Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔléle Siwo Nudzodzoeviwo Hena Vɛ—Kuxi aɖe si Le Dzidzim Ðe Edzi

Dɔléle Siwo Nudzodzoeviwo Hena Vɛ—Kuxi aɖe si Le Dzidzim Ðe Edzi

Dɔléle Siwo Nudzodzoeviwo Hena Vɛ​—Kuxi aɖe si Le Dzidzim Ðe Edzi

ANYIMLƆƔI ÐO na aƒe aɖe me tɔwo le Latin-Amerika. Vidada aɖe he avɔ tsyɔ viaŋutsuvi sue aɖe dzi beléletɔe eye wògblɔ dɔagbe nɛ. Gake le vivitia me la, treyɔe yibɔ, si ƒe didime mede sentimeta 3 o la ge tso doa aɖe si le xɔdzisasrãa me va dze abaa dzi. Eva dze ɖevi si mlɔ anyi la ƒe mo dzi dzaa le manyamanya me eye wòtsɔ eƒe nu tsutsyɔ̃e la ƒo ɖe ɖevia ƒe ŋutilã beli la me. Esi treyɔe la nɔ ʋu nom la, eganɔ nusiwo me dɔlékuiwo le la nyẽm kɔ ɖi. Ðevia ganɔ alɔ̃ me eye wòtsɔ asi ku mo hekaka mĩ si me dɔlékuiwo nɔ la ɖe abiteƒea.

Nusia na ɖevia xɔ dɔléle aɖe si woyɔna be Chagas. Le kwasiɖa ɖeka alo eve megbe la, asrã sesẽ aɖe dze edzi eye eƒe ŋutilã te. Ne asrãa vɔ nɛ la, ekema dɔlékuia ate ŋu atsi eƒe lã me, eye wòage ɖe eƒe dzi, ahɔhɔ̃mekawo, kple ʋukawo me. Ƒe gbogbowo abe tso ƒe 10 va ɖo ƒe 20 ene ate ŋu ava yi eye dzesi aɖeke madze o. Gake abi ate ŋu aɖo eƒe dɔkaviwo me, eye eƒe ahɔhɔ̃ naxɔ dɔ, eye wòaku mlɔeba le esi eƒe dzi megale dɔ wɔm o ta.

Nuɖɔɖɔ wɔdɔɖeamedzi sia ɖe alesi woate ŋu axɔ Chagas ƒe dɔlélea fia. Le Latin-Amerika la, vɔvɔ̃ li be treyɔe sia aɖu mo na ame miliɔn nanewo.

Amegbetɔ ƒe Zɔhɛ Siwo si Afɔ Geɖe Le

Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Nudzodzoeviwoe kakana dɔlékui siwo hea asrã siwo dzea amegbetɔwo dzi la ƒe akpa gãtɔ vɛ.” Zi geɖe ne amewo zã ŋkɔ “nudzodzoevi” la, menye nudzodzoe siwo si afɔ ade le abe tagbatsu, ŋɔviwo, mu, ɖameyɔe, kple adoŋgo ŋu koe wòkuna ɖo o—ke boŋ elɔ esiwo si afɔ enyi le hã ɖe eme abe yɔe kple axɔ̃ ene. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bua wo ɖe nudzodzoe ƒe hatsotso gã aɖe—si nye gãtɔ wu le lãwo ƒe hatsotsoa me—siwo ƒe ƒuƒoƒo anɔ nudzodzoe ƒomevi vovovo miliɔn ɖeka siwo wonya la me.

Nudzodzoeviwo ƒe akpa gãtɔ mewɔa nu vevi ame o, eye viɖe geɖe le wo dometɔ aɖewo ŋu. Woawo manɔmee la, numiemie kple ati geɖe siwo dzi amewo kple lãwo nɔa agbe ɖo hena nuɖuɖu la mate ŋu aƒo se alo atse gɔ̃ hã o. Nudzodzoevi aɖewo trɔa asi le gbeɖuɖɔ ŋu. Numiemie koŋue nyea nudzodzoe aɖewo ƒe nuɖuɖu, eye bubuwo ɖua wo nɔewo.

Nyateƒee, nudzodzoevi aɖewo li siwo doa nuxaxa na amewo kple lãwo siaa ne wote wo sesĩe alo ne wova kɔ ɖi le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Wo dometɔ aɖewo gblẽa agblemenuwo dome. Gake esi gavloe wue nye nudzodzoevi siwo kakana dɔléle eye wòhea ku vɛ. Dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ ye “nye dɔléle akpa gãtɔ si ɖea fu na amegbetɔwo eye wòhe ku vɛ tso ƒe alafa 17 lia va ɖo ƒe alafa 20-awo me wu nu bubu siwo katã hea dɔléle vɛ ƒe ƒuƒoƒo,” alea Duane Gubler si le United States Dɔlélenutsitsi Kple Enuléle Dɔwɔƒea gblɔ.

