Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖose Siwo Trɔ—Èkpɔe Dze Sii Be Nane Bua?

Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖose Siwo Trɔ—Èkpɔe Dze Sii Be Nane Bua?

Agbenyuinɔnɔ Gɔmeɖose Siwo Trɔ​—Èkpɔe Dze Sii Be Nane Bua?

“KUXI siwo dze ŋgɔ dukɔa dometɔ kae ɖe dzesi wu?” Esi wobia nya sia amewo le United States la, amesiwo wobia gbee la ƒe akpa gãtɔ gblɔ be ƒomewo ƒe gbagba kple agbenyuinɔnɔ ƒe toyiyie nye kuxi siwo ɖe dzesi wu alo esiwo ɖe dzesi wu la dometɔ aɖewo. Eye menye woawo ɖeɖekoe kpɔe alea o.

Le kpɔɖeŋu me, Paris nyadzɔdzɔgbalẽ si nye International Herald Tribune gblɔ be: “Didi sẽŋu ɖedzesi aɖe le amewo me, vevietɔ le sɔhɛwo koŋ me be yewoake ɖe nukpɔsusu ƒomevi aɖe ŋu si ate amewo ƒo ƒui, gɔmeɖose aɖewo siwo dzi amewo alɔ̃ ɖo be yewoazã atsɔ akpɔ ŋukeklẽ, ɖokuitɔdidi, amewo ƒe ɖekamawɔmawɔ, nusiwo dze abe wole aƒe xɔm ɖe xexeame katã ene la ƒe dɔwɔnawo gbɔ ahalé wo nu. . . . Nyaʋiʋli si le edzi yim ɣesiaɣi ku ɖe alesi wòhiã be amewo nalɔ̃ ɖe gɔmeɖose aɖewo dzi le xexeame godoo la le eɖem fia be nane le bubum.”

Èsusu be gɔmeɖose siwo hiã be woana etsɔme aɖe si me dzidzɔkpɔkpɔ kple dedienɔnɔ le wu nasu mía si la le dziɖuɖuwo kple xexeame ŋgɔnɔlawo, kpakple asitsala gãwo sia? Ðe nèsenɛ le ɖokuiwò me be nane bu, le go aɖewo ya teti me, le gɔmeɖose siwo nèkpɔ be wole tɔtrɔm le afisi nèle la taa?

Ðewohĩ nane si ŋu nàtsi dzi ɖo vevie enye wò dedienɔnɔ. Ðe nàte ŋu agblẽ wò ʋɔtruwo ɖi matumatui le teƒe si nèlea? Ðe nèɖea dzi ɖi ne èle ablɔdzi zɔm le zã me le miaƒe nutoa mea? Ne wò ta nyo be mèle nuto si me aʋawɔwɔ, gbevovovodolawo dome dzrewo, alo nuvlowɔha ƒe amedzidzedze dziŋɔwo yia edzi le o hã la, ɖewohĩ àvɔ̃ be ame aɖe awɔ nuvevi ye, ada adzo ye, adzohawo adze yeƒe aƒe dzi, alo ame aɖe afi ye. Gɔmesese le eŋu be nusia ate ŋu ana nàxa nu ahase le ɖokuiwò me be nanewo le bubum.

Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, ɖewohĩ—le go aɖewo ya teti me la—mègakana ɖe ame aɖewo siwo dzi nèkana ɖo tsã la dzi o. To nusiwo teƒe nèkpɔ, ɖewohĩ le dɔwɔƒe alo le wò agbe me me la, àde dzesii be amewo anya tee kpɔ enuenu be yewoagblẽ nu le ŋuwò, ɖe woa ŋutɔwo ƒe nyonyo ta, ne anye le mɔ sue aɖe nue wòade wo dzi le gɔ̃ hã.

Dziɖuɖu ƒe Kpɔɖeŋu Hiã

Le ŋutinya katã me la, amewo de dzesii be ƒomedodo kplikplikpli nɔna gɔmeɖose siwo dzi dukɔ aɖe me tɔwo zɔna ɖo kpakple gɔmeɖose siwo dzi dukɔ ma ƒe dziɖuɖu zɔna ɖo la dome. Calvin Coolidge, gblɔ hafi va zu United States dziɖula be: “Amewo ƒoa nu tsoa dzɔdzɔme gomenɔamesiwo ŋu, gake mele egblɔm na amesiame si be ɖe li nenema la be wòafia afisi dzɔdzɔme ɖo gomenɔamesi aɖe le xexeame alo esiwo dzi amewo wɔna ɖo hafi dziɖuɖuwo va ɖo wo anyi heɖe gbeƒã wo hekpɔa wo ta le lam.”

