Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔa Yɔyɔ me Kuxiwo

Dɔa Yɔyɔ me Kuxiwo

Dɔa Yɔyɔ me Kuxiwo

“Suklidɔawo dometɔ aɖeke menyo o. Dɔ gblẽnuwoe wo katã wonye.”​—Anne Daly, Amerika Suklidɔlélawo ƒe Habɔbɔ.

“DODOKPƆ si wowɔ na wò he dɔléle aɖewo ɖe go. Ehiã be woawɔ atike na wò enumake.” Ðɔktaa ƒe nya mawo dze Deborah kpo. Egblɔ be: “Le zã bliboa me la, nye susu nɔ gbɔgblɔm nam be vodada anya nɔ dodokpɔa me kokoko. Mexɔe se kokoko be nyemele dɔ lém o.”

Abe ame bubu geɖe ene la, Deborah susu be yele lãmesẽ me, eyata eŋe aɖaba ƒu dɔléle ƒe dzesi geɖe siwo wòkpɔna la dzi. Etsɔe be dɔhonametike aɖe si nom yenɔ gbɔe yeƒe tsikɔwuame manyatalenua tso. Ewɔ nɛ be tsi geɖe si yenona gbɔe aɖuɖɔɖɔɖɔ kabakabaa tso. Ke ɖeɖiteameŋua ya la—eƒe susue nye be vidada dɔmedela ka ŋue ɖeɖi metena o?

Ke hã, dodokpɔa ɖee fia be suklidɔ gbɔe nuawo katã tso. Esesẽ na Deborah be wòaxɔe ase be wokpɔ suklidɔ le ye ŋu. Egblɔ be: “Nyemeƒo nu tso nye dɔlélea ŋu na ame aɖeke o. Le zã me ne ƒomea me tɔwo dɔ alɔ̃ la, meʋua ŋku ɖe vivitia me nɔa avi fam.” Abe Deborah ene la, ne ame aɖewo se be suklidɔ le yewo ŋu la,seselelãme vovovowo ɖea fu na wo, woléa blanui, eye wodoa dziku gɔ̃ hã. Karen gblɔ be: “Nyemexɔe se o, eye avi dzi ko menɔ.”

Enye nusi sɔ le dzɔdzɔme nu be woase le ame ɖokui me alea tso nusi dze abe dzɔgbevɔ̃edzɔɖeamedzi ene ŋu. Gake ne wode dzi ƒo na suklidɔlélawo la, woate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Karen gblɔ be: “Dɔnɔdzikpɔla si kpɔa gbɔnye kpe ɖe ŋunye mexɔ nye nɔnɔmea de eme. Egblɔ nam be megblẽ be mafa avi o. Seselelãme ɖeɖeɖego alea kpe ɖe ŋunye metrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu.”

Nusita Wònye Dɔ si Gblẽa Nu

Woyɔ suklidɔ be “dɔ si dzea agbeŋusẽ dzi,” eye esɔ nenema. Ne ŋutilãa mate ŋu azã ʋumesukli o la, eƒe dɔwɔna vevi geɖe me ate ŋu agblẽ, eye ate ŋu ade agbe afɔku me. Ðk. Harvey Katzeff gblɔ be: “Menye suklidɔe wua amewo tẽ o, ke dɔ bubu siwo va gena ɖe emee. Míenya alesi míaxe mɔ na dɔléle bubu mawoe, gake ne wonya va ko la, [wo] dada sesẽna.” *

Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na amesiwo le suklidɔ léma? Ẽ—ne wonya dɔ si ƒomevi wònye hezɔ ɖe eŋuti tikewɔɖoɖo dzi ko. *

Nuɖuɖu Kple Kamedede

Togbɔ be womate ŋu axe mɔ na suklidɔ Ha 1 o hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le nusiwo dzia exɔxɔ ƒe afɔkua ɖe edzi tso domenyiŋusẽ me la ŋuti numekuku wɔm, eye wole agbagba dzem be yewoakpɔ mɔnu siwo dzi woato axe mɔ na dɔlélenutsitsiŋutete ƒe lãmenugbagbeviawo dzi dzedze. (Kpɔ aɖaka si nye “Akpa si Ʋumesukli Wɔna” le axa 8.) Agbalẽ si nye Diabetes—Caring for Your Emotions as Well as Your Health gblɔ be: “Le suklidɔ ha 2 lia gome la, mɔkpɔkpɔ le nɔnɔmea ŋu wu. Amesiwo ate ŋu axɔe tso domenyiŋusẽ me dometɔ geɖe ƒo asa na dɔléle sia xɔxɔ to nu nyui ɖuɖu kple kamedede edziedzi me, heto ema dzi yi edzi nɔ lãmesẽ me hekpɔ egbɔ be yewomelolo akpa o.” *

