Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Wò Alɔ̃dɔdɔ Nanyo Ðe Edzi

Alesi Nàwɔ Wò Alɔ̃dɔdɔ Nanyo Ðe Edzi

Alesi Nàwɔ Wò Alɔ̃dɔdɔ Nanyo Ðe Edzi

ALƆ̃DƆDƆKUXIWO li tso blema ke. Tso keke ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me la, dɔla aɖe si nɔ Persia-fia Axasweros ƒe fiasã me ŋlɔ bena, “fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e” le zã aɖe me.—Ester 6:1.

Egbea la, esesẽna na ame miliɔn nanewo be woadɔ alɔ̃ nyuie. Rubens Reimão, Braziltɔ alɔ̃dɔdɔŋutinunyala bibi aɖe gblɔ be, alɔ̃madɔmadɔ dɔléle zu kuxi na xexeame nɔla 35 le alafa me. * Ðk. David Rapoport, amesi le Alɔ̃madɔmadɔ Dɔléle Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le New York Yunivɛsiti gblɔ le alɔ̃madɔmadɔ dɔléle ŋu be enye “dɔvɔ̃ aɖe si va li tso ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze.”

Nusi gagblẽ nyaa ɖe edzi enye be, alɔ̃madɔmadɔ dɔléla geɖe menya be eƒe dɔ lém yewole o. Numekula siwo le Dukɔa ƒe Yunivɛsiti si le São Paulo, Brazil gblɔ be, ame 3 le alafa me pɛ ko wote ŋu kpɔna wolɔ̃na be yewole alɔ̃madɔmadɔ dɔ lém. Wo dometɔ geɖe tsɔ zãdomadɔlɔ̃e be enye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe eye wowɔna dɔ̃ hetsia dzodzoe le ŋkeke me.

Ne Alɔ̃dɔdɔ Zu Kuxi

Ne amewo mlɔ anyi le ŋutifafa me gake wò ya nèle mimlim le aba dzi gaƒoƒo geɖe, eye wò ŋkuwo ʋu ɖi la, enyea nusi medoa dzidzɔ na ame kura o. Ke ha ɣeaɖewoɣi ƒe alɔ̃madɔmadɔ si nɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo bɔ ŋutɔ, eye zi geɖe la nuteɖeamedzi kple agbe ƒe hloloetsotsowoe henɛ vɛ. Gake ne alɔ̃madɔmadɔ va tsi ame si la, anye be seselelãme alo dɔléle aɖe gbɔe wòatso, eye ahiã vevie be woabia atikewɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu.—Kpɔ aɖaka si le etame.

Ðe wòanye be èle alɔ̃madɔmadɔ dɔ léma? Ne èɖo biabia siwo le axa 16 ŋu vɔ, eye nèkpɔ be alɔ̃madɔmadɔ kuxi le ŋuwò la, dzi megaɖe le ƒowò o. Enyanya be yehiã na kpekpeɖeŋu fia be èɖe afɔ vevi aɖe le alɔ̃madɔmadɔ kuxia gbɔ kpɔkpɔ me xoxo. Geraldo Rizzo, amesi nye Braziltɔ lãmenuseseŋutinunyala gblɔ be, woate ŋu akpɔ alɔ̃madɔmadɔ dɔléla 90 le alafa me ƒe kuxia gbɔ dzidzedzetɔe.

Gake hafi woate ŋu ada dɔa tututu la, ehiã be woanya nusi tututue le alɔ̃madɔmadɔ dɔlélea hem vɛ. Alɔ̃dɔdɔ dodokpɔ mɔnu aɖe si woyɔna be polysomnogram, wɔ akpa vevi aɖe le dzesidede ame geɖe ƒe alɔ̃madɔmadɔ dɔléle kple egbɔ kpɔkpɔ kaba ŋu—Kpɔ aɖaka si le ete.

