Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nane Si Ahom Sesẽwo Gɔ̃ Hã Mete Ŋu Gblẽ O

Nane Si Ahom Sesẽwo Gɔ̃ Hã Mete Ŋu Gblẽ O

Nane Si Ahom Sesẽwo Gɔ̃ Hã Mete Ŋu Gblẽ O

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SIWO LE GERMANY, AUSTRIA, MEXICO, KPLE KOREA GBƆ

LE ƑE 2002 me la, yame ƒe nɔnɔme manyomanyowo he afɔku dziŋɔwo va dukɔ geɖe dzii. Tsiɖɔɖɔ gãwo gblẽ nu le Europa vevie. Le xexeame ƒe akpa bubuwo la, ahom sesẽ aɖe tu hegblẽ nu le Mexico, eye ahom sesẽ aɖe gblẽ nu le Korea. Togbɔ be nudzɔdzɔ siawo wɔ nublanui ale gbegbe hã la, wodo ŋusẽ lɔlɔ̃kadodo si le Kristotɔ vavãwo dome.

Esi tsiɖɔɖɔwo gblẽ nu le Europa le ƒe 2002 megbe la, wobia Helmut Schmidt, si nye Ɣetoɖoƒe Germany tɔwo ƒe dudɔnunɔlagã si nɔ anyi tsã be kpekpeɖeŋu kae amesiwo ŋu afɔkua gblẽ nu le hiã hã. Eɖo eŋu be: “Ameawo hiã nuɖuɖu kple nɔƒe, wohiã ga, eye wohiã gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu.” Yehowa Ðasefowo wɔ akpa vevi aɖe le ŋutilã kple gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu siaa nana amesiwo tsia ɖe la me. Bu kpekpeɖeŋunadɔ si wowɔ le Germany, Austria, Mexico, kple Korea ŋu kpɔ ko.

Lɔlɔ̃nu Faa Kpekpeɖeŋunalawo le Germany

Esi Yehowa Ðasefo siwo le Germany se be tsi gãwo gbɔna dzadza ge agblẽ nu la, wo dometɔ geɖe wɔ ɖeka kple amewo le dɔ siwo wowɔ be woatsɔ axe mɔ ɖe tsia ƒe nu gbegblẽ nu la wɔwɔ me. Ƒe 19 vi Kathleen si le Dresden gblɔ be: “Nyemate ŋu anɔ anyi naneke mawɔmawɔe o. Esi menya se be ame aɖewo ƒe nunɔamesiwo katã ate ŋu abu la, meyi be nye hã mana kpekpeɖeŋu.”

Ðasefo siwo le Germany te ɖoɖowo wɔwɔ kpatakpata ɖe alesi woana kpekpeɖeŋu le mɔ si anyo wu nu. Esi wonye Kristotɔwo ta la, wode dzesii be agbanɔamedzi tɔxɛ aɖe le yewo dzi be yewoakpe ɖe yewoƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ŋu. Gake woɖe lɔlɔ̃ fia wo havi amegbetɔ bubuwo hã. (Marko 12:31) Eyata woƒo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 2,000 kple edzivɔwo nu ƒu hema wo ɖe ƒuƒoƒo siwo me ame 8 heyi 12 le, eye woɖo ƒuƒoƒo ɖesiaɖe ɖe dɔ gobii aɖe gbe le afɔkuteƒea. Le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Selters, Germany la, woɖo telefonxexlẽdzesi vovovo 13 ɖi na ame akpe nane siwo nɔ nya biam tso afɔkua ŋu to telefon dzi henɔ didim be yewoana kpekpeɖeŋu la ƒe kaƒoƒowo xɔxɔ.

Ronnie kple Dina nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, siwo zãa woƒe ɣeyiɣi ɖe kpekpeɖeŋunana wo xɔlɔ̃ kple wo havi siwo di be yewoasrɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea ŋu. Esi wose nu tso tsiɖɔɖɔ si gbɔna ŋu la, woyi Dresden-dugãa me be yewoakpe asi ɖe dɔ kpata siwo wɔm wonɔ be woatsɔ akpɔ blemaxɔ siwo le dua me tae la ŋu. Esi tsia mie vie la, Ronnie kple Dina yi ɖawɔ ɖeka kple Ðasefo bubuwo le Fiaɖuƒe Akpata si le Freital la me dzadzraɖo me. Emegbe ƒuƒoƒoa yi ɖana kpekpeɖeŋu wo havi bubuwo hã. Dzi dzɔ amesi ɖo nuɖuɖudzraƒe aɖe si le akpataa ŋgɔdze ale gbegbe esi Ðasefoawo va ha ba si tsia kplɔ kɔ ɖe eƒe xɔgɔmenudzraɖoxɔ kple dziƒoxɔtexɔa me hedzra wo me ɖo nyuie.