Le gbetete ɖe kamedede ƒe vevienyenye dzi me la, Journal of the American Medical Association ka nya ta tso numekuku aɖe si wowɔ tsitotsito tso nyɔnuwo ŋu la ŋu. Edze le numekukua me be “ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ̃ hã ƒe kamedede kpena ɖe [lãmenugbagbeviawo] ŋu wokpɔa insulin wòdoa ŋusẽ wo woxɔa ʋumesukli wɔa eŋudɔ gaƒoƒo 24 kple edzivɔ.” Eyata nyatakakaa wu nu be “azɔlizɔzɔ kple dɔ sesẽ wɔwɔ siaa ɖea afɔku si li be nyɔnuwo naxɔ suklidɔ ha 2 lia dzi kpɔtɔna ŋutɔ.” Numekulaawo kafu miniti 30 ya teti ƒe dɔ sesẽ vi aɖe wɔwɔ le kwasiɖaa ƒe ŋkeke akpa gãtɔ me, alo woawɔe ŋkekeawo katã. Dɔ siawo dometɔ aɖe ate ŋu anye dɔ tsɛ abe azɔli teti zɔzɔ ene, si ŋu agbalẽ si nye American Diabetes Association Complete Guide to Diabetes gblɔ le be “ɖewohĩ eyae nye kamedede ƒomevi nyuitɔ kekeake, si me afɔku mele o, kple esi me gazazã geɖe mele o.”

Ke hã, ele be atikewɔla si nya dɔlélea ŋu nalé ŋku ɖe suklidɔlélawo ƒe kamedede ŋu. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be suklidɔ te ŋu gblẽa nu le ʋuka kple ahɔhɔ̃mekawo ŋu, si wɔnɛ be ʋu mete ŋu sina yia ŋutilãa ƒe teƒeteƒewo o, eye womegasea nuveviwɔame ƒe veve o. Ewɔnɛ be ne nu vi aɖee koko dɔnɔa ƒe afɔ gɔ̃ hã, manya kaba o eye wòagblẽe ɖi wòavo azu abi gã—ale gbegbe be ne womekpɔ egbɔ kaba o la, ɖeko woava lã afɔa ɖa. *

Ke hã, kamedeɖoɖo aɖe dzi zɔzɔ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòanɔ te ɖe suklidɔ nu. ADA Complete Guide gblɔ be: “Zi alesi numekulawo wɔ kamedede ƒe viɖewo ŋuti numekukui la, zi nenemae wokpɔnɛ be viɖe geɖewo le emee.”

Insulin Tikewɔwɔ

Hekpe ɖe nuɖuɖu kple kamedede ƒe ɖoɖo aɖe dzi zɔzɔ ŋu la, ele be suklidɔlélawo dometɔ geɖe nanɔ sukli agbɔsɔsɔ si le woƒe ʋu me dom kpɔ gbesiagbe ahanɔ insulin hã dom edziedzi. Le zɔzɔ ɖe nuɖuɖu kple kamedede ɣesiaɣi ƒe ɖoɖo nyui dzi ta la, ame aɖewo siwo ŋu suklidɔ Ha 2 lia le te ŋu wɔ ŋgɔyiyi le woƒe lãmesẽnyawo me, eye wote ŋu dzudzɔ insulin zazã edziedzi hena ɣeyiɣi aɖe ya teti. * Karen, amesi ŋu suklidɔ Ha 1 le la kpɔe be kamedede naa insulin si yedona la wɔa dɔ nyuie. Ewɔe be ete ŋu ɖe insulin si wòhiãna gbesiagbe la dzi kpɔtɔ alafa memama 20.

