Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexe si me Atikevɔ̃ɖizazã Manɔ O—Ava Kpuie

Xexe si me Atikevɔ̃ɖizazã Manɔ O—Ava Kpuie

Xexe si me Atikevɔ̃ɖizazã Manɔ O​—Ava Kpuie

Àte ŋu akpɔ xexe aɖe si me atikevɔ̃ɖizazã mele o la le susu mea?

DUKƆ ƑOƑUAWO ƒe Dɔdzikpɔlagã Kofi Annan bia tso dukɔwo katã si be woadze agbagba be woahe xexe ma tɔgbe vɛ. Egblɔ be: “Ele be míaɖe afɔ yeye awɔ aʋa kple vɔ̃ɖinyenye sia dzinɔameƒotɔe; dɔvɔ̃ sia dze mía vi gbogbo aɖewo dzi.”

Togbɔ be ŋgɔnɔlawo alɔ̃ be yewoaɖe atike manɔsenuwo wɔwɔ kple wo mama dzi akpɔtɔ hã la, enye dɔ sesẽ. Hennadiy Udovenko si tso Ukraine, amesi nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Aɖaŋudehagã ƒe ƒuƒoƒo tɔxɛ aɖe nu nɔla, gblɔ be “esi dɔlar biliɔn 400 kple edzivɔ ƒe akɔntae wobu be wokpɔna le atikevɔ̃ɖisitsatsa me ƒe sia ƒe ta la, enye vivimesitsatsa siwo me wokpɔa ga geɖe le la dometɔ ɖeka, . . . si ate ŋu agblẽ nu le xexeame katã ƒe ganyawo ŋu alo atɔtɔe.” Egblɔ kpee be atikevɔ̃ɖi ƒe kuxia “va zu xexeame katã ƒe kuxi eye dukɔ aɖeke medo le afɔku sia me o.”

Xexe si me atikevɔ̃ɖiwo mele o kpɔkpɔ le susu me nye nu sesẽ. Le nyateƒe me la, amegbetɔ dziɖuɖuwo ɖee fia be yewomate ŋu aɖe wo ɖa o. Ke hã, ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la be wòagawɔ eƒe tameɖoɖo be yeahe anyigba dzi paradiso si me woakpɔ seselelãme, ŋutilã me, kple gbɔgbɔ me nuhiahiã ɖesiaɖe gbɔ le la vɛ o. (Psalmo 145:16; Luka 23:43; Petro II, 3:13) Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be Mawu ƒe nya ‘magbugbɔ ayi egbɔ ƒuƒlu o, negbe ɖe wòwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye wòwɔ nusi gbe wòɖoe ɖo la hafi.’—Yesaya 55:11.

Viɖe ɖedzesiwo ate ŋu ado tso ŋugbedodo mawo dzixɔxɔse me fifia gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Edmundo nye atikevɔ̃ɖizãla tsã. Gake dzɔdzɔenyenyexexe yeye si ƒe ŋugbe Biblia do la dzixɔxɔse na wògbugbɔ dzro eɖokui me. Nya si Edmundo gblɔ fifia enye: “Aleke gbegbee megu ɣeyiɣi na ɖokuinye movidzɔdzɔtɔe enye si.” Esi wòdi vevie be Mawu nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu ta la, eʋãe wòdi fifia be yeadzudzɔ atikevɔ̃ɖi zazã. Ẽ, Mawu kple eƒe ŋugbedodowo ŋuti sidzedze ate ŋu aʋã mí fifia be ‘míado amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye me.’—Efesotɔwo 4:24.

Ame gbogbo aɖewo siwo nye atikevɔ̃ɖizãlawo tsã hã va le ƒomedodo kplikplikpli me kple wo Wɔla. Gɔmesese tɔxɛ aɖe le hakpala ƒe nyawo ŋu na amesiawo: “Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa! Yehowa ƒe dɔme nyo, eye wòwɔa nuteƒe, elabena efiaa mɔ nuvɔ̃wɔlawo.” (Psalmo 25:7, 8) Akɔfafa ka gbegbee nye si wònye na dzila siwo ƒe viwo dze go la be woanya be wo viwo ate ŋu atrɔ! To kutrikuku geɖe me la, dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woatsi tre ɖe atikevɔ̃ɖizazã ƒe dɔvɔ̃a ŋu eye bena “woƒe asi nasu agbe vavã,” si woanɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me la dzi.—Timoteo I, 6:19.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ƒe mɔkpɔkpɔa ʋã atikevɔ̃ɖizãla geɖe wotrɔ woƒe agbenɔnɔ