Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Tsɔa Kesinɔnuwo Yraa Mía?

Ðe Mawu Tsɔa Kesinɔnuwo Yraa Mía?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Mawu Tsɔa Kesinɔnuwo Yraa Mía?

“Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ eye mekpea vevesese ɖe eŋu o.”—LODODOWO 10:22, NW.

ÐE MAWUNYAKPUKPUI sia fia be Mawu tsɔa kesinɔnuwo yraa esubɔlawoea? Ame aɖewo xɔe se nenema. Bu nya si Gbɔgbɔha aɖe ƒe mawunyagblɔla kple agbalẽtala si nye Australiatɔ gblɔ la ŋu kpɔ: “Le [nye] agbalẽ me la, magblɔ nusita nèhiã ga geɖe kple nusi nàwɔ akpɔ ga geɖe la na wò . . . Ne àte ŋu atrɔ wò nukpɔsusu ahatu ga ŋuti nukpɔsusu nyui ɖo la, mexɔe se be Mawu ayra wò be nu nadze edzi na wò ale be ga magahiã wò akpɔ o.”

Gake nya mawo fia be Mawue meyra ame aɖewo o tae wonye hifãtɔwo ɖo. Ðe ŋutilãmenudzedziname nye Mawu ƒe yayra ŋuti kpeɖodzi nyateƒea?

Woyra Wo Ðe Taɖodzinu aɖe Ta

Biblia ƒe nuŋlɔɖi aɖewo ƒo nu tso Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo wòtsɔ kesinɔnuwo yra la ƒe ŋutinya ŋu. Le kpɔɖeŋu me, atizɔti koe Yakob tsɔ dzoe le wo de gake esi wòtrɔ gbɔ le ƒe 20 megbe la, alẽ, nyi, kple tedziwo sɔ gbɔ ɖe esi fũ ayɔ asaɖa eve me. Le Biblia ƒe nya nu la, Yakob ƒe nudzedzinamea nye Mawu ƒe nunana. (Mose I, 32:11) Kpɔɖeŋu bubu: Hiob bu eƒe nunɔamesiwo katã, gake emegbe Yehowa tsɔ “alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka” yrae. (Hiob 42:12) Yehowa na Fia Salomo kpɔ ho ale gbegbe be eŋutinya li vaseɖe egbe.—Fiawo I, 3:13.

Ke hã Mawu subɔla toɖola wɔnuteƒe siwo menye kesinɔtɔwo o ŋuti nuŋlɔɖi geɖewo le Biblia me. Ðikeke mele eme o be Mawu matsɔ hiãkame ahe toe na ame aɖewo gake wòana nu nadze edzi na ame bubuwo ya o. Ekema taɖodzinu ka tae Mawu tsɔa kesinɔnuwo yraa ame aɖewoe ɖo?

Amesiwo wòyra dometɔ ɖesiaɖe kple nusitae. Ŋutilãmenunɔamesi siwo su Yakob si la nye gɔmeɖoanyi na dukɔ aɖe ɖoɖo anyi, wònye dzadzraɖo ɖe Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la ƒe vava ŋu. (Mose I, 22:17, 18) Hiob ƒe nudzedzinamea ɖe amesi he dzɔgbevɔ̃ea va edzi la fia kɔte, eye wòkɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti. (Yakobo 5:11) Eye Salomo zã kesinɔnu siwo Mawu nae la ƒe akpa geɖe ɖe gbedoxɔ gã aɖe tutu ŋu. (Fiawo I, 7:47-51) Nukutɔe la, Yehowa zã Salomo wòŋlɔ nu tso nusi eya ŋutɔ kpɔ ku ɖe kesinɔnuwo ƒe viɖe si seɖoƒe li na la ŋu.—Nyagblɔla 2:3-11; 5:10; 7:12.

