Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo Kple Atikevɔ̃ɖiwo

Sɔhɛwo Kple Atikevɔ̃ɖiwo

Sɔhɛwo Kple Atikevɔ̃ɖiwo

“Ðe wòle be woakua?”

Nyabiase siae dze le Braziltɔwo ƒe magazine si nye Veja ƒe akpaa dzi. Sɔhɛ vavãwo, amesiwo nya kpɔ ale gbegbe—siwo atikevɔ̃ɖizazã wu la ƒe fotowo kpe ɖe nya mawo ŋu.

TOGBƆ be amewo nya atikevɔ̃ɖiwo zazã me fɔkuwo nyuie hã la, woyia edzi zãnɛ, eye esia yi edzi le amewo ƒe agbe dome gblẽm. Wobu akɔnta be atikevɔ̃ɖizazã na United States bua ga dɔlar biliɔn 100 ƒe sia ƒe le lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ, dɔnyuiwɔwɔ ƒe toyiyi, fetubuname, kple nuvlowɔwɔ ta. Gake ɖewohĩ sɔhɛwo—ɖeviwo—ŋue nu gblẽna le wu. Le numekuku aɖe si Braziltɔwo wɔ, si ŋu Jornal da Tarde ka nya ta le, nu la, sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 10 yi 17 la dometɔ 24.7 le alafa me zã atikevɔ̃ɖi aɖe kpɔ xoxo.

Togbɔ be ƒewuiviwo ƒe atikevɔ̃ɖizazã le United States anya ɖiɖi le ƒe siawo me hã la, enye ŋɔdzinya be atikevɔ̃ɖizazã ƒe numamea lé sɔhɛ gbogbo aɖewo le afima. Bu sɔhɛ siwo le ƒe susɔea me le sekɛndrisuku ŋu kpɔ ko. Numekuku aɖe ɖee fia be wo dometɔ 37 le alafa me no marijuana (gbe) ya teti le ƒe si va yi me. Wo dometɔ ɖeka le 5 me noe ɣleti si va yi me. Esiwo de 1 le 10 me kloe zã esi woyɔna be ecstasy kpɔ le ƒe si va yi me. Esiwo wu 6 le alafa me te LSD zazã kpɔ.

Nyatakaka siwo tso xexeame godoo la doa voɖi na ame ale gbegbe. Dɔwɔƒe si kpɔa Britain-dukɔa ƒe Akɔntabubuwo gbɔ ka nya ta be “sukuvi siwo xɔ tso ƒe 11-15 la dometɔ 12 le alafa me la zã atikevɔ̃ɖiwo le ƒe si va yi me. . . . Cannabis [marijuana] ye nye atikevɔ̃ɖi si wozã wu ɖesiaɖe.” Esi gadzi ŋɔ wue nye be “wodo atikevɔ̃ɖi ɖeka alo esi wu nenema zazã ɖe sukuvi siwo wu ɖeka le etɔ̃ me (alafa me mama 35) la gbɔ kpɔ.”

Numekuku aɖe si Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha na wowɔ la hã ɖee fia be “ahamumu va le dzidzim ɖe edzi vevie” le sɔhɛwo dome. Nyatakakaa gblɔ hã be “ahamumu kpakple nyadzɔɖeamedzi kpata gblẽnuwo abe afɔkuwo, ʋunyaʋunyawɔwɔ kple aɖi wuamewo nono, kpakple hadomekuxiwoe zɔna zi geɖe.” Nyatakaka aɖe si tso Japan gblɔ be “atikevɔ̃ɖi siwo zãm ƒewuiviwo le wu le Japan enye nulólotikewo (solvent), si ate ŋu akplɔ wo ade atikevɔ̃ɖi bubuwo zazã me.”