Gake ne ehiã be suklidɔléla nanɔ insulin zãm la, susu aɖeke meli si ta wòle be dzi naɖe le eƒo o. Mary Ann, si nye dɔnɔdzikpɔla, amesi kpɔa suklidɔléla geɖe dzi la gblɔ be: “Insulin zazã mefia be èdo kpo nu o. Suklidɔ ƒomevi ka kee ɖale ŋuwò o, ne èléa ŋku ɖe sukli agbɔsɔsɔ si nɔa ʋume na wò ŋu ko la, àɖe lãmesẽkuxi bubu siwo ava do mo ɖa emegbe la dzi akpɔtɔ.” Le nyateƒe me la, numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be “ŋku, ayiku, kple ahɔhɔ̃meka dɔléle siwo ɖea fu na suklidɔlélawo dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ” le suklidɔ Ha 1 léla siwo kpɔa egbɔ be sukli agbɔsɔsɔ si sɔ le woƒe ʋu me la gome. Le kpɔɖeŋu me, ŋkudɔ si woyɔna be retinopathy léle ƒe afɔkua dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 76! Eɖe vi na suklidɔ Ha 2 lia léla siwo hã lé ŋku ɖe woƒe ʋumesukli ƒe agbɔsɔsɔ si sɔ ŋu nyuie la nenema ke.

Be woana insulin tikewɔwɔ nabɔbɔ ahaɖe eƒe ame veve dzi akpɔtɔ la, abui siwo nɔa insulin donuwo—siwo nye atikedonu siwo wozãna ŋutɔ—nu la le sue ale gbegbe be wo nu mevena boo o. Mary Ann gblɔ be: “Zi geɖe la, edodo zi gbãtɔe vena wu. Le ema megbe la, dɔnɔ akpa gãtɔ gblɔna be yewomegasea veve aɖeke o.” Abuidonu bubu aɖewoe nye automatic injectors, si nye mɔ̃ si tutua abuia dea ŋutilãa me vevemasemasee, jet injectors, si tutua insulin wògena ɖe lãme na ame kaba, kpakple infusers, si nye mɔ̃ si me wokua insulin ɖo heƒoa eƒe abuia ɖe lãme wònɔa ame ŋu ŋkeke eve alo etɔ̃. Insulin donua ƒe lolome le ko abe kotokumenyatakakaxɔmɔ̃ ene, eye ame geɖe va le ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu vevie le ƒe siawo me. Wotrɔ asi le mɔ̃ sia si ƒe abui wogblẽna ɖe ŋutilãa me la ŋu be wòanya insulin agbɔsɔsɔ si ŋutilãa hiã gbesiagbe ahanɔ etsɔm nɛ vivivi, si wɔnɛ be insulin tikewɔwɔ yia edzi nyuie hedea ame dzi ŋutɔ.

Yi Edzi Nànɔ Nu Srɔ̃m

Ne míeƒo nu tso suklidɔyɔmɔnuwo katã gɔ̃ hã ŋu la, wo dometɔ aɖeke meli si woagblɔ be eyae nye nyuitɔ kekeake o. Ele be amesiame nade ŋugble le nu geɖewo ŋu be wòawɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso le suklidɔyɔmɔnu tiatia me. Mary Ann gblɔ be: “Togbɔ be kɔdzidɔwɔlawoe anɔ dɔ yɔm wò hã la, ŋutɔe atia mɔnu si sɔ na wò.” Le nyateƒe me la, magazine si nye Diabetes Care gblɔ be: “Woate ŋu abu suklidɔ tikewɔwɔ le kɔdzi, nusiwo dɔnɔa ŋutɔ awɔ na eɖokui le nɔnɔme vovovowo me mafiamafiae be enye atikewɔmɔnu madeŋgɔ.”