Nusiwo koŋ hea alɔ̃madɔmadɔ si tsia ame si vanɛ na ame tsitsiwo dometɔ ɖekae nye ƒanono. Ne emlɔ ame aɖe si noa ƒa gbɔ kpɔ la, àkpɔe be enye kuxi blibo. Ƒanono ate ŋu anye gbɔgbɔtsixe ƒe ame ƒo tsitsi le alɔ̃ me ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dzesi, si me amea ƒe vehlo me yatoƒe xena vie eye wònana amea metea ŋu gbɔa ya wògena ɖe eƒe dzitodzitowo me o. Nu gbãtɔ siwo woawɔ atsɔ akpɔ gbɔgbɔtsixe ƒe ame ƒo tsitsi le alɔ̃ me ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔléle sia gbɔ dometɔ aɖewoe nye ame ƒe lolo dzi ɖeɖe akpɔtɔ, aha sesẽ tsitsri, kple atike siwo bɔbɔa lãmekawo tsitsri. Dɔa dala bibiwo aŋlɔ atike tɔxɛwo alo azã aɖu ŋuti dɔwɔnuwo alo yagbɔmɔ̃ si agbɔ ya blewu to nu me na wò. *

Le dɔlélea ƒe sesẽtɔwo me la, ahiã be woako vehloa, glãa, aɖea, alo ŋɔtia ahatrɔ asi le eŋu be ya nate ŋu ayi ɖe eme agado bɔbɔe ne amea le gbɔgbɔm.

Ðeviwo hã ate ŋu alé alɔ̃madɔmadɔ dɔlélea. Alɔ̃madɔmadɔ ƒe dzesiwo ate ŋu adze le suku—siwo alɔ agbalẽmanyamanya, mavomavo le ame ɖokui me, kple susu ƒe nuŋumanɔmanɔ ɖe eme—si ɖewohĩ ana woabui madzemadzee be momadzeanyi gbɔe wòtso.

Ðevi aɖewo gbea alɔ̃dɔdɔ eye wodina boŋ be yewoadzi ha, aɖo dze, alo aɖo to gliwo—alo awɔ nu bubu ɖesiaɖe le esi teƒe be woamlɔ anyi. Wowɔa ameŋkumenu sia ɖewohĩ be yewo dzilawo ƒe susu nanɔ yewo ŋu. Gake le go aɖewo me la, ɖevi anɔ vɔvɔ̃m be yeamlɔ anyi le drɔ̃e baɖabaɖa siwo sinima dziŋɔwo kpɔkpɔ, ŋutasẽnuwɔnawo sese, alo dzrewɔwɔ siwo yia edzi le aƒeme edziedzi nana wòkuna ta. Gake dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woaƒo asa na kuxi siawo ne wona ŋutifafa kple lɔlɔ̃ le aƒea me. Eme kɔ ƒã be ele be woabia ɖɔktawo ƒe kpekpeɖeŋu ne dɔa meka ɖe eme o. Ðikeke mele eme o be alɔ̃dɔdɔ nyuie le zã me hiã na ɖeviwo abe alesi wòhiã na ame tsitsiwo hã ene.

Alesi Woawɔ Adɔ Alɔ̃ Nyuie le Zã Me

Ƒe alafa nanewo enye esia wokpɔe be alɔ̃dɔdɔ nyuie le zã me medzɔna le eɖokui si o. Alɔ̃dɔdɔ nyuie lɔ nu geɖe ɖe eme wu dzimaɖitsitsi kple nuteɖeamedziwo dzi ɖuɖu ko. Nusiawoe nye nuwɔna siwo nana wodɔa alɔ̃ nyuie.

Nuwɔna vevi siwo nana wodɔa alɔ̃ lɔ nusiwo míewɔna le agbe me ɖe eme. Esiawo dometɔ aɖewoe nye kamedede edziedzi le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi nyuitɔ me. Kamedede le ŋdi alo ŋdɔ ate ŋu ana alɔ̃ natsɔ ame le anyimlɔɣi. Gake kamedede le ɣeyiɣi si gogo anyimlɔɣi ate ŋu agblẽ alɔ̃ me.

Sinima wɔdɔɖeamedziwo alo nyatakaka wɔnukuwo xexlẽ hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe alɔ̃dɔdɔ dzi. Hafi nàmlɔ anyi la, anyo be nàxlẽ nusiwo nana ame ƒe dzi dzea eme, aɖo to ha si faa dzi na ame, alo ale tsi gbɔgblɔe.

Alɔ̃dɔdɔ ŋuti nunyalawo gblɔ be, be nàmla wò susu ɖe alɔ̃dɔdɔ ŋu bia be nàmlɔ anyi ɖe aba dzi dzaa ne èdi be yeadɔ alɔ̃. Esesẽna na amesiwo ɖua nu, srɔ̃a nu, wɔa dɔ, kpɔa television, alo wɔa video fefewo ne wole aba dzi be woadɔ alɔ̃.

