Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Avetsu Damawo—Ðe Míate Ŋu Awɔ Wo Ŋudɔ Evɔ Míatsrɔ̃ Wo Oa?

Avetsu Damawo—Ðe Míate Ŋu Awɔ Wo Ŋudɔ Evɔ Míatsrɔ̃ Wo Oa?

Avetsu Damawo​—Ðe Míate Ŋu Awɔ Wo Ŋudɔ Evɔ Míatsrɔ̃ Wo Oa?

ÐE NÈSENƐ le ɖokuiwò me be atidzedɔwɔlawo kpɔ mɔ atsrɔ̃ anyigba xɔdzo dzi vewo ɖa le xexeamea? Ðewohĩ àɖo eŋu be ao ɖe! Gake nugbagbewo kple wo nɔƒewo ŋutinunyala aɖewo ʋli nya be ame geɖe siwo aɖo eŋu be ao, lɔ̃ ɖe edzi xoxo be ẽ—le kpɔɖeŋu me, ne woƒle xɔmenu siwo wowɔ kple ati siwo tso avetsu siwo me atiawo ŋutɔ mie le ke menye esiwo amewo do o la me.

Zi geɖe la woƒoa nu tso atidzedze ŋu be enye avewo tsɔtsrɔ̃ ɖa. Eye nyateƒee wònye be atidzedzee na ave gbogbo aɖewo tsrɔ̃. Gake wogblɔna be wotso atiwo le ave aɖewo me eye nuwo megblẽ le wo me fũ o. Ðe avetsuwo kple wo me lãwo ate ŋu atsi agbe le atidzedze le wo me vɔ megbea? Gbã la, mina míadzro alesi atitsotso ate ŋu agblẽ nu le ave ŋui me.

Alesi Atitsotso Ate Ŋu Atsrɔ̃ Avenyigba Kple Gbemelãwoe

Nudzɔdzɔ ɖeka enye esia: Ŋutinya la dze egɔme esime anyigbakumɔ̃wo te mɔɖeɖe yi ɖe ave aɖe me. Eteƒe medidi o, atitsola siwo wɔa atitsomɔ̃wo ŋudɔ le klalo na atitsotso. Ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo koe woɖe mɔ na atidzedɔwɔha la be wòatsɔ atso atiwo, eyata wogblɔ na dɔwɔlawo be woatso ati ɖesiaɖe si ŋu viɖe le. Esi ati nyuiawo nɔ mumum la, wotsrɔ̃ ati bubu siwo nɔ wo ŋu siwo ŋu kawo ku. Emegbe mɔ̃ aɖe siwo zɔna le kɔsɔkɔsɔwo dzi ge ɖe ave dodoa me va nɔ atiawo fɔm, henɔ ke falɛfalɛa zim vaseɖe esime womeganyo na agbledede o.

Dɔwɔla siwo wɔa dɔ kple atidzelawo ɖua lã wu nutoa me nɔlawo. Wodzea avea dzi heléa lã; eye wowua lã geɖe wu esi hiã wo ŋutɔŋutɔ. Atitsolaawo ƒe mɔɖeɖe ɖe avea me nana mɔ va ʋuna ɖe afisiwo amewo meyina tsã o ŋu. Ele bɔbɔe azɔ be adelawo natsɔ ʋuwo kple tuwo aɖatsrɔ̃ gbemelã mamlɛ siwo susɔ. Lãlélawo léa lã sue kple xewo eye wowɔa wo wozua aƒemelã siwo womlã si me wokpɔa ga geɖe le. Emegbe afima nɔla akpe nane, siwo si anyigba mele o nɔa mɔnukpɔkpɔ dim be woadi woƒe nuhiahiãwo le teƒe yeye siwo ʋu ɖi la. Woƒe agbledede mɔnu si nana woƒoa nu hetɔa dzoe wɔnɛ be ati mamlɛ siwo susɔ va tsrɔ̃na, eye wònana tsidzadza gãwo kplɔa ke ɖa le anyigba la dzi.

Ne woagblɔe tututu la, avea magate ŋu awɔ nu o. Avea tsɔtsrɔ̃ ƒe afɔɖeɖe gbãtɔ koe atitsotsoa ya nye. Gake ɖe wòle be atitsotso le avetsu damawo me nana nuwo natsrɔ̃ le eme alea gbegbea?

Atitsomɔnu si Megblẽa Nu Fũ O

Wogbugbɔ ŋku lé ɖe atitsotso ƒe mɔnu si megblẽa nu fũ o kple avewo ta kpɔkpɔ ŋu le ƒe ʋɛ siwo va yi me. Susua enye be woadze atiawo le mɔ si magblẽ nu fũ le aveawo kple gbemelãwo ŋu o nu. Aveawo gagbugbɔna ɖoa woƒe nɔnɔ, si na woagate ŋu adze ati bubuwo le ƒe ʋɛ aɖewo megbe. Avewo ta kpɔlawo ƒe nyaƒoƒo ɖe asitsalawo nu wɔe be wo dometɔ aɖewo doa boblo woƒe atiwo be wotso ave siwo ŋu woɖi ɖase le be wokpɔ wo ta dedie la me. Mina míalé ŋku ɖe alesi atidzedze si megblẽa nu fũ le aveawo ŋu o la wɔa dɔe ŋu.

Aveŋutinunyala bibi kple eƒe kpeɖeŋutɔwo dzea mɔ heɖoa ta avea me. Wonyea ƒuƒoƒo geɖe siwo anɔ avea me hena ɣleti ade lɔƒo, eye woanɔ numekuku wɔm la dometɔ ɖeka. Woɖe mɔ na atidzedɔwɔha la be wòadze ati hena ɣeyiɣi didi aɖe, eyata dɔwɔlawo ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ alé ŋku ɖe atiawo ŋu hena avea ta kpɔkpɔ le etsɔme.

Aveŋutinunyala la tsɔa xexlẽdzesi dea dzesi ati ƒomeviwo vovovoawo. Esi ati ƒomevi vovovowoe li ta la, ele be wòanye amesi bi henya nu geɖe tso wo ŋu nyuie. Gake afɔɖeɖe si kplɔ esia ɖo bia egbegbe mɔ̃ɖaŋununya.

Aveŋutinunyala la tea asi ɖe mɔ̃ sue aɖe si xɔa mɔfiafia tso Yamenutomemɔ̃ si Ƒoa Xlã Anyigba gbɔ tsɔ ɖoa atia ƒe lolome, eƒomevi, kple eƒe xexlẽdzesi ŋuti nyatakakawo ɖa. Emegbe ne enya te asi ɖe mɔ̃a ƒe akpa si xɔa nyatakaka dzi ko la, atia ŋuti nyatakaka ɖesiaɖe tsɔ kpe ɖe afisi tututu wòle le avea me ŋu nyawo va gena ɖe kɔmpuita aɖe si le du gã aɖe si didi tso avea gbɔ, si me amewo le hloloe tsom le la me.

Emegbe avea dzikpɔla ƒe tatɔ zãna eƒe kɔmpiuta tsɔ tana ati siwo katã le avea me siwo ŋu viɖe le ŋuti nyatakakawo tsitotsito. Etiana ati siwo tututu woatso eye wòasɔ kple dumemegãwo ƒe sewo. Le ati ƒomevi aɖewo gome la, woɖe mɔ be woatso wo ƒomevi 50 le alafa me siwo ƒe lolome wu esi wofia asii le mɔɖegbalẽa ɖeɖeko me. Ele be woagblẽ ati tsitsitɔ kple esiwo ŋu ŋusẽ le wu ɖi be woƒe kuwo nate ŋu adzi ati bubuwo.

Ekema aleke woate ŋu amu atiwo eye womagblẽ nu le avea ŋu o? Nyɔ! ŋlɔlawo bia nya sia Roberto, amesi nye avedzikpɔla si míeyɔ va yi le nyati si do ŋgɔ me. Egblɔ be: “Atia ŋuti nyatakaka enye nu vevitɔ. Ne atia ŋuti nɔnɔmetata nya li ko la, míate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe etsotso ŋu be magblẽ nu boo aɖeke le avea ŋu o. Woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe afisi wòamu adze kura gɔ̃ hã ŋu be magagblẽ nu le ati bubuwo ŋu o.

“Míate ŋu azã mɔ̃ siwo wotsɔ hea atiwoe, wu be míazã anyigbakumɔ̃ siwo ɖea mɔ ɖe ati ɖesiaɖe si womu ŋu. Hafi woamu ati aɖe la, atitsolawo tsoa ka siwo katã ku ɖe atia ŋu godoo—wowɔa esia be woatsɔ akpɔ ati bubuwo ta. Míewɔa dɔ le afisi ŋu woɖe mɔ na mí le le ɖoɖo aɖe nu, si wɔnɛ be ƒe sia ƒe la míewɔa atiawo ŋuti nyatakakawo henɔ ɖewo tsom eye míeɖea mɔ ƒe 20 teti va yina hafi míegatrɔna yia afima ake. Le ave aɖewo gome la, enyea ƒe 30.”

Gake Roberto le dɔ wɔm le atidzedɔwɔƒe aɖe. Eyata Nyɔ! ŋlɔlawo biae be: “Aleke gbegbe atitsolawo tsɔa ɖe le gbemelãwo ta kpɔkpɔ mee?”