Zi alesi suklidɔlélawo srɔ̃ nu tso woƒe dɔlélea ŋui la, zi nenemae woanya alesi woakpɔ woƒe lãmesẽnyawo gbɔe wòana mɔnukpɔkpɔ geɖe wo be woƒe agbenɔƒe nadidi awu eye woanɔ lãmesẽ me wu. Ke hã, ebia dzigbɔɖi be woasrɔ̃ nu tso eŋu wòaɖe vi na ame. Agbalẽ si nye Diabetes—Caring for Your Emotions as Well as Your Health ɖe eme ale: “Ne ète kpɔ be yeasrɔ̃ nusianu zi ɖeka la, àte ŋu atɔtɔ eye màwɔ nyatakaka si su asiwò la ŋudɔ nyuie o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyatakaka vevitɔ kekeake si wòhiã be nàsrɔ̃ la mele agbalẽ kple magazinewo me nàkpɔ o. Eku ɖe . . . alesi wò ʋumesukli ƒe agbɔsɔsɔ nɔna le nɔnɔme vovovowo me nyanya ŋu. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim koe nàte ŋu asrɔ̃ esia to nuwɔkpɔ geɖe me.”

Le kpɔɖeŋu me, to ŋkuléle ɖe ɖokuiwò ŋu nyuie me la, ànya alesi ne nu te ɖe dziwò wò lãme wɔa wòe, si ate ŋu ana wò ʋumesukli nayi dzi. Ken gblɔ be: “Ƒe 50 sɔŋ enye sia mía kple suklidɔŋutilã sia míeli, eye mesea nya siwo wògblɔna nam gɔme!” Nya siwo Ken ƒe ŋutilã gblɔna nɛ “gɔmesese” ɖe vi nɛ ŋutɔ, elabena ekpɔtɔ wɔa dɔ ɣeyiɣiawo katã—togbɔ be exɔ wu ƒe 70 gɔ̃ hã!

Ƒometɔwo ƒe Alɔdodo ƒe Vevienyenye

Nusi dzi mele be woaŋe aɖaba aƒui le suklidɔyɔyɔ me o enye ƒometɔwo ƒe kpekpeɖeŋu nana. Le nyateƒe me la, agbalẽ aɖe gblɔ be, “ɖewohĩ ƒome aɖe me tɔwo ƒe nuwɔwɔ ɖekae enye nu ɖeka aɖe si hiã ŋutɔ” le ɖeviwo kple amesiwo metsi fũ o ƒe suklidɔ nu nɔnɔ me.

Eɖea vi ne ƒomea me tɔwo srɔ̃ nu tso suklidɔ ŋu, heɖɔa li wo nɔewo le dɔnɔa kpɔkplɔ yi kɔdzii gɔ̃ hã me. Nunyanya tso dɔlélea ŋu akpe ɖe wo ŋu le kpekpeɖeŋunana, dzesi veviwo kpɔkpɔ adze sii, kple alesi woawɔ nui le nɔnɔme vovovowo me nyanya me. Ted, amesi srɔ̃nyɔnu dzi suklidɔ Ha 1 dze esime wòxɔ ƒe ene ko, la gblɔ be: “Mete ŋu nyana ne Barbara ƒe ʋumesukli ƒe agbɔsɔsɔ ɖiɖi akpa. Míanɔ dze ɖom nyuie ko ɖoɖoe nazi le enu enumake. Edzea fifia vevie hedoa dziku nya aɖeke madzɔmadzɔe. Eye megazãna ɖe naneke wɔwɔ ŋu o.”

Nenema kee ne Ken srɔ̃ Catherine kpɔe be Ken ƒe ŋutigbalẽ te fufu eye wònɔa anyi kpoo, eye wòkpɔ tɔtrɔ aɖe le eƒe nuwɔna me la, edoa biabia bɔbɔe aɖe ɖe egbɔ. Alesi Ken aɖo nyaa ŋui ana Catherine nanya be mele be yeagblẽ nyametsotsowɔwɔ aɖeke ɖe esime o eye ele be yeatso kpla akpɔ nɔnɔmea gbɔ. Ken kple Barbara siaa daa akpe vevie be yewo srɔ̃wo nya nu tso yewoƒe dɔlélea ŋu, eye wolɔ̃ wo hekana ɖe wo dzi ale gbegbe. *

Ele be ƒomea me tɔ lɔ̃amewo nadze agbagba anye kpekpeɖeŋunalawo, dɔmenyotɔwo, kple dzigbɔɖitɔwo—nɔnɔme siawo ate ŋu akpe ɖe dɔnɔa ŋu wòanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu eye ate ŋu ana eƒe dɔlélea gɔ̃ hã dzi naɖe akpɔtɔ. Karen srɔ̃ŋutsu naa kakaɖedzii be yelɔ̃e, eye ema dea agbe yeye eme ale gbegbe. Karen gblɔ be: “Nigel gblɔna nam be, ‘Ehiã be amewo naɖu nu ano tsi be woanɔ agbe, nenema koe wò hã nèhiã nuɖuɖu kple tsi—kpakple insulin vi aɖee.’ Nyateƒenya fadziname siawo dea dzi ƒo nam ale gbegbe.”

