Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dziɖuɖu Si Alé Mawumegɔmeɖosewo Me Ðe Asi

Dziɖuɖu Si Alé Mawumegɔmeɖosewo Me Ðe Asi

Dziɖuɖu Si Alé Mawumegɔmeɖosewo Me Ðe Asi

BU XEXE aɖe si me dziɖuɖu ɖeka ko ɖua ameƒomeviwo kple gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe dolawo dzi ŋu le susu me kpɔ ko. Tsɔe be dziɖuɖu aɖe li si wonya nyuie be ekpɔa gɔmeɖose kɔkɔwo ta eye wòɖea aʋawɔwɔ, fuléle, nuvlowɔwɔ, hiãkame, ɖiƒoƒo, dɔléle, kple ku gɔ̃ hã ɖa!

Ðewohĩ àgblɔ be ‘anyo ŋutɔ, gake manya wɔ o ɖe.’ Ao, menye nusi manya wɔe wònye o. Le nyateƒe me la, enye nusi ava eme godoo. Yesu Kristo do dziɖuɖu ma ƒe ŋugbe. Efia nu eyomedzelawo be woado gbe ɖa abiae: “Mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.

Ðewohĩ ènya gbedodoɖa ma me nyawo nyuie, elabena ame miliɔn geɖe nyae le xexeame godoo alo see kpɔ. Gake èbu nusi nya mawo fia ŋutɔŋutɔ ŋu kpɔa? De dzesii be woyɔ Fiaɖuƒea tɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si woawɔ le anyigbaa dzi ŋu. Ekema nukae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe la? Eye nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na míaƒe anyigbaa?

Nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Nye

Fiaɖuƒe ƒe gɔmeɖeɖe ɖekae nye dziɖuɖu si nu fia nɔna. Mɔ si dzi Yehowa Mawu tona wɔa eƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ŋudɔ enye Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Enye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si ƒe dziɖula enye Via, Yesu Kristo. Ku ɖe nusi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigbaa nye ŋu la, wona eme kɔ nyuie le Psalmo 37:10, 11 be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”

Eyata ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò le gɔmeɖose siwo le to yim le xexe sia me ta la, wò dzi nedze eme. Biblia do ŋugbe be eteƒe madidi o tɔtrɔ gã aɖe ava xexeame ƒe nɔnɔmewo kple gɔmeɖosewo me. Ŋugbe si wodo be eteƒe madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu anyigbaa dzi ahakpɔ egbɔ be wotsɔa Mawu ƒe gɔmeɖosewo wɔa dɔe la nye susu si ŋu kakaɖedzi le si ta wòle be mɔkpɔkpɔ nanɔ mía si ɖo.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse ate ŋu ado ŋusẽ mí be míavɔ̃ naneke o. Wò ya bu nu nyui siwo Fiaɖuƒe ma awɔ la ŋu kpɔ ko: “Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba, amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke!” (Psalmo 46:9, 10) Ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe ŋugbedodo wɔnuku ka gbegbee nye si!

Le nyagblɔɖi aɖe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, Yesu Kristo ŋu me la, Psalmo 72:12-14 gblɔ be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”

Biblia ƒe Gɔmeɖosewo

De ŋugble le gɔmeɖose siwo Biblia fiana la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me.” (Mateo 5:3, NW) Bubu enye: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.

Biblia fia nu hã be mí katã míana akɔnta ɖe gɔmeɖose siwo nu míenɔ agbe ɖo la ta. De ŋugble le Nyagblɔla 11:9 ŋu kpɔ: “Ðekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wo ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.” Wogblɔe le Lododowo 2:21, 22 tẽ be míana akɔnta ɖe míaƒe nuwɔnawo ta: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”

Le dziɖuɖu dzɔdzɔe ŋuti mɔkpɔkpɔ dedziƒoname sia ta la, viɖenu ka gbegbee nye si wònye be míawɔ xɔlɔ̃ kple Mawu kplikplikpli! Hadede kple amesiwo hã di be yewoanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo akpe ɖe mía ŋu míate ŋu awɔ nusiwo ana míanɔ eƒe Fiaɖuƒe wɔnukua ƒe dziɖuɖu te ahase vivi le gɔmeɖose nyui siwo wòado ɖe ŋgɔ la me tsonuwo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ame fafawo “anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”​—PSALMO 37:11.