Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Tɔmenyi Gã Wɔnuku la Ða!

Kpɔ Tɔmenyi Gã Wɔnuku la Ða!

Kpɔ Tɔmenyi Gã Wɔnuku la Ða!

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

ƔE SI nɔ to ɖom la klẽ ɖe ta gã si le Masai Mara-ve gã si me Womedaa Ade le O si le Kenya la dzi hẽ. Esi ɣea ge ɖe alilikpoa te le ɣetoɖoƒe ɖaa la, eklẽ ɖe taa dzi hẽ wònya kpɔ ale gbegbe. Gbetedzi kple klatsawo nɔ ha me nɔ zɔzɔm blewu blewu gbɔna wòsusɔ meta ʋɛ aɖewo ko woaɖo taa gbɔ. Kasiaa dzidzi ƒo lãawo wotɔ zi ɖeka kplo, hefɔ ŋku ɖe nane si le abe agakpe gã nogo aɖe ene, si ho ɖe tsia dzi le taa ƒe kɔto lɔƒo la dzi gãa. “Agakpe nogoa” blu tsia gbodogbodo ko hedo ɖi vĩ. Tɔmenyi—si nye tsimelã dziŋɔ aɖee nye ma lãawo kpɔ.

Ta kple tɔsisiwo mee wokpɔa tɔmenyi le le ɣedzeƒe Afrika, eye atiglinyi koe nye lã si lolo wui. Ne tɔmenyi tsi la, eƒe didime te ŋu gbɔa meta 4 ŋu eye eƒe kɔkɔme ɖona meta 1.5. Eƒe kpekpeme ade tɔn ene. Ame geɖe bui be “Behemoth” si woyɔ le Biblia-gbalẽ si nye Hiob me le Eŋlisigbe me lae nye tɔmenyi. Mewɔ nuku o be Biblia ɖɔ lã gã sia be eƒe ƒuwo le abe “akɔbliyetiwo” ene, eye wòtsɔ wo sɔ kple “gakpɔti.”—Hiob 40:15-18.

Ne tɔmenyi ŋutigbalẽ titritɔ, fumanɔŋui, si dze nugbodogbodowɔla, si le abe gago ene la ayi tugbehoʋliƒe gbeɖeka la, maɖu dzi akpɔ o. Tɔmenyi ƒe afɔwo le kpuie ale gbegbe be ɖeko nàbia be afɔ kpui siawoe le agba gã sia tsɔm hã. Ke hã, mègabu afɔ kpotoe mawo ƒe ŋusẽ nu tsɛe o. Ne tɔmenyi le gota la, amegbetɔ megogoe le duƒuƒu me kura o. Ne ele tsi me la, wonyae be edzena le tɔdziʋu sue si kum wole kple akɔfa alo esi kum wole kple mɔ̃ gɔ̃ hã ŋu.

Agbenɔnɔ le Tsiteƒewo

Lã siwo zɔna le hamee tɔmenyi nye, eye togbɔ be wokpɔ tɔmenyiwo ƒe ha gã siwo me tɔmenyi ɖekaɖeka 150 lɔƒo nɔ kpɔ hã la, zi geɖe la, tɔmenyi 10 yi 15 ye nɔa ƒuƒoƒo me, eye tɔmenyitsu tsitsi ɖeka nɔa wo ŋgɔ. Wonɔa tɔ me kple godzi siaa, eye tɔmee wodona tsona—le zã me koŋ—va ɖua tɔtogbe damawo. Zi geɖe la, womeyia adzɔge ʋĩ tsoa tsia gbɔ o. Gake le kuɖiɣi la, wonya be tɔmenyi aɖewo zɔna kilometa 10 ɖadia nuɖuɖu.

