Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Afɔku aɖe Trɔ Nye Agbee

Alesi Afɔku aɖe Trɔ Nye Agbee

Alesi Afɔku aɖe Trɔ Nye Agbee

ABE ALESI STANLEY OMBEVA GBLƆE ENE

Le ƒe 1982 me la, ʋu aɖe si nɔ du dzi sesĩe ƒom. Woda dɔ nam eye eteƒe medidi o megadze nye gbesiagbe dɔwɔnawo gɔme, togbɔ be mesea veve enuenu le esi ƒu aɖe gli le nye kɔ kple akɔta dome ta hã. Gake ƒe 15 megbe la, meto nuteƒekpɔkpɔ sesẽtɔ kekeake si do nye xɔse kpɔ wu la me.

DO ŊGƆ na afɔkua kple emegbe la, ŋusẽ nɔ ŋunye ŋutɔ va ɖo afi aɖe. Medea kame nyuie ɣesiaɣi si nyea duƒuƒu kilometa 10 va ɖo 13 le kwasiɖanuwuwuwo, mewɔa kamedefefe si nye squash, eye mewɔa dɔ sesẽ. Mekpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tututu ŋu le Nairobi, Kenya, afisi míele.

Emegbe, le ƒe 1997 me la, nye akɔta va nɔ veyem sesĩe edziedzi. Dodokpɔ si kɔdzitɔwo wɔ ɖee fia be nye dzimeƒu ƒe kpeƒe aɖe gli eye wònɔ nye dzimeƒumeka miam. Wogblɔ be afɔku si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la gbɔe wòtso.

Hafi nye lãmea nava gblẽ ɖe edzi la, mekpɔ nudzadzradɔ aɖe. Ƒome ƒe lãmesẽnyawo ŋuti nugblẽfexeɖoɖo hã nye nunana siwo kpe ɖe eŋu. Mɔkpɔkpɔ si nɔ asinye ɖe ŋutilãmedɔa ŋu nyo ale gbegbe. Gake le ƒe 1998 ƒe domedome la, tso nye akɔta va ɖo afɔwo gbɔ va kuna ɖe ŋunye yigbaa ŋutɔ. Nye lãme nɔ gbegblẽm ɖe edzi gbesiagbe.

Eteƒe medidi o, dɔ ge le asinye, tsɔ kpe ɖe eŋu viɖewo katã ŋu. Mía vinyɔnu eve, Sylvia xɔ ƒe 13 eye Wilhelmina hã xɔ ƒe 10 ɣemaɣi. Esi dɔ meganɔ asinye o ta la, ele be míanɔ agbe ɖe fetu si srɔ̃nye, Joyce xɔna ɣleti kukui nu. Esi míedze ŋgɔ nɔnɔme yeyewo ta la, míetrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu to nusiwo mehiã tututu o la dzi ɖeɖe akpɔtɔ me. Míedze agbagba nɔ te ɖe enu.

Seselelãme Gbegblẽwo

Malɔ̃ ɖe edzi be esi nusi tututu nɔ wɔyem la va dze ƒã la, dzi ɖe le ƒonye, nyemekɔa nu le nye nyawo dzi o, eye medoa dziku kabakaba. Ɣeaɖewoɣi la, medoa dziku vevie hedoa adã, eye mehea nya ɖe nu suetɔ ɖesiaɖe ta. Meléa blanui ɣesiaɣi kloe. Blanuilélea gblẽ nu le amesiame ŋu le ƒomea me. Nɔnɔme yeye aɖe kura si ŋu srɔ̃nye kple mía vinyɔnuwo menya nu boo aɖeke tsoe o lae dze ŋgɔ wo.

Ɣemaɣi la, mebui be naneke megblẽ le nye seselelãmewo ŋu o. Nye kpekpeme dzi ɖe edzi. Nugodo dede kple aɖuɖɔ ɖɔɖɔ ƒe kuxi sesẽ aɖe nɔ ŋunye. Ekpea ŋu nam enuenu. Zi geɖe la, meɣlaa ɖokuinye nɔa avi fam. Medoa dziku vevie ɣeaɖewoɣi ale gbegbe be ɖeko wòɖia kokoe. Menyae be nyemenɔ nu wɔm nyuie ɖe nye nɔnɔmea ŋu o.

Esi menye hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe hamea me ta la, mexlɔ̃ nu hati Kristotɔwo enuenu be woagabu fukpekpe aɖeke ƒe fɔ Yehowa gbeɖe o. Ke hã, nye ŋutɔe va le biabiam—eye menye zi ɖeka hã o—be ‘Nukata wòle be Yehowa naɖe mɔ nusia nadzɔ ɖe dzinye?’ Togbɔ be mezãa ŋɔŋlɔawo abe Korintotɔwo I, 10:13 ene me nyawo tsɔ doa ŋusẽ hedea dzi ƒo na ame bubuwo hã la, mese le ɖokuinye me be nusi wu tsɔtsɔ nam me tomee mele!

