Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Adzudzɔ Blibodede Didi tso Ðokuinye Si?

Aleke Mawɔ Adzudzɔ Blibodede Didi tso Ðokuinye Si?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Adzudzɔ Blibodede Didi tso Ðokuinye Si?

“Didi be nye nuwɔna ɖesiaɖe nade blibo va kpɔ ŋusẽ ɖe nye agbe dzi.”​—Carly.

BLIBODEDE didi tso ame ɖokui si—dzixɔse be ele be ame ƒe nuwɔna ɖesiaɖe nade pɛpɛpɛ—gblẽa nu le sɔhɛ geɖewo ƒe tamebubu ŋu.

Agbalẽ si nye Perfectionism​—What’s Bad About Being Too Good? gblɔ be: “Vovototo gã aɖe le didi be woawɔ nu wòanyo nyuie kple agbagbadzedze be woaɖo taɖodzinu dzro aɖe si gbɔ manya ɖo o dome. Didi vevie be woawɔ nu ɖe ɖoɖo nyui nu eye be woaɖo taɖodzinu kɔkɔwo gbɔ ate ŋu anɔ amesiwo dzea agbagba be yewoƒe dɔwɔnawo nanyo la me, gake wolɔ̃na ɖe woa ŋutɔwo ƒe vodadawo dzi eye akɔkpekpe kple kuxiwo ƒe mɔnu nyuiwo nɔa wo si. . . . Gake amesiwo dina be yewoƒe nuwɔna ɖesiaɖe nade blibo ya tsia dzi ɣesiaɣi ɖe woƒe vodadawo ŋu. Dzidzenu kɔkɔ manyatalenu siwo gbɔ eme akpa nɔa wo si.”

Alea wòle le gowòmea? Ne dzidzenu siwo gbɔ eme akpae le asiwò la, ekema asesẽ be nàkpɔ dzidzedze le wò nuwɔnawo me. Àkpɔe be àdzudzɔ nu yeye ɖesiaɖe wɔwɔ. Alo ana nàhe nu vevi ɖesiaɖe wɔwɔ ɖe megbe elabena èle vɔvɔ̃m be màkpɔ dzidzedze o. Àdi kura gɔ̃ hã be yeatsri amesiame si mete ŋu ɖo wò dzidzenuwo gbɔ o, eye xɔlɔ̃wo hã manɔ asiwò o.

Ne nya siawo sɔ kple wò la, ekema de ŋugble le Biblia ƒe nya siwo le Nyagblɔla 7:16 ŋu kpɔ: “Megawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, eye meganya nu tso eme akpa o; nukaŋuti nèbe, yeade ye ɖokui tsɔtsrɔ̃ me ɖo?” Ẽ, amesi dina be yeƒe nuwɔna ɖesiaɖe nade blibo ate ŋu ‘ade eɖokui tsɔtsrɔ̃ me!’ Le nyateƒe me la, didi be ame ƒe nuwɔna ɖesiaɖe nade blibo hea nuɖuɖumadzroame kple nu ɖuɖu fũ ƒe dɔlélewo vɛ. *

Eyata àbia be ‘aleke mawɔ adzudzɔ blibodede didi tso ɖokuinye si?’ Nyateƒee, ate ŋu asesẽ be woatrɔ alesi ame bua tamee le go sia me. Gake woate ŋu awɔe to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Ekema mina míalé ŋku ɖe alesi Mawu bua blibodede didi tso ameɖokui sii ŋu kpɔ.

Didi Be Ame ƒe Nuwɔna Ðesiaɖe Nade Blibo—Nusi Gbɔ Woate Ŋu Aɖoea?

Gbã la, ɖe wòanya wɔ be nàwɔ nusianu wòade blibo keŋkeŋua? Mesɔ le Biblia gome o, elabena egblɔ be: “Ame dzɔdzɔea aɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o . . . Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ.” (Romatɔwo 3:10-12) Nya siawo nana wobua tame, alo menye alea wòle oa? Woɖee fia be amesiame si dzea agbagba be yeaɖo blibodede keŋkeŋ gbɔ makpɔ dzidzedze o.

Bu apostolo Paulo, amesi ɖo gbɔgbɔmemenyenye ƒe kpɔɖeŋu wòɖe dzesi ƒã ŋu kpɔ. Ke hã Paulo gɔ̃ hã mete ŋu subɔ Mawu vodada manɔmee o. Eʋu nya me be: “Esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye. Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.” (Romatɔwo 7:21-23) Mawu ƒe kpekpeŋu koe te ŋu na Paulo nye Kristotɔ wɔnuteƒe.