Ne ewɔ ɖesiaɖe hã la, dziɖuɖu si le zi dzie—mɔ ka ke nue wòɖato va edzi o—ate ŋu ado dukɔmeviwo ƒe gomenɔamesiwo abe nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe ablɔɖe, amewo ƒe ƒuƒoƒo ɖekae ƒe ablɔɖe, mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe, kple ameɖokuinuɖeɖe gaglãa ƒe ablɔɖe, vovo tso ame léle manɔsenu alo amenuɖiaɖia me, kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ na ame ene, ɖe ŋgɔ alo axe mɔ na wo.

Abraham Lincoln, si va nye United States dziɖula la gblɔ ɣeaɖeɣi be: “Dziɖuɖu ƒe taɖodzinu si le se nu enye be wòawɔ nusianu si hiã be nuto aɖe me tɔwo nawɔ na wo ɖokui, gake womate ŋu awɔe kura alo womate ŋu awɔe nyuie—le woa ŋutɔwo ƒe ŋutete me o la na wo.” Ne dziɖuɖuwo dze agbagba wɔ tameɖoɖo nyui mawo dzi la, amewo lɔ̃na faa kana ɖe dziɖulaawo dzi.

Gake edze abe ɖikeke kple makamaka ɖe ame dzi boŋue va xɔ ɖe kakaɖedzi ma teƒe egbea ene. Woka nya ta le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa le United States la me be amesiwo wobia gbee dometɔ 68 le alafa me gblɔ le nu nyui siwo dziɖulawo wɔna ŋu be mede ŋgɔ boo o alo be womewɔa ɖeke o gɔ̃ hã. Le dukɔ geɖewo me la, zãnuxɔxɔ kple nufitifitiwɔwɔ gbɔmewo na nukpɔsusu nyui aɖeke megale amewo si ɖe dziɖuɖumegãwo ŋu o. Eme kɔ be ame gbogbowo va le esem le wo ɖokui me be nanewo le bubum.

Fia Salomo ƒe Kpɔɖeŋu Nyui

Blemakpɔɖeŋu aɖe ɖe alesi gbegbe agbenyuinɔnɔ gɔmeɖose siwo dzi dziɖulawo zɔna ɖo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzii la fia. Fia Salomo ɖu Israel-to 12-awo dzi tso ƒe 1037 me va ɖo ƒe 998 D.M.Ŋ me. Fofoa, Fia Dawid nye Israel-fia veviwo dometɔ ɖeka. Biblia gblɔ le Dawid ŋu be enye amesi lɔ̃ nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye, eye ƒo wo katã ta la, enye ŋutsu si ɖo ŋu ɖe eƒe Mawu, Yehowa ŋu heka ɖe edzi bliboe. Dawid fia gɔmeɖose mawo ke Salomo.

Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖe eɖokui fia Salomo le drɔ̃eƒe hegblɔ nɛ be: “Bia nusi mana wò!” (Kronika II, 1:7) Le esi teƒe be Salomo nabia kesinɔnu gbogbo, ŋutikɔkɔe, alo aʋadziɖuɖuwo la, eɖe nusiwo xɔ asi nɛ wu la fia esime wòbia be woana ye dzi nyanu senugɔme si ɖoa to, bena yeate ŋu aɖu Israel-dukɔa dzi nyuie.

Ŋusẽ kae Salomo ƒe dziɖuɖua kpɔ ɖe dukɔa dzi? Mawu tsɔ nunya, ŋutikɔkɔe, kple kesinɔnuwo yrae—le ɣeyiɣi siwo katã me wòlé dukɔa ƒe gbɔgbɔmegɔmeɖosewo me ɖe asi la me. Nusiwo ŋu tomenukulawo ke ɖo la ɖo kpe edzi be Salomo kpɔ ŋutilãmenudzedziname geɖe le eƒe dziɖuɣi. Agbalẽ si nye The Archaeology of the Land of Israel gblɔ be: “Kesinɔnu si gbegbe nɔ dukɔ vovovowo me tsom nɔ fiasãa me vam, kpakple asitsatsa si nɔ dzidzedze kpɔm . . . na tɔtrɔ gã kpata ɖedzesi aɖe va dukɔa ƒe ŋutilãmegbenɔnɔ me.”

Ẽ, Salomo ƒe dziɖuɖu nyuia he ŋutifafa, dedienɔnɔ, kple dzidzɔkpɔkpɔ vɛ na eteviwo. “Yuda kple Israel sɔ gbɔ abe ƒutake ene; woɖua nu, noa nu, eye wokpɔa dzidzɔ. Eye Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ tso Dan vaseɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.”—Fiawo I, 4:20; 5:5.

