Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woawɔ Adzudzɔ Anyrawɔwɔ

Alesi Woawɔ Adzudzɔ Anyrawɔwɔ

Alesi Woawɔ Adzudzɔ Anyrawɔwɔ

‘Anyrawɔwɔ nye nɔnɔme si wosrɔ̃na eye woate ŋu aɖe asi le nusianu si wosrɔ̃ ŋu.’—Ðk. C. Sally Murphy.

ANYRAWƆLA kple amesi ŋu wowɔnɛ ɖo siaa hiã kpekpeɖeŋu. Ele be anyrawɔla nasrɔ̃ nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu nyuie esime mazã eƒe ŋusẽ madzemadzee o. Eye amesi ŋu wole nua wɔm ɖo hiã na mɔnu si wòazã atsɔ anɔ te ɖe kuxia nu dzidzedzetɔe.

Zi geɖe la, anyrawɔla menya alesi wowɔa nu ɖe ame ŋui o eye mesea nu gɔme na amesiwo wòdoa ŋɔdzi na o. Ele be ŋku nanɔ eŋu vevie eye woafiae alesi wòawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie. Agbalẽ si nye Take Action Against Bullying gblɔ be: “Ne anyrawɔlawo mesrɔ̃ nɔnɔme yeyewo helé wo me ɖe asi o la, ekema ɖeko wòayi edzi anɔ anyra wɔm le amewo ŋu le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Wowɔa anyra le wo srɔ̃wo, wo viwo, kpakple ɖewohĩ wo teviwo ŋu le dɔwɔƒewo.”

Kpekpeɖeŋu Nana Wo be Woaganye Anyrawɔlawo O

Hehenana ɖeviwo tso ɖevime ke be woawɔ nu veveseseɖeamenutɔe ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woagazu anyrawɔlawo o. Agbalẽsrɔ̃nya dzikpɔla siwo le dukɔ aɖewo me le asi trɔm le ɖoɖo yeye aɖe si woyɔna be veveseseɖeamenu ƒe hehenana ŋu. Eƒe taɖodzinue nye be woafia ɖevi siwo mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o be woase ame bubuwo ƒe seselelãmewo gɔme ahawɔ nu ɖe wo ŋu le dɔmenyonyo me. Togbɔ be nyatakaka sue aɖe koe li ku ɖe viɖe siwo ava do tso ɖoɖo sia me mlɔeba ŋu hã la, nusiwo dze xoxo ɖee fia be amesiwo to hehenana ma me do megawɔa nu ŋutasesẽtɔe abe ame bubuwo ene o.

Ne dzilae nènye la, mele be nàgblẽ hehenana ma ɖe nufialawo ɖeɖeko si me o. Ne mèdi be viwò nazu anyrawɔla o la, ke ele be nàfiae alesi wòade bubu kple asixɔxɔ amewo ŋu to nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋuɖoɖo siaa me. Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò? Anɔ eme be hehenana ƒe mɔfiametsoƒe nyuitɔ kekeake si ŋu amewo medea bubui tututu o—Mawu ƒe Nya, Biblia la—anya nɔ asiwò. Aleke wòate ŋu akpe ɖe ŋuwòe?

Le kpɔɖeŋu me, eɖe alesi Mawu bua anyrawɔwɔ le amewo ŋui fia kɔte. Mekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu kura o! Biblia gblɔ le Mawu ŋu be: “Eƒe luʋɔ léa fu . . . amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.” (Psalmo 11:5) Azɔ hã Mawu le nusiwo katã le edzi yim kpɔm. Biblia ƒo nu tso alesi wòse veve alo fa konyi ku ɖe alesi Israel-viwo nɔ fu kpem le “fuɖenametɔwo kple ŋutasẽlawo” si me ŋu. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:18) Mawu he to na amesiwo nɔ ŋusẽ ŋudɔ wɔm madzemadzee henɔ anyra wɔm le ame tsɛwo kple wɔnamanɔŋutɔwo ŋu enuenu.—Mose II, 22:21-23.

