Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Vevi si Léa Agbe Ðe Te—Tsi

Nu Vevi si Léa Agbe Ðe Te—Tsi

Nu Vevi si Léa Agbe Ðe Te​—Tsi

YESU ƒo nu tso tsivudo aɖe si anɔ dzidzim le ame me ahana agbe mavɔe ŋu na Samaria-nyɔnu aɖe si va tsi du ge le vudo aɖe me. (Yohanes 4:14) Togbɔ be kpɔɖeŋutsi ŋue wònɔ nu ƒom tsoe hã la, tsi ŋutɔŋutɔ nye nu vevi aɖe na agbe, eyae nye nu vevitɔ si lé agbe ɖe te le ya si míegbɔna megbe. Ame ate ŋu anɔ agbe nu maɖumaɖui kwasiɖa geɖe, gake ŋkeke atɔ̃ lɔƒo koe wòate ŋu anɔ agbe tsi manomanoe!

Míaƒe kpekpeme ƒe akpa etɔ̃ kloe le ene me nye tsi. Le kpɔɖeŋu me, ahɔhɔ̃a ƒe akpa 75 va ɖo 85 le alafa me nye tsi, eye míaƒe lãkusi ƒe akpa 70 le alafa me nye tsi. Hekpe ɖe viɖe siwo míekpɔna tsoa tsinono me ŋu la, ekpena ɖe mía ŋu le nusi míeɖu tutu kple nunyiame ɖeɖe tso eme kple nunyiamea tsɔtsɔ yi na lãmenugbagbeviwo me. Eɖea aɖi kple nu gbegblẽ bubuwo ɖa, enaa míaƒe kpeƒewo kple dɔgboa ƒe teƒeteƒewo bɔbɔna, henana be ŋutilãa ƒe dzoxɔxɔ dana sɔna. Gake ènya be tsi geɖe nono nana hã be woɖea lolo dzi kpɔtɔnaa?

No Tsi Nàtsɔ Aɖe Lolo Dzi Akpɔtɔe

Gbã la, nuɖuɖumeŋusẽ mele tsi me o, ami kple ʋumemi mele eme o, eye atike ƒomevi aɖewo siwo le abe dze ene (sodium) mesɔ gbɔ ɖe eme o. Evelia, eɖea nuɖuɖu ƒe ame dzodzro vevie dzi kpɔtɔna. Etɔ̃lia, tsi kpena ɖe ŋutilãa ŋu be wòawɔ ami si wòdzra ɖo ɖe eɖokui me la ŋudɔ. To mɔ ka nu? Ne ayikuwo mekpɔ tsi sɔ gbɔ o la, womate ŋu awɔ dɔ nyuie o. Ne edzɔ nenema la, aklã xɔa dɔa ƒe akpa aɖe wɔna, gake ema wɔwɔ ɖea ŋutete si le esi be wòawɔ ami si le ŋutilãa me ŋudɔ nyuie la dzi kpɔtɔna. Esia wɔnɛ be ami tsiaa ŋutilãa me, henaa wololona ɖe edzi. Le esia ta Ðk. Donald Robertson, si nye Lolo Akpa Ŋuti Nuɖuɖu Fiaƒe si le Anyieheɣetoɖoƒe Scottsdale, Arizona, U.S.A., gblɔ be: “Tsi nono sɔ gbɔ nye mɔnu vevi hena lolo dzi ɖeɖe kpɔtɔ. Ne amesiwo le agbagba dzem be yewoaɖe lolo dzi akpɔtɔ menoa tsi sɔ gbɔ o la, ŋutilãa mate ŋu awɔ ami si le eme la ŋudɔ nyuie o.”

