Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusiwo Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ Gblẽna le Ame Ŋu

Nusiwo Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ Gblẽna le Ame Ŋu

Nusiwo Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ Gblẽna le Ame Ŋu

WOATE ŋu ake ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna ƒomevi ɖesiaɖe ɖeɖe fia ŋu le television, sinema, videohaƒoƒowo, kple le Internet dzi bɔbɔe. Ðe wònye nyateƒe be amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ atraɖii magblẽ nu le mía ŋu o abe alesi ame geɖewo adi be míaxɔe ase enea? *

Ŋusẽ si Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ Kpɔna Ðe Ame Tsitsiwo Dzi

Nuka kee amamaɖeɖenuwɔna taʋlilawo ɖagblɔ o, ekpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe nukpɔsusu kple nɔnɔme si nɔa amewo si ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la dzi. Numekula siwo le Dukɔa ƒe Ƒome Kple Agbalẽsrɔ̃nyawo Gbɔkpɔha me ƒo nya ta be, “amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ dzia tɔtrɔ ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna siwo mele dzɔdzɔme nu o ŋu ƒe afɔkua ɖe edzi geɖe ŋutɔ.” Le woƒe nyatakaka nu la, “nyɔnu gbɔdɔdɔ sesẽe ŋuti alakpanyawo (si nye be nyɔnuwoe nana wodɔa wo gbɔ sesẽe eye be wokpɔa dzidzɔ ɖe eŋu, kpakple be nɔnɔme si nɔa amesiwo dɔa nyɔnu gbɔ sesẽ si la sɔ) la nye nusi bɔ ɖe ŋutsu siwo amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ zu numame na dome ŋutɔ.”

Numekula aɖewo gblɔ be amaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ atraɖii gblẽa ŋutete si nɔa ame si be wòakpɔ gome le gbɔdɔdɔ si le dzɔdzɔme nu me le srɔ̃ɖeɖe me ahase vivi nɛ la me. Ðk. Victor Cline, amesi bi ɖe gbɔdɔdɔ ƒe numame dɔdada me de dzesii be amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ ƒe numame zuzu nu metsina o. Ne womekpɔ egbɔ kaba o la, amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ si dze egɔme abe nu tsɛ aɖe kpɔkpɔ ene ate ŋu akplɔ ame ade gbɔdɔdɔnuwɔna ɖeɖe fia gaglã manɔdzɔdzɔme nu kpɔkpɔ me mlɔeba. Egblɔ be esia ate ŋu ana woawɔ gbɔdɔdɔnuwɔna siwo mele dzɔdzɔme nu o. Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃a nu tso amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ŋu da asi ɖe nya sia dzi. Ðk. Cline ka nya ta be “esia ate ŋu ana gbɔdɔdɔnuwɔna si mele dzɔdzɔme nu o nazu numame na ame . . . eye fɔɖiɖi ƒe seselelãme ƒe agbɔsɔsɔ aɖeke mate ŋu ana woadzudzɔ o.” Mlɔeba la, ekpɔla ava de dzesii be yewɔa agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nuwɔna siwo woɖena fiana le amamaɖeɖenuwɔnawo me, si hea emetsonu dziŋɔwo vɛ zi geɖe.

Cline ƒo nya ta be kuxi siawo tsoƒe ate ŋu adze egɔme ʋɛʋɛʋɛ eye womedea dzesii o. Egagblɔ be: “Enɔa dzidzim ɖe edzi hekakana abe kansa ene. Asiɖeɖe le nuwɔna sia ŋu menɔa bɔbɔe o, eye edada hã sesẽna ŋutɔŋutɔ. Alesi ŋutsu si nusia zu numame na ate ŋu agbe dzesidedee alo ŋgɔdzedze kuxia, si nye nusi dzɔna zi geɖe la, nyea nusi hea masɔmasɔ vɛ le srɔ̃tɔwo dome enuenu, ɣeaɖewoɣi la srɔ̃gbegbe, kple ƒomedodo kplikplikpli si nɔa amea kple ame bubuwo dome si ate ŋu agblẽ ɣeaɖewoɣi.”