Kpɔɖeŋu Gbegblẽ si Fia Salomo Ðo

Gake nublanuitɔe la, abe alesi wòle le dziɖula geɖe gome ku ɖe agbenyuinɔnɔ gɔmeɖosewo ŋu egbea ene la, Salomo ƒe gɔmeɖoseawo va trɔ mlɔeba. Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be: “Esrɔ̃a, siwo nye fiasrɔ̃wo, le alafa adre, eye eƒe ahiãwo le alafa etɔ̃; eye srɔ̃awo trɔ eƒe dzi. Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.”—Fiawo I, 11:3, 4.

Ŋusẽ kae Fia Salomo ƒe gɔmeɖose siwo trɔ la kpɔ ɖe eteviwo dzi? Togbɔ be ŋutete kple nunya geɖe nɔ Salomo si hã la, eva zu dziɖula si tea ame ɖe anyi le eƒe dziɖuɣi ƒe nuwuwu. Eƒe dziɖuɖua ƒe gazazã va yi dzi ŋutɔ si na be dukɔa ƒe ganyawo va yi to. Dzi megava nɔ dɔwɔlawo dzɔm o. Amewo va tsi tre ɖe eƒe dziɖuɖua ŋu henɔ agbagba dzem be yewoaxɔ ŋusẽ le esi. Ðekawɔwɔ si nɔ dukɔmeviawo dome tsã megavanɔ anyi tututu o. Aleke gbegbe nusiwo va dzɔ la sɔ kple nya si Salomo ŋutɔ ŋlɔ enye si, be: “Ne ame dzɔdzɔewo dzi ɖe dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ ɖua tse.”—Lododowo 29:2.

Le Salomo ƒe ku megbe teti la, dunyahehe me zitɔtɔ kple makamaka ɖe ame nɔewo dzi he mama de dukɔa me, eye nɔnɔme sesẽwo, ɖekamawɔmawɔ, kple nuwo ƒe toyiyi kplɔe ɖo. Israel-viwo se le wo ɖokui me be nu gbogbo aɖewo bu ɖe yewo. Woƒe dziɖuɖua trɔ eƒe gɔmeɖosewo, heŋlɔ nusi ade dukɔmeviawo dzi la be keŋkeŋ. Nusi he esiawo katã vɛ koŋue nye be woƒe kplɔlawo gbe Yehowa kple eƒe sewo. Esia he dukɔ bliboa de fukpekpe me.

Makamaka Ðe Ame Nɔewo Dzi si Bɔ Egbea

Le dziɖulawo, asitsalawo, kple xɔsehawo dome egbea la, ame geɖe megaléa fɔ ɖe gɔmeɖose kɔkɔwo me léle ɖe asi ŋu boo o. Esia na amewo senɛ le wo ɖokui me be nu geɖe siwo nɔ anyi tsã la bu ɖe yewo. Zi geɖe la, dziɖuɖuwo kple ŋgɔnɔla bubuwo mete ŋu le woƒe dukɔwo ƒe kuxi sesẽwo gbɔ kpɔm o.

Le kpɔɖeŋu me, womete ŋu he aʋawɔwɔ va nuwuwu alo lé lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ ƒe asi si le dzi yim vevie la nu alo he atikevɔ̃ɖisitsatsa me tsonu vɔ̃ɖiwo va nuwuwui o. Agbalẽsrɔ̃ɖoɖowo gɔ̃ hã le to yim. Dziɖuɖu geɖewo doa alɔ tsatsadada gɔ̃ hã. Adzɔhawo kple subɔsubɔhakplɔla geɖewo na dzi ɖe le wo teviwo ƒo vevie le woƒe nufitifitiwɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ ta. Mewɔ nuku be le teƒe geɖe la, ame geɖe megakana ɖe wo kplɔlawo dzi o.

Ðe wòanya wɔ be dziɖuɖu aɖe nakpɔ amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi kple gɔmeɖose veviwo ta ahaxɔ ŋgɔ le wo me léle ɖe asi gɔ̃ hã mea? Ẽ, anya wɔ. Míaƒe nyati mamlɛa aɖe alesi wòanya wɔe la me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

‘Edze abe ŋukeklẽ, ɖokuitɔdidi, kple amewo ƒe ɖekamawɔmawɔ le aƒe xɔm ɖe xexeame katã ene.’​—INTERNATIONAL HERALD TRIBUNE

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Esime Fia Salomo ɖo to Mawu ƒe sewo la, eƒã gɔmeɖose kɔkɔwo ɖe eteviwo me