Alesi tɔmenyiwo dea dzesi wo nɔƒewo mele nyanya tututu o. Ame aɖewo bu be alesi tɔmenyi tsɔa eƒe asike nɔa eƒe mĩ hlẽmee si wɔ moya ŋutɔ la nye mɔ si dzi tɔmenyitsu tona wɔa akɔ le tɔmenyinɔ ŋkume loo alo be wòatsɔ anya tɔmenyitsu bubu si le nyɔnu ʋlim kplii la ɖa. Ne wodze wo dzi la, woxlɔ̃na abe sɔ ene, eye ne wole dzre wɔm la, woxlɔ̃na alo ɖea gbe. Ne wole tɔ gɔme gɔ̃ hã la, woƒe gbɔgbɔ fuxefuxe ɖina sesĩe wosena. Tɔmenyitsu ŋgɔnɔlaa yɔa etɔwo wòɖina be MŨ-Mũ-mũ.

Tɔmenyi te ŋu doa ɖi ganɔa eɖokui hom ɖe dzi le ŋkeke bliboa me, eye wòsɔna na eƒe ŋutilã gã la ale gbegbe. Togbɔ be tɔmenyi mabi ɖe tsiƒuƒu me nyuie abe lã bubu siwo hã nɔa tɔ me ganɔa godzi ene o hã la, ate ŋu ado ɖi miniti 15! Eƒe ŋɔti, ŋkuwo, kple towo le eƒe ta ƒe ŋgɔdze, si na wòte ŋu nyrɔa eƒe ŋutilã ƒe akpa mamlɛ bliboa katã ɖe tsi gɔme. Tɔa gɔme afimae tɔmenyi wɔa eƒe nu geɖe le—nyɔnu didi kple asiyɔyɔ siaa.

Tɔmenyi tsɔa fu ɣleti enyi lɔƒo, eye vi ɖeka koe wòdzina ɖe tsi si megoglo fũ o me. Enaa no via le godzi loo alo le tsi si se afɔkɔe me. Togbɔ be tɔmenyi sesẽ ale gbegbe hã la, mefena kple via dzikpɔkpɔ kura o, eléa be na via lɔlɔ̃tɔe wòwɔa nuku ŋutɔ. Le nyateƒe me la, tɔmenyi vinɔ si tsɔ via ɖe mè tsɔ le tsi ƒumee la nyea nukpɔkpɔ dzeani. Gake ɖeko ame aɖeke meka tse be yeaɖe ɖevia le mè nɛ o, lã ma si dze abe ɖe mewɔa adã ene o la ƒe nuwɔƒe mekɔna o!

Tɔmenyi ƒe ŋutigbalẽ de edzi ŋutɔ na tsimenɔnɔ. Gake ne eva gota la, tɔtrɔ ɖedzesiwo dzena le eŋu. Lãmenugbagbevi siwo le eƒe ŋutigbalẽ te la tua tsi dzẽ lahẽ aɖe si me dze le ŋutɔ ɖona ɖe eƒe ŋutigbalẽ ŋu. Ne èkpɔ lãa le adzɔge la, tsi si nugbagbeviawo tu ɖo ɖe ŋutigbalẽa ŋu ƒe amadede naa wòdzena abe ɖe fifia si tɔmenyia dze nye ʋu ene. Gake ɖe tsi dzẽa kpɔa eƒe ŋutigbalẽ ta le tsi me kple gota siaa. Le blema Afrika-duwo me la, wolãa tɔmenyi-gbalẽ wònyea ka lɛlɛlɛ henyrɔ nɛ ɖe ami me. Emegbe wotroa wo hesiaa wo woƒuna wotsɔna wɔa atam dziŋɔwo wozãna le anyigbaʋliʋawo me. * Grzimek’s Animal Life Encyclopedia gblɔ be le tɔmenyigbalẽa wɔwɔ nenema—si xɔa ƒe ade ya teti—megbe la, “eva sẽna abe kpe ene hetrina sentimeta ene kple afã lɔƒo.”

