Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Ðevimegbenɔnɔ To Ame Ŋu

Ne Ðevimegbenɔnɔ To Ame Ŋu

Ne Ðevimegbenɔnɔ To Ame Ŋu

“Ðevimenɔnɔ nye amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi vevitɔ kekeake na ɖeviwo.”—“The Hurried Child.”

ÐEWOHĨ àlɔ̃ ɖe edzi be ele be woatsɔ beléle aɖe ya teti na ɖevi ɖesiaɖe le eƒe ɖevimenɔɣi si me fukpekpe manɔ fũ o. Gake mele alea le ŋutsuvi kple nyɔnuvi geɖe gome o, elabena agbenɔnɔ ma tɔgbe mesua wo si o. Wò ya bu ɖevi akpe nanewo, ɖewohĩ miliɔn nanewo ƒe ɖevimedidi siwo tsia akpo dzi ne wova zu amesiwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le la ŋu kpɔ. Gabu ɖevi siwo katã ƒe agbe dome kluvinyenye alo ŋutasesẽ gblẽ la ŋu kpɔ.

Asesẽ na mía dometɔ akpa gãtɔ be míasusu alesi ɖevi sena le eɖokui me ne eva zu dzizizi nɛ be wòatsi ablɔdzi le esi wòkpɔe be afima nɔnɔ ana yeanɔ dedie wu aƒeme ta. Ɣeyiɣi si tututu me ɖevi siawo hiã lɔlɔ̃ kple ametakpɔkpɔ si woate ŋu akpɔ lae wòva hiãna be woasrɔ̃ ablɔdzigbenɔnɔ si woatsɔ akpɔ wo ɖokui ta tso wo dzidzela siwo dina vevie be yewoaba wo la si me. Enuenu la, ɖevimenɔɣi ŋutɔ nyea nusi ŋu míaƒe xexe si me xaxawo sɔ gbɔ ɖo gblẽa nu le vevie.

“Edzroam be Magagbugbɔ Ayi Nye Ðevimenɔɣi Me”

Carmen, si xɔ ƒe 22, kpe fu le eƒe ɖevimenɔɣi. * Eva hiã be woa kple nɔvianyɔnu natsi ablɔdzi be woatsɔ asi le wo fofo ƒe ŋutasesẽ nu kple wo dada ƒe ɖekematsɔmatsɔ le wo me ta. Togbɔ be afɔkuwo nɔa agbe sia nɔnɔ me hã la, nyɔnuvi eveawo siaa dze agbagba ƒo asa na nɔnɔme sesẽ siwo ɖea kpe na ɖevi geɖe siwo dzo ɖo gbe la.

Ke hã, Carmen gakpɔtɔ xaa nu ɖe eƒe ɖevimenɔɣi ta, elabena mate ŋu aɖo ŋku edzi tututu be yenɔ ɖevime kpɔ o. Efa konyi be: “Meto fukpekpe me le nye ɖevimenɔɣi va ɖo nye ƒe 22 xɔxɔ me. Fifia meɖe srɔ̃ dzi vi, gake egadzroam vevie be mawɔ nusiwo nyɔnuvi suewo wɔna, abe fefe kple ametikpakpɛwo ene. Medi be dzinyelawo nalɔ̃m ahakpla asi kɔ nam. Edzroam be magagbugbɔ ayi nye ɖevimenɔɣi me.”

Ðevi gbogbo aɖewo li siwo kpea fu abe Carmen kple nɔvianyɔnua ene. Wotsi ablɔwo dzi, si wɔnɛ be woƒe ɖevimenɔɣi to wo ŋu. Amesiawo dometɔ geɖe wɔa nuvlowo bene woatsɔ akpɔ woƒe agbemenuhiahiãwo gbɔe. Nyadzɔdzɔ me nyatakakawo kple akɔntabubuwo ɖee fia be ɖeviwo le wo ɖokuiwo ƒom ɖe nuvlowɔwɔ me le woƒe ɖevi fẽ me. Nusi naa kuxi ma doa fievo ɖe edzi enye kuxi bubu si nye be: Nyɔnuvi geɖewo va zua dzilawo esime wogakpɔtɔ le woƒe ƒewuiwo me—esime woa ŋutɔwo wonye ɖeviwo.

Hadomekuxi Ɣaɣla Aɖe

Mewɔ nuku o be, ɖevi siwo va zua amegbɔnɔlawo mlɔeba ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi o. Nyadzɔdzɔtalawo ƒe nya aɖe si dze le Weekend Australian me gblɔ be: “Amegbɔnɔnɔ ŋuti kuxiwo va wu tsɔtsɔ na mí. Womegava le beléle aɖeke tsɔm na ƒome siwo gbã kple esiwo me dzidzɔ megale o la me vi gbogbo aɖewo o.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gagblɔ be: “Ðevi amegbɔnɔla aɖewo nɔa anyi ɣletiwo, alo ƒewo gɔ̃ hã, amesiwo kpɔa woƒe nyawo gbɔ le se nu makpɔmakpɔe, eye wokplɔa bubuwo yia ame vovovowo gbɔ, afisi womekpɔa ame ɖeka gobii aɖe gbɔ nɔna ɖaa o.”

Nyatakaka siwo woxɔ la dometɔ ɖeka ku ɖe nyɔnuvi ƒe 13-vi aɖe si vanɔ ame vovovo 97 gbɔ le ƒe etɔ̃ me—amesiwo dometɔ aɖewo gbɔ wònɔ le zã ɖeka pɛ ko me—la ŋu. Fifia la, eɖoa ŋku alesi wòse le eɖokui me vevie be wogblẽ ye ɖi eye be yemele dedie o la dzi. Le ɖevi amegbɔnɔla geɖe siwo le abe eya ene gome la, ɖevimenɔɣi ƒe mɔnukpɔkpɔwo nye nusi to wo ŋu.

Ekema mewɔ nuku o be, egbea la eŋununyala bibiwo le nu ƒom tso dzidzɔmakpɔmakpɔ le ɖevime ƒe afɔku si le dzidzim ɖe edzi ŋu o. Ne dzilae nènye la, àde ŋugble le nyateƒenya siawo ŋu ahabu ɖokuiwò be yegbɔ nyo be yete ŋu na aƒe kple agbemenuhiahiãwo ye viwo. Gake afɔku bubu aɖe gali. Le egbexexea me la, ɖevime dzidzɔkpɔkpɔ mebuna ɖe ame keŋkeŋ ɣesiaɣi o. Ɣeaɖewoɣi la, woƒoa du ɖe ɖeviawo nu. Le mɔ ka nu, eye nukae dona tsoa eme?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔa.