Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Avetsu Damawo—Ðe Woate Ŋu Akpɔ Wo Taa?

Avetsu Damawo—Ðe Woate Ŋu Akpɔ Wo Taa?

Avetsu Damawo​—Ðe Woate Ŋu Akpɔ Wo Taa?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE BOLIVIA GBƆ

BALI aɖe si me avetsu gã aɖe le, le Ramiro si. * Bali sia si le Anyiehe Amerika ƒe Andes-towo gɔme la nye nuto ʋɛ siwo me woagate ŋu akpɔ blematiwo le la dometɔ ɖeka. Avewo vɔ le togbɛawo katã dzi keŋkeŋ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo zɔa mɔ tso didiƒe kple kpuiƒewo va srɔ̃a nu tso Ramiro ƒe avetsu dama la ŋu, eye woke ɖe nugbagbe ƒomevi vovovo siwo ŋu womewɔ numekuku le kpɔ o ŋu. Ramiro tsɔa ɖe le nuwo ta kpɔkpɔ me vevie. Egblɔ be: “Nyemana woatso ati le nye avea me gbeɖe o.”

Roberto hã kpɔa anyigba xɔdzo dzi ve si lolo kilometa 5,600 le dzogoe eneawo katã me, eye wòle Amazon-bali la me dzi. Enye avedzikpɔla bibi si tsoa atiwo eye wòdzranɛ na dutadukɔwo. Gake Roberto gakpɔa dzidzɔ vevie ɖe avetsuwo kple eme lãwo ta kpɔkpɔ hã ŋu. Egblɔ gbeteteɖedzitɔe be: “Woate ŋu atso atiwo gake ahakpɔ egbɔ be nu magblẽ le nugbagbe ƒomevi vovovoawo ŋu tegbee o.”

Togbɔ be Ramiro kple Roberto nye ame vovovowo hã la, wotsɔa ɖe le avetsuwo ƒe dedienɔnɔ me vevie. Gake menye woawo ɖeɖekoe le nenema o. Anyigba xɔdzo dzi vewo dome gbegblẽ yakatsyɔ si yi edzi kabakaba le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me la dzi ŋɔ ale gbegbe.

Ðe ɖetsɔleme ɖeɖe fia alea nye nusi gbɔ eme akpaa? Ne èbu eŋu kpɔ la, le ƒe alafa siwo va yi me la, amewo ƒoa ave gbogbo siwo le nuto siwo mexɔ dzo fũ o me hena agbledede. Eyata nukatae wòle be woatsi dzi ne amesiwo le anyigba xɔdzowo dzi hã le nu ma ke wɔm? Vovototo gã aɖe le wo dome. Le kpɔɖeŋu me, anyigba mawɔnu dzie anyigba xɔdzo dzi vewo lɔ̃a nɔnɔ, eye wònyea afisi agbledede medea ame dzi le tututu o. Azɔ hã, nugbagbe ƒomevi vovovowo ŋutɔe nɔa aveawo me; eye wo ɖeɖe ɖa gblẽa nu le ameƒomea katã ŋu.

Kuxi Siwo Avewo Tsɔtsrɔ̃ Hena Vɛ

Nugbagbe ƒomevi vovovo siwo le xexeame godoo ƒe afã kple edzivɔ nɔa ave siwo le anyigba xɔdzowo dzi me. Tso fie kple kpɔ̃ dzi vaseɖe adru si mebɔ o kple seƒoƒo si woyɔna be orchid dzi, tso da kple akpɔkplɔ dzi vaseɖe kpakpaluʋui siwo mebɔ o kple ako dzi—eye womate ŋu axlẽ nugbagbe siawo ɖekaɖeka o.

Agbenɔnɔ le anyigba xɔdzo dzi ve vovovowo me dea nugbagbe ƒomevi vovovowo dzi. Ave ƒomevi vovovo siwo nye todzi vetsu dama siwo tsina ʋɛʋɛʋɛ, ave dodo damawo, anyigba xɔdzowo dzi ve kple ave siwo me atiwo le tatata la li. Gake ame geɖe mede ave siwo nɔa anyigba xɔdzowo dzi me kpɔ o. Ðewohĩ wò hã mège ɖe eme kpɔ o. Ekema nukatae wòle be nàtsɔ ɖe le teƒe siawo me?

Ave siwo le anyigba xɔdzowo dzi ta kpɔkpɔ le vevie elabena numiemie gbogbo siwo ŋudɔ wowɔna le aƒeme kple le asitsanyawo me siaa siwo dzi wò agbe nɔ te ɖo hã gahiã esiwo miena le wo ɖokui si le gbeme, siwo te ŋu wɔna nyuie le teƒe mawo. Wotrɔa asi le ati siawo siwo miena le wo ɖokui si ŋu eye wowɔa wo ŋudɔ ɣeaɖewoɣi eye ati yeyewo dona tsoa wo me siwo te ŋu nɔa te ɖe dɔléle kple lãvi gblẽnuwo nu wu. Eyata domenyiŋusẽfianu vovovo siwo nɔa nusiawo me la hiã vevie ŋutɔ.