Nusi Wògblẽna le Sɔhɛwo Ŋu

Numekuku ɖee fia be amesiwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo koŋ nye ŋutsuvi siwo xɔ tso ƒe 12 va ɖo 17. Le nyateƒe me la, amamaɖeɖenuwɔnawo dzi koŋue ame geɖe tona srɔ̃a nu tso gbɔdɔdɔ ŋu. Esia hea emetsonu dziŋɔwo vɛ. Nyatakaka aɖe gblɔ be “womeƒoa nu tso ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ kple nulɔdɔwo abe AIDS ene ŋu le amamaɖeɖenuwɔnawo me kura o, eye woflua amewo woxɔnɛ sena be nu gbegblẽ aɖeke medoa go tso nɔnɔme siwo woɖena fiana le amamaɖeɖenuwɔnawo me o.”

Numekula aɖewo gblɔe be amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ɖevi ƒe ahɔhɔ̃ ƒe tsitsi dzi. Ðk. Judith Reisman, amesi nye Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo Ŋuti Nusrɔ̃ƒe ƒe zimenɔla ƒo nya ta be: “Nusi wode dzesii tso lãmenusese ƒe dɔwɔwɔ nyui si nɔ te ɖe alesi ahɔhɔ̃ wɔa nui ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna ŋuti nɔnɔmetata kple gbeɖiɖiwo ŋu ɖee fia be amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ atutu nusi gɔme wose si dzi woda asi ɖo be esɔ la ɖa le susu me—eye be agblẽ nu le ɖeviwo ƒe ahɔhɔ̃ ‘fẽ’ [si ŋu woate ŋu atrɔ asi le bɔbɔe] ŋu elabena egblẽa nu le gɔmesese nyuitɔ si nɔa wo si ɖe agbe ŋu tsɔ kpe ɖe woƒe susu kple ŋutilã, lãmesẽ me nɔnɔ nyuie kpakple dzidzɔkpɔkpɔ ŋu.”

Nusi Wògblẽna le Ƒomedodowo Ŋu

Amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe nɔnɔmewo kple agbenɔnɔ dzi. Nusi ŋu wokuna ɖo dzroa ame elabena wonyea nususukpɔ eye woƒoa nu tso eŋu abe dzidzɔdonu gã aɖe ene wu nua ŋutɔŋutɔ. (Kpɔ aɖaka si nye “Nya Siawo Dometɔ Ka Dzie Nàlɔ̃ Ðo?”) Nyatakaka aɖe gblɔ be “amesiwo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo nɔa mɔ kpɔm na nusi mate ŋu ava eme ŋutɔŋutɔ o si wɔnɛ be ƒomedodowo me gblẽna.”

Amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ ate ŋu agblẽ nu le kakaɖeamedzi kple anukwareɖiɖi, siwo nye nɔnɔme vevi siwo hiã le srɔ̃ɖeɖe me ŋu. Esi wònye ɣaɣlaƒe koŋue wokpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo le zi geɖe ta la, ekplɔa ame dea beble kple alakpadada me. Srɔ̃tɔ maɖifɔwo sena le wo ɖokui me be wogblẽ yewo ɖi. Womesena nusita wo srɔ̃wo megakpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu gɔme o.

Nusi Wògblẽna le Ame Ŋu le Gbɔgbɔ Me

Amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ dea ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye afɔku me vevie. Ate ŋu azu mɔxenu ŋutɔŋutɔ na amesi di be yeanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu. * Biblia tsɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ sɔ kple ŋukeklẽ kple trɔ̃subɔsubɔ. (Kolosetɔwo 3:5) Amesi klẽa ŋu ɖe nane ŋu dinɛ vevie ale gbegbe be eva zua nu vevitɔ le eƒe agbe me, eye wòkpɔa ŋusẽ ɖe nu bubu ɖesiaɖe dzi. Eyata ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, amesiwo amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ zu numame na tsɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ doa ŋgɔ na Mawu. Wonana wòzua legba na wo. Yehowa Mawu ƒe se gblɔ be: “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.”—Mose II, 20:3

Amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ gblẽa nu le ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le ŋu. Apostolo Petro si ŋutɔ hã nye srɔ̃ŋutsu, xlɔ̃ nu Kristotɔ srɔ̃ŋutsuwo be woade bubu wo srɔ̃wo ŋu. Srɔ̃ŋutsu si mawɔ esia o akpɔe be Mawu maɖo to eƒe gbedodoɖawo o. (Petro I, 3:7) Ðe nyɔnuwo ƒe ɣaɣlaƒewo kpɔkpɔ le adzame ate ŋu anye bubudede ame srɔ̃ ŋua? Aleke wòase le eɖokui me ne eke ɖe eŋu? Eye aleke Mawu si “le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui” kple amesi “daa gbɔgbɔwo kpɔna” abu? (Nyagblɔla 12:14; Lododowo 16:2) Ðe wòle be amesi kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo nakpɔ mɔ be Mawu aɖo to yeƒe gbedodoɖawoa?

