Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si Le Nairobi—Afisi Lãwo Tsana le Faa

Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si Le Nairobi—Afisi Lãwo Tsana le Faa

Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si Le Nairobi​—Afisi Lãwo Tsana le Faa

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

ŊDI ga ade kple afã mee. Ɣe si nɔ dzedzem le ɣedzeƒe ɖaa la ɖi kpe xɔasi dzẽ aɖe si nya kpɔ ale gbegbe. Ɣea ƒe keklẽ si nɔ eɖem fia be ŋu bubu gake la klẽ ɖe dɔwɔƒexɔ kɔkɔawo ƒe ahuhɔ̃efesreawo dzi hena fesreawo ƒe amadede trɔ abe sika ene eye wònya kpɔ ŋutɔ. Le mɔ kpui aɖe ko ƒe azɔlizɔzɔ tso dɔwɔƒexɔ siawo gbɔ la, agbemenudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nɔ edzi yim.

Ɣeyiɣi aɖee nye ma si dzata aɖe be ɖe gbe totowo te nɔ ahlɔ̃e aɖe si nɔ gbe ɖum la ɖiam vevie. Esi ahlɔ̃ea kpɔe be yeɖo afɔku me la, edzo tsra eye dzata la kplɔe ɖo vevie eteƒe mekɔ o. Dzata la ƒe duƒuƒua me sẽ ale gbegbe. Ne dzata sia ƒe asi tui la, anɔ te ɖe sesẽnàɖu ƒe se dzi atso kufia na lã wɔnamanɔsitɔ sia.

Aleae lãwo nɔ wo nɔewo kplɔm ɖo kutɔkutɔe le Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si le Nairobi, le Kenya ƒe fiadu ƒe nuwuƒe la mee gbesiagbe. Amegbetɔwoe nye lã siwo le afima la ƒe aƒelika kplikplikpliwo. Le ƒe 1962 me la, wokpɔ dzata aɖe wònɔ tsatsam le amedzrodzeƒe xɔŋkɔ aɖe godo, ɖewohĩ enɔƒe si keke de teƒe mawo tsã la xɔ gee wòanya va. Aleke wòdzɔe hafi dugãmenɔlawo kple lã wɔadãwo va le teƒe ɖeka?

Gɔmedzeɣi si me Xaxawo Nɔ

Tsaɖibɔa tsotso menɔ bɔbɔe kura o. Kplamatsedonu geɖewo nɔ anyi siwo dzi wòhiã be woaɖu hafi lãwo nakpɔ nɔƒe si woanɔ dedie le la anɔ. Do ŋgɔ na ƒe alafa 20 lia la, wotsana le Ɣedzeƒe Afrika ƒe teƒe geɖe vɔvɔ̃manɔmee. Afisia la, ƒomedodo kplikplikpli nɔ ameawo kple gbemelãawo dome ɣesiaɣi, wokplɔa woƒe lãhawo woɖa ɖua gbe le wo gbɔ tututu. Ame aɖewo gɔ̃ hã bua gbemelã aɖewo aƒemelãnyinyiwoe!

Gake adelagã, yevututsɔlawo va kɔ ɖe dukɔa me bibibi, amesiwo dometɔ geɖe ƒe taɖodzinu enye be yewoawu lãwo le agbɔsɔsɔ gã ŋutɔ me atsɔ axɔ ŋkɔ. Amesiawo dometɔ aɖee nye Theodore Roosevelt, si nye United States dukplɔla tsã, amesi va Kenya le ƒe 1909 be yeadi dzɔdzɔmenuwo aɖada ɖe blemanudzraɖoƒewo. Le adela bibiwo kple agbatetsɔla 600 zazã me la, ewu lã 500 kple edzivɔ heɖe woƒe agbalẽ tsɔ yi aƒee. Ɣemaɣi lɔƒo ke la, adela nyanyɛ bubu aɖe hã nɔ anyi, si ŋkɔe nye Edward, si nye Wales-fiavi. Woƒe nuwɔna na woƒe ŋkɔ ɖi hoo be wonye adedala gãwo. Gake yevutu siwo wozãna, si tsɔtsɔ ada lãwo le bɔbɔe wu blematɔwo ƒe da kple datie na wo ŋkɔ ɖi nenema.

