Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàkpɔ Viwòwo Tae

Alesi Nàkpɔ Viwòwo Tae

Alesi Nàkpɔ Viwòwo Tae

“Dzilawo koŋue wɔa akpa vevitɔ le wo viwo ta kpɔkpɔ tso atikevɔ̃ɖizazã me. Ele be woanye kpɔɖeŋu kple nyatakaka xɔƒe na wo viwo.”​—DONNA SHALALA, AMESI NYE AGBALŊLƆLA NA UNITED STATES ƑE DƆWƆƑE SI KPƆA AMEWO ƑE LÃMESKPLE DƆWƆNYAWO GBƆ.

EYATA esi nènye dzila ta la, asiwò mee viwòwo ta kpɔkpɔ tso atikevɔ̃ɖiwo zazã me ƒe dɔ vevitɔ kekeake le. Nublanuitɔe la, menye dzilawo katãe akpɔ dɔ ma ƒe vevienyenye adze sii o. Ðetugbi aɖe si tso Brazil, si ŋkɔe nye Ireneu gblɔ be: “Vovo menɔa fofonye ŋu kura o. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòɖoa dze kpli mí. Mexlɔ̃ nu mí tso atikevɔ̃ɖizazã ŋu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.”

To vovo na ema la, bu nya si Alecxandros si nye sɔhɛ bubu aɖe si hã tso Brazil gblɔ ŋu kpɔ: “Ne television dzi wɔna aɖe si ku ɖe atikevɔ̃ɖizãlawo ŋu le edzi yim la, fofonye yɔa mía kple tsɛnyewo vaa xɔa mee be míava kpɔe. Eƒoa nu tso nɔnɔme wɔnublanui si me atikevɔ̃ɖizãlaawo nɔna le ezazã ta ŋu na mí. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ biaa mí nenye be míekpɔ sɔhɛ bubu siwo zãa atikevɔ̃ɖiwo le suku. Etoa ema dzi xlɔ̃a nu mí tso atikevɔ̃ɖizazã me fɔkuwo ŋu.”

ȃo nu tso atikevɔ̃ɖizazã me fɔkuwo ŋu na viwòwo kpɔa? Be nàwɔ ema la, ahiã be nànya nu tso afɔku siwo le ezazã me ŋu. Dzila Kristotɔwo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woakpɔe adze sii be atike manɔsenuwo zazã agblẽ nu le wo ŋu le gbɔgbɔ me. Biblia xlɔ̃ nu mí be míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɖiƒoƒo siaa me. (Korintotɔwo II, 7:1) Biblia sɔsrɔ̃ kple viwòwo edziedzi ate ŋu anye dɔwɔnu sẽŋu nàzã le wo ta kpɔkpɔ me. *

‘Xɔlɔ̃ si Dzi Wokana Ðo’

Ele vevie hã be nàtu kakaɖedzi ɖo le mia kple viwòwo dome. ‘Xɔlɔ̃ si dzi wokana ɖo’ ye Yehowa nye na via siwo le anyigba dzi. (Yeremya 3:4) Xɔlɔ̃ si dzi wokana ɖoe nènye na viwòa? Ðe nèɖoa to nyuie sea viwòa ƒe nyawoa? Ðe viwòa ɖea dzi ɖi gblɔa eƒe kuxiwo na wòa? Ðe nèlɔ̃a fɔbubu ame wu ame kafukafua? Dze agbagba nànya viwòa nyuie. Xɔlɔ̃wo le esia? Amekawoe wonye? Biblia gɔ̃ hã xlɔ̃ nu be: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Mègavɔ̃ be yeaɖo mɔxenuwo ahakpɔ egbɔ be wowɔ wo dzi alo ana tohehe wo lɔlɔ̃tɔe o. Biblia gblɔ be: “He to na viwò, ekema ana gbɔɖeme wò, eye wòado vivi na wò luʋɔ.”—Lododowo 29:17.

Gakpe ɖe eŋu la, mègabu afɔku siwo viwòa dze ŋgɔe la nu tsɛ o. Dzila aɖewo atsɔe be esi yewo viwo tso ƒome siwo ŋu wodea bubui vevie me ta la, womaƒo wo ɖokui ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã me o. Gake Ðk. José Henrique Silveira ɖe nu me be: “Atikevɔ̃ɖisitsala ƒe didie nye be yeadze xɔlɔ̃ bubumewo ƒe viwo elabena afimae wòakpɔ ga le.” Ẽ, ne woate ŋu able sɔhɛ si ŋu bubu le ade atikevɔ̃ɖizazã me la, ke sɔhɛ bubuwo beble le bɔbɔe.