Siegfried kple Hannelore le kɔƒe si nye Colmnitz, si didi tso Dresden ƒe anyieheɣetoɖoƒe kilometa 40 lɔƒo la me. Tɔsisi si tsa to kɔƒea me la ɖɔ gbagba heɖe woƒe aƒe kple abɔ. Esi tsia mie vie la, Siegfried kple Hannelore ƒe aƒelikawo ƒe nu ku esime wokpɔ Ðasefo siwo ade 30, amesiwo nye amedzrowo va le woƒe aƒeme dzram ɖo. Emegbe ƒuƒoƒoa te ame bubuwo ƒe abɔ siwo tsɔ ɖe afima la me dzadzraɖo gɔme. Kɔƒea me tɔ geɖewo nɔ biabiam be nukae ʋã wo be wozɔ mɔ kilometa 100 kple edzivɔwo va le kpekpem ɖe amesiwo womedo go kpɔ o la ŋu hã. Ðasefoawo zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ na gbɔgbɔmedzideƒo amesiwo tsia ɖe le Colmnitz la.

Tsi ɖe nuto siwo ƒo xlã du si nye Wittenberg hã. Do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔa la, atsu kple asi aɖe siwo nye Ðasefowo, siwo ŋkɔe nye Frank kple Elfriede la kple woƒe aƒelikawo wɔ dɔ ŋkeke geɖe helɔ ke de kotokuwo tsɔ xe afisiwo tɔsisia agbagba toe. Esi tsia mie vie la, Frank kple Elfriede yi ɖasrã amesiwo tsia ɖe la kpɔ hetsɔ nuɖuɖu yi na wo hefa akɔ na wo hã. Frank gblɔ be: “Ewɔ nuku na nyɔnu aɖe si míesrã kpɔ la ŋutɔ be mí amesiwo nye amedzrowo míetsɔ nuɖuɖu vɛ na ye femaxee. Egblɔ na mí be yeƒe sɔlemetɔ aɖeke meva srã ye kpɔ o. Eye habɔbɔ aɖe si tsɔa nuɖuɖu vɛ na ye la xɔa ga le ye si ɣesiaɣi. Amewo ƒe nu ku ale gbegbe esime wokpɔ Yehowa Ðasefowo lé nuɖuɖu dzodzoewo ɖe asi, ke menye Biblia-srɔ̃gbalẽwo o.”

Wotso Ðe Afɔku Ŋu Kpata le—Austria

Tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le Austria si gbɔ medidi o la hã vevie. Woɖo kɔmiti etɔ̃ hena kpekpeɖeŋunadɔwo dzi kpɔkpɔ. Fiaɖuƒe Akpata etɔ̃ siwo ŋu nu gblẽ le vevie lae wodzra ɖo gbã. Azɔ hã le Ðasefowo dome la, tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le ƒome 100 kloe ŋu, heɖe aƒe 50. Ame aɖewo bu nusianu, awu si wodo koe tsi wo ŋu. Austria-lɔdzedɔwɔƒea na hame siwo le nutoa me nya nu tso nɔnɔmea ŋu, hewɔ ɖoɖo ɖe nudzɔdzɔwo ŋu na kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ. Kaka September naɖo la, wodzɔ dɔlar 34,000 kple edzivɔ sɔŋ.

Vidada aɖe ŋlɔ be: “Vinyeŋutsuvi si xɔ ƒe enyi la nye amesi léa be na ga ŋutɔ eye edzra dɔlar 14 ɖo. Gake esi wòse be mía nɔvi aɖewo bu woƒe nunɔamesi katã la, elɔ̃ faa tsɔ ga si wòdzra ɖo la katã dzɔ de kpekpeɖeŋunagaa me.”

