Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Akpe Akɔ Kple Vi si Menye Woxɔ Le Nyinyim me Kuxiwo?

Aleke Mawɔ Akpe Akɔ Kple Vi si Menye Woxɔ Le Nyinyim me Kuxiwo?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Akpe Akɔ Kple Vi si Menye Woxɔ Le Nyinyim me Kuxiwo?

“Nyemenya naneke kura tso dzinyela ŋutɔŋutɔwo ŋu o, eye esia doa nuxaxa nam.”​—Barbara, amesi xɔ ƒe 16.

“Nyemenya naneke tso afisi tututu wodzim le alo amesiwo dzim ŋutɔŋutɔ ŋu o. Ɣeaɖewoɣi la, mebua eŋu le zã me.”​—Matt, amesi xɔ ƒe 9.

“Ne mía kple dzinyelawo míele nya hem la, mebua eŋu be ɖewohĩ dzinyela ‘ŋutɔŋutɔwo’ ase nu gɔme nam nyuie wu. Mesɔ kura be masusu nu ma ŋu o, eye nyemeƒo nu tso eŋu kpɔ o.”​—Quintana, amesi xɔ 16.

ÐIKEKE mele eme o be​—kuxiwo ate ŋu anɔ ame aɖe gbɔ nɔnɔ anye via si wòxɔ le nyinyim me. Sɔhɛ geɖewo wɔa avu kple seselelãme siwo ŋu nya míegblɔ va yi. Wo dometɔ geɖe bua eŋu nenye be woadi dzila siwo dzi wo ŋutɔŋutɔ yome mɔ, alo wobua eŋu nenye be wo gbɔ nɔnɔ ana yewoakpɔ dzidzɔ le agbe me wu. Eye menye kuxi siawo ɖeɖekoe li o.

Le nyati siawo ƒe akpa siwo do ŋgɔ me la, míeƒo nu tso nukpɔsusu gbegblẽ siwo te ŋu vaa susu me na sɔhɛ aɖewo siwo woxɔ le nyinyim ku ɖe wo ɖokuiwo ŋu la ŋuti. * Nukpɔsusu ɖedzileameƒo mawo dzi ɖuɖu hiã na ɖevi siwo woxɔ le nyinyim hafi woate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me. Gake kuxi bubu kawoe agate ŋu ado mo ɖa, eye aleke nàte ŋu awɔ afɔɖeɖe nyuie atsɔ akpe akɔ kple wo?

Woawoe Nye Dzinyelawo “Ŋutɔŋutɔwoa”?

Jake si xɔ ƒe 13 gblɔ be yebua ye dada si dzi ye ŋutɔŋutɔ ŋu. Esia he masɔmasɔ aɖe de eya kple amesiwo xɔe le nyinyim la dome. Egblɔ be: “Ne medo dziku la, megblɔna be, ‘Ao, menye wòe nye danye o—màte ŋu ahe to nam nenema o!’”

Abe alesi nàde dzesii ene la, ele na Jake be wòase biabia sesẽ aɖe gɔme: Ameka koŋue nye dadaa si dzii “ŋutɔŋutɔ?” Ne woxɔ wò le nyinyim la, anɔ eme be nya ma anya nɔ fu ɖem na wò, vevietɔ ne èbua eŋu nenye be dziwòla ŋutɔŋutɔwo awɔ nu ɖe ŋuwò nyuie wu amesiwo xɔ wò le nyinyim. Gake ɖe vidzidzi le dzɔdzɔme mɔnu ɖeɖekoe nana wozua dzila “ŋutɔŋutɔa”?

Jake dada si xɔe le nyinyim mexɔe se nenema o. Jake gblɔ be: “Danye ɖoa eŋu be, ‘Ẽ, nyee nye dawò ŋutɔŋutɔ. Togbɔ be nyɔnu si dziwò ŋutɔŋutɔ le asiwò hã la, nyee va zu dawò ŋutɔŋutɔ fifia.’” Ne ame tsitsiwo kplɔ ɖevi yi woƒe aƒeme eye wolɔ̃ be yewoana mlɔƒe, nuɖuɖu, ahee, ahakpɔ ɖevia ƒe nuhiahiãwo gbɔ la, ekema wova zu dzila “ŋutɔŋutɔwo” nɛ. (Timoteo I, 5:8) Ðewohĩ alea tututue wòle le senyawo gome le dukɔ si me nèle. Aleke wòle le Mawu gome?

De ŋugble tso nusi nye vixɔxɔnyi ŋuti nya vevitɔ kekeake le ŋutinya me ŋu kpɔ—Yesu Kristo tɔ. Menye Yosef, si nye atikpala lae dzi Yesu ŋutɔŋutɔ o, ke hã Yosef xɔe nyi abe eya ŋutɔ ƒe vi ene. (Mateo 1:24, 25) Ðe Yesu tsi tre ɖe Yosef ŋu esi wònɔ tsitsima? Ðe ema teƒe la, Yesu se egɔme be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be yeaɖo toe abe ye fofo si xɔ ye le nyinyim ene. Yesu nya se si Yehowa de na ɖevi siwo nɔ Israel la nyuie. Se kae nye ma?