Lãwo Ta Kpɔkpɔ

Roberto gblɔ be: “Womate ŋu agblɔe be ave aɖe nyo ne lãwo mele eme o. Woƒe anyinɔnɔ le vevie be woate ŋu ana atiwo naƒo se alo be woana atikuwo nakaka. Míewɔa míatɔ sinua be míatsɔ aɖe nu vevi wɔwɔ avemelãwo dzi akpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔa egbɔ nyuie be míeɖe mɔwo eye wodidi tso wo nɔewo gbɔ. Le afisiwo wòanya wɔ le la, míeɖea mɔwo woxaxana si wɔnɛ be atiwo doa vɔvɔli ɖe wo dzi. Esia nana wònɔa bɔbɔe na lãwo abe kadzidɔewo kple fiewo be woada aba ayi mɔ ƒe akpa kemɛ eye mahiã be woaɖi le atiawo dzi o.”

Roberto fia asi ati ŋuti nɔnɔmetata ƒe teƒe siwo wode amae. Teƒe siawoe wòle be woagblẽ ɖi keŋkeŋ. Le kpɔɖeŋu me, teƒe sue siwo wogblẽna ɖi le tɔsisiwo to nana lãwo ɖea dzi ɖi heɖia tsa faa le avetsuawo me.

Eɖe nu me be: “Tsɔ kpe ɖe teƒe vevi siwo wogblẽna ɖi ɖe tɔsisiwo to ŋu megbe la, míegakpɔa kpetowo, agakpewo, blemati siwo me dowo le, ati siwo tsea ku viviwo ta—hekpe ɖe teƒe tɔxɛ bubu ɖesiaɖe si nugbagbe ƒomevi aɖe natsi agbe le ko la ŋu. Míede se na míaƒe dɔwɔlawo be woagatsɔ tu ɖe asi o be míatsɔ axe mɔ ɖe adedada nu, eye míewɔa ɖoɖo ɖe nyilã kple koklolã ŋu na wo le asaɖa la me ale be adelã nagadzro o. Emegbe ne míewu dɔwɔwɔ le akpa aɖe nu vɔ la, míekpɔa egbɔ be míexe mɔa wo nyuie alo akpɔ wo ta ale be adelawo alo atidzela siwo se meɖe mɔ na o nagage ɖe avea me.

“Nye ŋutɔ mekpɔa dzidzɔ ɖe esia ŋu elabena mekpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ta kpɔkpɔ ŋu. Gake ele be dukɔwo dome sewo nada asi ɖe afɔɖeɖe siwo katã kloe ŋu meƒo nu tsoe va yi ŋu hafi woate ŋu awɔ ave aɖe ŋudɔ ahakpɔ eta. Hafi atidzedɔwɔƒe aɖe naxɔ mɔɖegbalẽ la, ele be wòaɖo dukɔwo dome avedzikpɔlawo ƒe habɔbɔwo ƒe nudidiwo gbɔ.”

Ðe avewo ŋudɔwɔwɔ kple wo ta kpɔkpɔ ɖea via? Le avenyigba taʋlila ʋɛ siwo le abe Roberto ene megbe la, atidzela geɖe melɔ̃na ɖe ɖoɖo siwo akpɔ gbemelãwo ta dzi kple dzonɔameme o. Wobua mɔxeɖenu mawo abe nusi agblẽ nu le woƒe viɖekpɔkpɔ ŋu ene.

Ke hã numekuku aɖe si wowɔ le Amazon-nutoa ƒe ɣedzeƒe gome le ƒe 1990-awo me na woke ɖe ga si wogblẽna ɖe atiawo ŋuti nyatakakawo wɔwɔ, kawo tsotso le wo ŋu, ɖoɖo siwo wowɔna ɖe wo fɔfɔ ŋu la ŋu eye wokpɔe be wokpɔ ga mawo ɖe eteƒe, le ɖoɖo nyui wɔwɔ ɖe dɔa ŋu ta. Le kpɔɖeŋu me, ena be ati ʋɛ aɖewo koe bu le avea me. Zi geɖe la, atia ŋuti nyatakakawo mawɔmawɔ nana atitsola siwo wɔa atitsomɔ̃ ŋudɔ tsoa ati si dɔwɔlawo mate ŋu akpɔ le avea me o.

Azɔ hã woƒlea ati siwo wokafu be wotso le ave siwo ta wokpɔna me la kabakaba ale gbegbe. Gake ɖe atitsotso ƒe mɔnu si megblẽa nu boo o la kpɔa nugbagbe ƒomevi vovovowo ta ŋutɔŋutɔa? Gbemelã nenie tsia agbe ne wotso atiwo le avetsu dama mawo me?

Ðe Gbemelãwo Ate Ŋu Atsi Agbe le Atitsotso Vɔ Megbea?

