Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Aɖe Si Tso Lɔlɔ̃tɔ Aɖe Gbɔ

Lɛta Aɖe Si Tso Lɔlɔ̃tɔ Aɖe Gbɔ

Lɛta Aɖe Si Tso Lɔlɔ̃tɔ Aɖe Gbɔ

Ame aɖe si tso New York xlẽ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu eye wòtsɔe sɔ kple lɛta aɖe si tso lɔlɔ̃tɔ aɖe gbɔ, esi wògblɔ be: “Ta ɖesiaɖe ʋãa dzi na ame eye wònana lɔlɔ̃ na Yehowa yɔa ame me fũ.” Egagblɔ be: “Fifia si mewu agbalẽa xexlẽ nu la, ɖeko wòle be magagbugbɔ axlẽe enumake abe alesi nàwɔe ne èxɔ lɛta aɖe tso ame aɖe si nèlɔ̃na vevie gbɔ ene.” Bu nusi ame bubu aɖewo hã gblɔ ŋu kpɔ.

Ame aɖe si xlẽe le Kansas gblɔ be: “Mesee le ɖokuinye me be megate ɖe Fofonye si le dziƒo ŋu kplikplikpli wu. Nye dzi yɔ fũ kple lɔlɔ̃ . . . Megale mɔ kpɔm be magaxlẽ geɖe ŋdi sia ŋdi, eye magaxlẽe zi gbɔ zi geɖe.”

Nyɔnu aɖe si tso Maine ŋlɔ be: “Ena megase alesi Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ gɔme ɖe edzi geɖe wu! Dzideƒo ka gbegbee nye si nyagbe si le axa 74 me nye: ‘Le amesiwo aku gome la, teƒe aɖeke megale dedie wu woƒe Mawu ƒe susu me nɔnɔ o.’” Lɛta ŋlɔla aɖe si tso Alaska gblɔ nya ma tɔgbe be: “Agbalẽa wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be mefa avi.” Egagblɔ be: “Magaxlẽe adi nyawo le eme zi gbɔ zi geɖe godoo.”

Míexɔe se be àsee le ɖokuiwò me nenema ne èxlẽ agbalẽ sia. Le eƒe ta etɔ̃ gbãtɔa megbe la, woma agbalẽa ɖe akpa ene me siwo nye ‘Ŋusẽ Geɖe Le Esi,’ ‘Amesi Lɔ̃a Dzɔdzɔenyenye,’ “Dzi Nyanu Le Esi,” “Mawu Enye Lɔlɔ̃.” Woƒo eta kple ta si nye ‘Te Ðe Mawu Ŋu, eye Wòate Ðe Ŋuwò.’

Àte ŋu abia woaɖo axa 320 gbalẽ sia si ƒe akpa metri o ɖeka ɖe wò ne èkpe agbalẽvi si le afisia ɖo heɖoe ɖe adrɛs si wona le ete alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

□ Medi be miaɖo agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu ɖeka ɖem.

Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si nèdi.

□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.