Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Woaxɔm Anyi?

Nukatae Wòle Be Woaxɔm Anyi?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukatae Wòle Be Woaxɔm Anyi?

“Ðeko wòle abe nuwɔametɔ nyenye ene. Enye dzidɔ si womate ŋu ada o.”​—Robert.

ALEAE ŋutsu aɖe, si wotsɔ na tso edziɣi ke be woaxɔ nyi la, ɖɔ eƒe agbee. Eyi edzi be: “Gbesiagbe kloe le wò agbe me la, enyea ame ƒe didi vevie be yeakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo nye, Amekawoe nye nye ƒometɔwo ŋutɔŋutɔ? Afikae wole? Nukatae wogblẽm ɖi?”

Chantial, amesi fofo woxɔ nyi, fa konyi be yemenya amesiwo nye ye tɔgbui kple mama ŋutɔŋutɔwo o. Egblɔ be: “Mesena le ɖokuinye me be wobam le esi nyruiwo, tasiwo, kple nɔviwo mele asinye made ha kpli o ta.” Menye ɖevi siwo woxɔ nyi la katãe sena le wo ɖokui me alea o. Gake wo dometɔ aɖewo senɛ nenema. Nukatae?

Nusita Wodoa Dziku Ðo

Enyanya be ɖe woklã ame ɖa tso ame ƒe ƒometɔwo ŋutɔŋutɔ ŋu ate ŋu ana seselelãmekuxi sesẽwo naɖe fu na ɖevi vevie. Catrina, si woxɔ nyi esime wònye ɖevi sue la, gblɔ be: “Dzi kuam ŋutɔ elabena nyemenya nusitae danye tsɔm na be woaxɔ anyi o. Mese le ɖokuinye me be danye gbem le esi nyemedze tugbe henya kpɔ o ta. Ne ɖe wòna mɔnukpɔkpɔm la, menya be mate ŋu ana wòada ɖe dzinye hafi. Ðeko danye si dzim la ŋu bubu nana medoa dziku ɖe edzi ɣesiaɣi.”

Nenema kee ƒomedodo si nɔ Catrina kple amesiwo xɔe nyi dome hã meva nɔ nyonyom kura o. Egblɔe be: “Mese le ɖokuinye me be amesiwo xɔm nyi la ɖem ɖa tso danye ŋutɔŋutɔ ŋu. Eyata meɖe nye dzikua ɖe wo ŋu.” Ẽ, dzikue nye nusi amewo va dona ɣeaɖewoɣi le esi wotsɔ wo na be woaxɔ wo anyi ta.

Afɔku ate ŋu anɔ dzikudodo ma tɔgbe me. Abe alesi Catrina ƒe nya ɖee fia ene la, ɣeaɖewoɣi la, àɖe wò dziku afia le mɔ gbegblẽ nu alo aɖee ɖe ame bubuwo ŋu. Biblia xlɔ̃ nu be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo.” (Psalmo 37:8) Aleke nàte ŋu awɔ emae? Mawu ƒe Nya gblɔ hã be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae.” (Lododowo 19:11) Wò nɔnɔmea gɔmesese nyuie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò naɖe wò dzikua dzi akpɔtɔ. Le mɔ ka nu?

Nuŋububu Gbegblẽwo Ðɔɖɔɖo

Nugɔmesese deto ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàlé ŋku ɖe nuŋububu siwo nana wò dziku flana ɖe edzi la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖe woxɔ wò nyi la, ɖe nètsɔnɛ be nanee gblẽ le ye ŋu tae ye dziwòlawo tsɔ ye na be woanyia? Nenemae Catrina se le eɖokui me. Gake nenemae wònɔna ɣesiaɣia? Manya wɔ be míanya nusi ʋã dziwòlawo o, gake susu nyuiwo li siwo ta wòanyo be nàƒo asa na nuŋububu gbegblẽ mawo. Ne èbu eŋu kpɔ la, nukatae dzilawo tsɔa wo viwo nana zi geɖe be woanyi? Enuenu la, wosena le wo ɖokui me be naneke megali yewoawɔ tso eŋu o.