Eyata bu nyaa ŋu nyuie. Dze agbagba nànya dzesi siwo afia be wote atike vɔ̃ɖi zazã la dometɔ aɖewo kaba. Le kpɔɖeŋu me, ɖe viwòa te eɖokui ɖeɖe ɖe aga, léa blanui, te nuwɔwɔ adãtɔe, alo gbe nu gɔme sesea? Ðe wòɖe eɖokui ɖa tso exɔlɔ̃ xoxowo alo ƒometɔwo ŋu kpataa? Ne nenemae la, susuwo li si ta wòle be nàɖe afɔ ɖo.

Nublanuitɔe la, togbɔ be dzilawo wɔ afɔɖeɖe siwo dze na kafukafu hã la, sɔhɛ aɖewo ɖe mɔ woƒo nya ɖe wo nu wote wo ɖokui ƒoƒo ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã me. Nukae wòle be nàwɔ ne aleae wòle le viwò gome?

Ne Sɔhɛ aɖe Zãa Atike Vɔ̃ɖiwo

Ireneu gblɔ be: “Kaka dzinyelawo nava nya la, nɔvinyeŋutsu nɔ atikevɔ̃ɖiwo zãm ɣleti gbogbo aɖewo. Esi womebui kpɔ be yewo viwo dometɔ aɖe ava nye atikevɔ̃ɖizãla o ta la, dzidzi ƒo wo vevie le gɔmedzedzea me. Le gɔmedzedzea me la, nusi va fofonye ƒe ta me koe nye be yeatsɔ asi sesẽ akplɔ nɔvinyeŋutsuae.”

Ne dzilawo se be yewo viwo le atikevɔ̃ɖi zãm la, nu gbãtɔ si te ŋu dzɔna enye be woado dziku, atɔtɔ, ahase le wo ɖokui me be yewoƒe agbagbadzedzewo zu dzodzro. Ke hã, nyatakakanagbalẽ aɖe si Dɔwɔƒe si Kpɔa Sukunyawo Gbɔ le United States ta la ɖo aɖaŋu be: “Dzika megatso ƒowò o! Eye mègabu fɔ ɖokuiwò o. Nu vevitɔ fifiae nye be nàlé ɖokuiwò kpoo [ahaku] nusi le dzɔdzɔm me. . . . Atikevɔ̃ɖizazã nye nusi woate ŋu axe mɔ na. Atikevɔ̃ɖizazã nye dɔ si woate ŋu ada.”

Ẽ, wɔ nu dɔmefafatɔe ahatɔ afɔ to sesĩe be nɔnɔmea nagava do fievo o. Ðeko dzikudodo akpa alo tɔtɔ le susu me ado kplamatse viwòa ƒe hayahaya. Azɔ hã èdi be yeakpe ɖe viwòa ŋu wòatsi azu ame ɖɔʋu si bua tame na eɖokui. Eyata xɔ ɣeyiɣi alesi dze nàdzro nu me kple sɔhɛa tso dzi me be nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ atikevɔ̃ɖi mazãmazã ƒe viɖewo adze sii. Dze agbagba nàɖe nusi le ɖevi dzegoa ƒe dzi me ado goe, eye lɔ̃ faa nàɖo toe.—Lododowo 20:5.

Ireneu gblɔ kpee be: “Emegbe la, dzinyelawo trɔ alesi wonɔ nyaa gbɔ kpɔmee hete nuxɔxlɔ̃ nɔvinyeŋutsua, woxe mɔ ɖe teƒe aɖewo yiyi ŋu nɛ, wowɔ tɔtrɔ le eƒe sukudeɣeyiɣiwo ŋu be maganɔ go dom sukuhati mawo ke gbesiagbe o. Wote mɔxexe nɛ tso eƒe zɔhɛwo ŋu hekpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe eya kpakple ƒomea me tɔ mamlɛawo ŋu wu.”

Bu alesi dzila bubu aɖewo kpɔ nyaa gbɔ dzidzedzetɔe esime wode dzesii be yewo viwo nɔ atikevɔ̃ɖi zãm la ŋu kpɔ.