Ame ɖokui mamlã be woate ŋu adɔ alɔ̃ wòasu ame hã lɔ ŋkuléle ɖe míaƒe nuɖunyawo ŋu ɖe eme. Togbɔ be aha sesẽwo te ŋu naa alɔ̃ tsɔa ame hã la, woate ŋu agblẽ alɔ̃ me. Ele be woatsri kɔfi, tii, kokoo, kple nunono bubu siwo wotsɔ bisi wɔe nono le zã me elabena wokpɔa ŋusẽ ɖe ŋutilã la dzi. Gake nusiwo nye mango, anagote, akɔɖu, persimmon, deɖɔmee ƒe tu me, mɔli, ayi memie aɖewo, alo azi ƒomeviwo ɖuɖu nana lãmetsi si woyɔna be serotonin dzina ɖe lãme na ame eye wòate ŋu ana woadɔ alɔ̃ bɔbɔe. Gake de dzesii: Nu kpekpe ɖuɖu le zã me hafi amlɔ anyi te ŋu gblẽa alɔ̃dɔdɔ me abe alesi dɔmeɣi tsɔtsɔ mlɔ anyi gblẽa nui ene.

Abe alesi ko nusiwo míewɔna hafi mlɔa anyi le vevie ene la, nenema kee afisiwo míemlɔna hã le vevie. Xɔ si me fa nyuie, si me tsyɔ̃ eye toɣli-ɖeɖe mele o, kple esi me beli kpakple suɖui si bɔbɔ nyuie le la nana wodɔa alɔ̃ nyuie le zã me. Ne nɔnɔmewo sɔ nyuie alea la, ne mèkpɔ nyuie o la, fɔfɔ ŋdi kura azu dɔ. Gake nenɔ susu me na wò be aba dzi tsitsi fũ wu alesi hiã le kwasiɖanuwuwuwo gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu le wò alɔ̃dɔɣi ƒe ɖoɖo ŋu, eye wòana alɔ̃dɔdɔ nasesẽ na wò le zã si akplɔe ɖo me.

Godoo la, màɖoe koŋ agblẽ nu le wò ŋutinu vevi aɖeke ŋu o. Alɔ̃dɔdɔ hã le vevie nenema ke, eye wònye agbemenuhiahiã aɖe si dzi mele be woaŋe aɖaba aƒu o. Ne èbu eŋu kpɔ la, míezãa míaƒe agbenɔŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia na alɔ̃dɔdɔ. Ðe nàte ŋu ana wò alɔ̃dɔdɔ nanyo ɖe edzia? Nukatae màdze egɔme le egbezã me o!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Alɔ̃madɔmadɔ dɔléle nye alesi womekpɔa alɔ̃ dɔna nyuie o.

^ mm. 9 Dɔnɔa mlɔa anyi kple motsyɔnu sue aɖe eye wògbɔa ya si tso yagbɔmɔ̃a me toa kawo me. Ya sia nana vehlo me ʋuna ɖi eye wònana amea gbɔna nyuie.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

NUSIWO KOŊ HEA ALƆ̃MADƆMADƆ DƆLÉLE VƐ

DƆLÉLEWO: Tsitsimedɔléle si nana ame ƒe susu mewɔa dɔ nyuie o; ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe gbɔgbɔmasuame, si nana vehlomeyatoƒe xena ne wole alɔ̃ dɔm; sese le ame ɖokui me be nane le zɔzɔm le afɔ me na ame; ƒoƒodɔ; asi kple afɔ ƒe ƒoƒo enuenu, eye wònana wonyɔna ɣeaɖewoɣi le zã me; gbɔxi; dzidɔ kple atsidɔdɔ

TAGBƆDƆLÉLEWO: blanuiléle, dzimaɖitsitsi, dzidziƒoame, nutsiamesidɔ, ŋɔdzi ƒe fuɖename emegbe ƒe dɔlélewo

NUSIWO ƑO XLÃ AME: kekeli, toɣliɖeɖe, dzoxɔxɔ, fafa, beli si mesɔ na ame o, ame srɔ̃ ƒe mimli le aba dzi.

