Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Woƒo Du Ðe Ðevi Nu

Ne Woƒo Du Ðe Ðevi Nu

Ne Woƒo Du Ðe Ðevi Nu

YAMEƲU sue si si mɔ̃ ɖeka le la ɖe gbe sesĩe esi wònɔ hohom le yameʋudzeƒea, esime ya me nɔ flukpee. Enye nudzɔdzɔ si ŋu nyadzɔdzɔŋlɔlawo tsi dzi ɖo vevie, eye wonɔ eŋu nyawo ŋlɔm henɔ fotowo ɖem, nyatakalawo nɔ nya ʋãmewo biam henɔ vivi dom ɖe eŋu. Ameka ŋue wotrɔ susu ɖo alea gbegbe? Menye yameʋukula xɔhehe ɖeka lae o eye menye yameʋuɖola—si nye ŋutsu tsitsi—lae o, ke boŋ, yameʋua ɖola ƒe vinyɔnuvie. Exɔ ƒe adre.

Nyɔnuvi sue lae gbɔna yameʋua ku ge. Ele be wòaku yameʋua wòagbɔ dzesidenu ɖoɖi aɖe si li xoxo ŋu eye wòaɖo ɖoɖowɔɖi sesẽ aɖe gbɔ. Nyadzɔdzɔŋlɔlawo anɔ lalam le afisi wòava dze ɖo. Eyata togbɔ be ya me mekɔ o hã la, ame etɔ̃awo ge ɖe yameʋua me, eye wona ɖevia nɔ anyi ɖe suɖui dzi be eƒe asi kple afɔwo nate ŋu aɖo yameʋukunu si le eŋkume kple afɔ gbɔ siaa la gbɔ.

Yameʋua ƒe mɔzɔzɔ wu enu kpuie nublanuitɔe. Yameʋua va ge ɖe ya sesẽ aɖe me, si trɔe ɖo ta teƒe bubu, ŋusẽ vɔ le eŋu, eye wòge, eye ame etɔ̃awo katã ku. Nyadzɔdzɔŋlɔlawo lé afɔkua ɖe nu enumake ɖe kafukafu teƒe. Nyadzɔdzɔŋlɔla kple nuŋɔŋlɔmetola ʋɛ aɖewo bu eŋu nenye be nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo wɔ akpa aɖe le afɔkua hehe vɛ me. Ame geɖe va nɔ nya hem be mele be ɖevi aɖeke nagaku yameʋu o. Wowɔ sewo ɖe esia ŋu le United States. Gake togbɔ be wotsi dzi vevie ɖe eŋu eye wokpɔ kuxia gbɔ kpɔnu tsɛwo hã la, kuxi nyadri bubuwo gali kokoko.

Afɔku ma na amewo bu tame vevie le nusiwo le edzi yim le míaƒe ɣeyiɣiawo me ŋu. Wole du ƒom ɖe ɖeviwo nu hele dzi tsim na wo be woawɔ ame tsitsiwo ƒe dɔwo esi wògakpɔtɔ nye ɖevi dzawo ko. Nyateƒee, menye ɣesiaɣie emetsonuawo nyea nu wɔdɔɖeamedzi alo nu wɔnublanui o. Gake woate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi eye woanɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe. Mina míade ŋugble le mɔ ʋɛ aɖewo siwo nu woate ŋu aƒo du ɖe ɖeviwo nu le woƒe ɖevime la ŋu.

Nufiafia Wo Afɔtsɔtsɔe

Enye nyateƒe be dzilawo tsia dzi ɖe wo viwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu. Gake ne didi vevie ma trɔ zu dzimaɖitsitsi la, dzilawo ate ŋu ado agba kpekpe na wo viwo, anɔ wo dzi zim wu alesi dze esi wogakpɔtɔ nye ɖevi dzaa ko. Zi geɖe la, edzea egɔme le manyamanya me. Le kpɔɖeŋu me, enye nusi va le bɔbɔm be dzilawo nakplɔ wo vi suewo aɖade kpakpã le suku megbe nuwɔnawo, tso kamedefefewo dzi yiɖase hadzidzi alo ɣeɖuɖu sɔsrɔ̃ dzi me. Zi geɖe la, wogaxɔa nufiala tɔxɛwo kpenɛ.

Nyateƒee, menye nu gbegblẽ be woatu ɖevi ƒe dzɔdzɔmenunanawo alo didiwo ɖo o. Gake ɖe afɔku aɖe le ewɔwɔ wòagbɔ eme mea? Edze ƒã be afɔku ma li ne edze abe wole nya ƒom ɖe ɖevi aɖewo nu akpa wova le abe ame tsitsi siwo dzi kuxiwo sɔ gbɔ ɖo la ene. Time magazine gblɔ be: “Nusrɔ̃ɖoɖowo va xɔ ɖe ablɔɖe si me ɖeviwo nɔna tsã la teƒe; ɖevi siwo wole na be woaɖe dzi ɖi faa va wɔa nu fifia abe anyi dɔsesẽwɔla siwo vu ɖe dɔ ŋu ene.”