Lunatic Line, si nye alesi woyɔna Kenya-Uganda ketekemɔ ɣemaɣii, si woɖe wu enu va na amewo va nɔ Nairobi golɔgoewo, si wɔe be lãwo megakpɔ ablɔɖe atsa o. Edze abe eteƒe madidi o woanya lãwo woadzo keŋkeŋ ene.

Emegbe le ƒe 1930-awo me la, ame aɖewo ɖe woƒe susu gblɔ tso lãawo ŋu. Archie Ritchie, si nye tsaɖibɔdzikpɔla ɣemaɣi, kple Mervyn Cowie, si nye gadzikpɔla, nɔ lãwo taʋlila siawo dome. Wowɔ takpekpewo hena nyadzɔdzɔŋlɔlawo ŋlɔ nu tso wo ŋu, hetsɔe ɖo dutadukɔ si nɔ dukɔa dzi ɖum ɣemaɣi la ŋkume be wòatso tsaɖibɔ ɖe dukɔa me si ana be—lãwo tsɔtsrɔ̃ natɔ—alo be edzi naɖe akpɔtɔ. Susua mekɔ lãme na dziɖuɖua tututu o. Dziɖuɖua mele klalo be yeaɖe asi le nuto aɖe si le du gãtɔ kekeake zum le Ɣedzeƒe Afrika ŋu woatsɔ awɔ lãwo kple atiwo dzaa ko nɔƒee o.

Agbagbadzedze be woakpɔ lãwo ta gatɔ kpe ake esime le xexemeʋa evelia wɔɣi la, asrafo siwo nɔ dzadzram ɖo ɖe aʋaa ŋu la gblẽ afisi tsaɖibɔa le fifia la dome vevie. Aʋaa gblẽ nu le lãawo hã ŋu. Alesi asrafowo nɔa teƒea ɣesiaɣi na be lãwo megava nɔ amegbetɔwo vɔ̃m o, si ate ŋu ana woava nɔ amegbetɔwo lém anɔ ɖuɖum. Be woakpɔ egbɔ be madzɔ nenema o la, wowu dzata aɖewo, siwo dome dzatanɔ aɖe si wona ŋkɔe be Lulu kple dzatawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si gbɔ Lulu melɔ̃a nu lena o nɔ la.

Gake esi dziɖuɖua va trɔ susu ta la, kplamatsedonu geɖewo nu va yi, ale be lãawo taʋlilawo ƒe taɖodzinuawo va eme. Mlɔeba le dɔwɔwɔ tso teƒea ŋu ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, woɖo Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si le Nairobi—si nye abɔ siawo tɔgbe ƒe gbãtɔ le Ɣedzeƒe Afrika—anyi le December 16, 1946 dzi, esime duta dziɖula si nɔ Kenya-dukɔa dzi ɖum ɣemaɣi, si nye Aƒetɔ Philip Mitchell, de asi eɖoɖo anyi ŋuti ɖaseɖigbalẽwo te.

Tsaɖilawo ƒe Paradiso

Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si le Nairobi melolo fũ o ne wotsɔe sɔ kple Ɣedzeƒe Afrika tsaɖibɔ bubuwo. Eƒe lolome anye kilometa 117, eye mɔnu si woɖe ɖe eŋu tso Nairobi dugãa gbɔ la ƒe lolome mede kilometa 10 o. Gake eƒe lolome ma tae wòxɔ ŋkɔ ɖo. Teƒe ʋɛ aɖewo koe le anyigba dzi ame ate ŋu aɖi tsa ayi akpɔ lã vovovowo abe lãwo nɔƒe sia ene—eto vovo sãa tso Nairobi dugã si le ta kekem kabakaba ale gbegbe kple Afrika-nyigba dzi gbe totoawo gbɔ.