Bu Fofowò Kple Dawò

Ŋɔŋlɔawo gblɔ na ɖeviwo be: “Bu fofowò kple dawò.” (Mose V, 5:16) Zi geɖe la wozãa nya ‘bubu’ le Biblia me wòfiana bubudedeameŋu, asixɔxɔdedeameŋu, kple ameŋububu. Àte ŋu aɖe bubu ma tɔgbe afia amesiwo le dziwò kpɔm, ade bubu woƒe ɖoƒe ŋu, aɖo to ase woƒe nukpɔsusuwo, eye nàlɔ̃ faa awɔ nusiwo wobia tso asiwò.

Gake nukae nàwɔ ne edze abe amesiwo xɔ wò le nyinyim la mewɔ nu wòsɔ tututu o? Ele eme baa be esia ate ŋu adzɔ. Dzilawo katã mede blibo o eɖanye amesiwo xɔwò le nyinyim alo dziwòla ŋutɔŋutɔwo o. Woƒe vodadawo ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàɖo to wo. Eye mewɔ nuku o be le ɣeyiɣi mawo me la, èbua wò amegbɔnɔnɔ ŋu eye wòwɔna na wò be toɖoɖo woamawo ƒe agba boo aɖeke mele ye dzi o. Gake nenemae nya la le ŋutɔŋutɔa?

Anyo be nàde ŋugble le Yesu ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Ðo ŋku edzi be ede blibo. (Hebritɔwo 4:15; Petro I, 2:22) Gake fofoa si xɔe le nyinyim ya mede blibo o; dadaa si dzii ŋutɔŋutɔ hã mede blibo o. Anɔ eme godoo be Yesu anya de dzesi edzilawo ƒe vodadawo ɣeaɖewoɣi. Ðe Yosef ƒe tanyenye si mede blibo o alo vodada suesue siwo nɔ Maria ƒe mɔfiamewo ŋu na wòtsi tre ɖe wo ŋua? Ao. Biblia la gblɔ na mí be esi Yesu nɔ tsitsim la, ‘eyi edzi bɔbɔ eɖokui’ na edzilawo.—Luka 2:51.

Azɔ ne mia kple dziwòlawo ƒe susu mesɔ le nane me o la, àte ŋu asusui be wo tɔe medzɔ o. Gake ele be nàlɔ̃ ɖe edzi be wò hã mede blibo o. Eyata wò hã àte ŋu awɔ vodada godoo. Alekee nya la le o, ɖe manyo ŋutɔ be nàdze Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome oa? (Petro I, 2:21) Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be nàɖo to. Gake susu vevi bubu aɖe li si tae wòle be nàɖo to dziwòlawo.

Biblia gblɔ be: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le nusianu me; elabena esia dze Aƒetɔ la ŋu nyuie.” (Kolosetɔwo 3:20) Ẽ, wò toɖoɖo naa Fofowò si le dziƒo kpɔa dzidzɔ. (Lododowo 27:11) Eye edi be nàsrɔ̃ toɖoɖo elabena edi be wò hã nàkpɔ dzidzɔ. Eƒe Nya dea dzi ƒo na ɖeviwo be woanye toɖolawo, hegblɔ kpee be, ‘be wòanyo na wò, eye nànɔ agbe didie le anyigba dzi!’—Efesotɔwo 6:3.

Ŋusẽdodo Ƒomedodo si Le Mia Kple Dzila Amexɔnyilawo Dome

Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple dzila amexɔnyilawo lɔ nu geɖe ɖe eme wu bubudede wo ŋu kple toɖoɖo wo ko. Àdi be yeanɔ aƒe si me woɖea vividodoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ fiana la me. Agba le dzila siwo xɔ wò le nyinyim dzi be woana nɔnɔme sia nanɔ anyi. Gake wò hã àte ŋu awɔ akpa vevi aɖe. Alekee?

Gbã la, di mɔ siwo dzi nàto mia kple dziwòlawo dome nanɔ kplikplikpli. Bia wo woaƒo nu tso wo ɖokuiwo, woƒe agbenɔnɔ, kple nusiwo ŋu wokpɔa dzidzɔ ɖo la ŋu. Na woaɖo aɖaŋu na wò le nusiwo nèkpɔ be wozu kuxi sesẽwo na ye, eye nàtia ɣeyiɣi nyuitɔ si me woɖe dzi ɖi eye woaxɔ wò nyuie. (Lododowo 20:5) Evelia, di mɔnu siwo dzi nàte ŋu akpe asi ɖe aƒea me ƒe dɔwɔnawo wɔwɔ ŋu, abe kpekpeɖeŋunana le aƒemedɔwo kple dɔ bubuwo wɔwɔ me ene eye mègalala be woagblɔe na wò hafi o.