Le Nutome Xɔtukɔmiti, si kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu dzi, ƒe mɔfiafia te la, woƒo xɔtudɔwɔlawo nu ƒu be woadzra aƒe siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le la ɖo. Nuteƒekpɔla aɖe gblɔ sesĩe be: “Ele be nyadzɔdzɔŋlɔlawo naŋlɔ nu tso dɔ si wɔm miele la ŋu.” Ame aɖewo gɔ̃ hã ɖe asi le nukpɔsusu si nɔ wo si ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu tsã la ŋu. Dzila aɖe si nye Ðasefo la gblɔ be: “Ɣesiaɣi si medze agbagba be maƒo nu tso nye xɔse ŋu na vinye siwo menye Ðasefowo o la, toku koe wodonɛ ɣesiaɣi. Gake fifia la, wote toɖoɖo azɔ!”

Wowɔ ɖoɖo na kpekpeɖeŋunana ame geɖe siwo menye Ðasefowo o hã. Le kpɔɖeŋu me, esi Ðasefo aɖe yi nyɔnu aɖe ƒe aƒeme le ŋdi ga 7:30 me hebiae be dɔ aɖe li wòadi be woakpe ɖe ye ŋu yeawɔ hã la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Ehiã be woaɖe nyɔnua le aƒea me, elabena tsia te gege ɖe eƒe aƒea me. Gake esi wòtrɔ gbɔ la, Ðasefoawo ŋlɔ nyatakaka aɖe tsɔ de eƒe abɔ ƒe ʋɔtru nu wòkpɔ. Nyatakakaa xlẽ ale: “Ne èhiã kpekpeɖeŋu la, na míanya enumake.” Ðasefoawo kpe ɖe eŋu dzra eƒe aƒea me ɖo heklɔ ba le eƒe nunɔamesiwo ŋu.

Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me ame 100 le yi du si nye Au me be yewoakpe ɖe Ðasefo siwo le afima kpakple woƒe aƒelikawo ŋu. Ƒuƒoƒoawo ŋgɔnɔlawo yi tso aƒeme yi aƒeme hebia aƒea me tɔwo ne wohiã kpekpeɖeŋu aɖe hã. Ewɔ nuku na amewo ale gbegbe esi wokpɔ be Ðasefowo tsɔ tsilɔmɔ̃, xa, kple sofiwo ɖe asi. Gaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe wotsɔ wɔ dɔ siwo anye ne kwasiɖa ɖekae aƒea me tɔwo azã lae. Ewɔ dɔ ɖe nuteƒekpɔlawo dzi ale gbegbe be aɖatsi koe nɔ gegem le mo na wo.

Nutoa me Ðasefo siwo ade 400 ye kpɔ gome le kpekpeɖeŋunadɔawo me—eye wowɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli. Nyateƒe Kristotɔnyenye ƒe ŋusẽ ŋuti ɖaseɖiɖi ɖedzesi aɖee wònye na eteƒekpɔlawo.

Isidore Gblẽ Nu le Mexico

Venezuela ƒe ɣedzeƒee wode dzesi anyigba xɔdzo dzi ahom sesẽ si woyɔna be Isidore le gbã. Le September 22, 2002 dzi la, ahom sesẽ sia si tu le Mexico ƒe Yucatán Ƒukpo Afã dzi la nu sẽ ɖo ahom sesẽwo ƒe hatsotso 3 lia ƒe dzidzenu dzi. Alesi ahom la nu sẽe eye wònɔ du dzi kilometa 190 le gaƒoƒo ɖeka me, eye tsidzadza gãwo kplɔe ɖo la he afɔku si gblẽ nu wu ɖesiaɖe le Mexico-du siwo nye Yucatán kple Campeche ƒe ŋutinya me, eye nu gblẽ le dukɔ si nye Quintana Roo hã ƒe akpa aɖe ŋu. Le Yucatán ɖeɖe la, nu gblẽ le aƒe siwo ade 95,000 ŋu vevie, eye amesiwo ade 500,000 ŋue wògblẽ nu le.