Ehiã be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nanya hã be ne ʋumesukli ƒe agbɔsɔsɔ le dzi yim gale ɖiɖim la, suklidɔ te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe seselelãme dzi. Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Ne suklidɔa na nu te ɖe dzinye la, menɔa anyi kpoo, dzi megadzɔam o, dzi kuam kabakaba, eye metɔtɔna. Emegbe egatena ɖe dzinye be nyemete ŋu ɖu nye seselelãmewo dzi o. Gake ekpena ɖe ŋunye ne menya be ame bubuwo se nye seselelãme siawo gɔme—siwo dzi medzea agbagba be maɖu.”

Woate ŋu anɔ te ɖe suklidɔ nu dzidzedzetɔe, vevietɔ ne dɔnɔa ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo do alɔe. Biblia ƒe gɔmeɖosewo hã ate ŋu akpe ɖe ame ŋu. Le mɔ ka nu?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Dɔ bubuawo dometɔ aɖewoe nye dzidɔ, gbagbadɔ, ayikudɔ, ʋukamexexedɔ, kpakple dɔléle si gblẽa ahɔhɔ̃mekawo dome. Ʋu ƒe masimasi nyuie aɖo afɔ gbɔ ate ŋu ana abi naɖo afɔawo ŋu, eye ne ezu abi gã la, woate ŋu alã afɔawo dometɔ si ŋu abia le. Suklidɔ koŋ gbɔe wòtsona hã be ame tsitsi geɖewo ƒe ŋku gbãna.

^ mm. 9 Nyɔ! mekafua atikewɔmɔnu gobii aɖeke o. Ele be amesiwo bui be suklidɔ le yewo ŋu nate ɖe atikewɔla si bi ɖe mɔxexe na dɔa kple enunɔnɔ me ŋu.

^ mm. 11 Edze abe amidede ɖe ƒo gbɔ akpa hea afɔku geɖe vanɛ wu amidede ɖe kpe gbɔ ene.

^ mm. 13 Atamanolawo dea wo ɖokui afɔku si lolo wu gɔ̃ hã me, elabena atamanono gblẽa nu le dzia ŋu eye wònaa ʋukawo me miãna be ʋu mete ŋu sina yia ŋutilãa ƒe teƒeteƒewo o. Agbalẽ aɖe gblɔ be suklidɔléla siwo ƒe afɔ alo abɔ wolã la dometɔ 95 le alafa me nye atamanolawo.

^ mm. 16 Wokpe ɖe amesiawo dometɔ aɖewo ŋu to atikenonowo dzi. Atike siawo dometɔ aɖewo nye esiwo kpena ɖe ƒomeɖea ŋu be wòadza insulin geɖe, bubuwo ɖea ʋumesukli ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔna, eye ɖewo hã ɖea mɔxexe na insulin dzi kpɔtɔna. (Zi geɖe la, womeŋlɔa atikenono siawo na amesiwo ŋu suklidɔ Ha 1 le o.) Fifia la, womate ŋu ano insulin to nu me o, elabena mɔ si dzi nuɖuɖu tona tuna ɖe dɔme na ame naa nunyiame sia kakana hafi wòɖoa ʋukaa me. Insulin tikewɔwɔ kple atikenonowo mete fli ɖe kamedede kple nu nyui ɖuɖu ƒe hiahiã me o.

^ mm. 26 Kɔdzitɔwo kafui be dzesidegbalẽvi nanɔ suklidɔlélawo ŋu ɣesiaɣi eye woado kɔgɛ alo alɔnugɛ aɖe si ade dzesi wo. Le nɔnɔme sesẽwo me la, dzesidenu siawo ate ŋu axɔ ame ɖe agbe. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu awɔ vodada abu ʋumesukli ƒe agbɔmasɔmasɔ ƒe dzesiwo dɔléle bubu ƒe nuwɔna alo ahamumu me kuxi aɖee gɔ̃ hã.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Edzea Ðeviwo Dzia?