Alesi Wòkea Nu mee la Wɔa Dɔ Ðe Ame Dzi Gadzia Ŋɔ

Le nyateƒe me la, tɔmenyi ƒe nu nye eƒe ŋutilã ƒe akpa si wɔa dɔ ɖe ame dzi wu bubu ɖesiaɖe. Ne ele gota la, etsɔa eƒe nu si keke meta afã daa gbee le teƒe si te ɖe tsi ŋu. Ke hã, menye nu koe wòɖuna kple eƒe nua o. Ne tɔmenyi ke eƒe glã wòkeke degree 150 la, menye ɖe wòkee gbadzaa dzodzro o, ke boŋ adã si ɖo tame nɛ enye ma ɖem fia wòle ŋɔdzitɔe. Wo nɔƒe si yi edzi le tsɔtsrɔ̃m la ta ʋiʋli nye aʋa gã aɖe le woa kple wo dzi dzelawo dome. Ne eke nu la, eƒe ŋgɔgbeɖu tsũea te tɔ gãwo dzena. Eɖokui taʋlinu siawo te ŋu didina sentimeta 30 tso eƒe aɖulã nu.

Afɔku le tɔmenyi ƒe nu ŋu ŋutɔ, menye na tɔmenyi bubuwo ko o, ke boŋ na amegbetɔwo hã. Agbagba ɖesiaɖe si amegbetɔwo dze be yewoanɔ anyi kple tɔmenyiwo le ŋutifafa me medze edzi o. Edzea amesiame si ate kpɔ be yeate ɖe enɔƒe ŋu kplikplikpli akpa la dzi ge madimadi le eŋui gɔ̃ hã. Gawu la, tɔmenyi gawɔa adã wu ne exɔ abi, eye ate ŋu atu nu kple nusianu si te ɖe eŋu la kutɔkutɔe. Tɔmenyi si do dziku tsɔa eƒe nu gã la nyrɔ tɔdziʋuwoe gɔ̃ hã.

Alesi tɔmenyi wɔa adã le tɔ mee la, nenemae wòwɔna le godzi hã. Le kpɔɖeŋu me, enye afɔku gã ŋutɔ be woanɔ afisi tɔmenyi le gbe ɖum le kple tsi si me wòdo le la dome. Le nyateƒe me le Afrika ƒe teƒe aɖewo la, tɔmenyiwo dze kɔƒemenɔla siwo xe mɔ si dzi wotona yia tsi gbɔ la le manyamanya me la dzi. Tɔmenyi dea vɔvɔ̃ amegbetɔ kple lãwo siaa me, eye ele be woawɔ nu kplii le ŋuɖɔɖo kple bubu gã me.

Ðe Tɔmenyi Atsi Agbea?

Ne tɔmenyi ɖeka ɖale gbe ɖum le gota la, dzatawo ate ŋu adze edzi bɔbɔe. Ke hã, edze abe tɔmenyi ƒe futɔ gãtɔ kekeakee nye amegbetɔ ene. World Book Encyclopedia gblɔ be: “Amewo na tɔmenyiwo ƒe xexlẽme kple wo nɔƒe ƒe lolome siaa dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe. Adelãwo wu tɔmenyi gbogbo aɖewo, eye agbledelawo trɔ teƒe siwo nye wo nɔƒe tsã zu agbledeƒewoe.”

Ẽ, tɔmenyiwo nɔƒe siwo amegbetɔwo va xɔ la na teƒe sue aɖe koe susɔ na wo, eye wòdoa kplamatse woƒe ablɔɖe be woaɖi tsa ahadzi la vevie. Dzidzɔtɔe la, Wɔla la do ŋugbe be le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, yeakpɔ amegbetɔwo kple lãwo dome nyawo gbɔ, ale be ame aɖeke ‘mawɔ vɔ̃ aɖeke alo ahe gbegblẽ’ ava anyigba dzi Paradiso si wogbugbɔ ɖo te la dzi o.—Yesaya 11:9.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Swahiligbe me ŋkɔ si woyɔna na tɔmenyi si nye—kiboko—gɔmee nye “atam.”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]

Elizabeth DeLaney/Index Stock Photography