Alesi tsaɖibɔa melolo fũ o nana tsaɖila te ŋu kpɔa lã gã lã gã geɖe, negbe atiglinyi ko, le ƒuƒoƒo me, siwo kpɔkpɔ sesẽ le tsaɖibɔ kple ave siwo lolo me. Lã vovovo 100 kple xe vovovo 400 ye le eme. Abɔa te ɖe afisi yameʋuwo tona va dzena ɖe Nairobi dukɔwo dome yameʋudzeƒea ŋu.

Amesi ɖi tsa yi Nairobi ate ŋu ado le egbegbe amedzrodzeƒe siwo me nɔnɔ dzidzeme geɖe le la me, ahaku ʋu ato dɔwɔƒexɔ dzeaniwo ŋu, eye le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ƒe ʋukuku megbe la, aɖo avekɔe tsitsi aɖe gbɔ, ato gbewo kple avewo me. Le afisia la, akpɔ dzatawo kple lãlénu bubuwo le woƒe dɔwo dzi vevie. Le nyateƒe me la, mele bɔbɔe be tsaɖila naŋlɔ dugãa me xɔ kɔkɔ dzeani mawo siwo ŋu wòto va ke ɖe lãlénu, siwo le du dzi hekplɔ lãwo ɖo be yewoalé aɖu la, be kaba o.

Gbemelã vovovo abe to, lãklẽ, asilɛ, sɔveda, fĩe, avugbɔe alafa geɖe, kple gbenyi yibɔ si megabɔ o enee le tsaɖibɔa me. Lã siawo dometɔ geɖe ƒe nɔƒe koŋ enye abɔ sia me. Le February/March kple August/September, siwo nye kuɖiɣiwo me la, àte ŋu akpɔ lã siwo ʋuna tsoa teƒewo yia teƒe bubuwo, abe klatsawo ene, ƒe ha gãwo le ta gbogbo siwo le abɔa me la gbɔ.

Le ta aɖewo, siwo woyɔna be tɔmenyita wòsɔ me la, lã gã siawo, siwo ƒe nɔnɔme le abe gago ene nɔa tsi me ŋkeke bliboa, hedoa go va ɖua gbe le zã me. Wowɔ teƒewo ƒo xlã ta siawo, afisiwo dzɔdzɔmenu dzeani vovovowo le, siwo gbɔ woate ŋu atɔ ʋu ɖo ahazɔ aɖi tsa le abɔa me. Gake ele be nàkpɔ nyuie: Tsaɖiɖi le abɔa me ate ŋu anye afɔku gã, elabena lowo le ta aɖewo me, woate ŋu ado ava nɔ ya xɔm le taawo to tsaɖila manya o! Be màgazu nuɖuɖu na wo o la, anyo be nàzɔ kple abɔdzikpɔla siwo wona hehee la.

Xe nyanyɛ gbogbo aɖewo hã le abɔa me. Golo, si nye xe gãtɔ kekeake si gale xexeame, si ƒe kɔkɔme agbɔ meta eve ŋu, hã le afisia. Akagã, si nye xe si ŋu ame geɖe meƒoa nu nyui le o hã le dzodzom le yame ʋĩ le dugãa me hele afisi wòakpɔ nu kukuwo le dim. Xe sia si menya kpɔ tututu o la nye viɖenu na tsaɖibɔa ale gbegbe, elabena eyae ɖea nu kuku ɖesiaɖe si ate ŋu adze nye siwo ade lã bubuwo ƒe agbe afɔku me la ɖa.

Ɣeaɖewoɣi la, àkpɔ xe aɖe si woyɔna be secretary bird. Fu kpɔyɔ siwo le eƒe takɔgo la didi legbee heɖi nuŋlɔti siwo agbalẽŋlɔlawo zãna tsã. Xe sia nɔa kplakplakpla dzi ɣesiaɣi, abe ɖe wòtso teƒe aɖe hedi kaba be yeayi teƒe bubu ene. Xe bubu siwo le afima dometɔ aɖewoe nye aʋatsiakpoli, avesẽ, saddle bill kple aŋɔɣiwo.

