Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Suklidɔlélawo Ŋui

Alesi Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Suklidɔlélawo Ŋui

Alesi Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Suklidɔlélawo Ŋui

ÐOKUIDZIÐUÐU kple nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ le vevie ŋutɔ na suklidɔlélawo ƒe lãmesẽ kple nyonyo. Gake be dɔ sia lélawo natu nɔnɔme siawo ɖo la, ehiã be woakpe ɖe wo ŋu ɣesiaɣi. Eyata ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo madi be yewoanɔ nuɖuɖu siwo mesɔ o tsɔm na suklidɔléla o, ɖewohĩ anɔ gbɔgblɔm nɛ be, ‘Esia ɖeɖe ya magblẽ naneke le ŋuwò o.’ Harry, amesi ŋu dzidɔ kple suklidɔ Ha 2 lia le gblɔ be: “Srɔ̃nye kpena ɖe ŋunye ŋutɔ. Menaa nuɖuɖu siwo mele be maɖu o la nɔa aƒea me o. Gake ame aɖewo mesea egɔme o, eye womenya alesi nuɖuɖu mawo ƒe anyinɔnɔ nana wòsesẽna ɣeaɖewoɣi la gɔme o.”

Ne èdea ha kple amesi ŋu suklidɔ le edziedzi la, Biblia ƒe gɔmeɖose nyui eve siwo gbɔna la nanɔ susu me na wò be: “Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ,” kple “Lɔlɔ̃ la . . . media ye ŋutɔ tɔ o.”—Korintotɔwo I, 10:24; 13:4, 5.

Ehiã be amesiwo katã tsɔ ɖe le woƒe lãmesẽ me—suklidɔ ɖale wo ŋu alo mele wo ŋu o—naɖu wo ɖokui dzi le nuɖunyawo gome. Biblia na kpekpeɖeŋu le go sia me, elabena eɖee fia be ɖokuidziɖuɖu tutuɖo hiã na mía dometɔ ɖesiaɖe. Ðe nèɖoe kplikpaa be yeatu nɔnɔme sia ɖo le yeƒe agbe mea? (Galatiatɔwo 5:22, 23) Kpekpeɖeŋu bubu ate ŋu atso Biblia me kpɔɖeŋuwo me, abe Kristotɔ apostolo Paulo tɔ ene. Suklidɔléla aɖe gblɔ be: “Ŋù aɖe nɔ eƒe ŋutilã me ɣesiaɣi, gake esubɔ Mawu bliboe le nuteƒewɔwɔ me. Eyata nye hã mate ŋui!”

Ẽ, Paulo xɔ nusi mate ŋu atrɔ o la nenema, ale wòkpɔ dzidzedze geɖe le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. (Korintotɔwo II, 12:7-9) Dustin, si xɔ ƒe 18 la nye ŋkuagbãtɔ tso dɔme ke, eye suklidɔ dze edzi esime wòxɔ ƒe 12 ko. Eŋlɔ be: “Menyae be nusianu mede keŋkeŋ le ame aɖeke ŋu le xexe sia me o. Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si suklidɔ maganɔ ŋunye o la le Mawu ƒe xexe yeyea me. Le gonyeme la, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu koe wònye. Ate ŋu anɔ ŋunye ɣeyiɣi didi wu wɔɖiƒoame ya, gake enu ava yi godoo.”

Lãmesẽ deblibo si asu ame si le paradisonyigba dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me ƒe mɔkpɔkpɔ si tso Biblia mee nɔ susu me na Dustin wòtsɔ gblɔ nya mae. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mawu ƒe Nya do ŋugbe be le Mawu ƒe dziɖuɖu ma te la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24; Mateo 6:9, 10) Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ƒe ŋugbedodo sia ŋua? Ke te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ la ŋu, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia atsɔ aŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ðokuidziɖuɖu kple nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ le vevie