Dzila aɖewo kpɔa mɔ be wo viwo nate dɔwo abe kamedefefewo, hadzidzi ene alo nu gã aɖe wɔwɔ. Dzila aɖewo ŋlɔa wo viwo ŋkɔwo ɖe abɔdzokpo sukuwo hafi va dzia wo, eye wonɔa mɔ kpɔm be esia akpe ɖe wo ŋu woakpɔ dzidzedze. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, vidada aɖewo dea “funɔwo ƒe yunivɛsiti” siwo me wofiaa haƒoƒo vidzĩ siwo le dɔ me la le. Taɖodzinuae nye be wòana woƒe ahɔhɔ̃ siwo le tsitsim la nagaɖa ɖe edzi.

Le dukɔ aɖewo me la, wodoa ɖeviwo ƒe nuxexlẽ kple akɔnta ƒe ŋutetewo kpɔna hafi woxɔa ƒe ade. Nuwɔna ma nana woʋli nyawo le nusi wòagblẽ le woƒe seselelãme ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nukae dzɔna ɖe ɖevi si “mewɔ dɔ nyuie o” le abɔdzokpo suku ƒe dodokpɔ me, la dzi? David Elkind, amesi ŋlɔ agbalẽ si nye The Hurried Child gblɔ be, sukuwo tsɔa dzitsitsi dea vovototo ɖeviwo me kaba akpa. Elkind he nya be dɔdzikpɔɖoɖowo tae wowɔa esia ɖo ke menye ɖe susu siwo ku ɖe nufiafia ɖeviwo nyuie ŋu tae o.

Ðe viɖe aɖe le ɖeviwo dzizizi be woawɔ nu abe ame tsitsi bibiwo ene esi wogakpɔtɔ nye ɖeviwo la ŋua? Etena ɖe Elkind dzi vevie le alesi amewo va da asi ɖe nukpɔsusu si nye alesi wonana be ɖeviwo nabi le ame tsitsiwo ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu dzi ta. Egblɔ be: “Eɖea nɔnɔme si le mía si be míava alɔ̃ ɖe nyaƒoƒo ɖe egbeviwo nu, si le dzidzim ɖe edzi madzudzɔmadzudzɔe la dzi be enye ‘nusi sɔ.’” Nyateƒee, edze abe nusi nyo na ɖeviwo ŋuti nukpɔsusuwo le tɔtrɔm kabakaba ene.

Duƒoƒo Ðe Wo Nu be Woaɖu Dzi

Edze abe dzila geɖewo bunɛ be esɔ eye nunya gɔ̃ hã le eme be woafia wo viwo be dziɖuɖu le vevie ŋutɔ—vevietɔ le kamedefefewo me. Olimpik nunanawo nyea ŋusẽdoamenu na ɖevi geɖewo egbea. Be woate ŋu ava kpɔ aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ƒe dzidzɔ si wokpɔna le dziɖuɣi kple agbe si me dzidzeme le le woƒe tsitsime ta la, woƒoa nya ɖe ɖevi aɖewo nu alo ƒoa du ɖe wo nu be woaɖe asi le woƒe ɖevime dzidzɔkpɔkpɔ gɔ̃ hã ŋu.

Bu nyɔnu kamedefefewɔlawo ŋu kpɔ. Wodzea woƒe hehe sesẽ si nana nu tena woƒe ŋutilã suea ŋu ŋutɔ la xɔxɔ gɔme le woƒe ɖevime. Wotsɔa ƒe geɖe dzrana ɖo le susu kple ŋutilã me ɖe Olimpik hoʋiʋliwo ŋu. Ke hã, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe anye dziɖulawo. Ðe amesiwo meɖu dzi o asee le wo ɖokui me be emetsonuawo sɔ ɖe agbagba siwo yewodze le woƒe ɖevime la nua? Mlɔeba la, ɖikeke gɔ̃ hã ate ŋu aɖo amesiwo kpɔ dziɖuɖu me ɖe emetsonuawo ŋu.