Ðk. Arthur Rubenstein, si nye lãmetsiŋutinunyala xɔŋkɔ kple Mount Sinai Tikewɔwɔsrɔ̃ƒe si le New York ƒe tatɔ gblɔ be: “Suklidɔ va le ɖeviwo dzi dzem.” Le nyateƒe me la, ƒexɔxɔ si koŋ dzi suklidɔ dzea egɔme tsoe le ɖiɖim. Esi Ðk. Robin S. Goland, si nye suklidɔ ŋutinunyala nɔ nu ƒom tso suklidɔ Ha 2 lia ŋu la, egblɔ be: “Le ƒe ewo siwo va yi me la, míenɔ nu fiam atikewɔwɔ srɔ̃lawo be dɔ sia meléa amesiwo mekpɔ xɔ ƒe 40 o la o. Fifia la, míele ekpɔm le amesiwo mekpɔ xɔ ƒe 10 haɖe o ŋu.”

Nukatae suklidɔ le dzidzim ɖe edzi le ɖeviwo dome? Ɣeaɖewoɣi la, ete ŋu tsoa domenyiŋusẽ gbɔ. Ke hã, lolo akpa kple teƒe si ame le hã te ŋu nyea nusiwo henɛ vɛ dometɔ aɖewo. Le ƒe 20 siwo va yi me la, ɖevi siwo lolo akpa ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve. Nuka gbɔe wòtso? Ðk. William Dietz, si le United States Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Dɔwɔƒe gblɔ be: “Le ƒe 20 siwo va yi me la, tɔtrɔ geɖe va amewo ƒe nuɖuɖu kple kamedede me. Esiawo dometɔ aɖewoe nye agbenɔnɔ ɖe nuɖuɖu siwo tso nuɖuɖudzraƒewo dzi fũ ƒe dzidziɖedzi; ŋdinuɖuɖu dadaƒu ƒe dzidziɖedzi; aha viviwo nono fũ kple ɖaƒleɖuɖu ƒe dzidziɖedzi; [kamedefefewo] wɔwɔ le suku ƒe toyiyi; kple ɖiɖiɖemeɣiwo ɖeɖe ɖa le sukuwo me.”

Womate ŋu ada suklidɔ keŋkeŋ o. Eyata nunya le eme be woawɔ ƒewuivi aɖe si ŋu dɔa le ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, amesi gblɔ kpuie ko be: “Ƒo asa na nuɖuɖu siwo me nunyiame mele o eye nànɔ kame dem.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Akpa si Ʋumesukli Wɔna

Ʋumesukli mee lãmenugbagbevi biliɔn teƒe akpe nane siwo nɔa ŋutilãa me la kpɔa ŋusẽ tsonɛ. Gake hafi sukli sia nage ɖe lãmenugbagbeviawo me la, ehiã “safui” aɖe—insulin, si nye lãmetsi aɖe si ƒomeɖe dzana. Le suklidɔ Ha 1 gome la, ŋutilãa mewɔa insulin la kura o. Le suklidɔ Ha 2 lia gome la, ŋutilãa wɔa insulin la gake ɖeko mesɔa gbɔ o. * Gawu la, lãmenugbagbeviawo melɔ̃na ɖea mɔ insulin gena ɖe wo me o—si nye nɔnɔme aɖe si woyɔna be mɔxexe na insulin ƒe dɔwɔwɔ. Eyata le suklidɔ evea siaa gome la, nu ɖeka tɔgbee va dzɔna mlɔeba: ʋumesukli si hiã la meɖoa nugbagbeviawo gbɔ o alo ʋumesuklia sɔa gbɔ akpa wòzua afɔku.

