Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alɔ̃dɔdɔ—Nudzroamee loo alo Agbemenuhiahiãe?

Alɔ̃dɔdɔ—Nudzroamee loo alo Agbemenuhiahiãe?

Alɔ̃dɔdɔ​—Nudzroamee loo alo Agbemenuhiahiãe?

LE AME AÐEWO GOME LA, alɔ̃dɔdɔ nye ɣeyiɣi gbegblẽ. Esi wolɔ̃na wu be yewoavu ɖe gbesiagbedɔwo ŋu kple be yewoanɔ go dom amewo ta la, ne ɖeɖi te wo ŋu vevie ko hafi wodina be yewoamlɔ anyi. Gake ame bubuwo ya dia alɔ̃ zã sia zã be yewoadɔ aɖi ɖe eme doa kpoe nɔa mimlim le aba dzi ŋu kena ɖe wo dzi.

Nukatae wòsesẽna na ame aɖewo be woakpɔ alɔ̃ adɔ, esime bubuawo dina vevie be yewoanɔ ŋu? Ðe wòle be míabu alɔ̃dɔdɔ be enye nudzroame alo agbemenuhiahiã? Be míate ŋu aɖo biabia siawo ŋu la, ele be míase nusi yia edzi ne míele alɔ̃ dɔm la gɔme.

Alɔ̃meyiyi Ŋuti Nya Ɣaɣla La

Nusi tututu nana ame meganɔa ŋu o eye wòtoa eme yia alɔ̃ me la gakpɔtɔ nye nusi gɔme womese bliboe o. Ke hã numekulawo ɖo kpe edzi be alɔ̃dɔdɔ nye nuwɔna wɔnuku aɖe si ahɔhɔ̃a fiaa mɔe eye wòzɔna ɖe kpɔɖeŋugaƒoɖokui si le ŋutilã me si wɔa dɔ gaƒoƒo 24 dzi.

Ne míele tsitsim la, alesi míedɔa alɔ̃e trɔna. Vidzĩ te ŋu dɔa alɔ̃ kabakaba le ɣeyiɣi kpuikpui siwo ƒe ƒuƒoƒo te ŋu dea gaƒoƒo 18 le ŋkeke me. Alɔ̃dɔdɔŋutinunyala bibiwo gblɔ be, togbɔ be edze abe ame tsitsi aɖewo hiãna gaƒoƒo etɔ̃ pɛ ko ƒe alɔ̃dɔdɔ le ŋkeke ɖeka me hã la, bubuwo ya hiã abe gaƒoƒo ewo ene.

Nyitsɔ laa ƒe numekuku ɖee fia be mɔnu vovovo si kpɔɖeŋugaƒoɖokui si nɔa mía me wɔa dɔ le na míekpɔ nusita wòsesẽna na ƒewuivi aɖewo be woafɔ le aba dzi le ŋdi me. Edze abe ɖe kpɔɖeŋugaƒoɖokuia ƒe dɔwɔnawo va nɔa ŋgɔ wu le ƒewuimenɔɣi ene, si wɔnɛ be sɔhɛwo melɔ̃na be yewoamlɔ anyi kaba o eye womefɔna kaba hã o. Anyimamlɔmamlɔ kaba nye sɔhɛwo ƒe nɔnɔme si bɔ ŋutɔ eye enu va yina ne woɖo woƒe ƒewuiwo ƒe domedome yina nuwuwu.

Lãmetsi aɖewoe kpɔa ŋusẽ ɖe kpɔɖeŋugaƒoɖokui si nɔa mía me dzi, eye wonya wo dometɔ geɖewo. Wo dometɔ ɖekae nye melatonin, si nye lãmetsi aɖe si wosusu be eyae nana wodɔa alɔ̃. Ahɔhɔ̃ mee melatonin tsona, eye dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo xɔe se be eyae nana lamẽnugbagbeviwo ƒe dɔwɔwɔ le nusiwo míeɖuna kple nusiwo míenona ŋu ɖiɖina do ŋgɔ teti hafi ame yia alɔ̃ me. Ne melatonin te dzadza ɖe lãme na ame la, dzoxɔxɔ si le ŋutilã me kple alesi ʋu sina yia ahɔhɔ̃ mee la dzi ɖena kpɔtɔna, eye ŋusẽ vɔna le lãmekawo ŋu eye wogbɔdzɔna. Nukae gadzɔna emegbe ne ame yi alɔ̃ me ʋĩi?