Azɔ hã numekulawo le nu geɖe siwo ŋu viɖe le kpɔm tso anyigba xɔdzo dzi ve siawo me. Le kpɔɖeŋu me, ave siawo mee wole atike gbogbo siwo li fifia la kpɔm tsoe. Eyata zi geɖe la, wotsɔa nugbagbe ƒomevi vovovo siwo nɔa anyigba xɔdzowo dzi vewo me sɔna kple agbalẽdzraɖoƒe aɖe si le agbe, eye enye esi womekpɔ ʋu “agbalẽ” akpa gãtɔ siwo le eme haɖe o.

Nugbagbe Beli Siwo Do Ka Kple Wo Nɔewo

Fafa si nɔa nuto siwo ƒoa xlã anyigba xɔdzo dzi vewo medea ame dzi kura o eye wòwɔ nuku ale gbegbe. Nugbagbe akpe nane siwo nɔa afima hiã wo nɔewo ƒe kpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, numiemie geɖe hiã na xe, nudzodzoevi, alo lã aɖewo ƒomevi koŋ hafi woate ŋu aƒo se eye be woƒe kuwo hã nate ŋu akaka. Esi nugbagbewo ƒe agbenɔnɔ wɔnuku alea ta la, avea agate ŋu agbugbɔ nugbagbe siawo katã siwo nye numiemie, lãwo, nudzodzoeviwo, kple nugbagbevi sue siwo le eme la ŋudɔ awɔ. Nukutɔe la, menye anyigba wɔnu dzie nugbagbe siawo siwo ƒe anyinɔnɔ wɔnuku alea nɔna o. Ne wonya tsrɔ̃e ɖa ko la, ate ŋu asesẽ alo maganya wɔ be avea nagagbugbɔ aɖo eteƒe o.

Anyigba xɔdzo dzi ve siawo dzie ame geɖewo nɔa agbe ɖo. Tsɔ kpe ɖe alesi ave siwo nɔa anyigba xɔdzo dzi nyea afisi sɔ na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku wɔwɔ kple modzakatsaɖiɖi ŋu la, viɖe geɖe gale wo ŋu elabena afimae wokpɔa atiwo, nukuwo, anyitsi, ne, aŋe, kple atimitsi tsonae. Gake ave siwo nɔa anyigba xɔdzowo dzi le vɔvɔm kabakaba ale gbegbe. Xexlẽmea ŋutɔŋutɔ mele nyanya o gake nu ɖeka aɖe ya ɖe dzesi: Aveawo le vɔvɔm kabakaba.

Nusi na nutowo dome gbegblẽ alea mesɔ kura o enye be amewo gblẽa ave siawo dome menye ɖe viɖe si woakpɔ ɖaa ta o. Wotrɔ ave siawo dometɔ geɖe wòzu nyiwo ƒe gbeɖuƒe. Gake enuenu la, anyigbaa megatea ŋu wɔa nu be wòalé lãha siawo ƒe agbe ɖe te o eye wogblẽnɛ ɖi. Woka nya ta be wogblẽ Braziltɔwo ƒe Amazon-nuto si nye anyigba si keke kilometa 165,000 le dzogoe eneawo katã me la ɖi.

Mɔkpɔkpɔ kae li na ave dama siwo me gbemelã gbogbowo nɔna la? Ramiro, Roberto, kple ame bubu geɖe siwo le abe woawo ene le kutri kum be woakpɔ anyigba xɔdzo dzi vewo ta tso dukɔwo dome sitsatsa, amewo ƒe agbɔsɔsɔ fũ, lãlélawo, adedada kple atitsotso manɔsenu ŋuti kuxiwo si me. Gake nukawo koŋue hea avenyigbawo tsɔtsrɔ̃ ɖa vɛ? Ðe mɔ aɖe li si dzi woate ŋu ato awɔ ave damawo ŋudɔ eye womatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ oa?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Avetsu siwo wobuna be wonye todzi vewoe avetsu siwo le teƒe si kɔkɔ wu meta 1,000 la nye.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Lã ƒomevi vovovo kpakple numiemie ƒomevi gbogbo siwo le xexeame godoo dometɔ akpa gãtɔ le anyigba xɔdzowo dzi vewo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20, 21]

Atitsolawo kple mɔwo dodo ate ŋu agblẽ nu le ave damawo ŋu