Ðokuitɔdidi ƒe vivisese yomenɔnɔ emetsonuawo ŋu mabumabu nye amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ ƒe nɔnɔme vevitɔ. Eyata ekpɔkpɔ nye nusi me lɔlɔ̃ mele o. Egblẽa nu le avu si Kristotɔ wɔna be yeatsɔ alé agbenyuinɔnɔ ƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ahanɔ kɔkɔe le Mawu ŋkume ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye miaɖe mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi wòaɖe ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me; menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me . . . o; eye ame aɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o.”—Tesalonikatɔwo I, 4:3-7.

Amamaɖeɖenuwɔna nana wosẽa ŋuta le nyɔnuwo kple ɖeviwo koŋ ŋu. Eɖia gbɔ wo eye wòɖea bubu le wo ŋu hexɔa woƒe gomenɔamesi le wo si. Amesi kpɔa gbɔdɔdɔnuwɔnawo nyea gomekpɔla le ŋutasẽnu mawo me kple wo dzidela. Numekula Steven Hill kple Nina Silver gblɔ be: “Aleke ke ŋutsu aɖe susuna be yenyo o, . . . ne enya kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo ko la, enana eƒe [dzime sẽna], eye wòléa fu amesi wògblɔna be yelɔ̃na vevie la.”

Asiɖeɖe le Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ Ŋu

Ekema nukae wòle be nàwɔ ne amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ va zu kuxi na wò fifia? Ðe nane li nàte ŋu awɔ atsɔ aɖu edzia? Biblia na mɔkpɔkpɔ! Hafi Kristotɔ gbãtɔwo nava nya Kristo la, wo dometɔ aɖewo nye matrewɔlawo, ahasiwɔlawo, kple ŋubiãlawo. Paulo gblɔ be, “Ke wole tsi na mi.” Mɔ ka dzie woto wɔ esia? Eɖo eŋu be: ‘Wona mia ŋuti kɔ . . . to Mawu ƒe gbɔgbɔ la me.’—Korintotɔwo I, 6:9-11.

Mègabu ŋusẽ si le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu nu tsɛ gbeɖe o. Biblia la gblɔ be: “Nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui o.” Nyateƒee, ana nàdo le eme godoo. (Korintotɔwo I, 10:13) Gbedodoɖa vevie—kuxia tsɔtsɔ ɖo Mawu ŋkume edziedzi—ana nàkpɔ emetsonu nyuiwo. Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”—Psalmo 55:23.

Gake ele be nàwɔ nu wòasɔ kple wò gbedodoɖawo. Ahiã be nàɖoe kplikpaa be yeawɔ nyametsotso si tso dzime ke be yeaɖe asi le amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ ŋu. Xɔlɔ̃ si dzi nèka ɖo alo ƒometɔ aɖe ate ŋu ana kpekpeɖeŋu nyui si hiã la wò ahado ŋusẽ wò to dzidedeƒo na wò be nàwɔ ɖe wò nyametsotsoa dzi. (Kpɔ aɖaka si nye “Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ.”) Ŋkuɖoɖo edzi be esia wɔwɔ nyea nusi doa dzidzɔ na Mawu ƒe dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi alé wò tameɖoɖoa me ɖe asi. (Lododowo 27:11) Azɔ hã enyanya be amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ medoa dzidzɔ na Mawu o ganyea ŋusẽdonu bubu be nàɖe asi le eŋu. (Mose I, 6:5, 6) Nusia dzi ɖuɖu menɔa bɔbɔe o, gake enye nusi dzi woate ŋu aɖu. Woate ŋu adzudzɔ amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ ƒe numamea!

Afɔku siwo dona tsoa amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ me nye nu ŋutɔŋutɔ. Enye nusi me afɔku le eye wògblẽa nu le ame ŋu. Egblẽa nu le amesiwo wɔnɛ kple amesiwo kpɔnɛ sia ŋu. Enye dzu na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, afɔkue wònye na ɖeviwo, eye wònye nuwɔna si wole be woadzudzɔ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Ne èle numeɖeɖe tsitotsito dim tso afɔku siwo le Internet dzi amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu la, taflatse kpɔ nyati siwo ƒe tanyae nye “Amamaɖeɖenuwɔnawo Ðeɖe Fia le Internet Dzi—Nukae Woate Ŋu Agblẽ le Ame Ŋu?” si dze le Eŋlisigbe me Nyɔ!, June 8, 2000, axa 3-10.

