Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mègaŋlɔ Wò Xexi Be O!”

“Mègaŋlɔ Wò Xexi Be O!”

“Mègaŋlɔ Wò Xexi Be O!”

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE BRITAIN GBƆ

AME akpa gãtɔ tsɔa xexi gbesiagbe kloe le Britain. Màte ŋu anya ne tsi madza o. Ne míele dzodzom le aƒeme la míeɖoa ŋku edzi na mía nɔewo be “mègaŋlɔ wò xexi be o!”​—gake míeɖea ŋu ɖi heŋlɔnɛ be ɖe bɔs alo keteke me alo ɖe fiase aɖe me. * Ẽ, míete ŋu ŋlɔa míata kpɔnua be bɔbɔe esi wòzu be míete ŋu ƒlea yeye ɣesiaɣi ta. Gake womebua xexi be enye nu tsɛ ɣesiaɣi nenema gbegbe o.

Eŋutinya Tɔxɛ Aɖe

Edze ƒã be menye tsidzadza ŋue wozã xexi gbãtɔ siwo woto vɛ ɖo o. Wonye ɖoƒe kple bubu ƒe dzesi, eye ame ŋkutawoe wozãnae na. Wokpɔ kpetata kple nɔnɔmetata siwo nɔ anyi ƒe akpe nanewo le blema Asiria, Egipte, Persia, kple India si me subɔviwo léa dzoya alo xexi ɖe asi na dziɖulawo ne ŋdɔ le ʋuʋum. Le Asiria la, fia koe woɖe mɔ na be wòazã xexi.

Le ŋutinya katã me la, xexi kpɔtɔ nye ŋusẽ ƒe dzesi vevietɔ le Asia. Xexi agbɔsɔsɔ si le fia sie ɖea eƒe ŋusẽ fiana, abe alesi wòdze le Burmatɔwo ƒe fia si woyɔna be Aƒetɔ si Si Xexi Blave Vɔ Ene le la gome ene. Ɣeaɖewoɣi la, ɖoɖo si nu woŋe xexia ɖo le vevie ŋutɔ. Woŋe China-fia ƒe xexi ɖe akpa ene me, eye Siam si nɔ anyi tsã ƒe fia tɔ le ɖoɖo adre alo asieke nu. Vaseɖe egbea gɔ̃ hã la, xexi gakpɔtɔ nye ŋusẽ ƒe dzesi le Ɣedzeƒe kple Afrika dukɔ aɖewo me.

Xexi Zazã le Subɔsubɔnyawo Me

Wowɔa xexi ŋudɔ le subɔsubɔnyawo me tso esime wotoe vɛ zi gbãtɔ. Blema Egiptetɔwo susui be mawunɔ Nut ye tsɔ eƒe ŋutilã xe anyigba blibo la katã tame abe xexi ene. Eyata amewo tsɔa ‘nu xea ta’ be eƒe ametakpɔkpɔ nanɔ yewo dzi. Le India kple China la, amewo xɔe se be xexi si woke tsi tre ɖi na dziƒo ƒe nɔnɔme nogo la. Buddhatɔ gbãtɔwo zãe wònye dzesi na Buddha, eye wotua xexi ɖe woƒe blema ŋkuɖodzikpewo dzi zi geɖe. Wowɔa xexi ŋudɔ le Hindu-subɔsubɔ hã me.

Kaka ƒe 500 D.M.Ŋ. naɖo la, xexi kaka ɖo Hela, afimae wokekea wo ɖe mawuwo kple mawunɔwo dzi le subɔsubɔzãwo dzi le. Atene-nyɔnuwo nana subɔviwo tsɔa xexi na wo, gake ŋutsu ʋɛ aɖewo koe lɔ̃na wozanɛ na wo. Kɔnu sia keke ta tso Hela ɖo Roma.

Roma Katoliko Ha zãa xexi le woƒe azãwo ɖuɣi wònyea atsyɔ̃ɖonu. Papa te xexi si wotsɔ seda wɔ eye wode amadede dzẽ kple aŋutiɖiɖi la zazã, eye papatenɔlawo kple bisiɔpwo zãa esi wode amadede blɔtɔ hẽ alo gbe mumu ƒe amadedee. Vaseɖe egbea la, zikpui aɖe le papa si le Basilicas si ŋu wowɔ ombrellone (xexi) si wotsɔ amadede siwo nye papatɔ la wɔe. Ombrellone nɔa papatenɔla si nɔa sɔlemea nu le papa aɖe ƒe ku megbe kple ɣeyiɣi si woatia bubu ɖe eteƒe la si wònyea eya ŋutɔ ƒe dzesi le ɣeyiɣi mawo me.

