Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aʋakɔ Aɖe Le Azɔli Dzi!

Aʋakɔ Aɖe Le Azɔli Dzi!

Aʋakɔ Aɖe Le Azɔli Dzi!

“Míele Belize-kɔƒe aɖe si ŋu wole asi trɔm le fifia, eye gbe to ƒo xlãe la me. Le ŋdi aɖe me anɔ ga asieke lɔƒo la, aʋakɔ aɖe va ɖe to ɖe mí. Anyidiwo lɔ bibibi va kɔ ɖe ʋɔtrua te eye woge ɖe xɔa me to do ɖesiaɖe si wokpɔ la me hele woƒe nuléle dim. Naneke meli míawɔ wu be míaʋu le aƒea me hena gaƒoƒo ɖeka alo eve esime anyidiawo xɔ aƒea me o. Esi míetrɔ gbɔ la, míekpɔe be nudzodzoevi aɖeke meganɔ aƒea me o.”

LE AME GEÐE siwo le anyigba xɔdzowo dzi abe Belize ene gome la, nusia dzɔna ɖe wo dzi ɣesiaɣi eye menye nusi woate ŋu aƒo asa na keŋkeŋ ye wònye o. Enye nusi ɖea lãvi gblẽnuwo abe gbagbladza kple nudzodzoevi bubuwo ene ɖa le aƒeme. Eye megblea naneke ɖi o.

Dzidzɔtɔe la, woyɔ anyidi siawo siwo nye zãnuvɔ̃e la be aʋakɔ, le alesi wowɔa nu abe asrafowo ene ta. * Le esi woawɔ atɔwo teƒe la, aʋakɔ akpe nane siawo siwo nɔa tsatsa dzi ɖaa la, dometɔ akpa gãtɔ va ƒoa ƒu ɖekae hetsɔa woƒe afɔwo dea wo nɔewo tɔ me tsɔ wɔa ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe agbadɔ ɖe fianyɔnu kple viawo dzi. Agbadɔ siawo mee wodɔa aʋawɔla siwo nɔa fli legbee me be woava di nuɖuɖu siwo nyea nudzodzoeviwo kple nugbagbewo abe adoglo ene le. Aʋawɔlawo ƒe tatɔawo hã zɔa ayezɔli aɖe wònyea mɔnu aɖe wòzãna tsɔ léa nui. Esia dzɔna zi geɖe ne womese naneke ƒe ʋeʋẽ akplɔ ɖo o, eye esia nana dɔsesẽwɔla siwo kplɔa wo ɖo hena ɖe megbe be woakplɔ wo ɖo. Anyidi siwo le megbe nɔa wo tutum, eye wòva lɔa esiwo le ŋgɔ ɖe eme, si nana wokakana.

Zãnuvɔ̃ewo nɔa dɔ dzi ŋkeke 36, henɔa azɔli dzi ŋkeke 16 eye wonɔa teƒe ɖeka ŋkeke 20, eye ɣeyiɣi sia mee fianyɔnua ɖɔa azi. Le ema megbe la, dɔwuame nana zãnuvɔ̃eawo ƒe ƒuƒoƒoa katã gadzea azɔli gɔme. Xewo nɔa anyidi siawo siwo le fli me ŋu anɔ meta 10 henɔa yiyi, dziɖegbe, adoŋgo, akpɔkplɔ, kple adoglo siwo le sisim la ɖum gake womemia anyidiawo ŋutɔŋutɔ ya o.

Woɖɔ anyidiwo le Biblia me le Lododowo 30:24, 25 be “wodze nunya eteƒe mekɔ o” eye wonye nuwɔwɔ wɔnukuwo dometɔ ɖeka.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Nyati sia ƒo nu tso Eciton nyidi ƒomevi siwo nɔa Titina kple Anyiehe Amerika ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Zãnuvɔ̃e

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Frederick D. Atwood

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Wode woƒe afɔwo wo nɔewo tɔ me tsɔ wɔa tɔdzisasrãe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Tim Brown/www.infiniteworld.org