Ekema mewɔ nuku o be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan gblɔ be: “Atikevɔ̃ɖiwo le míaƒe amewo dome gblẽm, wona nuvlowɔwɔ le agbogbo dom, wona dɔlélewo abe AIDS ene le kakam, eye wole míaƒe sɔhɛwo wum hele nu gblẽm le míaƒe etsɔme ŋu.” Zi geɖe la, atikevɔ̃ɖizãlawoe ƒoa wo ɖokui ɖe atikevɔ̃ɖisitsatsa kple hlɔ̃dodo siwo tsoa atikevɔ̃ɖizazã gbɔ la me. Gakpe ɖe ŋu la, atikevɔ̃ɖiwo zazã na wosẽa ŋuta le ame geɖe ŋu, wodea abi ame geɖe ŋu, alo ame geɖe ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me eye wòkplɔa wo dea afɔku me. Eye ne èbu be yeƒe ƒomea do le eme la, ke gabu eŋu ake! United States dziɖuɖua ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Menye hiãtɔwo, ame ʋɛ aɖewo, alo dugãmenɔlawo ɖeɖekoe atikevɔ̃ɖiwo zu kuxi na o. . . . Atikevɔ̃ɖizãlawo tso ameƒomevi ɖesiaɖe me, wotso dukɔa ƒe akpa sia akpa. Atikevɔ̃ɖizazã ƒe kuxia ka amesiame.”

Ke hã, zi geɖe la, dzilawo mekpɔa afɔkua dona ŋgɔ o vaseɖe esime wòtsi megbe akpa. Bu Brazil-nyɔnuvi dza aɖe ƒe nya ŋu kpɔ ko. Nɔvianyɔnu Regina * ɖe nu me be: “Enɔ ahamuamewo nom. Ƒomea mebui nu gbegblẽ aɖekee o. Gake esia na wòte atikevɔ̃ɖiwo hã zazã kple eƒe ahiãvi. Esi dzinyelawo wɔa nu kplii ɣesiaɣi abe ɖe kuxi siwo hem wònɔ vɛ megblẽa naneke o ta la, eƒe nɔnɔmea va do fievo. Ebuna le aƒeme zi geɖe. Eye ɣesiaɣi si ɖetugbivi aɖe aku ɖe afi aɖe woakpɔ la, kpovitɔwo yɔa fofonye be wòava kpɔe ɖa be eyae hã! Esia zu nuxaxa geɖe na míaƒe ƒomea.”

Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ yɔ susu vevi atɔ̃ siwo anya na atikevɔ̃ɖiwo zazã dzroa sɔhɛwo:

(1) Edzroa wo be yewoanye ame tsitsiwo eye yewoawɔ nyametsotso na yewo ɖokui

(2) Wodi be yewoasɔ kple yewo hatiwo

(3) Wodi be yewoaɖi ɖe eme ahakpɔ dzidzɔ

(4) Wodi be yewoawɔ nu manyomanyowo ahadze aglã

(5) Wodi be yewoake ŋku ɖe nuwo me

Atikevɔ̃ɖiwo ƒe anyinɔnɔ kple hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu hã ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na sɔhɛ be wòadze ame ɖokuidomegblẽnu sia gɔme. Luiz Antonio, si nye Brazil-sɔhɛ aɖe ɖe nu me be: “Dzinyelawo megblɔ nya aɖeke tso atikevɔ̃ɖiwo ŋu kpɔ o. Le suku la, nufialawo ƒo nu tso kuxia ŋu gake see ɖe mɔ ta.” Eƒe sukuhatiwo ƒoe ɖe enu wòte atikevɔ̃ɖiwo zazã esime wòxɔ ƒe 14. Emegbe esi wòte kpɔ be yeadzudzɔ la, “exɔlɔ̃” siwo nɔ atikevɔ̃ɖiawo namee la tsɔ hɛ ɖe eŋu be wòayi ezazã dzi!

Èlɔ̃ ɖe edzi be wò ŋutɔ viwòwo ate ŋu aɖo afɔku mea? Nukae nèwɔ tsɔ kpɔ wo ta tso atikevɔ̃ɖizazã me? Nyati si kplɔe ɖo adzro mɔ siwo dzi dzilawo ate ŋu ato akpɔ wo viwo ta la dometɔ aɖewo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Atikevɔ̃ɖiwo le míaƒe amewo dome gblẽm, wona nuvlowɔwɔ le agbogbo dom, wona dɔlélewo abe AIDS ene le kakam, eye wole míaƒe sɔhɛwo wum hele nu gblẽm le míaƒe etsɔme ŋu.”—KOFI ANNAN, DUKƆ ƑOƑUAWO ƑE DƆDZIKPƆLAGÃ

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

© Veja, Editora Abril, May 27, 1998