Dzidzɔtɔe la, Mawu media blibodede keŋkeŋ tso mía gbɔ o. “Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:14) Mawu ƒe xexe yeyea me koe amegbetɔwo aɖo blibodede gbɔ le mlɔeba.

Ðɔ Wò Nukpɔsusu Ðo

Fifia la, nunya manɔ eme be woasusui be anya wɔ be woawɔ nu wòade blibo keŋkeŋ o. Le nyateƒe me, ele be nàkpɔ mɔ be yeawɔ vodadawo ɣeaɖewoɣi. (Romatɔwo 3:23) Nya lae nye be míedea dzesi míaƒe vodadawo ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã o! Psalmo 19:13 gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu adze si eya ŋutɔ ƒe vodada o.” (Today’s English Version) Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Matthew gblɔe ale: “Mède blibo oame aɖeke mede blibo le Anyigba dzi o. Ne èdia blibodede tso ɖokuiwò gbɔ la, màkpɔ dzidzɔ gbeɖe o. . . . Mesɔ o, manya wɔ o.”

Esi nya sia le susu me na wò la, nukatae màɖɔ wò nukpɔsusu ɖo o? Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèwɔa fu ɖokuiwò be yeawɔ nane wòanyo wu amesiame tɔa? Biblia ɖee fia be fuɖenameɖokui ma ate ŋu ava zu “tofloko kple dagbadagba ɖe yame.” (Nyagblɔla 4:4) Nyateƒeae nye be ame ʋɛ aɖewo koe kpɔ dzidzedze le ame gbãtɔ ma zuzu me. Eye ne ame va zui hã la, ɣeyiɣi aɖe megbe ko ame bubu hã gava toa eŋu.

Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu be: “Mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negabu eɖokui gã wu alesi dze o; ke wòabu alesi eƒe susu nanɔ tee la ŋu boŋ.” (Romatɔwo 12:3, NW) Da sɔ! Gbugbɔ ɖɔ wò nukpɔsusu ɖo wòasɔ ɖe wò ŋutete kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu. Enyo be nàdi be yeawɔ nu wòanyo nyuie, gake menye be wòade blibo o. Ðo taɖodzinu aɖe koŋ na ɖokuiwò, gake wòanye esi gbɔ nàte ŋu aɖo.

Le kpɔɖeŋu me, Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòazu “dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ.” (Timoteo II, 2:15) Ẽ, Paulo de dzi ƒo be woadi nuwɔwɔ wòanyo yome ke menye blibodede o. Nenema ke wòle be nàɖo taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo na ɖokuiwò. Eye ne mènya “nusi gbɔ anya ɖo” o la, ke ƒo nu tso eŋu na dziwòlawo alo ame tsitsi bubu si dzi nèka ɖo.

Ame aɖewo kafui gɔ̃ hã be nàɖoe koŋ adze nane si mènya wɔwɔ nyuie tsã o la wɔwɔ gɔme, abe kamedefefe aɖe alo haƒonu aɖe sɔsrɔ̃ ene. Nyateƒee, esi nèle nu yeye aɖe wɔwɔ srɔ̃m la, àwɔ vodada geɖe godoo. Gake menye nugbegblẽe wònye nenema gbegbe o. Ðewohĩ àkpɔe be vodadawo wɔwɔ nye nusɔsrɔ̃a ƒe akpa aɖe.

Nuka kee nèɖo be yeawɔ o—eɖanye nuŋɔŋlɔ tso sukudɔ aɖewo ŋu loo alo saŋkuƒoƒo ye o—de ŋugble le aɖaŋu bubu si apostolo Paulo ɖo ŋu kpɔ: “Ne veviedodo hiã la, migawɔ ƒome o.” (Romatɔwo 12:11) Ẽ, mègahe nuwo wɔwɔ ɖe megbe ɖewohĩ esi nèle vɔvɔ̃m be yeado kpo nu ta o.

Sɔhɛ aɖe na sukudɔdasiwo mawɔmawɔ zu numame nɛ eye wòdoa taflatse be “yenɔ ɖoɖo wɔm ɖe nuwo ŋu.” Togbɔ be ɖoɖo wɔwɔ ɖe nuwo ŋu nyo hã la, kpɔ nyuie be magava nye nuwo wɔwɔ hehe ɖe megbe ƒe taflatsedodo o. Nyɔnuvi sia va kpɔe be “ne ehiã be yeawɔ sukudɔdasi siwo yewɔ evɔ womedze ye ŋu tututu o tsɔtsɔ na kple dɔdasia mawɔmawɔ kura ƒe tiatia la, tiatia nyuitɔ enye be yeatsɔ esi yewɔ togbɔ medze ye ŋu tututu o la ana boŋ ɣesiaɣi.”