Ele eme be zi geɖe la, tsi geɖe fũ akpa ƒe lã me tsitsi na ame naa wololona. Eyatae amesiwo tsi geɖe fũ akpa lɔ̃a lã me tsitsi na susuna be yewoƒe tsinono dzi ɖeɖe kpɔtɔ akpɔ kuxia gbɔ. Gake tsi manomano zã boŋue nana wololona. Ne tsi mesɔ gbɔ le ŋutilãa me o la, edina be yeazi tsi suetɔ kekeake si wòakpɔ la ɖi, hedzranɛ ɖo ɖe teƒewo abe afɔbaya, asi, kple afɔ ene me. Eyata nuɖuɖuŋutinunyalawo kafui be míatsɔ nusi míaƒe ŋutilã hiã la anae—si nye tsi sɔgbɔ nono. Eye ɖo ŋku edzi be ne èɖua dze zã la, ahiã be ŋutilãa nalé tsi sɔgbɔ ɖi be yeatsɔ anɔ dzea dzromee.

Na Wò Ŋutilã Nanɔ Tsi Sɔgbɔ Kpɔm

Gbesiagbe le mama dedie nu la, tsi lita eve toa ŋutigbalẽa, dzitodzitoa, dɔkaviawo, kple ayikuawo me dona le mía ŋu. To yagbɔgbɔ dzaa ko me la, tsi lita afã kloe dona le mía ŋu gbesiagbe. Ne míegbugbɔ tsi sia ɖo eteƒe o la, tsi ate ŋu avɔ le lã me na mí. Tsivɔlelãmename ƒe dzesi aɖewoe nye taɖuame, ɖeɖiteameŋu, lãmekaveame, aɖuɖɔ ƒe biabiã, ŋutilã ƒe dzoxɔxɔ kabakaba, kpakple nuyi kple ŋku ƒe ƒuƒu kplakplakpla.

Eyata tsi agbɔsɔsɔ kae wòle be míano? Ðk. Howard Flaks, si nye lolo akpa ŋutinunyala gblɔ be: “Ne amesi le lãmesẽ me meno tsi kura o la, ele be wòano tso lita eve yi eve kple afã ya teti gbesiagbe. Ahiã be nàno wu ema ne èdea kame vevie alo nèle nuto xɔdzo me. Eye ele be amesiwo lolo akpa nagano lita memama ene akpee ɖe kilogram 10 ɖesiaɖe si agakpe woƒe kpekpeme nyuitɔ ŋu.” Gake ame aɖewo le gbɔgblɔm fifia be ne tsikɔ le ame wum hafi wòhiã be wòano tsi, togbɔ be ne tsikɔ wu amea vevie la, tsi anya vɔ le lã me nɛ ɖo afi aɖe xoxo hã.

Ðe woate ŋu ano nunono bubuwo ɖe tsi ŋutɔŋutɔ teƒea? Togbɔ be atikutsetse me tsi si wodzro kple tsi nyo hã la, womenye tsi si me nuɖuɖumeŋusẽ mele o. Azɔ hã, nunono siwo me sukli kple nyinotsi geɖe le dzia ŋutilãa ƒe tsi hiahiã ɖe edzi, elabena ehiã tsi wòatsɔ atu woe. Eye nunono siwo me aha muame kple caffeine le, abe tii kple kɔfi ene, naa woɖɔa aɖuɖɔ kabakaba, si naa wòhiãna be woano tsi geɖe atsɔ aɖo esi do la teƒe. Nu bubu aɖeke kura meli woatsɔ aɖo nu vevi ma, si nye tsi teƒe o. Eyata nukata màno tsi kplu ɖeka fifi laa o?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 13]

Aɖaŋuɖoɖowo Hena Tsinono Dzidzi Ðe Edzi

● Tsigoe nenɔ ŋuwò ɣesiaɣi.

● No tsi kplu ɖeka le nuɖuɖu ɖesiaɖe megbe.

● No tsi do ŋgɔ na kamedede, le kamedeɣia, kple le kamedede megbe.

● No tsi le gbɔɖemeɣiwo tsɔ wu be nànɔ kɔfi nom.

● Be nàtrɔ asi le pɔmpi me tsi ŋu wòavivi la, fia voŋuti me tsi ɖe eme alo nàtsyɔe.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 12]

Foto: www.comstock.com