Tso Ŋdɔxenu Dzi Va Zu Tsixenu

Egbea la míedea vovo xexi siwo wozãna le tsidzaɣi kple esiwo wozãna tsɔ nɔa te ɖe ŋdɔ nu dome, gake esiawo dometɔ aɖeke ƒe ŋkɔ medo ka kple tsidzadza le mɔ aɖeke nu tso gɔmedzedzea me o. Eŋlisigbe me nya si gɔme woɖe be xexi dzɔ tso Latingbe me nya umbra, si fia “vɔvɔli” alo “fafɛƒe” tso ŋdɔ nu me. Anye China alo blema Roma nyɔnuwoe dze ami sisi ɖe woƒe xexi siwo wotsɔ pepa wɔ be wòakpɔ eta tso tsidzadza si me la gɔme. Gake ezazã atsɔ axe ŋdɔ alo tsidzadza nu ŋuti nukpɔsusua bu le Europa vaseɖe ƒe alafa 16 lia me esime Italytɔwo kple emegbe Franseawo gate wo zazã ake.

Kaka ƒe alafa 18 lia naɖo la, nyɔnu siwo nɔ Britain te xexi tsɔtsɔ, togbɔ be ŋutsuwo gbe kokoko be yewomatsɔ nusiwo wobuna nyɔnuwo ƒe nuzazãwoe o hã. Amesiwo si kɔfidzraƒewo le ko sie xexi nɔ, eye wokpɔe be anyo be ɖe nanɔ asitsɔƒe na nuƒlelawo ne yame ƒe nɔnɔmewo mede ame dzi o be woate ŋu azãe atsɔ age ɖe woƒe agbatsɔkekewo me. Subɔsubɔhakplɔlawo hã de dzesi eƒe vevienyenye ne wole amekukusɔleme wɔm le sɔlemexɔwo xa le tsidzaɣi.

Mɔzɔla kple dɔmenyodɔwɔla Jonas Hanway ye trɔ xexi ƒe ŋutinya le England. Wogblɔ be eyae nye ame gbãtɔ si ƒo dzi nɔ eye wòzãe le gaglãgbe le London. Esi wòkpɔ alesi ŋutsuwo nɔ ezãm esime wònɔ mɔ zɔm le dutadukɔwo me ta la, eɖoe kplikpaa be yeanɔ te ɖe agbatsɔkekekula siwo hlea ba ɖe eŋu ƒe dziku nu. Wokpɔa Hanway wòtsɔa xexi edziedzi hena ƒe 30, eye hafi wòaku le ƒe 1786 me la, ŋutsuwo kpakple nyɔnuwo siaa te xexi tsɔtsɔ ɖe asi dzidzɔtɔe.

Xexi tsɔtsɔ ɖe tsidzadza ŋu nye kuxi ŋutɔŋutɔ ɣemaɣi. Xexi mawo kpena, wo lolona, eye womenɔa kpokploe o. Seda alo avɔ titri siwo ŋu wosi ami ɖo kple ati suesue siwo léna avɔa ɖe te kpakple asiléƒe siwo wotsɔ ati alo bosoƒuwo wɔe nana wo keke sesẽna ne woƒo tsi, eye woɖuɖuna hã. Ke hã ame geɖe va nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu, vevietɔ esi xexiawo ƒeƒle mexɔ asi o ne wotsɔe sɔ kple agbatsɔkeke dada ne tsi dza. Xexiwɔlawo kple fiase siwo me wodzraa wo le la dzi ɖe edzi, eye ewɔlawo trɔ susu ɖe alesi woawɔ wo wòanyo ɖe edzi ŋu. Le ƒe alafa 19 lia ƒe domedome la, Samuel Fox wɔ Nyuitɔ kekeake ƒe kpɔɖeŋu aɖe, si wotsɔ ga sesẽ si wotu falɛfalɛ wɔ hefa ɖe avɔa ŋu. Avɔ siwo wotsɔ nuwo abe seda, ɖetifu, kple aŋe ene wɔe siwo metri o lae va xɔ ɖe nu kpekpe siwo wozãna tsã la teƒe. Alea wɔ woto egbegbe xexiwo vɛ enye esi.