Le suklidɔ Ha 1 gome la, dɔnɔa ƒe dɔlélenutsiŋutete dzea ƒomeɖe me nugbagbevi siwo wɔa insulin la dzi. Eyata suklidɔ Ha 1 nye dɔléle si me ame ŋutɔ ƒe dɔlélenutsiŋutete ganɔa nu gblẽm le eɖokuitakpɔnuwo ŋu le, eye woyɔnɛ ɣeaɖewoɣi be dɔlélenutsiŋutete suklidɔ. Nusiwo ate ŋu ana dɔlélenutsiŋutetea nadze nugbagbeviawo dzi dometɔ aɖewo nye dɔlékuiwo, aɖitikewo, kple atike ƒomevi aɖewo. Ate ŋu atso domenyiŋusẽ hã gbɔ, elabena zi geɖe la, suklidɔ Ha 1 nɔa ƒome aɖewo koŋ me, eye Caucasiatɔwo domee wòbɔ ɖo wu.

Le suklidɔ Ha 2 lia gome la, exɔxɔ tso domenyiŋusẽ me nu gasẽna gɔ̃ hã wu, gake mebɔ ɖe Caucasiatɔwo dome fũ o. Australia kple Amerika vidzidziwo koŋ domee wòbɔ ɖo wu, eye le xexeame godoo la, Amerika-vidzidziwo domee suklidɔ Ha 2 lia bɔ ɖo wu. Numekulawo le ƒomedodo si le agbedomenyiŋusẽ kple lolo akpa, kpakple alesi wòdzena be amidede akpa koŋ gbɔe mɔxexe na insulin ƒe dɔwɔwɔ tsona le amesiwo ƒe ƒome me dɔlélea le gome la ŋuti numekuku wɔm. * To vovo na suklidɔ Ha 1 la, amesiwo xɔ wu ƒe 40 koŋ dzie suklidɔ Ha 2 lia dzena.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 44 Suklidɔlélawo dometɔ 90 lɔƒo le alafa me léa suklidɔ Ha 2 lia. Tsã la, woyɔnɛ be “insulin mahiãmahiã” alo “gege ɖe tsitsi me” suklidɔ. Ke hã, ŋkɔ siawo mesɔ tututu o, elabena suklidɔ Ha 2 lia lélawo dometɔ 40 sɔŋ le alafa mee hiãa insulin. Gawu la, ɖeviwo ƒe agbɔsɔsɔ dovoɖiname aɖe—siwo dometɔ aɖewo meɖo ƒewuiwo gɔ̃ hã me o—ŋue wole suklidɔ Ha 2 lia kpɔm le.

^ mm. 46 Zi geɖe la, wobunɛ be ame lolo akpa ne eƒe kpekpeme gbɔ kpekpeme nyuitɔ ŋu alafa memama 20.

[Nɔnɔmetata]

Ʋumesukli kui

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy: Pacific Northwest National Laboratory

[Aɖaka si le axa 9]

Akpa si Ƒomeɖe Wɔna

Ƒomeɖe si ƒe lolome de sɔsɔ ge kple akɔɖu la mlɔ dɔgboa megbe tututu. Agbalẽ si nye The Unofficial Guide to Living With Diabetes gblɔ be: “Ƒomeɖe si ŋu ŋusẽ le wɔa dɔ kple fɔléleɖenuŋu geɖe madzudzɔmadzudzɔe, nɔa asi trɔm le sukli agbɔsɔsɔ si ge ɖe ʋua me ŋu wòdana sɔna to insulin agbɔsɔsɔ si sɔ ɖoɖo ɖa me, esime ʋumesuklia ƒe agbɔsɔsɔ le dzi yim gale ɖiɖim le ŋkekea me.” Ƒomeɖe me nugbagbeviwo gbɔe insulin sia tsona.

Ne ƒomeɖe me nugbagbeviwo do kpo insulin agbɔsɔsɔ si hiã ɖoɖo ɖa la, enaa sukli sɔa gbɔ ɖe ʋua me, si woyɔna be hyperglycemia. Esi to vovo na esiae nye hypoglycemia—si nye ʋumesuklia ƒe agbɔmasɔmasɔ. Aklã wɔa dɔ aduadu kpena ɖe ƒomeɖe ŋu wotrɔna asi le sukli agbɔsɔsɔ si ge ɖe ʋua me la ŋu to sukli si tsi edzi la ɖeɖe adzra ɖo me, si woyɔna be glycogen. Ne ƒomeɖe ɖe gbe na aklã la, egbugbɔna trɔa sukli si wòɖe dzra ɖo nana ŋutilãa wòzãna.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Akpa si Sukli Wɔna

Ame geɖe gblɔna vodadatɔe be sukli geɖe ɖuɖue hea suklidɔ vɛ. Atikewɔwɔ me numekukuwo ɖee fia be lolo akpa—sukli agbɔsɔsɔ kae nèɖuna o—ye dzia dɔlélea xɔxɔ ƒe afɔkua ɖe edzi le amesiwo ƒe ƒome me dɔa le la gome. Ke hã, sukli ɖuɖu akpa menaa wonɔa lãmesẽ me o, elabena nunyiame geɖe mele eme o eye wònaa wololona akpa.