Kpekpeɖeŋunadɔ siwo Yehowa Ðasefowo wɔ le Yucatán wɔ dɔ ɖe amewo dzi ale gbegbe be dziehe Mexico nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ƒe tanya gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo Va Xɔ Amewo ɖe Agbe.” Woɖo kɔmiti si akpɔ kpekpeɖeŋunadɔawo gbɔ hafi ahom sesẽa va tu. Wowɔ ɖoɖo ɖe afisi woana nɔƒe nutoa me Ðasefo alafa geɖewo ɖo ŋu. Hame siwo le nutoa me wɔ nudzɔdzɔwo kpata. Woma awudodo, atike, kple nuɖuɖu tɔn 22 kple edzivɔwo na amesiwo tsia ɖe, siwo dometɔ geɖe menye Ðasefowo o. Wode dɔ asi na nutoa me hamemegãwo be woasrã amesiwo ŋu ahom sesẽa gblẽ nu le la kpɔ ahade dzi ƒo na wo.

Esi ahom la nu tso la, woɖo kpekpeɖeŋunakɔmitiwo tso nutoa me be woadi Ðasefo siwo bu. Wo dometɔ geɖe nɔ gbe me kple teƒe bubuwo numaɖumaɖu alo tsimanomano ŋkeke etɔ̃ sɔŋ megbe hafi wova kpɔ wo. Le teƒe aɖewo la, tsia ɖɔ ale gbegbe be elektrikkaɖiti kɔkɔwo gɔ̃ hã bu! Eyata tɔdziʋu siwo wokuna kple mɔ̃e wodi hezã le ameawo didi, nuɖuɖu nana wo, kpakple wo kɔkɔ yi teƒe siwo le dedie vie me.

Dumemegãwo ɣe tɔdziʋuwo kple dɔwɔnu bubuwo na Ðasefowo, amesiwo bia be yewoayi teƒe siwo ame geɖe medi be yewoayi aɖana kpekpeɖeŋu o. Gbã la, asrafomegã aɖe melɔ̃ be woaɖe mɔ na Ðasefoawo woayi teƒe ɖivɔvɔ̃ mawo be yewoyi amewo diƒe o. Gake esi wòkpɔe be woɖoe kplikpaa dzinɔameƒotɔe la, egblɔ be: “Mekpɔe be ne ehiã be miatsɔ helikɔpta gɔ̃ hã aɖaɖe mia tɔawo la, miele ewɔ ge. Mɔɖeɖe li be míaƒe ʋuwo nakɔ mia tɔwo ayi afisiafi si miedi.”

Fiasetɔ aɖe di kokoko be yeanya nusita Ðasefowo nɔ atukpametsi ƒlem le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Woɖe nu me nɛ be yewoƒe gbɔgbɔmenɔviwo kple ame bubu siwo hiãe lae yewole wo ƒlem na. Ŋutsua tsɔ atukpametsi siwo katã nɔ esi la na wo—ga aɖeke maxɔmaxɔe. Ŋufɔke la, egatsɔ tsi gbogbo aɖewo na wo—si nye ga home gã aɖe ƒe nunana. Le fiase bubu me la, nuƒlela aɖe bia Ðasefoawo be nukatae wole nuɖuɖu ƒlem zã nenema hã. Esi wòse be amesiwo tsia ɖee wonɔ wo ƒlem na la, ena nudzɔdzɔ be woaƒlee akpee.

Togbɔ be Ðasefo ƒome 3,500 kloe ƒe nunɔamesiwoe bu le ahom sesẽ Isidore ta hã la, Yehowa Ðasefo aɖeke mebu alo ku o. Ke hã ehiã be woagbugbɔ Ðasefowo ƒe aƒe 331 siwo ŋu nu gblẽ le alo gbã la atu. Ðasefo siwo nya nu tso xɔtutu ŋu tsa le aƒe kple Fiaɖuƒe Akpata ɖesiaɖe me helé ŋku ɖe nusiwo gblẽ la ŋu. Egbea la, wodzra aƒe siwo ade 258 ɖo eye wogbugbɔ 172 tu. Azɔ hã ɖoɖowo le edzi yim hena Fiaɖuƒe Akpata 19 siwo gbã la gbugbɔgatu.