Atikewɔwɔ ƒe Kuxia

Atikewɔwɔ ƒe mɔnu nyuitɔ kpɔkpɔ nye kuxi. Meyia kamededetikewɔla, ƒukpela, kple nutɔtɔamedɔdala gbɔ le ŋkeke ɖeka me. Ne makpɔ gbɔdzɔe kura hã la, ɣeyiɣi kpui aɖe tɔ koe wònyena. Mede ɖɔkta vovovowo, tsɔ kpe ɖe ƒugɔglɔ̃dzɔla kple ahɔhɔ̃kola ŋu gbɔ. Wo katã lɔ̃ ɖe nya ɖeka aɖe dzi: Ehiã be woawɔ dɔ nam be vevesesea dzi naɖe akpɔtɔ ahaɖe ƒu si gli la ɖa. Le nye dzixɔse siwo tso Biblia me ta la, meɖe nu me na atikewɔla siawo be womado ʋu nam le nɔnɔme aɖeke me o.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

Amekola gbãtɔ gblɔ be yeako nye dzime. Eɖe eme nam be afɔku ate ŋu anɔ mɔnu sia ŋu. Gake amekola sia mete ŋu ɖo kpe edzi nam be yemazã ʋu o. Nyemegatrɔ yi egbɔ o.

Evelia gblɔ be yeako nye kɔ be yeate ŋu ake ɖe dzimeƒumekaa ŋu. Mɔnu sia dze nu dziŋɔ nam ŋutɔ. Togbɔ be nye ʋumadomadoa menye kuxi aɖeke nɛ o hã la, edi be yeakom enumake numeɖeɖe boo aɖeke manamanae. Meɖe asi le eya hã ŋu.

Gake mete ŋu va kpɔ ɖɔkta aɖe si lɔ̃ ɖe nye didiwo dzi to Yehowa Ðasefo siwo nye míaƒe Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia me tɔwo ƒe kpekpeɖeŋu me. Mɔnu si amekola etɔ̃lia kafu la sɔ kple esi evelia hã kafu; ebia be woako kɔ nam. Eɖe eme be afɔkuawo anɔ ʋɛ.

Alesi woawɔ amekokoa ƒe wɔwɔfia tsitotsito si mekpɔ la do ŋɔdzi nam ale gbegbe. Enyanya be woahiã be woawɔ dɔ sia le ŋutinu vevi siwo nye dzi la kple dzitodzito ŋu ye na megavɔ̃ ɖe edzi. Ðe matsi agbea? Abe alesi nànyae ene la, dziɖeleameƒo ƒe seselelãme mawo meɖe vɔvɔ̃ si nɔ menye la ɖa o.

Le November 25, 1998, dzi la, wowɔ gaƒoƒo ene ƒe dɔ kpɔdzidzedze aɖe nam le Nairobi kɔdzi. Amekokoa lɔ nye alimeƒu sue aɖe ɖeɖe ɖa hã ɖe eme. Wotrɔ asi le ƒu sue si woɖe la ŋu hetsɔ ga gbabɛ kple gatagbadzɛ de esi gblẽ la teƒe. Esia kpe ɖe ŋunye. Gake meɖe nye kuxiwo katã ɖa o. Mesea veve geɖe ne mele zɔzɔm. Nye lãme gakuna yigbaa edziedzi.

Nɔnɔme Nyuiwo Ðeɖe Fia

Abe alesi megblɔe va yi ene la, metsɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖe xa nu hebu tame mɔkpɔkpɔbuɖeametɔe tso nye nɔnɔmea ŋu. Nukutɔe la, dɔnɔdzikpɔla geɖe kafuam ɖe nye akɔdzedzeanyi kple mɔkpɔkpɔ si le asinye la ta. Nukata wose le wo ɖokui me nenema? Wokpɔe be togbɔ be menɔ veve sem vevie hã la, megaƒoa nu tso dzixɔse si le asinye na Mawu ŋu na wo.

Togbɔ be medoa dziku hedoa adã ɣeaɖewoɣi le nusiwo me tom mele ta hã la, megakpɔtɔ ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. Edo alɔm le nusiwo katã me meto la me—ale gbegbe be, ŋu kpeam ɣeaɖewoɣi. Meɖoe kplikpaa be maxlẽ ŋɔŋlɔ siwo menya be woade dzi ƒo nam le nɔnɔme si me tom mele la me ahade ŋugble le wo ŋu. Esiawo dometɔ aɖewo nye:

Nyaɖeɖefia 21:4: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” Ŋugbledede le Biblia ƒe ŋugbedodo si ku ɖe xexe yeye si me aɖatsi kple vevesese nu ayi tegbee ŋu la fa akɔ nam.

Hebritɔwo 6:10: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.” Togbɔ be mezu wɔametɔ hã la, menyae be Yehowa ade asixɔxɔ dɔ siwo mewɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu.

Yakobo 1:13: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” Aleke nya ma nye nyateƒe enye esi! Togbɔ be Yehowae ɖe mɔ ɖe nye fukpekpea ŋu hã la, menye egbɔe wòtso kura o.

Filipitɔwo 4:6, 7: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” Gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye nye susu dze akɔ anyi alesi dze, si wɔe be mete ŋu le te nɔm ɖe nye nɔnɔmea nu nunyatɔe wu.