Le seselelãme gome la, woaƒo du ɖe nyɔnuvi ɖevi sue siawo nu le woƒe ɖevime madzudzɔmadzudzɔe be woava zu kamedefefewɔla xɔŋkɔwo. Gake hehe sesẽ mawo ate ŋu agblẽ nu le woƒe ŋutilã si le tsitsim ŋu. Le ame aɖewo gome la, egblẽa nu le woƒe ƒuwo ƒe tsitsi ŋu. Nuɖuɖumadzroame hã ɖea fu na wo. Le wo dometɔ geɖe gome la, ehea woƒe sɔhɛnyenye ɖe megbe—hena ƒe geɖe gɔ̃ hã. Gake nyɔnuvi geɖewo dzea ŋgɔ kuxi siwo to vovo na ema egbea: si nye sɔhɛmeɖoɖo kaba wu.—Kpɔ aɖaka si le etame.

Ðevi Siwo si Nusianu le Negbe Ðevimenɔɣi ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Ko

Nenye be àxɔ nusiwo dzena le modzakaɖefefewo me dzi ase la, àsusui be ɖevimenɔɣi dodzidzɔname fia be woaƒo ame ɖokui ɖe agbeɖunu ƒomeviwo katã me. Dzila aɖewo dagbana vevie be yewoana ŋutilã me dzidzeme ɖesiaɖe si yewoate ŋui la nasu wo viwo si, tsɔ kpe ɖe aƒe siwo me nusianu le, modzakaɖenu gbogbo aɖewo, kple awu xɔasiwo ŋu.

Ke hã, ɖevi ʋɛ siwo wonyina alea va ƒoa wo ɖokui ɖe ahanono, atikevɔ̃ɖiwo zazã, kple agbe manyatalenu dzeaglãwo nɔnɔ me. Nukatae? Wo dometɔ geɖe doa dziku esi wosena le wo ɖokui me be wogblẽ yewo ɖi ta. Ðeviwo hiã dzila siwo anɔ wo gbɔ alɔ̃ wo ahalé be na wo. Dzila siwo ŋu vovo mele be woawɔ ema o abu be yewole agbagba dzem ɖe wo viwo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta—gake nusi to vovo na ema boŋue woanɔ wɔwɔm.

Ðk. Judith Paphazy ƒo nu tso “dzila siwo kple evea siaa wɔa dɔ, siwo dzi nu de” ŋu, hegblɔ be zi geɖe la, “wowɔa vi na wo viwo elabena womedea dzesii kɔte be yewoƒe ŋutilãmenuwo yometiti va gblẽa nu le ƒomea ŋu o.” Le eƒe nukpɔsusu nu la, dzila siwo le nɔnɔme mawo me dzea agbagba be “yewoado le dzilanyenye ƒe agbanɔamedzia te.”

Zi geɖe la, ɖeviawoe va kpea emetsonuawo ƒe fu. Togbɔ be nu geɖe siwo ana woakpɔ dzidzeme le ŋutilã me anɔ wo si hã la, ɖevimenɔɣi ƒe nu vevitɔwo toa wo ŋu: siwo nye dzila ƒe ɣeyiɣi kple lɔlɔ̃. Mɔfiafia, hehenana, kple aɖaŋuɖoɖo, si mesu wo si o wɔnɛ be wodzea ŋgɔ ame tsitsiwo ƒe biabia le ɣeyiɣi si me womedzra ɖo tututu alo dzra ɖo kura o. ‘Ðe wòle be mazã atikevɔ̃ɖiwoa? Ðe wòle be makpɔ gome le gbɔdɔdɔ mea? Ðe wòle be mawɔ ŋutasẽnu ne medo dzikua?’ Woa ŋutɔwo woakpɔ woƒe ŋuɖoɖowo, tso hatiwo gbɔ alo le television dzi alo tso fefewɔlawo gbɔ. Enuenu la, emetsonua nyea gbegblẽ alo afɔku si dzɔna ɖe ɖeviwo dzi kpata mlɔeba.

Ne Wozi Wo Dzi be Woazu “Ame Tsitsiwo”

Ne ƒome si me dzila eve le va zu dzilaɖekɛƒome kpata, eɖanye ku, kaklã, alo srɔ̃gbegbe gbɔe wòtso o la, ɖeviwoe kpea fu le seselelãme gome zi geɖe. Ele eme baa be dzilaɖekɛƒomewo kpɔa dzidzedze ya. Gake le ɖewo gome la, woƒoa du ɖe ɖeviwo nu le woƒe ɖevime.

Nyateƒee, dzilaɖekɛ ate ŋu atsi akogo ɣeaɖewoɣi. Gake esia wɔnɛ be wo dometɔ aɖewo nana ɖevi—tsitsitɔ koŋ—va xɔa “dzila” kemɛa ƒe agbanɔamedzi le ƒomea me. Ðewohĩ dziɖeleameƒo ate ŋu ana dzila la nanɔ eƒe dzimenyawo gblɔm na viaŋutsuvi alo vianyɔnuvi, atsɔ kuxi siwo ɖevia mele klalo atsɔ o anɔ gba dom nɛ. Dzilaɖekɛ aɖewo va zua agba kpekpe na wo viwo akpa le seselelãme gome.