Ekema dziwòlawo ŋutɔŋutɔwo ya ɖe? Ne ètiae be yeadi wo alo ne woawoe tiae be woadi wò o, ɖe ema agblẽ ƒomedodo si le mia kple amesiwo xɔ wò le nyinyim la domea? Tsã la, habɔbɔ siwo kpɔa vixɔxɔnyi ƒe nyawo gbɔ melɔ̃na be woaʋu go nyatakakawo tsitotsito be dzila siwo dzi ɖevia ŋutɔŋutɔ nate ŋu ake ɖe eŋu alo be ɖevia nàte ŋu ayi wo gbɔ o. Egbea la, mɔɖeɖe le ɖoɖo siawo ŋu le dukɔ aɖewo me, eye wonana ɖevi siwo woxɔ le nyinyim la doa go wo dzila siwo dzi wo ŋutɔŋutɔ ŋkume kple ŋkume, amesiwo dzi womeɖoa ŋkui kura o. Gake vixɔxɔnyi ŋuti sewo ate ŋu ato vovo le afisi nèle.

Alekee nya la le o, ne àdi dziwòla ŋutɔŋutɔwo yome mɔ alo màdii o nye wò ŋutɔ ƒe nyametsotso, eye esia ate ŋu anye nu sesẽ. Nyati sia ŋuti nukpɔsusu vovovowoe le sɔhɛ siwo woxɔ le nyinyim la si. Edzroa wo dometɔ aɖewo be woakpɔ wo dzila ŋutɔŋutɔwo; ɖewo ɖonɛ kplikpaa be yewomawɔe nenema o. Gake kakaɖedzi nesu asiwò be wona sɔhɛ siwo woxɔ le nyinyim la dometɔ geɖewo do go wo dzilawo eye woa kple amesiwo xɔ wo le nyinyim dome megblẽ o.

Bia aɖaŋuɖoɖo tso dzila siwo xɔ wò le nyinyim la gbɔ alo ɖewohĩ tso xɔlɔ̃ tsitsiwo gbɔ le Kristo-hamea me. (Lododowo 15:22) Da wò nɔnɔmea kpɔ nyuie, eye nàna ɣiyiɣi aɖe nava yi hafi nàɖe afɔ aɖe. Abe alesi Lododowo 14:15 gblɔ ene la, “nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”

Ne ètiae be yeado ka kple amesiwo dzi wò ŋutɔŋutɔ la, ekema dze agbagba nàna kakaɖedzi amesiwo xɔ wò le nyinyim be yeayi edzi alɔ̃ wo ahade bubu wo ŋu. To esia dzi la, àva nya amesiwo dzi wò eye wotsɔ wò na be woaxɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe enye esia ʋɛʋɛʋɛ, eye nàgakpɔtɔ anɔ ƒomedodo nyui me kple amesiwo nyi wò hena hehe wò.

Do Ŋusẽ Ƒomedodo si Le Mia Kple Fofowò si Le Dziƒo Dome

Sɔhɛ geɖe siwo woxɔ nyi vɔ̃na be woava gblẽ yewo ɖi. Woxaa nu be woava bu amesiwo xɔ wo le nyinyim abe alesi wòdzɔ va yi le wo dzila ŋutɔŋutɔwo gome ene. Seselelãme mawo me kɔ. Ke hã ɖo ŋku nya siawo, siwo me nunya le la dzi be: “Vɔvɔ̃ aɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke boŋ lɔlɔ̃ blibo nyãa vɔvɔ̃ doa goe.” (Yohanes I, 4: 18) Mègana vɔvɔ̃ be yeava bu yeƒe lɔlɔ̃tɔ kplikplikpliwo si gbɔ eme nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. Ke boŋ na lɔlɔ̃ si le asiwò na ame bubuwo kple amesiwo le miaƒe ƒomea me nadzi ɖe edzi. Gake vevietɔ wu la, na lɔlɔ̃ si le mia kple Fofowò si le dziƒo, Yehowa Mawu dome nasẽ ɖe edzi. Esi wònye amesi dzi woate ŋu aka ɖo bliboe ta la, megblẽa via wɔnuteƒewo ɖi gbeɖe o. Ate ŋu ana wò dzi nadze eme.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Catrina, amesi woxɔ nyi gblɔ be, Biblia xexlẽ kpe ɖe ye ŋu geɖe be yete ɖe Mawu ŋu kplikplikpli eye wòna yekpɔa dzidzɔ hekpɔ dzidzedze le agbe me. Egblɔ be ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa “le vevie ŋutɔ elabena mía Fofo si le dziƒo nya alesi míesena le mía ɖokui me.” Catrina ƒe mawunyakpukpui vevitɔ enye Psalmo 27:10, si gblɔ be: ‘Ne fofonye kple danye ŋutɔŋutɔwo gblẽm ɖi hã la, Yehowa axɔm.’

Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Jehovah’s Witnesses, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

[Etenuŋɔŋlɔ]

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Di mɔ siwo dzi nàto mia kple amesiwo xɔ wò le nyinyim dome nanɔ kplikplikpli ɖe edzi