Nuzazã si Nye Atsyɔ̃ɖonu

Dzoya alo xexi va bɔ fifia ale gbegbe be eva zu nuzazã si nye atsyɔ̃ɖonu na England nyɔnu si wɔ leke na eɖokui. Atsyã vovovo siwo tom wole vɛ na wowɔa xexiawo wololona eye wotsɔa seda kple avɔ bubu siwo wode ama dzeani vovovo siwo nana wònya kpɔna ale gbegbe. Zi geɖe wotsɔna esiwo sɔ kple woƒe nudodowo eye wodea atsyã vovovo xexiawo toga, wo ŋu kawo, atia kɔgo, kple eŋu gɔ̃ hã. Vevietɔ esi míege ɖe ƒe alafa 20 lia me la, makpɔ ɖetugbi siwo dina be yewoakpɔ yewoƒe ŋutigbalẽ ta dometɔ aɖeke be metsɔ xexi ɖe asi o.

Le ƒe 1920-awo me la, ŋdɔkutsu nu nɔnɔ be wòana ame ƒe ŋutigbalẽ nanyɔ va zu nusi nɔ tsia dzi, eyata xexi zazã bu kura. Fifia la míele ɣeyiɣi si me ɖekakpui doa eƒe aƒemewu heɖɔna eƒe kuku yibɔ eye wòŋlɔna eƒe xexi ɖe asi alo tɔna ɖe eŋu abe atizɔti ene.

Le xexemeʋa evelia megbe la, aɖaŋu yeye siwo wofɔ na woto xexi ƒomevi vovovowo vɛ, abe esiwo te ŋu ŋlɔna nyuie eye wotsɔ nylon, polyester, kple aŋe wɔ be wòate ŋu axe tsi. Fiase ʋɛ aɖewo me koe woate ŋu akpɔ xexi xɔasi mawo siwo woƒlena kabakaba la le. Gake egbea la, adzɔnuwɔƒewo wɔa xexi siwo le amadede vovovo me hele nɔnɔme vovovo me le agbɔsɔsɔ gã aɖe me eye womexɔ asi o, tso gãtɔ siwo gɔme ame ve te ŋu nɔna dzi va ɖo gãtɔ kekeake si ate ŋu axe modzakaɖeɖenuɖuɖu kplɔ̃ dzi kpakple suetɔ si woate ŋu atsɔ ade gakplo sue me.

Togbɔ be wobua xexi tsã be enye agbeɖunu kple ameŋkutanyenye ƒe dzesi hã la, fifia la xexiwo va bɔ amesiame ate ŋu aƒle, eye enyea nunɔamesi siwo buna wu dometɔ ɖeka. Enye nuzazã si kpena ɖe ame ŋu le ɣeyiɣi siwo me yame ƒe nɔnɔmewo medea ame dzi o me le xexeame ƒe afisiafi, eye gɔmesese si nɔ esi tsã si nye ŋdɔxenu nue wozãnɛ le le dukɔ aɖewo me esi wole nu xlɔ̃m amewo le afɔku siwo le ŋdɔ nu nɔnɔ fũ ŋu ta. Eyata ne wò hã ele dzodzom le aƒeme egbea la, ɖewohĩ àse ŋkuɖodzinya sia be: “Mègaŋlɔ wò xexi be o!”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Britaintɔwo yɔa xexi be “brolly.” Amerikatɔwo yɔnɛ ɣeaɖewoɣi be “bumbershoot.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

Xexi Ƒeƒle Kple Beléle Nɛ

Tia esi tsɔtsɔ asɔ na wò kple esi ŋu ŋusẽ le. Zi geɖe la, ati suesue siwo léna avɔa ɖe te mesɔa gbɔ le esiwo ƒe asi bɔbɔ eye wote ŋu ŋlɔna wo bɔbɔe dena kotoku gã me ya o gake mete ŋu nɔa te ɖe ya sesẽwo nu o. To vovo na emawo la esiwo ŋu ati le ate ŋu axɔ asi wu, gake wonɔa te ɖe yame ƒe nɔnɔmewo nu eye wonɔa anyi didina. Nyateƒee, xexi nyuitɔ ate ŋu anɔ anyi ƒe geɖe. Eka ƒomevie nèɖa tia o, kpɔ eta tso zãmu si me eye nàna wòaƒu nyuie hafi nàŋlɔe. Edede eƒe aku me nana wònɔa dzadzɛ henɔa dedie.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Subɔvi ke xexi ɖe Asiria-fia dzi

Nyɔnu aɖe si tsɔ xexi aɖe ɖe asi le blema Hela

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nɔmetatawo: The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Xexi aɖe le 1900 lɔƒo me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Culver Pictures