Nyawo Gbɔ Kpɔkpɔ Dzidzedzetɔe

Marcelo, si nye ŋutsu aɖe si le São Paulo, Brazil, la ɖe nu me be: “Eyae nye nya sesẽtɔ kekeake si dzɔ ɖe mía dzi kpɔ. Mía kple srɔ̃nye míede dzesi nu wɔmoya aɖeke le mía viŋutsuvi eveawo ƒe agbenɔnɔ ŋu o. Zi geɖe la, woa kple sɔhɛ aɖewo siwo míesusu be míenya nyuie lae ɖaɖua nu le nuɖuɖudzraƒewo. Dzigbãnyae wònye na mí esi mía xɔlɔ̃ aɖe va gblɔ na mí be mía viŋutsuvi eveawo nɔ gbe nom. Gake esi míebia wo la, wolɔ̃ ɖe edzi enumake.”

Aleke Marcelo wɔ nu ɖe viaŋutsuviawo ƒe nuwɔnawo ŋui? Egblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míete ŋu ɣla míaƒe seselelãmewo o. Gake togbɔ be míetsi tre ɖe woƒe atikevɔ̃ɖizazãa ŋu hã la, míewɔ naneke tsɔ do vlo wo o. Míelɔ̃ ɖe edzi be míaƒe taɖodzinu tso ɣemaɣi dzi enye be míakpe ɖe mía viŋutsuviawo ŋu be woadzudzɔ atikevɔ̃ɖia zazã. Míegblɔ míaƒe tameɖoɖowo tẽ, eye mía viŋutsuvi evea siaa lɔ̃ ɖe míaƒe ɖoɖowo dzi. Woayi woƒe sukudedea dzi eye woayi edzi awɔ dɔ. Woawo ɖeɖe magado go azɔ o. Míeɖea lɔlɔ̃ fiaa wo gbesiagbe, menye le ŋkeke tɔxɛ aɖewo ko dzi o. Esi wònye xɔtudɔe mewɔna ta la, mekplɔa wo yia dɔmee edziedzi alesi mate ŋui. Míete ɖoɖo geɖe wɔwɔ ɖe modzakaɖeɖe ŋu, míexɔa ɣeyiɣi geɖe ƒoa nu tso etsɔme kple alesi wòhiã be taɖodzinu ɖɔʋuwo nanɔ mía si le agbe me ŋu.” Ale wɔ Marcelo kple srɔ̃a te ŋu kpe ɖe wo viŋutsuawo ŋu wodzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã.

Gabu vifofo Braziltɔ bubu ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Viaŋutsu Roberto gblɔ be: “Esi fofonye va de dzesii be tsɛnye nɔ atikevɔ̃ɖi zãm la, le esi teƒe be Papa nahe nya ɖe eŋu le dziku me alo ahe to nɛ la, edze xɔlɔ̃e si na vɔvɔ̃ meganɔ tsɛnyea me ɖe eŋu o. Eva nya nɔvinyeŋutsua xɔlɔ̃wo kple teƒe siwo wòlɔ̃a yiyi, eye wòte nu me ɖeɖe nɛ be mehiã be wòazã atike mawo ahadze xɔ̃ ame mawo o. Papa gblɔ nɛ be yemedi be yeatsi zãdomadɔlɔ̃e anɔ edim o.” Fofoa srɔ̃ hã kpe asi ɖe srɔ̃a ŋu bliboe le agbagbadzedze be woakpɔ sɔhɛa ƒe kuxia gbɔ me. Wo ame evea siaa lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe afɔ kpata hetso nya me be yewoakpe ɖe eŋu le aƒeme.—Kpɔ aɖaka si nye “Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ.”

Mègana Ta O!

Vinyinyi le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me ate ŋu anye dɔ sesẽ teɖeɖiameŋu. (Timoteo II, 3:1) Ke hã, mele be nàŋe aɖaba aƒu wò ŋutɔ wò gbɔgbɔ me kple seselelãme nuhiahiãwo dzi o. (Mateo 5:3) Aleke Lododowo 24:10 me nyawo nye nyateƒee nye si be: “Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.” Hadede kple nyateƒe Kristotɔwo ate ŋu ana ŋusẽ geɖe naɖo ame ŋu. Àte ŋu axɔ kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me le Fiaɖuƒe Akpata me.—Hebritɔwo 10:24, 25.

