Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Nye Ŋutilãmenudidi?

Nukae Nye Ŋutilãmenudidi?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Nukae Nye Ŋutilãmenudidi?

ENYE amegbetɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutete kple hiahiã be woati gbɔgbɔmenuwo yome ahasubɔ Mawu. Ke hã, dzɔdzɔmenu veviwo mee woɖe nuwo le tsɔ wɔ amegbetɔe, eyata ŋutilãmenuwo hiãnɛ eye ŋutete le esi be wòase vivi na ŋutilãmenuwo. Ŋutilãmekesinɔnuwo le Kristotɔ aɖewo si fũ. Ðe esia ɖeɖe nye ŋutilãmenudidi kple gbɔgbɔmeme manyemanye ƒe kpeɖodzia? Le go bubu me la, ɖe wòanye be hiãtɔwo manye amesiwo dia ŋutilãmenu fũ o eye be wotsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo me wua?

Ðikekemanɔmee la, àlɔ̃ ɖe edzi be ŋutilãmenudidi lɔ nu geɖe ɖe eme wu kesinɔnu alo nunɔamesi geɖe ƒe amesinɔnɔ dzaa ko. Bu Biblia me kpɔɖeŋu siwo gbɔna siwo fia nusi tututu ŋutilãmenudidi nye kple alesi woaƒo asa na nusiwo wògblẽna le ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu lae ŋu kpɔ.

Kesinɔnuwo Nɔ Wo si eye Bubu Nɔ Wo Ŋu

Mawu-subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la dometɔ aɖewo nye kesinɔtɔ siwo ŋu bubu nɔ. Le kpɔɖeŋu me, ‘lãwo, klosalo kple sika geɖe nɔ Abraham si taŋ.’ (Mose I, 13:2) Wonya Hiob be enye amesi “ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi” le eƒe lãhawo kple subɔviwo ƒe agbɔsɔsɔ ta. (Hiob 1:3) Kesinɔnu geɖe nɔ Israel-fiawo abe Dawid kple Salomo ene si.—Kronika I, 29:1-5; Kronika II, 1:11, 12; Nyagblɔla 2:4-9.

Kristotɔ siwo si alɔme nɔ hã nɔ hamewo me le ƒe alafa gbãtɔ me. (Timoteo I, 6:17) Woyɔ Lidia be “aɖabɛdzrala tso Tiatira-dua me, amesi vɔ̃a Mawu.” (Dɔwɔwɔwo 16:14) Amadede si nye aɖabɛ kple awu siwo wodee xɔa asi ŋutɔ eye ame ŋkutawo alo hotsuitɔwo koe zãnɛ. Eyata anɔ eme be alɔme vi aɖe nɔ Lidia ŋutɔ hã si.

Le go bubu me la, Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖewo siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la dometɔ aɖewo da ahe ŋutɔ. Dzɔdzɔmefɔkuwo, dzɔgbevɔ̃edzɔɖeamedziwo, kple ku na ƒome aɖewo zu koliawo. (Nyagblɔla 9:11, 12) Dodokpɔ ka gbegbee nye ma wòanye na kotɔ mawo ne wokpɔ ame bubuwo le vivi sem na kesinɔnuwo alo ŋutilãmenunɔamesiwo! Ke hã, anye vodada be woabu kesinɔtɔwo be wonye ŋutilãmenudilawo alo aƒo nya ta be kotɔwoe nɔ Mawu subɔm bliboe wu. Nukatae? Bu nusi koŋ gbɔ ŋutilãmenudidi tsona ŋu kpɔ.

Galɔlɔ̃

Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe ŋutilãmenudidi gɔme be “ame ƒe susu katã tsɔtsɔ ɖo ŋutilãmenuwo ŋu alo wo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ na nusɔsrɔ̃ alo gbɔgbɔmenuwo.” Eyata míaƒe dzodzrowo, nusiwo míebuna nu veviwoe, kple míaƒe agbe me taɖodzinu mee ŋutilãmenudidi tsona. Biblia me kpɔɖeŋu eve siwo gbɔna ɖo kpe esia dzi kɔte.

Yehowa xlɔ̃ nu Barux, amesi nye nyagblɔɖila Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla la vevie. Barux anya nye hiãtɔ le Yerusalem ƒe nɔnɔmewo kple eƒe zɔzɔ kplikplikpli kple Yeremya si ƒe nya amewo melɔ̃ o la ta. Ke hã, Yehowa gblɔ be: “Wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o.” Anye be Barux te ŋutilãmenu didi, hete ame bubuwo ƒe kesinɔnu alo ŋutilã me dedienɔnɔ ŋu bubu vevie. Yehowa ɖo ŋku edzi na Barux be Yeakpɔ eta le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna Yerusalem dzi la me, gake Yemakpɔ eƒe nunɔamesiwo ta o.—Yeremya 45:4, 5.

Yesu do lo aɖe tso ŋutsu aɖe si hã ƒe susu nɔ ŋutilãmenuwo ko ŋu la ŋu. Le esi teƒe be ŋutsu sia nazã nusiwo nɔ esi atsɔ adzi eƒe subɔsubɔ na Mawu ɖe edzii la, eƒe kesinɔnuwo ŋu koe eƒe susu katã nɔ. Kesinɔtɔa gblɔ be: “Mamu nye avawo, eye matu gãtɔwo, . . . Eye magblɔ na nye luʋɔ bena: Luʋɔ, èkpɔ nu nyui geɖe, siwo nèdzra ɖo hena ƒe geɖewo; gbɔ ɖe me, ɖu nu, no nu, na dzi nadzɔ wò.” Emegbe Yesu gblɔ be: “Ke Mawu gblɔ nɛ bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã? Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.”—Luka 12:16-21.

Nuka fiamee nuŋlɔɖi eve siawo le? Wokpe ɖe mía ŋu míenya amesi nye ŋutilãmenudila, menye esi nu geɖe le esi tae o, ke esi ŋutilãmenuwo nye eƒe nu vevitɔwo kekeake tae. Apostolo Paulo gblɔ be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.” (Timoteo I, 6:9, 10) Didi be woazu kesinɔtɔ kple ŋutilãmenuwo lɔlɔ̃e hea kuxiwo vɛ.

Ðokuimedzodzro Hiã

Aleke kee ganyawo le na Kristotɔwo o, wokpɔa egbɔ be yewoaƒo asa na ŋutilãmenudidi ƒe mɔ̃ la. Kesinɔnuwo ƒe beble la nu sẽ eye wòate ŋu agblẽ nu le ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu. (Mateo 13:22) Míaƒe susu ate ŋu adzo le gbɔgbɔmenuwo ŋu atrɔ ɖe ŋutilãmenuwo ŋu le míaƒe manyamanya me, eye wòahe afɔku vɛ na mí.—Lododowo 28:20; Nyagblɔla 5:10.

Eyata ele vevie be Kristotɔwo nalé ŋku ɖe woƒe taɖodzinu kpakple nusiwo wobuna nu vevii le agbe me la ŋu. Ŋutilãmenu geɖe ɖale ame aɖe si alo ʋɛ aɖe koe le esi o, amesiwo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame dzi be woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ “aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.”—Timoteo I, 6:17-19.