Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Amamaɖeɖenuwɔnawo Bɔ Alea Gbegbe Ðo?

Nukatae Amamaɖeɖenuwɔnawo Bɔ Alea Gbegbe Ðo?

Nukatae Amamaɖeɖenuwɔnawo Bɔ Alea Gbegbe Ðo?

GBƆDƆDƆNUWƆNA siwo woɖo koŋ be woatsɔ anyɔ dzodzro ɖe ame me dze egɔme ƒe akpe nanewoe nye esia. Gake le ɣeyiɣi siwo wònɔ anyi va yi me la, ewɔwɔ hena dzadzra mele bɔbɔe o eyata kesinɔtɔwo kple ame ŋkuta ʋɛ aɖewo si koe wònɔ. Agbalẽtata le agbɔsɔsɔ gãwo me kple sinima toto vɛ na nɔnɔmea va trɔ. Esia na amamaɖeɖenuwɔnawo va sua amesiwo dzi nu mede boo o hã si bɔbɔe.

Videokasɛt wɔwɔ na nɔnɔmea va do fievo ɖe edzi. To vovo na sinimaɖegba kple blemafotowo la, videokasɛtwo dzadzraɖo, wo wɔwɔ, kple wo mama ya le bɔbɔe. Woate ŋu akpɔ wo le aƒeme gɔ̃ hã bɔbɔe. Television dzi wɔna siwo woɖona ɖe amesiwo ko xe fe ɖe eta ƒe bɔbɔ kpakple Internet na gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ va le bɔbɔe wu. Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ŋuti numekula Dennis McAlpine gblɔ be ekpɔla si le vɔvɔ̃m be yeƒe aƒelika ava kpɔ ye le fiase si me wodzrana gbɔdɔdɔnuwɔnawo ƒe videokasɛtwo le la ate ŋu “anɔ eƒe aƒeme aƒlee ne enya te asi ɖe eƒe television ƒe akpa si ana wòakpɔ nu mawo dzi ko eye wòaxe fe ɖe wo ta, alo akpɔe to eƒe television si xɔa nyatakaka to yamenutomemɔ̃ dzi la dzi tẽ.” McAlpine gblɔ be wɔna siawo ƒe amesi susu bɔbɔe na “ame gbogbowo va le asi dam ɖe edzi geɖe wu.”

Ame Geɖe Da Asi Ðe Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ Dzi

Ame geɖewo tɔtɔ le amamaɖeɖenuwɔnawo gome elabena ame geɖewo va le asi dam ɖe edzi. Agbalẽŋlɔla Germaine Greer gblɔ be: “Eva le ŋusẽ geɖe kpɔm ɖe míaƒe dekɔnuwo dzi wu dutoƒo sinima, ballet ɣeɖuɖuwo, fefewɔwɔ, hadzidzi kple aɖaŋunuwo katã ƒe ƒuƒoƒo.” Nɔnɔme si le amewo si ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu egbea dzena le ‘gbolowo ƒe awu’ siwo fefewɔla xɔŋkɔwo dona, videohaƒoƒo siwo me woɖena gbɔdɔdɔnuwɔnawo fiana le faa, kple alesi wozãna gbɔdɔdɔnuwɔnawo le boblododowo me la me. McAlpine ƒo nya ta be: “Amewo va le asi dam ɖe nusianu dzi faa. . . . Esia na wova susunɛ be amamaɖeɖenuwɔnawo hã kpɔkpɔ nyo.” Agbalẽŋlɔla Andrea Dworkin fa konyi be esia na, “wòva dze abe dzika megatsoa amewo ƒo o ene. Womegatsɔa ɖeke le eme o.”

Nusita Amewo Kpɔa Amamaɖeɖenuwɔnawo

Roger Young, amesi nye Amerika Dukɔa ƒe Hlɔ̃nyamekuha me tɔ si xɔ dzudzɔ le dɔme la gblɔ nya si ɖi agbalẽŋlɔla Dworkin tɔ be ame geɖewo “mete ŋu kpɔa alesi nusiawo nyɔŋui kple eŋuti kuxiwo dzea sii o.” Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ taʋlilawo ƒe nya siwo wogblɔna be, kpeɖodzi aɖeke meli si fia be amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi o la flua ame aɖewo. Agbalẽŋlɔla F. M. Christensen ŋlɔ be: “Ne èbu eŋu kpɔ la, amamaɖeɖenuwɔnawo nye nususukpɔ dzro aɖe ko, eye be esesẽna na amesiwo tsia tre ɖe eŋu be woase nukpɔsusu sia gɔme bɔbɔe.” Gake ne nu kpɔkpɔ mekpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi o la, ekema nuka dzie wotu boblododo dɔwɔnawo ɖo? Ekema nukatae dɔwɔhawo zãa dɔlar miliɔn nanewo ɖe boblododowo, videowo, kple boblodonya siwo wotana ɖe agbalẽwo dzi ŋu ne womekpɔa ŋusẽ gobii aɖeke ɖe amewo dzi o?