Tsri Nukpɔsusu Siwo Gblẽa Nu le Ame Ŋu!

Nyateƒee, medzɔa dzi na ame be wòawɔ dɔ si wosusu be menyo alesi yedi o. Fɔbuameɖokui kple nukpɔsusu masɔmasɔ agakpɔtɔ anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wò susu dzi kokoko. Nukae nàte ŋu awɔ? Nyateƒeae nye be nukpɔsusu manyomanyo ŋu bubu medoa ŋusẽ ame o ke egblẽa nu le ame ŋu boŋ. Eyata dze agbagba vevie nàɖe nukpɔsusu masɔmasɔ siwo le asiwò ku ɖe ɖokuiwò ŋu ɖa le susu me. Wò vodada ate ŋu aɖi kokoe na wò nàko nu gɔ̃ hã. Elabena “nukoɣi li.” (Nyagblɔla 3:4) Gaɖo ŋku edzi hã be Yehowa meda asi ɖe dzugbe zazã dzi o—eɖanye ɖe mía ŋutɔwo ŋu hã o.—Efesotɔwo 4:31.

Le esi nànɔ ɖokuiwò dam ɖe anyi ɣesiaɣi teƒe la, wɔ nya siwo le Lododowo 11:17 ŋudɔ be: “Dɔmenyotɔ wɔa nyuie na eya ŋutɔ ɖokui; ke ŋutasẽla wɔa nu vevee eya ŋutɔ ƒe ŋutilã.” Eyata de ŋugble le biabia sia ŋu, Ðe dzidzenu kɔkɔ manyatalenu ƒe asiwò nɔnɔ na xɔlɔ̃wo mele asiwò oa? Ðewohĩ mele nenema o. Ðewohĩ ètsri amewo le esi womede blibo o ta gɔ̃ hã. Eyata nukae nàte ŋu awɔ?

Wɔ Biblia ƒe sedede sia ŋudɔ: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti!” (Kolosetɔwo 3:13) Ẽ, nugɔmesese na amewo le nusi nèdina be woawɔ me ana nàse vivi le mia kple wo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me!

Gake àbia be, ‘Ðe amewo aƒo asa nam le esi medina blibodede tso wo gbɔ taa?’ Enyo, bu nusi gbegbe ate ŋu agblẽ le ame bubuwo ŋu ne woɖoa to sea taɖodzinu kɔkɔ siwo nèɖo na ɖokuiwò ŋu kpɔ. Agbalẽ si nye When Perfect Isn’t Good Enough gblɔ be: “Nyatoƒoetoto vivivo ne mèxɔ nɔƒe gbãtɔ le dodokpɔ aɖe me o ate ŋu anye dzu na xɔ̃wò siwo wòhiã be woaʋli vevie hafi axɔ nɔƒe evelia alo etɔ̃lia.” Eyata dze agbagba nàtsri nuŋumabumabu nyuie kple ɖokuiŋudzedze. Amewo ƒe dzi adze eme ne wole ha dem kple wò.

Sɔhɛ Carly ƒo nyaa ta esi wògblɔ be: “Nu nyuitɔ si wòle be mawɔ koe nye be maɖe asi le didi be nye nuwɔna ɖesiaɖe nade blibo ƒe nukpɔsusua ŋu.” Aleke nàte ŋu awɔ esiae? De ŋugble le alesi Mawu bua nuwoe ŋu. Ne nuwo ŋu bubu le go sia me gale sesẽm na wò kokoko la, ke ƒo nu tso eŋu na dziwòlawo alo Kristotɔ tsitsi bubu aɖe le miaƒe hamea me. Te ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me eye nàbia eƒe kpekpeɖeŋu le wò tamesusu tɔtrɔ me. Gbedodoɖa ate ŋu anye kpekpeɖeŋu gã aɖe le avuwɔwɔ kple blibodede didi tso ameɖokui gbɔ me.—Psalmo 55:23; Filipitɔwo 4:6, 7.

Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be Yehowa media blibodede tso mía gbɔ o; ke boŋ ekpɔa mɔ be míawɔ nuteƒe nɛ. (Korintotɔwo I, 4:2) Ne èle agbagba dzem be yeanye nuteƒewɔla la, ekema àte ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe amesi ƒomevi nènye ŋu—esi mède blibo o gɔ̃ hã.

Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Jehovah’s Witnesses, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Vɔvɔ̃ na kpododonu ate ŋu ana màkpɔ dzidzedze le wò nuwɔnawo me o

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Agbagbadzedze be yeasrɔ̃ nu yeyewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpe akɔ kple vodadawo