzesi

Lododo ate ŋu ado ŋgɔ na numeɖeɖe aɖe alo akplɔe ɖo. Azɔ hã woate ŋu adee numeɖeɖe aɖe me nunyatɔe si abia nugɔmesese deto hafi wòanya nusi ŋu wòku ɖo. Le kpɔɖeŋu me, le ɖokuibɔbɔla ŋutifafalɔ̃la gome la, Akantɔ ate ŋu agblɔ be: “Ne asiamasi ɖeɖee la, anye ne tu aɖeke maɖi le kɔƒe sia me o.” Esia he susu yi lododo sia dzi be, “Ðe wònye abɔbɔ kple klo ko ƒe nyae la, anye ne tu aɖeke maɖi o.” Wobua lã evea siaa be wofa eye womedana o eyata womedia dzre o. Amesiwo si nɔnɔme siawo le naa ŋutifafa nɔa anyi.

Gake ne èdi be Akantɔ aɖe nado lo aɖewo na wò la, ɖewohĩ ɖeka koe nàse, “Ame nɔ ŋu mekua drɔ̃e o.” Ne míagblɔe bubui la, womate ŋu ado lo yakatsyɔ o abe alesi ame aɖe mate ŋu aku drɔ̃e ne ele ŋu o ene. Nɔnɔmewoe biana be woawɔ wo ŋudɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 25 Enyo be míade dzesii be nutata sia le avɔ amadede vovovo me ke menye yibɔawo siwo wozãna le kuteƒewo koŋ ɖeɖeko mee wòle o.