Bu Mose ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Biblia ƒe nuŋlɔɖi si le Mose II ta 2 gblɔ na mí be esi Egiptetɔ Farao de se be woawu Israel-viwo ƒe vidzĩ siwo nye ŋutsuwo katã la, Yoxebet tsɔ viaŋutsuvi, Mose, si nye vidzĩ la ɣla ɣleti etɔ̃ sɔŋ. Mlɔeba la, eɣaɣla megava nɔ bɔbɔe o, ke hã mate ŋu akpɔ via wuwu teƒe o. Eyata “esi megate ŋu nɔ eɣlam o la, etsɔ kusi, si wotsɔ aɖa lɔ̃e, eye wòtree kple aŋɔ keŋ, emegbe la etsɔ ɖevi la mlɔ me, eye wòkɔe ɖada ɖe Nil-tɔsisi to le aƒlawo me.”—Mose II, 2:3.

Ðikeke mele eme o be esesẽ nɛ ŋutɔ be woagblẽ via ɖi alea. Gake nukae wòagate ŋu awɔ? Lɔlɔ̃ si nɔ esi na viae ʋãe wòwɔ nusi wòsusu be eyae nyo wu. Dzidzɔtɔe la, vianyɔnu nɔ eŋu dzɔm le adzɔge vie vaseɖe esime wòkpɔ be wofɔ ye nɔviŋutsu si nye vidzĩ la dedie. Anɔ eme be dada si tsi dzi lae bia tso esi be wòawɔ ema.

Nyateƒee, menye nɔnɔme si bia be woawɔ nu kpata alea tɔgbee dzɔna le vi siwo katã wotsɔna nana be woanyi la gome ya o, gake susuawo ɖia wo nɔewo zi geɖe. Robert gblɔ be: “Gbɔmeyavie menye. Anye ne dzinyekpɔkpɔ da agba kpekpe ɖe danye dzi, le esi ɖevi bubuwo nɔ ƒomea me ta. Anya bui be ade dzinye wu ne yetsɔm na be woaxɔ anyi.”

Le nyateƒe me la, susu geɖewo li si tae wotsɔa ɖeviwo nana ƒome bubuwo be woaxɔ wo anyi ɖo. Gake abe alesi kpɔɖeŋu siawo fia ene la, mefia kokoko be vidada la léa fu via alo kpɔ nɔnɔme gbegblẽ aɖe le eŋu ta o. Zi geɖe la, vidada la bunɛ vevie be ade ɖevia dzi wu ne ƒome bubu aɖe xɔe nyi.

Asixɔxɔ si Le Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia Ŋu

Nugɔmesese deto ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ɖe edzi ne èbu nusita woxɔ wò nyi ŋu. Gabu Mose ƒe kpɔɖeŋua ŋu ake. Eteƒe medidi o, “Farao ƒe vinyɔnuvi la fɔe, eye wònyii, be wòanye eya ŋutɔ via.” (Dɔwɔwɔwo 7:21) Nukae ʋã Farao ƒe vinyɔnuvia be wòalɔ faa akpɔ ɖevi si wònya nyuie be enye Hebritɔ siwo wobe woawu la ta? Biblia gblɔ be: ‘Ŋutsuvia nɔ avi fam. Esia wɔe be eƒe nu wɔ nublanui nɛ.’ (Mose II, 2:6) Ẽ, menye fue wolé Mose tae wotsɔe na be woaxɔ anyi o, ke boŋ le esi wolɔ̃e tae.

Ðevi geɖe siwo woxɔ nyi va kpɔnɛ dzea sii be menye ɖe yewo dzilawo gblẽ yewo ɖi o—togbɔ be esia dzɔna zi geɖe egbea hã—ke boŋ ɖee wotsɔa yewo na habɔbɔ siwo akpɔ egbɔ be woakpɔ yewo dzi nyuie. Eye ame aɖewo va xɔa wo ɖanyina le esi wolɔ̃ wo vevie hedi be yewoakpɔ wodzi ta. Ðe woate ŋu agblɔ esia tɔgbe le gowòmea? Susu ɖoɖo lɔlɔ̃ si wotsɔ na wò ŋu kple asixɔxɔ dede eŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò naɖe veve ɖesiaɖe si nàse dzi akpɔtɔ.