Le nyateƒe me la, nufiafia wò ƒomea be woaxɔ Mawu dzi se ate ŋu anye atikevɔ̃ɖizazã ŋuti takpɔnu nyuitɔ kekeake. Gake Mawu mezia sɔhɛwo dzi be woazɔ agbenɔnɔmɔ gobi aɖe dzi o. Gake enaa aɖaŋuɖoɖo nyuiwo. Abe alesi woŋlɔe ɖe Psalmo 32:8 ene la, Mawu gblɔ be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” Esi Mawu nye Dziƒofofo lɔ̃ame ta la, edi be yeakpɔ sɔhɛwo ta tso seselelãme, ŋutilã, kple gbɔgbɔ me fɔkuwo me. (Lododowo 2:10-12) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Mawu hã akpe ɖe dzila siwo ɖoe kplikpaa be yewoanyi yewo viwo ‘le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ la ŋu.—Efesotɔwo 6:4.

Ke hã, vinyinyi le egbexexea me ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu ate ŋu asẽ ɣeaɖewoɣi. Ðe kpekpeɖeŋu aɖe li woakpɔ mɔ na?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Yehowa Ðasefowo ta nyatakaka siwo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woadzro nyatiwo abe atikevɔ̃ɖizazã me kuxiwo me kple wo viwo. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask​—Answers That Work ƒe ta 33 kple 34.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

“Atikevɔ̃ɖizazã nye nusi woate ŋu axe mɔ na. Atikevɔ̃ɖizazã nye dɔ si woate ŋu ada.”​—DƆWƆƑE SI KPƆA SUKUNYAWO GBƆ LE UNITED STATES

[Aɖaka si le axa 6]

Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ

Ðewohĩ dzila aɖewo atso nya me be anyo awu be yewoakɔ yewo via ayi kɔdzii be woakpe ɖe eŋu wòadzudzɔ atikevɔ̃ɖia zazã. Dɔyɔmɔnu si tututu dzilawo atia la nye woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso. Gake esi wònye dɔdaƒe ɖesiaɖe kple eƒe dɔyɔyɔe ta la, anyo be dzilawo naku nu me nyuie hafi ayi dɔdaƒe aɖe hena dɔyɔyɔ. Le tagbɔdɔléleŋutinunyala Arthur Guerra de Andrade, si nye nufialagã le São Paulo Yunivɛsiti, Brazil, ƒe nya nu la, amesiwo xɔa dɔyɔyɔ le kɔdziwo la dome 30 le alafa me koe te ŋu dzudzɔa atikevɔ̃ɖi zazã. Eyata ele be dzilawo natsɔ ɖe le wo viwo ƒe hayahaya me vevie, ne kɔdzidɔwɔlawoe le dɔa dam hã.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Kpekpeɖeŋu na Atikevɔ̃ɖizãlawo Siwo Di be Yewoadzudzɔ

Sɔhɛ si le agbagba dzem be yeadzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã ye nènyea? Ne nenemae la, àkpɔe be Biblia xexlẽ kple nusiwo nèxlẽ tsɔtsɔ wɔ dɔe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le wò agbagbadzedze be yeadzudzɔ me. Vevietɔ la, àkpɔe be Psalmowo ƒe agbalẽa xexlẽ akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ, elabena eɖe seselelãme wɔnublanui siwo me tom ànya nɔ fifia la dometɔ geɖe gblɔ. Gbedodo ɖa na Mawu tso dzi me, ahaɖe wò dzimesusuwo agblɔ nɛ faa hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. (Filipitɔwo 4:6, 7) Àte esese le ɖokuiwò me be eléa be na ye nyateƒe eye be edi be nàkpɔ dzidzedze. Gake esi Mawu mezia ame aɖeke dzi be wòawɔ nusi tsi tre ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ŋu o ta la, ele vevie be wòanye wò didi ŋutɔŋutɔ be yeadzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã. Hakpala Dawid, amesi xɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu zi geɖe la gblɔ be: “Mele mɔ kpɔm na Yehowa kakaka, eziɔ to ɖe ŋunye, eye wòse nye ɣlidodo. Ehem tso gbegblẽ ƒe do la me, eye wòɖem le ba finyafinya me, etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòli ke nye afɔɖeɖewo.” (Psalmo 40:2, 3) Egbea la, Mawu kpena ɖe amesiwo di be yewoakɔ yewo ɖokui ŋu ahasubɔe la ŋu nenema ke.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

“Fofonye xlɔ̃ nu mí tso afɔkuawo ŋu”​—Alecxandros

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Gbɔ dzi ɖi nàxlɔ̃ nu viwòwo tso ŋutilã kple gbɔgbɔ me fɔku siwo le atikevɔ̃ɖizazã me ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Nya viwòa ƒe zɔhɛwo

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Nyawo gbɔ kpɔkpɔ tufafatɔe ana nɔnɔme manyomanyo mado fievo o