Fifia la, ame 1 le 6 ɖesiaɖe me xɔa dɔléle siwo nudzodzoeviwo kakana. Tsɔ kpe ɖe veve si amegbetɔwo sena ŋu la, dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ ganana wogblẽa ga geɖe, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me—siwo mate ŋu akpɔ ga si hiã na wo nu léle o. Dɔléle ɖeka aɖe gɔ̃ hã ƒe kaka ate ŋu ana woazã ga geɖe ŋutɔ. Nudzɔdzɔ sia ƒe kpɔɖeŋu aɖe dzɔ le India ƒe ɣetoɖoƒe le ƒe 1994 me si ŋu wogblɔ le be ena dukɔa kple dukɔ bubuwo gblẽ dɔlar biliɔn gbogbo geɖe. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be dukɔ dahewo mate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le ganyawo me o negbe ɖe woɖe lãmesẽkuxi mawo dzi kpɔtɔ ko hafi.

Alesi Nudzodzoeviwo Nana Míedzea Dɔe

Nudzodzoeviwo nyea dɔléle tsoƒe le mɔ eve koŋ nu—eye wokakana dɔlélewo hã. Gbã enye alesi wokakana dɔlékui si nɔa wo ŋu. Encyclopædia Britannica gblɔ be abe alesi amewo ate ŋu atsɔ gbeɖuɖɔ si lé ɖe afɔkpa ŋu ava xɔmee ene la, “nenema ke dɔlékui miliɔn nane, siwo sɔ gbɔ be woahe dɔléle vɛ ate ŋu alé ɖe afɔ ŋu na tagbatsuwoe.” Le kpɔɖeŋu me, tagbatsuwo ate ŋu alɔ dɔlékuiwo ne wodze ɖe nugodo dzi eye woakakae ne wova dze ɖe míaƒe nuɖuɖu alo nunono dzi. Esia ate ŋu ana amewo naxɔ dɔléle sesẽ wuamewo abe ŋudza sesẽ si ŋɔa dɔkaviwo, kpetadede, kpakple mĩŋɔŋɔ kple xeɖeɖe ƒe dɔléle ene. Tagbatsu aɖewo hã te ŋu kakana ŋkudɔ si woyɔna be trachoma—si nana amewo tsia ŋku wu le xexeame. Trachoma ate ŋu ade abi ŋkuvi—si nye ŋku ƒe akpa si kɔ eye wòdzena míekpɔna, la dzi. Le xexeame godoo la, dɔvɔ̃ sia ɖea fu na ame siwo ade 500,000,000.

Wobua gbagbladza, siwo nɔa gbeɖuɖɔ me koŋ hã be wokakana dɔlékui ɖe nusiwo dzi wodze la dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eŋununyalawo gblɔ be gbɔxi si dzi ɖe edzi le ŋkeke siawo me, vevietɔ le ɖeviwo dome, la tso gbagbladzawo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu Ashley, si nye nyɔnuvi ƒe 15 vi amesi gbɔxi nana gbɔgbɔtsixe tsia eƒo le zã me zi geɖe ŋu kpɔ. Esi ɖɔkta si nɔ egbɔ kpɔm be yeaɖo to alesi eƒe dzitodzito nɔ dɔ wɔmee la, gbagbladza do tso Ashley ƒe awu me eye wòzɔ le kplɔ̃ si dzi wònɔ edom kpɔ le la dzi yi.

Dɔléle Siwo Nɔa Wo Me

Ne dɔlékui ƒomevi vovovo le lãme na nudzodzoeviwo la, woate ŋu akaka dɔléle le mɔ evelia nu—ne woɖu ame alo to mɔ bubu aɖe dzi. Nudzodzoeviwo ƒe hatsotso sue aɖe koe kakaa dɔlélewo to mɔ sia dzi. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be mu ƒomevi vovovowoe li hã la, wo ƒomevi si nye Anopheles koe kakana asrã (malaria)—si nye dɔxɔleameŋu evelia si wua ame wu le xexeame (le yɔmekpe) megbe.

Gake mu ƒomevi bubuwo kakana dɔléle gbogbo aɖewo. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be: “Le nudzodzoevi siwo kakana dɔlékuiwo dome la, mu ƒe nugblẽƒee keke ta wu, eye wòkakana asrã, ƒunukpeƒeŋudza (dengue), kple ŋudza dzẽ (yellow fever), siwo katã nana ame miliɔn geɖewo kuna eye ame miliɔn alafa nanewo xɔa dɔ ƒe sia ƒe.” Ne mede ɖeke o la, xexeamenɔlawo dometɔ 40 le alafa me ƒe agbe ɖo afɔku me le asrã ta, eye ame 40 le alafa me ƒe agbe ɖo afɔku me ɖe ƒunukpeƒeŋudza ta. Le teƒe geɖewo la, wo ame evea siaa ate ŋu adze ame dzi.

