Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yame Ƒe Nɔnɔmewo Magahe Afɔkuwo Vɛ Azɔ o!

Yame Ƒe Nɔnɔmewo Magahe Afɔkuwo Vɛ Azɔ o!

Yame Ƒe Nɔnɔmewo Magahe Afɔkuwo Vɛ Azɔ o!

“LE DZIDZEME, nudzedziname, kple kesinɔnuwo didi ŋukeklẽtɔe ta la, amegbetɔwo megadea bubu aɖeke anyigbaa ŋu egbea o.” Nya siae woŋlɔ ɖe akpa si wofa ɖe agbalẽ si nye 5000 Days to Save the Planet ŋu la dzi. Nusiwo teƒe kpɔm míele nye amegbetɔwo ƒe ŋukeklẽ me tsonuwo. Eye nya siwo gblɔm yamenutomeŋutinunyalawo le tso xexeame ƒe dzoxɔxɔ ŋu ɖanye nyateƒe alo menyee o, nu ɖeka aɖe ya nye nyateƒe—amegbetɔwo le nu gblẽm le míaƒe ɣletinyigba dzeania ŋu. Biblia ƒe ŋugbedodo be Mawu ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la’ koe nye míaƒe mɔkpɔkpɔ.—Nyaɖeɖefia 11:18.

Mawu ana nuɖoanyi yeye aɖe kura nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu gbegblẽ la teƒe. Hafi nàsusui be nya ma nye subɔsubɔha aɖe ƒe glitoto la, bu nya sia ŋu kpɔ: Amekae anya nu tso anyigba kple edzinuwo ŋu nyuie wu Ewɔla? Ðe matsɔ ɖe le nusi dzɔna ɖe ɣletinyigba sia si nye eƒe nuwɔwɔ dzi la me oa? Biblia na eme kɔ ƒã be etsɔ ɖe le eme ŋutɔ, esime wògblɔ le Yesaya 45:18 be Yehowae nye “Mawu [vavã la,] eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” Be Mawu nana tameɖoɖo ma nava eme la, ate ŋu ade nu anyigba dzi nyawo me eye ade nu wo me hã.

Mawu awɔ esia to dziɖuɖu, alo fiaɖuƒe yeye aɖe ɖoɖo anyi me, be wòakpɔ anyigba dzi nyawo gbɔ. Ne Kristotɔwo do gbe si woyɔna be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa ɖa hegblɔ be, “Wò fiaɖuƒe nava!” la, biabiamee wole be dziɖuɖu sia nava ɖu anyigbaa dzi. (Mateo 6:9, 10) Mawu ƒe Fiaɖuƒe, alo dziɖuɖu awɔ nu wòafia be enya nu tso anyigba ƒe dzɔdzɔmeɖoɖo wɔnukuwo ŋu nyuie. Eyata ate ŋu aɖɔ anyigba ƒe akpa siwo ŋu ɖiƒoƒo anyigba kple emazãmazã nyuie gblẽ nu le la ɖo. Yesaya 35:1, 6 gblɔ be: “Tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene. . . . Elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.”

Esime Mawu Ade Nu Nyaa Me

Le ƒe 2002 tsiɖɔɖɔawo megbe la, Helmut Schmidt, si nye Ɣetoɖoƒe Germany dudɔnunɔlagã tsã ŋlɔ bena: “Ame aɖeke mate ŋu aɖo liƒo na dzɔdzɔmeŋusẽwo be woagagbɔ wo ŋu o. Afɔkuwo yi edzi le dzɔdzɔm.” Nyateƒee. Eye ne yame ƒe nɔnɔmewo dze agbo la, nu sue aɖe koe amegbetɔwo te ŋu wɔna tsɔ nɔa te ɖe enui. Gake togbɔ be dzɔdzɔmefɔku mawo hea fukpekpewo vɛ hã la, viɖe ate ŋu anɔ wo ŋu. Woate ŋu aʋã amewo be woaɖe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔlemename afia wo haviwo. (Marko 12:31) Le kpɔɖeŋu me, edze abe aleae amewo wɔ nui esime tsi ɖe Europa-dukɔ aɖewo ene. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tso Germany ƒe akpa sia akpa va kple dzidzɔ be yewoawɔ [kpekpeɖeŋunadɔa]. Eyae nye lɔlɔ̃nu faa dɔ gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ tso esime Xexemeʋa II wu enu.”

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo dometɔ geɖe nye Yehowa Ðasefowo. Nyati si kplɔe ɖo ƒo nu tso kpekpeɖeŋunadɔ si Ðasefowo wɔ le dukɔ vovovo ene siwo me ya sesẽwo gblẽ nu le la ŋu. Kristotɔ siawo ƒe agbenɔnɔ nye alesi agbe anɔ le Mawu ƒe dziɖuɖu si gbɔna, si me lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme na ame havi anɔ—ke menye ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi o—la ƒe kpɔɖeŋu.—Yesaya 11:9. *

Kristotɔwo ate ŋu akpɔ akɔfafa tso ŋugbe aɖe si Mawu do na blema Israel-viwo la me: “Mana ada kple kele nadza ɖe miaƒe anyigba dzi le edzaɣi.” (Mose V, 11:14) Ŋugbedodo ma ava eme na amesiwo si mɔnukpɔkpɔ asu woanɔ Mawu ƒe xexe yeye—si me yame ƒe nɔnɔmewo magblẽ nu le o la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Fiaɖuƒedziɖuɖu si ƒe ŋugbe Biblia do ŋu la, taflatse kpɔ Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yame ƒe Nɔnɔmewo Gbɔ Kpɔkpɔ Bliboe

Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, amewo mavɔ̃ be ahom manyatalenuwo agbã yeƒe aƒe alo agblẽ yeƒe agblemenuwo o. (Petro II, 3:13) Biblia na eme kɔ ƒã be ŋutete le Mawu kple Via, Yesu Kristo ŋu be woakpɔ yame ƒe nɔnɔmewo gbɔ bliboe. De ŋugble le mawunyakpukpui siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Mose I, 7:4: “Esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane.”

Mose II, 14:21: “Tete Yehowa na ɣedzeƒeya nyama ƒu la zã blibo la katã, ale bena ƒu la mie keŋ, eye tsi la mã ɖe akpa eve me.”

Samuel I, 12:18: “Samuel yɔ Yehowa, tete Yehowa na dzi ɖe gbe, eye tsi dza gbemagbe. Eye dukɔ blibo la vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔ.”

Yona 1:4: “Yehowa lɔ ya gã aɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi, eye ahom sesẽ aɖe tu ɖe atsiaƒu dzi, ale be ʋu la di be, yeagbã.”

Marko 4:39: “Eye esi [Yesu, si Mawu na ŋusẽe nyɔ] la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la bena: Zi ɖoɖoe, dze anyi! Tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gã aɖe zi.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, míavɔ̃ yame ƒe nɔnɔme dziŋɔwo o