Togbɔ be tsaɖibɔa melolo fũ o hã la, enye lã vovovowo nɔƒe nyui aɖe. Abɔa ƒe ɣetoɖoƒe gome nye ave si xɔ teƒea ƒe akpa 6 le alafa me, afisi tsi dzana le ŋutɔ tsoa milimeta 700 ɖona 1,100 ƒe sia ƒe. Atiwo le abɔa me fũ, siwo dometɔ aɖewoe nye Cape chestnut kple croton dzeani la. Tagba gãwo, baliwo, kple togbakawo koŋue nàkpɔ le abɔa ƒe anyiehe kple ɣedzeƒe gome, afisi tsi dzana le wòsɔa gbɔ tsoa milimeta 500 dzi ɖona 700. Red oat gbe, ayede, ati si woyɔna be arrow-poison, kple zangarati ƒomevi vovovowo wɔe be àkpɔe zi ɖeka be yege ɖe dzogbenyigba dzi nuto me nyateƒe.

Nu bubu si hã ŋku magbe kikli o enye agakpe kɔkɔ aɖe si dzɔ kã tso bali me yi yame meta 100 lɔƒo. Agakpe sia lialia anye nu sesẽ na agakpelialawo—vevietɔ esiwo di be yewoate elialia kpɔ!

Tsaɖibɔa Ðo Afɔku Me

Nu ɖeka aɖe koŋ nyea kuxi na gbemelãwo kple wo nɔƒewo takpɔkpɔ ŋuti gbagbadzedzewo—esiae nye amegbetɔ. Le amegbetɔwo ƒe ‘ŋgɔyidɔwo ta’ la, Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si le Nairobi ava bu kpuie. Nairobi-dugãa, amegbetɔwo ƒe ʋuʋu va teƒe ma si na tsaɖibɔa ƒe ŋkɔ va ɖi hoo le xexeame godoo la, yi edzi le ta kekem, si wɔe be nɔƒe le vɔvɔm le lãwo si. Zi alesi ame geɖewo yi edzi le dugãa me vamee la, zi nenemae woahiã anyigbae, eye nya aɖeke mele lãawo si woagblɔ tso wo nɔƒea xɔxɔ le wo si ŋu o. Tsi gbegblẽ siwo tso adzɔnuwɔƒe siwo te ɖe abɔa ŋu me hã dea nu gbagbe ƒomevi ɖesiaɖe si le abɔa me la ƒe agbe afɔku me.

Nu bubu si hã le vevie hena abɔa ƒe anyinɔnɔ enye mɔ si anɔ ʋuʋu ɖi na lã aɖewo siwo tsoa teƒeteƒewo vana kple esiwo dzona. Wotɔ kpɔ ɖe abɔa ŋu godoo kloe be lãwo naganɔ dugãa me yim o. Amewo ƒe agbledede ɖe teƒea kple lãhawo nyinyi vivivo na be mɔnu sue si woɖe ɖi na lãwo ƒe yiyi kple gbɔgbɔ, si le abɔa ƒe anyiehe gome la le bubum. Mɔnua ƒe bubu keŋkeŋ agblẽ nu geɖe le lãawo ŋu. Mɔnukpɔkpɔ aɖeke masu lã siwo do yi nuɖuɖu di ge la si be woatrɔ agbɔ o! Be Dɔwɔƒe si Kpɔa Gbemelãwo Ta le Kenya nakpɔ mɔnu si lãwo tona vaa abɔa me hedzona ta la, dukɔa ƒe gbemelãwo kple wo nɔƒewo takpɔkpɔ ƒe dɔwɔƒe gãtɔ xɔ anyigba aɖe si te ɖe abɔa ŋu. Togbɔ be kuxiwo li hã la, Dukɔa ƒe Tsaɖibɔ si le Nairobi kpɔtɔ hea tsaɖila akpe nanewo ƒe sia ƒe be woava kpɔ nu dodzidzɔname geɖe siwo le eme la.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Sɔveda

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Lãklẽ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Damixe ƒomevi aɖe ƒe ha

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Lo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Dzata

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Avesẽ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Gbenyi yibɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Golo