Alesi Mawu Yraa Míi

Yesu fia eyomedzelawo be nukpɔsusu nyui nanɔ wo si ɖe ga ŋu esime wògblɔ na wo be ‘woagatsi dzimaɖi’ ɖe nunɔamesiwo ŋu o. Eɖe nu me na wo be Salomo gɔ̃ hã meɖo atsyɔ̃ le eƒe ŋutikɔkɔe katã me de dzogbenya nu o. Ke hã Yesu gblɔ be: “Ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, si le gbedzi . . . la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mi xɔseʋeetɔwo!” Yesu na kakaɖedzi Kristotɔwo be ne ye yomedzelawo di Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbagbiãgba la, woatsɔ nuɖuɖu, avɔtata, kple nɔƒe akpe ɖe eŋu na wo. (Mateo 6:25, 28-33) Mɔ ka nue ŋugbedodo ma vaa eme le?

Ne wozɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame dzi la, nusi koŋ wòhena vɛ enye gbɔgbɔmeyayrawo. (Lododowo 10:22) Ke hã ehea yayra bubuwo hã vɛ. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: ‘Fiafitɔ nagafi fi o, ke boŋ newɔ dɔ sesĩe.’ (Efesotɔwo 4:28) Egblɔ hã be “amesi wɔa alɔgblɔlɔ le dɔ ŋu la, aɖo ko, ke veviedola ƒe asi hea kesinɔnu vɛ.” (Lododowo 10:4) Kristotɔ ɖianukware dovevienu siwo zɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi nyea dɔwɔla siwo dɔtɔwo dina zi geɖe. Esia ate ŋu ahe yayra vɛ.

Biblia fia nu hã be Kristotɔwo naƒo asa na tsatsadada ƒe numame, atamanono si ƒoa ɖi ame, kpakple ahamumu ƒe numame si gblẽa nu le ame ŋu la. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Korintotɔwo II, 7:1; Efesotɔwo 5:5) Amesiwo zɔna ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi kpɔnɛ be yewoƒe gazazã dzi ɖena kpɔtɔna eye yewonɔa lãmesẽ me.

Enyo Wu Klosalo alo Sika

Ke hã míate ŋu anɔ te ɖe ŋutilãmenudzedziname ɖeɖeko dzi agblɔ be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple yayra le ame aɖe dzi o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu klo nu le gbɔgbɔmenɔnɔme dahe si me Kristotɔ aɖewo nɔ le Laodikea dzi, esime wògblɔ na wo be: “Ègblɔna bena, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple kotɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.” (Nyaɖeɖefia 3:17) Gake Yesu gblɔ na Kristotɔ siwo da ahe le ŋutilã me, evɔ wosẽ ŋu le gbɔgbɔ me le Smirna la be: “Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedadake kesinɔtɔ nènye hafi.” (Nyaɖeɖefia 2:9) Anye be Kristotɔ siawo ɖo ko le yometiti si amewo he va wo dzi le woƒe nuteƒewɔwɔ ta la ta, gake kesinɔnu siwo xɔ asi sasasã wu klosalo alo sika lae nɔ wo si.—Lododowo 22:1; Hebritɔwo 10:34.

Yehowa Mawu yraa amesiwo dzea agbagba be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe agbagbadzedzewo. (Psalmo 1:2, 3) Enaa ŋusẽ kple nusiwo hiã woatsɔ anɔ te ɖe tetekpɔwo nu, akpɔ woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye be woatsɔ adi eƒe Fiaɖuƒea gbagbiãgba la wo. (Psalmo 37:25; Mateo 6:31-33; Filipitɔwo 4:12, 13) Eyata le esi teƒe be Kristotɔwo nabu ŋutilãmenuwo ɖeɖeko Mawu ƒe yayrae la, wodzea agbagba be “woanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me.” Ne Kristotɔwo tu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple wo Wɔla la, wole ‘kesinɔnuwo nu ƒom ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna.’—Timoteo I, 6:17-19; Marko 12:42-44.