Nusia wɔ dɔ ɖe hamemegã aɖe si tso hame aɖe si le Yucatán-nuto me dzi, wògblɔ be: “Mexlẽ nu tso kpekpeɖeŋunadɔ siwo wowɔ le dukɔ bubuwo me ŋu le míaƒe agbalẽwo me. Gake eteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ nye nu bubu kura. Ŋusẽ ɖo mía kple nɔvi bubu geɖe ƒe xɔse ŋu, le alesi míekpɔ Yehowa ƒe habɔbɔa kple mía nɔvi lɔlɔ̃tɔwo tsɔ ɖe le mía me hetsɔ dzo ɖe mía ŋu va na kpekpeɖeŋu míi la ta.”

Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Ame aɖe kpɔ be ɖe nye sɔlemeha hã na kpekpeɖeŋu abe alesi mi Ðasefowo miewɔe ene.” Eye nyɔnu bubu aɖe si Ðasefoawo ɖe la gblɔ be: “Ðe menye Yehowa Ðasefowoe o ne míeku. Woɖe lɔlɔ̃ fia hetsɔ woƒe agbe de afɔku me va ɖe mí esime míaƒe aƒe bu ɖe tsi gɔme.”

Ahom Sesẽ aɖe Gblẽ Nu le Korea

Le August 31 kple September 1, 2002 dzi la, Ahom sesẽ si woyɔna be Rusa tu gblẽ nu le Korea-dukɔa ƒe teƒe geɖe. Song-pil Cho si nye hamemegã gblɔ be: “Ðeko wòwɔ nam abe tsileƒee mele ene. Ðeko tsia nɔ kɔkɔm ɖi duu madzudzɔmadzudzɔe.” Le gaƒoƒo siwo mede 24 o me la, tsi dza milimeta 870 kple edzivɔ—si tɔgbe medza kpɔ le ŋkeke ɖeka me le afima ƒe ŋutinya me o.

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Korea Herald gblɔ be aƒe 28,100 kple agbledenyigba agbleka gã (acre) 210,000 tsi tsi gɔme. Amesiwo ade 70,000 ye woɖe doe kpata le woƒe aƒeme. Ahom la wu lã 301,000, nyrɔ meli 126, mu elektrikkaɖiti alafa geɖe. Woka nya ta be amesiwo wu 180 ye ku alo bu. Yehowa Ðasefo eve le wo dome.

Abe alesi Yehowa Ðasefowo wɔe le Europa kple Mexico ene la, wotso kpata na kpekpeɖeŋu. Ðasefowo ɖo nudzɔdzɔwo ɖa bibibi tso dukɔa katã me. Nudodowo, kuntruwo, kple nuhiahiã bubuwo le nudzɔdzɔ siawo me. Ke hã hamea me tɔ aɖewo le teƒe siwo sa ɖe aga eye kpekpeɖeŋunalawo mate ŋu ade o. Lɔrimɔwo gblẽ, eye tɔdzisasrãwo gbã. Elektrikkaɖi alo telefon meli o. Eyata wowɔ ɖoɖo be ame aɖewo nazɔ afɔ ayi aɖana kpekpeɖeŋu si hiã. Song-pil Cho, si nɔ kpekpeɖeŋunalawo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka me gblɔ tso teƒe siwo woɖana kpekpeɖeŋu le dometɔ ɖeka ŋu be: “Tsi kplɔ tɔdzisasrã adre kple lɔrimɔa ƒe akpa gã aɖe dzoe. Esi míeva ɖo dua me mlɔeba la, xɔ siwo klo kple esiwo gbã la nɔ afisiafi. Dua me katã nɔ ʋeʋẽm kũ, eye lã kukuwo nɔ afisiafi. Gake aleke gbegbee dzi dzɔ míi enye si esi míekpɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ adeawo! Wobu woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo katã, gake wo katã le agbe hele dedie.”

Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo dzra ɖo nyuie ɖe afɔku sia ŋu. Esi tsi lɔ̃a ɖɔɖɔ le tsidzaŋɔli ta la, woƒe Nutome Xɔtukɔmiti si le Seoul-nuto me wɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu ɖe afɔku siwo ate ŋu adzɔ le etsɔme ŋu. Tso ƒe 1997 me la, wonaa hehe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe sia ƒe bena woanɔ klalo atso ne nɔnɔme aɖe do mo ɖa kpata.

