Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ—Eŋuti Nukpɔsusu Siwo Tsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu

Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ—Eŋuti Nukpɔsusu Siwo Tsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu

Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ​—Eŋuti Nukpɔsusu Siwo Tsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu

“Edea dzodzro sẽŋu si mele be wòanɔ ame me o la eme, enyɔa didi sẽŋu si mele be woaɖi kɔ na gbeɖe o ɖe ame me.”—Tony Parsons, nyadzɔdzɔŋlɔla.

JOHN meɖoe koŋ be ‘gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ le Internet dzi’ nazu numame na ye hafi o. * Abe alesi wòdzɔna ɖe ame bubu siwo doa go amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔnuwɔnawo le kɔmpiuta dzi numedzroƒe mawo le vo me gome ene la, nenema ke eya hã nɔ Internet zãm eye wòdo go nyatakakadiƒe si ʋua mɔ ɖe kɔmpiuta dzi numedzroƒe aɖe si ƒe dzeɖoɖo kuna ɖe gbɔdɔdɔnyawo ŋu le vo me gbeɖeka. Eteƒe medidi o, eva ƒo eɖokui ɖe kɔmpiuta dzi dzeɖoɖo si kuna ɖe gbɔdɔdɔnyawo ŋu me vĩ. Egblɔ be: “Melalana be srɔ̃nye nayi dɔme, ekema mefɔna le aba dzi kpata hezãna gaƒoƒo geɖe ɖe kɔmpiuta ŋu.” Le amamaɖeɖenuwɔna siwo didi legbee gome la, metɔna be yeaɖu nu alo ano tsi gɔ̃ hã o. Egblɔ be: “Nyemesea dɔwuame hã o.” Ete alakpanyawo gbɔgblɔ na srɔ̃a tso bebemenuwɔna siwo wɔm wònɔ la ŋu. Ena eƒe susu meganɔa nu ŋu nɔm le dɔme o, eye wòva nɔ amesi dzi womegakana ɖo o zum gbawotsyogbe. Esia va nɔ nu gblẽm le eƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu, eye mlɔeba srɔ̃a va de dzesii esi wòwɔ ɖoɖo be yeado go kple amesiwo wònɔa ka dom kplii le kɔmpiuta dzi la dometɔ ɖeka. Egbea la wole dɔ dam na John ɖe eƒe numamea ta.

Amesiwo tsi tre ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu zãa ŋutinya siawo tɔgbe tsɔ ɖoa kpe amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ me tsonu gbegblẽwo dzii. Wogblɔna be egblẽa ƒomedodo dome, ɖia gbɔ nyɔnuwo, hegblẽa nu le ɖeviwo ŋu, eye wònaa gbɔdɔdɔnuwɔna totro si me afɔku le ŋuti nukpɔsusu va nɔa ame si. Gake amesiwo ʋlia amamaɖeɖenuwɔnawo ta gblɔna be enye nuwɔna si woakpɔ faa eye wobua amesiwo tsia tre ɖe eŋu be wonye amesiwo kpea ŋu gbɔdɔdɔnyawo. Amamaɖeɖenuwɔna taʋlila ɖeka ŋlɔ be: “Mele be amewo nakpe ŋu le amesi ŋu woate ɖo hena kɔɖiɖi na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si le wo me o. Woate ŋu ato amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ dzi atsɔ adze dzeɖoɖo siwo ku ɖe gbɔdɔdɔnyawo ŋu gɔme.” Wo dometɔ aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be alesi amamaɖeɖenuwɔnawo bɔ fia be amewo le ŋute le susu me. Agbalẽŋlɔla Brian McNair gblɔ be: “Amesiwo tsi ate ŋu aɖe dzi ɖi ahanɔ te ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna siwo yia edzi le ame tsitsi siwo lɔ̃ ɖe edzi dome siwo woɖena fiana tsitotsito lae nye amesiwo ate ŋu akpɔ gome le gbɔdɔdɔ ƒomevi vovovo me eye woabu nyɔnuwo be wosɔ.”

Ðe nukpɔsusu vovovo si le amewo si ɖe amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ ŋu na wònye nusi dzi woada asi ɖoa? Nukatae wòxɔ aƒe ɖe afisiafi alea gbegbe ɖo? Ðe amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ nye nusi me afɔku le ŋutɔŋutɔa? Nyati siwo gbɔna aɖo biabia siawo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.