NU BUBU SIWO HENƐ VƐ: aha sesẽ nono fũ kple atikewo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, atike aɖewo ƒe fuɖename

[Aɖaka si le axa 15]

ALƆ̃MADƆMADƆ DƆLÉLE DODOKPƆ

Polysomnogram nye dodokpɔ vovovo siwo wowɔna tsɔ léa ŋku ɖe ame ƒe alɔ̃dɔdɔ ŋuti ne amea mlɔ anyi ɖe teƒe nyuitɔ kekeake. Nu vevi siwo hiã na esia wɔwɔe nye esiwo gbɔna.

▪ Ahɔhɔ̃dzidzemɔ̃—Mɔ̃ siae tana ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ si le abe elektrik ene eye wozãnɛ tsɔ dea dzesi alɔ̃dɔdɔ ƒe akpa vovovoawo kple woƒe agbɔsɔsɔme.

▪ Ŋkuʋaʋãdzidzemɔ̃—Mɔ̃ siae wotsɔ wɔa numekuku le Ŋkuʋaʋã Kabakaba (REM) ƒe alɔ̃dɔɣi me.

▪ Lãmekadzidzemɔ̃—Mɔ̃ siae wotsɔ léa ŋku ɖe glã gɔme kple afɔ ŋuti lãkusi ŋu le Ŋkuʋaʋã Kabakaba ƒe alɔ̃dɔdɔ me.

▪ Akɔtadzidzemɔ̃—Mɔ̃ siae dzidzea dzi ƒe tsotso le zã bliboa katã me.

▪ Yagbɔgbɔ ƒe Dzidzeme—Wote ŋu dzidzea alesi wogbɔa ya to ya si gena ɖe ŋɔti me kple nu me gadona kpakple alesi dɔme kple akɔta ʋãna ŋuti nuŋlɔɖiwo wɔwɔ me.

▪ Ʋumenugbagbevidzĩ me nuwo kple ya si wogbɔna ƒe agbɔsɔsɔ—Wotsia mɔ̃ si woyɔna be oximeter ɖe amea ƒe asibidɛ ŋu tsɔ dzidzea ya si wògbɔna ƒe agbɔsɔsɔ le ʋukawo me.

[Aɖaka si le axa 16]

ALƆ̃TSƆAME DODOKPƆ

Aleke wònɔa bɔbɔe na wò be nàdɔ akɔlɔ̃e le nɔnɔme siwo ŋu nya wogblɔ le ete me? Le dzidzenu si gbɔna zazã me la, te fli ƒo xla wò ŋuɖoɖowo, emegbe nàtsɔ dzesi siwo nèkpɔ aƒo ƒu.

0 Màdɔ akɔlɔ̃e o

1 Ana nàdɔ akɔlɔ̃e vie

2 Àdɔ akɔlɔ̃ sẽ kple sẽ

3 Ana nàdɔ akɔlɔ̃e godoo

a Nuxexlẽ le Anyinɔƒe 0 1 2 3

b Television kpɔkpɔ 0 1 2 3

c Anyinɔnɔ naneke mawɔmawɔ le dutoƒo, 0 1 2 3

abe fefewɔƒe alo takpekpe aɖe ene

d Ʋuɖoɖo azɔ mɔ tẽ hena gaƒoƒo ɖeka 0 1 2 3

e Anyinɔnɔ kpoo le ŋdɔnuɖuɖu vɔ megbe 0 1 2 3

aha sesẽ manomano

f Anyimɔmlɔ aɖi ɖe eme le ŋdɔ me 0 1 2 3

g Nuƒoƒo na ame aɖe ne èle anyinɔƒe 0 1 2 3

h Ne èle ʋu me eye ʋuwo xaxa ɖe mɔ dzi 0 1 2 3

Dzesi ․․․․․․․․․․․

Dzesi siwo nèkpɔ

1-6: Mele be nàtsi dzi o

7-8: Megblẽ fũ o

Esi wu 9: Di ɖɔkta ƒe kpekpeɖeŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Epworth Alɔ̃tsɔame ƒe Dzidzenu, si wowɔ le Stanford Yunivɛsiti, California, U.S.A. ƒe dzidzenu dzie wotui ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Alɔ̃madɔmadɔ ate ŋu ahe kuxiwo vɛ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Kamedede, nuxexlẽ, kple numeɖenu sue aɖe ɖuɖu ate ŋu ana woadɔ alɔ̃ nyuie