Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ðuɖu Gatsi Mazãmazãe

Nu Ðuɖu Gatsi Mazãmazãe

Nu Ðuɖu Gatsi Mazãmazãe

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE GHANA GBƆ

GAFLO, hɛ, kple gatsie ame geɖe zãna tsɔ ɖua nui. Ame bubuwo, abe amesiwo tsi ɖe Ɣedzeƒedukɔwo me ene, zãa nuɖuti eve tsɔ ɖua nui. Gake nuɖuɖu aɖewo li siwo ame aɖewo gblɔna be wovivina wu ne woɖui kple asi ŋutɔŋutɔ. Bu tsitsinga, koklolã, botokoe, koklozi tɔtɔe, kple akpɔnɔ si me wode nui ŋu kpɔ.

Ke detsi ya ɖe? Àkplɔe kple asia? Ðewohĩ àgblɔ be ‘manya wɔ o ɖe!’ ‘Aleke detsi tsroloe si xɔ dzo atɔ ɖe asiƒome na amee.’ Le Afrika-dukɔ geɖe me la, asi tsɔtsɔ kplɔ detsii ma amewo abe alesi nuɖuti tsɔtsɔ ɖu nui le bɔbɔe na Asiatɔwoe ene. Na míaƒo nu tso Ghanatɔwo ƒe nuɖuɖu aɖe kple eɖuɖu gatsi mazãmazãe, si doa dzidzɔ na ame ŋutɔ la ŋu na wò.

Fufu Kple Azidetsi

Abladzo, si nye atikutsetse aɖe si le abe akɔɖu ene, kpakple agbeli, si nye nuku aɖe si ɖona, si ƒe agble wodena le anyigba xɔdzowo dzi le xexeame godoo lae woɖana tsɔ toa fufui. Woklẽa abladzo kple agbelia, klɔnɛ, heɖanɛ wòbina. Ne ebi la, wotsyɔnɛ hetsɔa tati tonɛ le to me wòmena. Ne wotoe wòme bɔbɔ nyuie la, woɖenɛ dea agba me.

Azitutu, ʋulã, alo tɔmelã, tomatos, sabala, atadi, kple detsiƒonu bubuwoe wotsɔna ƒoa azidetsii. Wofiea tsi ʋulã alo tɔmelãa, hekɔa azitutua kple tsi ɖe edzi emegbe. Wotua detsiƒonuwo kɔna ɖe detsia me, blunɛ, heɖea asi le eŋu wòbina. Ne detsia bi la, wokunɛ dzodzoe ɖe fufu si woɖe ɖe agbaa me la dzi.

Alesi Woɖunɛ

Fifia si woɖa nuɖuɖu vivi sia na wò vɔ la, aleke nàwɔ akae kple asi ami? Eŋu nyanya koe hiã.

Gake gbã la, ele be nàklɔ asi nyuie. Emegbe ƒo wò nuɖusibidɛwo ɖe detsia me. Gake kpɔ nyuie! Ne mènya eŋu o la, detsia ate ŋu amè wò!

Azɔ zã wò degblefetsu, mɔfiasi, domesi, kple asigɛdosi nàtsɔ ka fufua. Nyrɔe ɖe detsia me, eye nàte degblefetsu ɖe edzi vie be do vi aɖe naɖe ɖe eme si me detsi vi aɖe axa ɖo.

Azɔ kɔe ɖe dzi. Ne èkɔe gbɔnae la, bi alɔnu kple asibidɛawo do ɖe nu gbɔ nàkpɔ egbɔ be yemena asibidɛawo yi yame wu alɔnua o. Esia wɔwɔ ana be detsia manɔ tsatsam le wò asi ŋu ava do ɖe wò abɔkuglui nu o.

Bi ta ɖe anyi vie, eye ne asia ɖo nua gbɔ la, zã domesia kple asigɛdosia tsɔ tutu fufua kple detsia de numee. Ele nuwò vivi ge ŋutɔ, gake gakpɔ nyuie fifia hã. Ðewohĩ fifiae nèle atadi hã ƒe veve se ge, elabena zi geɖe la, atadi sua Ghanatɔwo ƒe nuɖuɖuwo nyuie!

Aleae nèle ewɔ gee ʋuu ami fufua wòavɔ. Gake ɖe nèle detsiƒonu bubuawo, abe lã ene ya ɖu ge vovoe, womekaa wo kpena ɖe fufua ŋu mina ɖekae o. Eye ne detsia ƒe ɖe susɔ la, àte ŋu atsɔ asi akplɔe wòavɔ.

Asi Tsɔtsɔ Ðu Nui

Ghanatɔ aɖewo gblɔna be yewodi be yewoawɔ sidzenu vevi atɔ̃awo ŋudɔ le nu ɖuɖu me. Àse nuɖuɖua ŋkɔ ahase eƒe ʋeʋẽ ne wole eɖam. Àkpɔe ahaɖɔe kpɔ ne èle eɖum. Gake be sidzenu atɔ̃lia nawɔ dɔ la, ele be nàka asi eŋu.

Afika kee nèɖatso o, kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be mía Wɔla, Yehowa Mawu, tsɔ ɖe le eme na ‘ameƒomeviwo katã.’ (Timoteo I, 2:4) Esia ɖe mɔ ɖe dekɔnu vovovo ŋu le ameƒomea me. Eye ne detsikpɔkplɔ gatsi mazãmazãe mema wò o hã la, àkpɔe be enye nuɖuɖumɔnu nyui aɖe si doa dzidzɔ na ame.