Gakpe ɖe eŋu la, amesiwo menye ƒome si xɔ wò nyi la me tɔ o alɔ̃ wò. Ne èle Kristo-hamea me la, àkpɔ vi siwo gbɔgbɔ me dadawo, fofowo, nɔvinyɔnuwo, kple nɔviŋutsuwo ƒe amesinɔnɔ ɖena la. (Marko 10:29, 30) Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu anye “sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi.” (Yesaya 32:2) Megahe ɖe megbe le hati Kristotɔ tsitsiwo didi be yeagblɔ yeƒe dzimenyawo na wo me o. Na woanya nusi le susu kple dzi me na wò.

Robert se le eɖokui me be ele be yeatu ƒomedodo sẽŋuwo ɖo le Kristo-hamea me. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Alesi mesenɛ le ɖokuinye me be metsi asi la gakpɔtɔ li ya. Gake lɔlɔ̃ si nye gbɔgbɔmeƒomea ɖena fiam la ɖea edzi kpɔtɔna wòzua nu sue aɖe ko.”

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze

Eyata tsi tre ɖe nukpɔsusu gbegblẽwo ŋu. Esi ƒe ɖewo enye ebubu be ɖewohĩ yemakpɔ dzidzedze le agbe me o le esi woxɔ wò nyi ta. Nuŋububu gbegblẽ mawo ate ŋu aɖe dzi le ƒowò ŋutɔ! (Lododowo 24:10) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kpeɖodzi aɖeke mele wo ŋu o.

Ðo ŋku edzi be Mose wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo su esi la ŋudɔ nyuie. Biblia gblɔ be: “Wofia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã Mose, eye wòsẽ ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me.” (Dɔwɔwɔwo 7:22) Vevietɔ wu la, Mose xɔ gbɔgbɔmenufiame—ale gbegbe be Fofoa si le dziƒo, Yehowa, nye ame ŋutɔŋutɔ nɛ. (Hebritɔwo 11:27) Ðe wòkpɔ dzidzedze le agbe mea?

Mose va zu dukɔ sẽŋu aɖe si me tɔwo anɔ miliɔn etɔ̃ alo wu nenema kplɔla emegbe. Eva zu nyagblɔɖila, ʋɔnudrɔ̃la, kplɔla, ŋutinyaŋlɔla, Se ƒe nubablaa domenɔla, kple Biblia-gbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo ŋlɔla. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wogblɔ le eŋu be eyae ŋlɔ Hiob ƒe agbalẽa kple Psalm 90. Ẽ, Mose kpɔ dzidzedze le agbe me. Ðevi geɖe siwo woxɔ nyi hã kpɔ dzidzedze nenema ke, eye nenemae wò hã àte ŋu akpɔ dzidzedzee.

Robert dzi vi eve eye wònye hamemegã le Kristo-hamea me fifia. Esi wòɖo ŋku ƒe siwo me woxɔe nyi dzi la, egblɔ be: “Meva kpɔe be mele be mana nusiwo ŋu nyemate ŋu awɔ naneke le o la nanɔ fu ɖem nam o ke boŋ be makpɔ ŋudzedze ɖe yayra siwo mekpɔ la ŋu.”

Eɖanye ame gbɔe nèle fifia loo alo ɖe woxɔ wò le nyinyim o, nuŋububu gbegblẽwo ate ŋu aɖe fu na wò ɣeaɖewoɣi. Gake dze agbagba nàtsɔ nu nyuiwo ŋu bubu aɖo wo teƒe. Filipitɔwo 4:8, 9 do ŋugbe be “ŋutifafa Mawu la anɔ anyi kpli” wò ne ‘eyi edzi susua’ nusiwo dzea Mawu ŋu la ŋu. Gake afɔ nyui bubu kawo hãe nàgate ŋu aɖe be nàkpɔ dzidzedze esi nègakpɔtɔ le amesiwo xɔ wò le nyinyim la gbɔ? Nyati aɖe ava va ɖe esia yome aɖo biabia ma ŋu.

Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Jehovah’s Witnesses, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 32]

Wò xɔxɔ aɖanyi enye kpeɖodzi be ame aɖe lɔ̃ wò ale gbegbe be wòdi be nàzu yeƒe ƒomea me tɔ ne yeakpɔ dziwò