Mezã ŋɔŋlɔ siawo tsɔ de dzi ƒo na amewo le woƒe xaxawo me—eye wokpe ɖe wo ŋu! Gake meva de dzesii be nyemese asixɔxɔ si le wo ŋu gɔme bliboe o. Nye dɔlélea mee mevase ɖokuibɔbɔ gɔme eye mesrɔ̃ alesi maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe le.

Ŋusẽdoamenu Bubuwo

Ame geɖewo ƒoa nu tso Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu be enye kpekpeɖeŋutsoƒe gã le xaxaɣiwo me. Ke hã aleke wòle bɔbɔe enye si be míaŋe aɖaba aƒu mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo dzi! Enye nyateƒe be seɖoƒe ate ŋu anɔ kpekpeɖeŋu siwo woate ŋu ana ŋu ya, gake woli na mí ɣesiaɣi. Esia va eme le gonyeme. Womegbea gbɔnye vava le nye dɔbadzi nɔnɔ le kɔdzi o, eye wovana ŋdi kanya ɣeaɖewoɣi. Wokpe ɖe ŋunye le kɔdzifewo xexe gɔ̃ hã me. Meda akpe geɖe na amesiwo katã dzi nye nɔnɔmea wɔ dɔ ɖo eye wova xɔ nam la.

Le míaƒe hamea me la, Ðasefowo nyae be nyemagate ŋu awɔ nu boo aɖeke o. Fifia la menye dzikpɔla zimenɔla eye mele dɔ wɔm kple Kristotɔ hamemegã alɔdoamelawo. Nyemedzudzɔ gbeƒãɖeɖe kpɔ gbeɖe o. Le nye dɔlélea ƒe sesẽaƒe la, mekpe ɖe ame eve ŋu va ɖo esime wotsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Ðeka nye subɔsubɔdɔwɔla le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me le Nairobi fifia.

Nyemenya aleke gbegbee mada akpe na srɔ̃nye ɖe kpekpeɖeŋu si wònam le nɔnɔme sesẽ bliboa me ta o. Edo dzi le dzikudoɣiwo, nye seselelãmewo ƒe tɔtrɔwo, nye ŋumaɖɔɖowo, kple nye dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣiwo me. Ɣesiaɣi si manɔ avi fam ahanɔ veve sem la, edea dzi ƒo nam hefaa akɔ nam. Ŋusẽ kple ŋutete si nɔ esi le nɔnɔme sesẽawo me gakpɔtɔ wɔa nuku nam. Eɖee fia be yenye ‘xɔlɔ̃ lɔ̃ame ɣesiaɣi.’—Lododowo 17:17.

Mía vinyɔnuawo hã srɔ̃ alesi woakpe akɔ kple nye nɔnɔmea. Wowɔ nusi woate ŋui tsɔ na kpekpeɖeŋum. Wose nye hiahiãwo gɔme eye wotsona ɖe eŋu kaba, hekpɔa egbɔ si wɔe be nye dzi dze eme ne wo dada meli o. Sylvia ye nye nye “atizɔti,” si kpena ɖe ŋunye be maɖi tsa le aƒea me ne mekpɔe be ŋusẽ vɔ le ŋunye.

Ke Mina, si nye ɖevitɔ, ya ɖe? Meɖo ŋku ɣeaɖeɣi si medze anyi le aƒea me eye nyemete ŋu nɔ fɔfɔm o la dzi. Eya ɖeka koe nɔ aƒeme. Etsɔ eƒe ŋusẽ katã tsɔ fɔm ɖe te eye wòkplɔm ɖɔɖɔ yi ɖe nye xɔmee. Menya alesi tututu wòwɔ te ŋu wɔ esia o. Nuwɔwɔ dzinɔameƒotɔe ɖeka ma tsi susu me nam ɖikaa.

Tenɔnɔ ɖe nye afɔku nue nye nɔnɔme sesẽtɔ kekeake si me meto kpɔ le nye agbe me. Egakpɔtɔ nye nɔnɔme sesẽ si me tom mele. Naneke metɔ gbe nye agbe kple xɔse alea gbegbe kpɔ o. Mesrɔ̃ nu geɖe tso ɖokuibɔbɔ, nugɔmesesename, kple veveseseɖeamenu ŋu. Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe kple kaka ɖe eyama dzi kpe ɖe ŋunye le nye kuxi sia me.

Meva kpɔ apostolo Paulo ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye dze sii be: “Kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.” (Korintotɔwo II, 4:7) Mekpɔa akɔfafa geɖe le “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si ƒe ŋugbe Mawu do be ava va la me. (Petro II, 3:13) Mele gbe dom ɖa be Yehowa nayi edzi anɔ lényem ɖe te ɖaseɖe esime xexe yeye ma nava, elabena ŋusẽ megale ŋunye o kokoko eye nu sue aɖe koe mate ŋu awɔ le nye ŋusẽ me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Kristotɔwo ƒe dɔwo wɔwɔ kple nye ƒomea kpe ɖe ŋunye medo dzi