^ mm. 14 Taflatse kpɔ Nyɔ!, July 8, 2002 ƒe tata, axa 13-15 hena numedzodzro si ku ɖe Biblia ƒe nukpɔsusu le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 26]

Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ

Mele be woabu avuwɔwɔ be woadzudzɔ amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ nu tsɛ o; ate ŋu anye nusi anye avuwɔwɔ si asesẽ. Ðk. Victor Cline, amesi da dɔ na ame geɖe siwo amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ zu numame na gblɔ be: “Ŋugbedodowo ɖeɖe mewɔa dɔ o. Eɖoɖo kplikpaa ɖe susu me be woadzudzɔ ɖeɖe mewɔa naneke o. [Amesi amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ zu numame na] la ŋutɔ mate ŋu awɔ esia le eɖokui si o.” Cline gblɔ be nu vevitɔ si ana wòate ŋu akpɔ egbɔ nyuie enye biabia tso srɔ̃a si be wòakpe ɖe eŋu, ne srɔ̃tɔe amea nye. Egblɔ be, “edada tsɔna kaba ne wo ame evea siaa wɔ nu aduadu le nɔnɔmea ɖɔɖɔɖo me. Wo ame evea siaa ŋue nu gblẽ le. Wo katãe hiã kpekpeɖeŋu.”

Ne amea nye tre la, xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe si dzi wòka ɖo ate ŋu anye ŋusẽdonu. Ameka kee woyɔ ɖe dɔa dada ŋu o, nyateƒe matrɔmatrɔ aɖe le Cline si be: Ƒo nu tso wò kuxia kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu faa. Egblɔ be, “adzamenuwɔwɔ ‘ade wò afɔku me.’ Nuwɔwɔ alea nana ŋu kpea ame eye wosea fɔɖiɖi ƒe seselelãme.”

[Nyaɖoɖo si le axa 25]

Nya Siawo Dometɔ Ka Dzie Nàlɔ̃ Ðo?

Amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe Gbedasi Biblia ƒe Nukpɔsusu

▪ Amesiame ko gbɔ dɔdɔ, le ɣeyiɣi ▪ “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã

ɖesiaɖe ko me, le nɔnɔme ɖesiaɖe me, dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o;

le mɔ ɖesiaɖe nu megblẽ o elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawola,

eye mehea afɔku aɖeke vɛ o. Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.”​Hebritɔwo 13:4.

 

“Ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ

ƒe ŋutilã ŋuti.”​Korintotɔwo I, 6:18

kpɔ Romatɔwo 1:26, 27 hã.

▪ Srɔ̃ɖeɖe nye mɔxenu na gbɔdɔdɔ ƒe ▪ “[Kpɔ] dzidzɔ le wò ɖekakpui

vivisese deŋgɔ. me srɔ̃ ŋu . . . , eye eƒe lɔlɔ̃ nena

nanɔ ya mum ɖaa.”​Lododowo 5:18, 19;

kpɔ Mose I, 1:28; 2:24;

Korintotɔwo I, 7:3 hã.

▪ Taɖodzinu ɖeka koe le nyɔnuwo ŋu—eyae ▪ ‘Nye Yehowa Mawu, mawɔ kpeɖeŋutɔ,

nye be woaɖi kɔ na ŋutsuwo ƒe gbɔdɔdɔ ƒe si asɔ ɖe eŋu la nɛ.’

dzodzrowo. ​—Mose I, 2:18; Efesotɔwo 5:28.

 

▪ Ŋutsuwo kple nyɔnuwo nye kluviwo na woƒe ▪ “Miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi;

gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro. ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui,

nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si

nye trɔ̃subɔsubɔ.”​Kolosetɔwo 3:5.

 

“Mia dome amesiame nanya, alesi wòaɖe

ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple

bubu me.”​—Tesalonikatɔwo I 4:4.

 

Bu ‘nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene,

ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo

ene le dzadzɛnyenye katã me.’

​—Timoteo I, 5:1, 2; kpɔ

Korintotɔwo I, 9:27 hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Numekula aɖewo gblɔ be amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ɖevi ƒe ahɔhɔ̃ ƒe tsitsi dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Amamaɖeɖenuwɔna kpɔkpɔ ate ŋu agblẽ nu le kakaɖeamedzi kple anukwareɖiɖi si hiã le srɔ̃ɖeɖe me ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gbedodoɖa vevie nana wokpɔa emetsonu nyuiwo