Nyateƒee wònye be ŋusẽ boo menɔa anyigba xɔdzo dzi nugbagbewo kple wo nɔƒewo ŋu o ya. Ke hã nukutɔe la, wote ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme aɖewo nu. Le kpɔɖeŋu me, ne ave aɖe si ŋu womeka asii o te ɖe esi me wotso atiwo le ŋu la, ati sue vovovowo va tsina eye wova xɔna ɖe wo teƒe. Gake lãwo, xewo kple nudzodzoeviwo ya ɖe?

Nu gblẽna le nugbagbe ƒomevi aɖewo ŋu vevie, eye atidzedze na xe kple lã ƒomevi aɖewo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖena kpɔtɔna le nuto aɖewo me. Gake zi geɖe la, nu megblẽna le nugbagbe geɖewo ŋu boo ne wozã atitsotso ƒe mɔnu si megblẽa nu o. Nyateƒee wònye be vɔvɔli si megava nɔa teƒe aɖewo o la ate ŋu ade nugbagbe ƒomevi aɖewo dzi. Numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be amegbetɔwo ƒe afima yiyi—eɖanye ɖe wova be woatso ati tiatia aɖewo o—ate ŋu ana nugbagbe aɖewo nadzi ɖe edzi le avetsu damawo me.

Eyata kpeɖodzi geɖe li si ɖee fia be woate ŋu awɔ anyigba xɔdzo dzi vewo ŋudɔ, eye nu magblẽ le nugbagbe ƒomevi vovovo siwo le eme la ŋu tegbee o. London nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Economist gblɔ be: “Ne wokpɔ ave siwo me wometso ati aɖeke le haɖe o ta nyuie la, eƒe alafa memama 10 pɛ ko mee woakpɔ anyigba xɔdzo dzi ti sesẽwo ƒe hiahiã ɖesiaɖe le. Ekema woate ŋu agblẽ avea ƒe akpa mamlɛawo katã ɖi ati matsomatso le wo mee.”

Ave ta kpɔkpɔ keŋkeŋ ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye esi ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me. Ramiro le eta kpɔm elabena dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔ nugbagbe siwo tsrɔ̃ vɔ keŋkeŋ kloe la dometɔ geɖe le afima. Todzi vetsu dama mawo tɔgbe megabɔ o eye nugbagbe ƒomevi vovovo gbogbo aɖewoe le wo me. Ramiro gblɔ be: “Numekɔkɔ nana amewo ku ɖe etakpɔkpɔ ŋu koŋue nye nu vevitɔ. Ne nutoa me nɔlawo va de dzesii be yewo ƒe tsi kpɔkpɔ nɔ te ɖe avea dzi ko la, wotsia dzi ɖe eta kpɔkpɔ ŋu.”

Ramiro gagblɔ kpee be: “Modzakatsaɖiɖi hã le vevie elabena tsaɖilawo va nyana nusita wòle vevie be woakpɔ ati kple numiemie vovovo siwo wokpɔna la ta. Wodea dzesi asixɔxɔ si le avewo kple wo me lãwo ŋu.”

Ramiro kple Roberto ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be anya wɔ be amegbetɔ nawɔ avetsuwo ŋudɔ eye womatsrɔ̃ wo me lãwo o. Gake nyateƒe si wònye be anya wɔ mefia be ava eme le eɖokui si o. Egbea la, ame aɖewo akpɔ egbɔ be yewoƒle ati siwo tso ave siwo wode dzesi be wokpɔa wo ta dedie la ko me. Gake le ame aɖewo gome la, ɖoɖo mawo dometɔ aɖeke meli o. Eyata agbagba siwo dzem wole ɖe avewo ta kpɔkpɔ ŋu ate ŋu akpɔ nugbagbe ƒomevi vovovowo taa?

[Anyigbatata siwo le axa 23]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

BOLIVIA

Ati ɖesiaɖe ŋu nyawo le ɖusime nyigbatata dzi; etame nyigbatataa fia Bolivia ƒe nuto sue aɖe ko

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Anyigbatatawo katã negbe esi le dzi le miakpa dzi ko: Aserradero San Martin S.R.L., Bolivia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Wona xexlẽdzesi ati ɖesiaɖe, eye wodea dzesi eƒomeviwo. Emegbe wote ŋu wɔa afisi tututu wòle ŋuti nuŋlɔɖi to nuwo nɔƒefiamɔ̃ (esi le etame) si zãa Yamenutomemɔ̃ si Ƒoa Xlã Anyigba la ƒe kpekpeɖeŋu dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

‘Ave ŋuti nyatakakae nye nu vevitɔ na ɖoɖowɔwɔ ɖe atidzedze ƒe mɔnu si magblẽ avea kple emelãwo dome tegbee o ŋu.’​—Roberto

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

“Numekɔkɔ nana amewo ku ɖe etakpɔkpɔ ŋu koŋue nye nu vevitɔ.”​—Ramiro

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]

Foto: Zoo de Baños