Nyateƒea enye be abe alesi wòle le boblododo siwo katã kpɔa dzidzedze gome ene la, amamaɖeɖenuwɔnawo ɖeɖe fia ƒe taɖodzinu koŋ enye be wòaƒã dzodzro ɖe amesi me dzodzroa meho le haɖe o me. Numekula siwo nye Steven Hill kple Nina Silver ŋlɔ be: “Kpuie ko la, viɖekpɔkpɔ ta koŋue woɖea amamaɖeɖenuwɔnawo fiana ɖo. Le asitsamɔnu sia si me wowɔa nu wògbɔa eme le me la, wobua nusianu viɖenui, vevietɔ nyɔnuwo kple amegbetɔwo ƒe gbɔdɔdɔnuwɔnawo ɖeɖe fia.” Greer tsɔ amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ sɔ kple nuɖaɖɛ si me nunyiamenu boo aɖeke mele o eye wode nuɖuɖuvivinu kple atikewo eme be wòavivi. Egblɔ be: “Gbɔdɔdɔnuwɔna siwo woɖena fiana nye ameblenu . . . Nuɖuɖudzralawo dzrana nusiwo me nunyiame mele o eye amesiwo doa boblo gbɔdɔdɔnuwɔnawo dzrana gbɔdɔdɔ ƒe ameflunuwo.”

Ðɔkta aɖewo gblɔ be amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ ate ŋu anyɔ numame gbegblẽ siwo dzi ɖuɖu asẽ sasasã wu atike vɔ̃ɖiwo zazã ɖe ame me. Zi geɖe ne wole dɔ dam na atikevɔ̃ɖizãla la wonana wòdzudzɔa atike vɔ̃awo zazã gbã be wòavɔ le lãme nɛ. Gake Ðk. Mary Anne Layden amesi le Pennsylvania Yunivɛsiti gblɔ le amamaɖeɖenuwɔnawo gome be: “Wowɔa susu me nɔnɔmetata si tsia ekpɔla ƒe susu me eye ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ nana wòtsia eme tegbee.” Esia tae ekpɔlawo gatea ŋu ɖoa ŋku amamaɖeɖenuwɔna siwo wokpɔ ƒe geɖe megbe la dzi pɛpɛpɛ. Eƒo eta be: “Esiae nye numame ƒomevi gbãtɔ si me mɔkpɔkpɔ aɖeke mele o be woate ŋu aɖe ɖa le amea ƒe susu me o.” Gake ɖe esia fia be womate ŋu adzudzɔ amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ oa? Eye nuka koŋue amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ gblẽna le ame ŋu?

[Aɖaka si le axa 21]

Internet Dzi Amamaɖeɖenuwɔnawo Ŋu Nyateƒenyawo

▪ Amamaɖeɖenuwɔna 75 lɔƒo le alafa me siwo woɖena le Internet dzi la tsoa United States. Wuiatɔ̃ le alafa me lɔƒoe tsoa Europa.

▪ Wobu akɔnta be amesiwo ade miliɔn 70 ye kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo le Internet dzi Nyatakakadiƒewo kwasiɖa sia kwasiɖa. Ekpɔla siawo dometɔ siwo ade miliɔn 20 le Canada kple United States.

▪ Numekuku aɖe ɖee fia be le ɣleti aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, amesiwo kpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo le Internet dzi ƒe akpa gãtɔ le Europa tso Germany eye Great Britain, France, Italy, kple Spain kplɔe ɖo.

▪ Le Germany la, amesiwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo le Internet dzi zãa miniti 70 le mama dedie nu ɣleti sia ɣleti tsɔ kpɔnɛ.

▪ Europatɔ siwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo le Internet dzi dometɔ siwo xɔ wu ƒe 50 zãa woƒe ɣeyiɣi ƒe akpa gãtɔ tsɔ nɔa gbɔdɔdɔnuwɔna siwo woɖena fiana tsitotsito le Nyatakakadiƒewo la kpɔm.

▪ Numekuku aɖe ɖee fia be, Internet dzi amamaɖeɖenuwɔna kpɔla 70 le alafa me kpɔnɛ le ŋkeke me.

▪ Ame aɖewo bu akɔnta be Internet dzi nyatakakadiƒe siwo ade 100,000 ɖea amamaɖeɖenuwɔna siwo me wozã ɖeviwo le fiana.

▪ Internet dzi amamaɖeɖenuwɔna siwo me wozã ɖeviwo le tsɔ le asi tsamee siwo ade 80 le alafa me tsoa Japan.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Amamaɖeɖenuwɔnawo bɔ ɖe afisiafi