Le September 2 lia dzi la, Nutome Xɔtukɔmitia ƒe kpekpeɖeŋudɔwɔlawo va ɖo ɣedzeƒe-ƒutadu si nye Kangnŭng me heɖo woƒe ƒuƒoƒowo ƒe ta ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le dua me la me. Dɔ kae wotɔ ŋkui gbã? Eyae nye tsinono nyui didi na agbetsilawo. Zi geɖe ne tsi ɖɔ la, pɔmpiwo gbãna; eye tsiɖɔɖɔa menyona kura woano o. Nutome Xɔtukɔmitia wɔ ɖoɖo tsiʋu gãwo kua tsi yina nuto siwo me afɔkua dzɔ le.

Ne tsia mie la, nusianu nyea ba henɔa ʋeʋẽm kũ. Ke hã wotoa mɔnu nyui aɖe dzi klɔa nuawo. Esi aƒe siwo le nutoa me katã kloe nye simintixɔ ta la, ɖeko wofoa xɔmedzraɖonu siwo wofana ɖe gli ŋu kple esiwo woɖona ɖe anyigba hezãa nuklɔmɔ̃ si me tsi dona le sesĩe tsɔ klɔa xɔa mee.

Tsiɖɔɖɔa naa elektriknuzazã akpa gãtɔ megawɔa dɔ o. Gake ne elektrikdɔwɔla bibiwo kaka nuzazãwo abe nufamɔ̃ kple dzoxɔxɔnamɔ̃ ene le ŋkeke ʋɛ aɖewo ko megbe heklɔ wo nyuie, sia wo, hegbugbɔ kpe wo la, wo dometɔ geɖe awɔ dɔ godoo. Nutome Xɔtukɔmitia wɔ ɖoɖo ɖe dɔ siawo wɔwɔ ŋu. Wozãna dzoxɔxɔnamɔ̃ siwo megblẽ o la be aƒeawo me naƒu. Esia wɔwɔ xɔa kwasiɖa eve alo etɔ̃.

Ele be woatsɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo anya nudodo kple kuntru siwo ɖo tsi la nyuie kaba hafi woagate ŋu anyo na zazã. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo siwo tso Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe si le afima me va kpe ɖe wo nɔvi Kristotɔwo ŋu woƒo woƒe nudodowo nu ƒu. Awuawo ƒo ba ale gbegbe be wo nyanya mele bɔbɔe o—ehiã be woalɔ wo ayi tɔsisi aɖe si me fa miamiamia me aɖanya. Esi nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe se nu tso lɔlɔ̃dɔ sia ŋu la, Ðasefo siwo nɔ dɔa wɔm la ƒe foto gã aɖe dze le nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽ me.

Tsi si ɖɔ le Europa, Dziehe Amerika, kple Asia la kplɔ aƒewo, nunɔamesiwo, kple ame geɖewo dzoe. Togbɔ be nudzɔdzɔ sia wɔ nublanui hã la, wonye nudzɔdzɔ siwo bɔ le nuɖoanyiawo ƒe ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo, siwo nye “ɣeyiɣi vɔ̃wo” la me. (Timoteo II, 3:1) Azɔ hã afɔku siawo ate ŋu anye nyateƒenya sia ƒe kpeɖodzi ɖedzesi, be: Kristotɔ vavãwo lɔ̃ wo nɔewo kple wo havi bubuwo. Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ sia nye nane si afɔku gãwo gɔ̃ hã mete ŋu gblẽ o.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

GERMANY​—Aƒe aɖe si gbã le tsidzadza gã la me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

GERMANY​—Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wu 2,000 kpe ɖe amewo ŋu asitsɔtsɔe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

AUSTRIA​—Woƒe Fiaɖuƒe Akpata dzadzraɖo le Ottensheim

Miame: Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo trɔ tso Au, afisi wokpe ɖe Ðasefowo kple wo haviwo ŋu le nutoa me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

MEXICO​—Ðusime: Kpekpeɖeŋunakɔmiti tsɔ tsinono yi na amesiwo tsi agbe le tsiɖɔɖɔa me

Ete: Aƒe aɖe si gbã la gbugbɔgatu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

KOREA​—Tso miame yi ɖusime: Dugã si tsi ɖe; mɔ̃ si me tsi dona le sesĩe tsɔtsɔ klɔ nui; nunyanya le tɔsisi aɖe si le afisia me