Dzila bubu aɖewo ɖea asi le woƒe agbanɔamedziwo ŋu kura, si ƒonɛ ɖe ɖevia nu be wòatsɔ ame tsitsi ƒe agbanɔamedziwo le ƒomea me. Carmen kple nɔvianyɔnu si míeyɔ va yi, si le nɔnɔme ma nu va tsi ablɔdzi. Esi woawo ŋutɔ nye ɖeviwo la, wova nye amesiwo atsɔ dzilawo ƒe agbanɔamedziwo ɖe wo nɔvi mamlɛawo nu. Agba la wu tsɔtsɔ na wo.

Ðikeke mele eme o be, duƒoƒo ɖe ɖeviwo nu le woƒe ɖevime nye nusi me afɔku le, si wòle be woatsri kura ne anya wɔ. Gake nyanyui aɖe li: Ame tsitsiwo ate ŋu aɖe fɔ nyui aɖewo atsɔ akpɔ egbɔ be wo vi suewo kpɔ dzidzɔ le woƒe ɖevimenɔɣi. Nukawoe nye afɔɖeɖe mawo? Mina míalé ŋku ɖe ŋuɖoɖo siwo wɔa dɔ aɖewo ŋu.

[Aɖaka si le axa 16]

Kuxi si Le Sɔhɛmeɖoɖo Kaba Me

Ðe nyɔnuviwo le sɔhɛ me ɖom kaba akpa egbea? Biabia sia nye nyaʋiʋli le dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dome. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be le ƒe alafa 19 lia ƒe domedome la, nyɔnuviwo ƒe sɔhɛnyenye dzea egɔme tso ƒe 17 me, eye egbea la medea ƒe 13 o. Numekuku aɖe si wowɔ le nyɔnuvi 17,000 ŋu le ƒe 1997 me ɖee fia be yevu nyɔnuvi 15 le alafa me kple Afrika-Amerika tɔ nyɔnuvi 50 le alafa me lɔƒo, siwo le United States ɖe sɔhɛmeɖoɖo ƒe nɔnɔmewo fia le woƒe ƒe enyi xɔxɔ me! Gake ɖɔkta aɖewo ʋli nya le numekuku sia ŋu hexlɔ̃ nu dzilawo be woagalɔ̃ ɖe tsitsi kaba akpa ƒe nya sia dzi be “esɔ” o.

Aleke kee nya ɖale o, nɔnɔme sia nyea kuxi na dzilawo kple wo viwo siaa. Time magazine gblɔ be: “Nusi ɖea fu wu tɔtrɔ siwo yia edzi le ŋutilãa mee nye ŋusẽ si vidzidzi ŋutete si ɖoa ɖevi siwo wòle be woanɔ gligbalẽwo xlẽm, ke menye alesi woasi le amegãxiwo nu o ŋu kaba akpa ate ŋu akpɔ ɖe woƒe susu dzi. . . . Ðevimenɔɣi nye ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nu.” Nyatia fɔ biabia ɖefuname sia ɖe te be: “Ne nyɔnuviwo ƒe nɔnɔme wɔe be wodze ame tsitsiwoe hafi wova tsi le dzi kple susu me la, nukae wobuna keŋkeŋ?”

Zi geɖe la, nusi wobuna enye ɖetugbinɔaƒenyenye—to wo gbɔ dɔdɔ sesẽ me. Vidada aɖe gblɔe kaŋ be: “Nyɔnuvi siwo dzena ame tsitsiwoe wu woƒe ƒexɔxɔ ŋutɔŋutɔ nɔna abe anyitsi ene [na anyi]. Wodzroa ŋutsuvi tsitsiwo.” Wo dzizizi de gbɔdɔdɔnuwɔna me le ɖevime me tsonuwo vena ŋutɔ. Nyɔnuvi sue la ate ŋu abu bubu si wòdena eɖokui ŋu, dzitsinya nyui, kpakple lãmesẽ me nɔnɔ le ŋutilã kple seselelãme gome gɔ̃ hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ðoɖowɔɖi gbogbowo ate ahe kuxiwo vɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Duƒoƒo ɖe ɖeviwo nu be wòazu hoʋlila xɔŋkɔwo ate ŋu ana dzidzɔ maganɔ kamedede kple fefewo me o

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ menye nusiwo woatsɔ aɖo dzila ɖɔʋu nyenye teƒe o