Gake menye muwo me koe dɔlékuiwo nɔna o. Dɔlékui si woyɔna be protozoa si hea alɔ̃dɔdɔdɔléle vɛ la nɔa togbatowo me, eye wògblẽa nu le ame akpe nanewo ŋu, eye wòƒonɛ ɖe ame gbogbowo nu be woaʋu le woƒe nuto wɔnuwo me. Ŋkutsitsidɔ si voewo hena vɛ na Afrikatɔ siwo ade 400,000 ƒe ŋku tsi. Protozoa dɔlékui si nɔa ŋtumu me ate ŋu ahe dɔléle si woyɔna be leishmaniasis vɛ, si nye dɔléle ƒomevi si nana ame tuna, eƒe ametia gblẽna, eye zi geɖe wòwua ame eye wòle nu gblẽm ale gbegbe le ame miliɔn siwo xɔ ƒe vovovo ŋu le xexeame godoo. Dɔmekplevi nɔa axɔ̃ si bɔ ɖe afisiafi la me, eye wòhea ahɔhɔ̃ ƒe abixɔxɔ, tularemia dɔléle, kpakple dɔ vɔ̃ɖi—si woyɔna be Dɔvɔ̃, si tsrɔ̃ Europatɔwo ƒe akpa etɔ̃lia alo esi wu nenema le ŋkeke ade ko me le Titinaɣeyiɣiwo me, la gɔ̃ hã vɛ.

Ðameyɔe, yɔe, axɔ̃ ate ŋu ahe ŋudza sesẽ ƒomevi vovovowo vɛ, tsɔ kpe ɖe dɔléle bubuwo ŋu. Dɔléle vɔ̃ɖi si woyɔna be Lyme ƒe dɔléle ate ŋu anɔ axɔ̃ siwo le anyigba xɔdzowo dzi le xexeame godoo la me—eye wònye nusi koŋ kakana dɔlélewo le United States kple Europa. Swedentɔ aɖe ƒe numekuku aɖe ɖee fia be axɔ̃ akpe nanewo ate ŋu anɔ xevi siwo ʋuna ŋu eye wotsɔa wo zɔa mɔ kilometa geɖe, si ate ŋu ahe dɔlélewo vɛ le nuto yeye siwo me woʋu yi. Britannica gblɔ be: “Alesi axɔ̃ kakana dɔlélee la ƒo nudzodzoevi ɖesiaɖe tɔ ta (negbe muwo ko mele eme o) le dɔléle siwo wodea lã me na amegbetɔwo gome.” Le nyateƒe me la, dɔlékui ƒomevi vovovo etɔ̃ ate ŋu anɔ axɔ̃ ɖeka me eye wòate ŋu ade wo katã lã me na ame le woƒe ametete ɖeka pɛ ko me!

“Vovoɣi” aɖe le Dɔléle si Me

Nyitsɔ laa le ƒe 1877 mee dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va de dzesii be nudzodzoeviwo ate ŋu akaka dɔlékuiwo. Tso ɣemaɣi la, wowɔ boblododo geɖe be woatsɔ aɖe nudzodzoevi siwo me dɔlékuiwo nɔna la ɖa. Le ƒe 1939 me la, wotsɔ nudzodzoewutike DDT kpe ɖe ewunuwo ŋu, eye kaka ƒe 1960 naɖo la womegabua nudzodzoevi siwo kakaa dɔlélewo abe afɔku ene na dukɔ bubu siwo ƒo xlã Afrika o. Woɖe susu ɖa le dɔléle kaka nudzodzoeviwo ŋu eye wotrɔ ɖe atike siwo woatsɔ ada dɔ kpatawo ŋu, eye dzotsɔtsɔ ɖe nudzodzoeviwo kple wo nɔƒewo ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe didi nu va tsi. Woto atike yeye aɖewo vɛ, eye wòdze abe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ate ŋu akpɔ “atike wɔnuku” aɖe si ate ŋu ada dɔ ɖesiaɖe ene. Xexeame kpɔ “vovoɣi” aɖe le dɔxɔleameŋu si me. Gake vovoɣia ava wu enu kpuie. Nyati si gbɔna aɖe nusitae me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Egbea la, ame 1 le 6 ɖesiaɖe me xɔa dɔléle siwo nudzodzoeviwo hena vɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Treyɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Dɔlékuiwo léna ɖe afɔ ŋu na tagbatsuwo abe alesi woléna ɖe gbagbladzawo hã tɔ ŋui ene

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Dɔléle nɔa nudzodzoevi geɖewo ƒe lã me

Ŋkutsitsidɔ nɔa voewo me

Asrã, ƒunukpeƒeŋudza kple ŋudza dzẽ nɔa muwo me

Yɔe ate ŋu ahe ŋudza si ŋɔa dɔkaviwo vɛ

Dɔlékui si hea ahɔhɔ̃tetedɔ kpakple bubuawo vɛ nɔa axɔ̃wo me

Togbatowoe hea alɔ̃dɔdɔdɔléle vɛ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

WHO/TDR/LSTM

CDC/James D. Gathany

CDC/Dr. Dennis D. Juranek

CDC/Janice Carr

WHO/TDR/Fisher

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]

Clemson University - USDA Cooperative Extension Slide Series, www.insectimages.org