Nukpɔsusu masɔmasɔ bubu hãe nye be sukli dzroa suklidɔlélawo kutɔkutɔe. Gake le nyateƒe me la, alesi nu viviwo dzroa ame akpa gãtɔe la, nenemae wòdzroa woawo hãe. Ne womelé ŋku ɖe suklidɔ ŋu o la, ate ŋu ana dɔ nanɔ ame wum vevie—gake menye ɖe sukli ŋu kokoko o. Suklidɔlélawo ate ŋu aɖu nu viviwo, gake ele be woalé ŋku ɖe sukli ŋu le woƒe nuɖuɖuwo katã me.

Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be nuɖuɖu siwo me atikutsetsesukli le—si nye sukli si nɔa atikutsetsewo kple amagbewo me—fũ ate ŋu axe mɔ na insulin ƒe dɔwɔwɔ, eye ate ŋu ana lãwo gɔ̃ hã naxɔ suklidɔ, aleke kee woƒe lolome ɖale o.

[Nuwo ƒe nɔnɔmewo/Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Suklidɔ Gɔme Ðeɖe Kpuie

ƑOMEÐE

↓ ↓ ↓

Amesi Le Lãmesẽ Me Suklidɔ Ha 1 Suklidɔ Ha 2 Lia

Le nu ɖuɖu megbe la, Dɔlélenutsiŋutete dzea Zi geɖe la, insulin

ƒomeɖe (pancreas) wɔa dɔ ƒomeɖe me nugbagbevi sue aɖe koe

le sukli agbɔsɔsɔ siwo wɔa insulin la dzi. ƒomeɖea te ŋu wɔna

si va ʋua me la ŋu, Esia wɔnɛ be womete

to insulin (lãmetsi si ŋu wɔa insulin o

kpɔa sukli si nɔa ʋu me

zazã gbɔ) agbɔsɔsɔ

si sɔ la ɖoɖo ɖa me

↓ ↓ ↓

Lãmenugbagbevi siwo Insulin ƒe kpekpeɖeŋu Ne lãmetsixɔlaawo

nɔa lãmekawo ŋu kpakple manɔmee la, ʋumesukli mete ŋu le insulin

lãmenugbagbevi bubuwo xɔa kuikuiawo mate ŋu xɔm tututu o la,

Insulin la ƒe akpa sue aɖe. age ɖe lãmeka ŋu mɔnu siwo hiã be

Ne woxɔe la, mɔnu nugbagbeviawo me o woaʋu be ʋumesuklia

aɖe ʋuna eye ʋumesukli nage ɖe wo

kuikuiwo gena ɖe lãmeka me la meʋuna o

ŋu nugbagbeviawo me

↓ ↓ ↓

Ʋumesuklia nyina ɖe Sukli va sɔa gbɔ

lãmeka ŋu nugbagbeviawo ɖe ʋua me akpa, hetɔtɔa

me eye wozãnɛ wòvɔna. ŋutilãa ƒe dɔwɔna veviwo

Esia wɔnɛ be ʋumesukli me eye nu gblẽna le ʋukawo ŋu

ƒe agbɔsɔsɔ dana sɔna

[Diagram]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Lãmenugbagbevi

Nugbagbevi lãmetsixɔla

Mɔnu si Ʋuna

Insulin

Ʋumesukli

Lãmenu si me Domenyiŋusẽfianu Nɔna

[Diagram]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

ƲUKA

Ʋumenugbagbevi dzĩwo

Ʋumesukli

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ŋutsu: The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nuɖuɖu nyui le vevie na suklidɔlélawo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Suklidɔlélawo ate ŋu awɔ agbemedɔ nyui ɖesiaɖe