‘Dzɔdzɔme ƒe Amenyinu Vevitɔ’

Ne míeyi alɔ̃ me le gaƒoƒo eve megbe lɔƒo la, míaƒe ŋkuwo ʋana kabakaba nɔa ŋgɔgbe kple megbe yim. Ŋkuléle ɖe nuwɔna sia ŋu na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ma alɔ̃dɔdɔ me ɖe akpa gã eve me: Ŋkuʋaʋã Kabakaba (REM) ƒe alɔ̃dɔdɔ kple Ŋku Maʋamaʋã (non-REM) ƒe alɔ̃dɔdɔ. Woagate ŋu ama alɔ̃ si yi eme ʋĩ si me Ŋku Maʋamaʋã yia edzi le la hã ɖe akpa vovovo ene me. Ne ame yi alɔ̃ me ʋĩ le zã me la, Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe alɔ̃dɔdɔ yia edzi zi geɖe, eye Ŋku Maʋamaʋã ƒe alɔ̃dɔdɔ tsoa eme.

Drɔ̃ekuku akpa gãtɔ yia edzi le Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe alɔ̃dɔɣiawo me. Lãmekawo hã ɖina ɖe eme nyuie, ale be alɔ̃dɔla la te ŋu fɔna le lãmesẽ me nyuie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, numekula aɖewo xɔe se be nyatakaka yeye siwo míexɔ lina ɖe susu me ɣeyiɣi didi le alɔ̃dɔɣi sia.

Ne míedɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ (le Ŋku Maʋamaʋã ƒe alɔ̃dɔdɔ ƒe akpa 3 kple 4 lia me) la, míaƒe ʋu ƒe sisi kple dzi ƒe tsotso dzi ɖena kpɔtɔna ŋutɔ, esia nana alesi ʋu tsana le lãme na mí te ŋu ɖiɖina eye wòkpɔa mía ta tso dzidɔwo si me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, lãmetsi si nana wotsina dzina ɖe edzi le Ŋku Maʋamaʋã ƒe alɔ̃dɔɣi siawo me, eye ƒewuivi aɖewo tɔ le zã me te ŋu dea ŋkeke me tɔ teƒe 50.

Edze abe alɔ̃dɔdɔ hã kpɔa ŋusẽ ɖe alesi nuɖuɖu dzroa míi dzi ene. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va de dzesii be alɔ̃dɔdɔ nye, “amenyinu vevitɔ le agbe me” abe alesi Shakespeare gblɔe ene. Míaƒe ahɔhɔ̃ bua alɔ̃madɔmadɔ abe numaɖumaɖu ene. Ne míedɔ alɔ̃ la, leptin, si nye lãmetsi si nana ŋutilã nyana be míeɖu nu nyuie wòsu mí la ɖoa míaƒe lãme. Ne míenɔ ŋu wu alesi dze la, leptin sue aɖe koe ɖoa lãme na mí, eye nuɖuɖu siwo me goma le dzroa ŋutilãa vevie. Eyata alɔ̃madɔmadɔ ate ŋu ana woaɖu goma nu geɖe, si ate ŋu ana woalolo akpa.—Kpɔ aɖaka si nye “Ŋdɔlɔ̃dɔdɔ,” si le axa 13.

Ele Vevie na Lãmesẽ me Nɔnɔ Nyuie

Gake menye nya la katãe nye ema o. Alɔ̃dɔdɔ nana wònɔa bɔbɔe na ŋutilã be wòaɖe nu gbegblẽwo ɖa—si nye nu gbegblẽ siwo wogblɔna be wokpɔa ŋusẽ ɖe lãmenugbagbevi siwo gbɔdzɔ alo hea kansa gɔ̃ hã vɛ la dzi. Le nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe si Chicago Yunivɛsiti wɔ me la, wona ɖekakpui sesẽ 11 dɔa alɔ̃ gaƒoƒo ene pɛ ko le ŋkeke ɖesiaɖe me hena ŋkeke ade. Le ŋkeke adeagbe la, woƒe lãmenugbagbeviwo ƒe dɔwɔnawo nɔ ko abe amesi xɔ ƒe 60 tɔ ene eye woƒe lãmetsi si trɔa sukli wòzua ŋusẽ la nu va gbɔdzɔ abe suklidɔléla tɔ ene! Alɔ̃madɔmadɔ gblẽa nu le ʋumenugbagbeviɣiwo ƒe dzidzi kple lãmetsi si ɖɔa lãmekawo ɖo gɔ̃ hã ŋu, si nana wònɔa bɔbɔe be woaxɔ dɔ alo dzidɔ ƒomeviwo nadze ame dzi.

