Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Egbɔkpɔnu Vavãtɔ—Afikae Wòatso?

Egbɔkpɔnu Vavãtɔ—Afikae Wòatso?

Egbɔkpɔnu Vavãtɔ​—Afikae Wòatso?

EDZE abe nuvlowɔwɔ va zu amegbetɔƒome si li egbea ƒe akpa aɖe si maɖe ɖa gbeɖegbeɖe o ene. Togbɔ be hadomedɔwɔlawo, sedzikpɔdɔwɔlawo, kple nuvlowɔlaɖɔɖolawo le agbagba geɖe dzem le nɔnɔmea ŋu hã la, afɔkuteƒe manyanɔ ko zumee xexeame va le gbawotsyogbe. Ðe egbɔkpɔnu aɖe lia?

Biblia ɖee fia be tɔtrɔ gã aɖe gbɔna. Tɔtrɔ sia mava to amegbetɔ dziɖuɖuwo ƒe agbagbadzedzewo dzi o. Taɖodzinu kɔkɔ kawoe ɖale amegbetɔ dziɖulawo si o, ŋutete mele wo ŋu woakpɔ kuxia gbɔ o. Ŋusẽ kple dɔwɔnu si woatsɔ aɖe nusi gbɔ nuvlowɔwɔ tsona ɖa alo aɖo nuɖoanyi si me dedienɔnɔ anɔ ɖaa anyi la mele wo si kura o.

Mía Wɔlae ahe tɔtrɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la vɛ. Esi wònye xexeame Wɔla ta la, ŋusẽ kple gome le esi be wòawɔ nusi amegbetɔwo mate ŋu awɔ o. Biblia ɖɔe be enye ‘amesi na amegãwo zu nu maɖinu, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo zu tofloko, ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ le esi.’ (Yesaya 40:23-26) Tɔtrɔ kawo ƒe ŋugbee Mawu do, eye xexeme si nyo wu ŋuti mɔkpɔkpɔ vavã kawoe esiawo na mí?

Psalmo 37:10 na míenya be Mawu do ŋugbe be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe [ame vɔ̃ɖi teƒe] la, màgakpɔe o.” Mawu ɖoe be yeaɖe ame vɔ̃ɖi siwo medi kura be yewoawɔ tɔtrɔ aɖeke kura o la ɖa. Gake menye amewo katã tsrɔ̃ gee wòala o. Hakpala la gblɔ le amesiwo lɔ̃ be yewoatrɔ azu ame fafawo, ɖokuibɔbɔlawo, kple ŋutifafamewo ŋu be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.” Ne woɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa la, amesiwo asusɔ anɔ ‘ŋutifafa geɖe’ me—le xexe si me nuvlowɔwɔ ƒomevi aɖeke manɔ o me.—Psalmo 37:11, 34.

Susu Kple Dzi ƒe Tɔtrɔwɔwɔ Hiã

Be woakpɔ nuvlowɔwɔ ƒe kuxia gbɔ tegbetegbe la, ame vɔ̃ɖiwo tsɔtsrɔ̃ ahakpɔ ame nyuiwo ta ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Zi geɖe la, hehe manyomanyo nana amewo ƒe dzi kple susu gbɔe nuvlowɔwɔ tsona. Ke hã, afisiae Mawu ƒe dziɖuɖu awɔ nu wòade ŋgɔ wu amegbetɔwo tɔ le. Woafia nu amewo atsɔ ana hehe wo bena woalɔ̃ nudzɔdzɔewɔwɔ. Yesaya 54:13 gblɔ be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.”

Hehexɔxɔ sia me tsonuwo ado dzidzɔ na ame ale gbegbe! Biblia ƒo nu tso tɔtrɔ siwo amesiwo wɔa nu abe lãwo ene tsã la awɔ ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me. Egblɔ be: “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ.” Nukatae? “Elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:6, 9) Gake mehiã be mia kple wò ƒomea mialala anɔ mɔ kpɔm na tɔtrɔ siawo ƒe vava le etsɔme o. Nukatae?

Ate Ŋu Aɖe Vi na Wò Fifia Gɔ̃ Hã

Amewo li siwo le tɔtrɔ siwo hiã hena xexe aɖe si me nuvlowɔwɔ manɔ o me nɔnɔ wɔm fifia. Wole amenyenye yeye aɖe dom xoxo, si nye amenyenye si ƒomevi Mawu di tso amesiwo anɔ eƒe xexe yeyea me la si. (Petro II, 3:13) Wowɔa esia to Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ le woƒe agbenɔnɔ me me. Se alesi Biblia ɖɔ amenyenye dodzidzɔname siae ɖa ko: “Mina woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me, eye mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.”—Efesotɔwo 4:23, 24.

Kolosetɔwo 3:12-14 hã ɖɔ nɔnɔme nyui si dzianukwaretɔ geɖewo le tutum ɖo fifia. Egblɔ be: “Esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa, NW] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke! Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.”

Àdi be woakpe ɖe ye ŋu yeado Kristotɔwo ƒe amenyenye yeye laa? Yehowa Ðasefowo le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wole esia wɔm xoxo le xexeame godoo. Le kpekpe siwo wowɔna edziedzi le Fiaɖuƒe Akpatawo, kple takpekpewo me la, amesiwo nye nuvlowɔla sẽŋutawo gɔ̃ hã va srɔ̃ alesi woado ŋutifafa ƒe amenyenye lae. * Ne àdi be yeakpɔ viɖe tso Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui sia me la, ekema mègahe ɖe megbe kura le magazine sia talawo didi me o. Anye dzidzɔ na wo be yewoakpe ɖe ŋuwò nànɔ amesiwo le dzadzram ɖo fifia be yewoava nɔ Mawu ƒe xexe yeye si me nuvlowɔwɔ manɔ o me la dome.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Kpɔ eƒe kpɔɖeŋuwo le Nyɔ!, May 8, 2001, axa 8-10 me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ame miliɔn geɖe le hehe xɔm hena agbenɔnɔ le xexe aɖe si me nuvlowɔwɔ manɔ o me