Ðikeke mele eme o be, alɔ̃dɔdɔ le vevie be woanɔ lãmesẽ me le ŋutilã kple susu me. William Dement, amesi ɖo alɔ̃dɔdɔ ŋuti numekukuwɔƒe gbãtɔ anyi le Stanford Yunivɛsiti, U.S.A., ɖe eƒe nukpɔsusu gblɔ be, “edze abe alɔ̃dɔdɔe nye nu vevitɔ kekeake si fiaa alesi agbenɔƒe adidie ene.” Deborah Suchecki, amesi nye numekula le alɔ̃dɔdɔ ŋuti numekuƒe si le São Paulo, Brazil, gblɔ be: “Ne ɖe amewo nya nusi yia edzi ne wote alɔ̃dɔdɔ wò ɖokui la, anye ne woagagbugbɔ tame abu le nyataƒoƒo si nye be alɔ̃dɔdɔ nye ɣeyiɣi gbegblẽ alo be enye kuviatɔwo ƒe nuwɔna la ŋu.”—Kpɔ aɖaka si le etame.

Gake ɖe alɔ̃dɔdɔ ɖesiaɖe ɖɔa ametia ɖoa? Nukatae ame aɖewo mlɔa anyi zã blibo la katã gake alɔ̃ mesua wo o? Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi alɔ̃dɔdɔ ŋuti kuxi sesẽ aɖewo eye wòafia alesi nàwɔ adɔ alɔ̃ wòasu wò nyuie.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 13]

NUSIWO ALƆ̃MADƆMADƆ GBLẼNA LE AME ŊU

EƑE NU GBEGBLẼ ƔEYIƔI KPUI AÐE

▪ Alɔ̃tsɔame

▪ Ame ƒe seselelãme si nɔa tɔtrɔm kabakaba

▪ Nuŋɔŋlɔbe kabakaba

▪ Nu yeye aɖe wɔwɔ, ɖoɖowɔwɔ, kple etsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me ƒe ŋutete ƒe amesimanɔmanɔ

▪ Susu ƒe nuŋumanɔmanɔ

EƑE NU GBEGBLẼ ƔEYIƔI DIDI AÐE

▪ Lolo akpa

▪ Amegã alo nyagã kuku kaba

▪ Ðeɖiteameŋu

▪ Dɔxɔxɔ, suklidɔ, dzidɔ ƒomeviwo kple dɔmedɔwo ƒe amedzidzedze kabakaba

▪ Ŋkumaɖomaɖonudzi si tsia ame si

[Aɖaka si le axa 13]

ŊDƆLƆ̃DƆDƆ

Ðe alɔ̃ tsɔ wò vevie le ŋdɔnuɖuɖu vɔ megbe kpɔa? Esia mele fiafiam kokoko be alɔ̃madɔmadɔ le fu ɖem na wò o. Esɔ be alɔ̃ natsɔ ame le ŋdɔ me elabena le dzɔdzɔme nu la lãme ƒe dzoxɔxɔ dzi ɖena kpɔtɔna le ɣeyiɣi sia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖe protein ƒomevi aɖe si woyɔna be hypocretin, alo orexin, si tsoa ahɔhɔ̃ me, si nana míenɔa ŋu la ŋuti. Kadodo kae le hypocretin kple nuɖuɖu dome?

Ne míeɖu nu la, lãmetsi si nye leptin ɖoa mía me si nana míesenɛ le mía ɖokui me be míeɖi ƒo. Gake leptin tsia hypocretin ƒe dɔwɔnawo nu be mete ŋu dzina ɖe edzi o. Ne míagblɔe bubui la, zi alesi leptin le agbɔ sɔm ɖe ahɔhɔ̃a me la, zi nenemae hypocretin dzi nɔa ɖeɖem kpɔtɔnae eye zi nenema kee alɔ̃ tsɔa mí vevie. Ðewohĩ susu ma tae le dukɔ aɖewo me la, amewo dɔa ŋdɔlɔ̃—si nyea gbɔɖeme xɔxɔ be woadɔ alɔ̃ vie le ŋdɔnuɖuɖu vɔ megbe.

[Akɔntabubu si le axa 12]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

ALƆ̃DƆDƆ ƑE AKPA VOVOVOWO

Alɔ̃dɔdɔ ƒe Akpawo

Ne Wole Ŋu

Yi eme vie

REM

Non-REM

Yi eme ʋĩ 1

2

3

Alɔ̃dɔgaƒoƒowo 4

1 2 3 4 5 6 7 8

Akɔntabubu si woto ɖe eme