Nusi woate ŋu ayɔ be mɔfiame si wona ku ɖe alesi woawɔ nu ɖe ame ŋu veveseseɖeamenutɔe ŋu si wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi la hã le Biblia me. Yesu gblɔ be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Sikasedede sia fiafia ɖeviwo—be woalɔ̃e ahanɔ agbe ɖe enu—mele bɔbɔe o; ebia kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo kple kutrikuku geɖe, vevietɔ esi ɖeviwo lɔ̃a wo ɖokui tɔ didi zi geɖe ta. Gake viɖe geɖe le agbagbadzedze mawo ŋu. Ne viwò srɔ̃ alesi wowɔa nu ɖe amewo ŋu le dɔmenyonyo kple le nublanuikpɔkpɔ me la, ekema anyrawɔwɔ le amewo ŋu madzro wo o.

Kpekpeɖeŋu si Li na Amesiwo Ŋu Wowɔa Anyra Le

Dɔ sesẽ aɖe dze ŋgɔ amesiwo ŋu wowɔa anyra le, vevietɔ ɖeviwo—si nye be woada asɔ le nɔnɔme sesẽ ma me. Ne ame aɖe wɔa anyra le ŋuwò la, ɖewohĩ eƒe didi vevie enye be wòana nàtɔtɔ le seselelãme gome. Enɔa mɔ kpɔm be nàdo dziku vevie alo ŋɔdzi nalé wò. Ne èdo dɔmedzoe vevie, alo èwó avi tsɔ ɖee fia be eve ye alo vɔvɔ̃ ɖo ye la, anyrawɔlaa ƒe tameɖoɖo va eme. Eyata agate ŋu awɔ nu ma tɔgbe ke zi gbɔ zi geɖe.

Nukae nàte ŋu awɔ? De ŋugble le aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu kpɔ. Woŋlɔ wo koŋ na ɖeviwo, gake gɔmeɖoseawo ate ŋu awɔ dɔ le ame tsitsi siwo le akɔ kpem kple anyrawɔlawo hã gome.

Lé ɖokuiwò kpoo. Mègado dziku o. Biblia ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo!” (Psalmo 37:8) Ne wò dziku fla la, ekema èle ŋusẽ dom anyrawɔla la, eye ɖeko wòana nàwɔ nusi ava ve wò emegbe.—Lododowo 25:28.

Dze agbagba nàɖe vɔ̃ teƒeɖoɖo ƒe nukpɔsusu ɖa le susu me. Hlɔ̃biabia hea nu gbegblẽwo vɛ ɣesiaɣi. Le nɔnɔme ɖesiaɖe me la, wɔɖenui menaa ame ƒe dzi dzea eme o. Nyɔnuvi aɖe si sɔhɛ atɔ̃ ƒo esi wòxɔ ƒe 16 gblɔ be: “Meɖoe le dzime be ‘maɖo eteƒe na wo kokoko.’ Eyata mena xɔlɔ̃nyewo na kpekpeɖeŋu aɖem eye meɖo eteƒe na amesiwo ƒom la dometɔ eve.” Nukae do tso eme? Egblɔ be: “Ena metsi ya le ɖokuinye me.” Eye eya ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ va vloe emegbe. Ðo ŋku Biblia me nya siwo me nunya le la dzi: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.”—Romatɔwo 12:17.

Ne edze abe dzi le mi ame evea siaa kum la, ke trɔ dzo enumake. Biblia gblɔ be: “Dzudzɔ hafi ne wòava do gã.” (Lododowo 17:14) Ne míagblɔe gbadzaa la, dze agbagba nàƒo asa na amesiwo ɖonɛ wɔa anyra le ŋuwò. Lododowo 22:3 gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.”

Ne anyrawɔlaa gale edzi kokoko la, ke àte ŋu aɖe ɖokuiwò nu. Tia ɣeyiɣi si me wò dzi dze eme, yi anyrawɔlaa gbɔ nàkpɔ eƒe ŋkume tẽ, eye kakaɖedzi nanɔ asiwò nàƒo nu kple gbe si me kɔ nɛ. Gblɔ nɛ be yemedi nusi wɔm wòle ɖe ye ŋu o—eye be menye nukonyae o ke boŋ dzigbãnyae. Mègazã dzugbewo alo ahe nya o.—Lododowo 15:1.

Ƒo nu tso anyrawɔwɔ le ŋuwò ŋu na ame tsitsi aɖe si dzi nèka ɖo. Gblɔ kuxia tẽ, eye nàbia kpekpeɖeŋu le alesi nàwɔ akpɔ kuxia gbɔe ŋu. Wɔ nenema ke le wò gbedodoɖa na Mawu me, eye esia ate ŋu anye kpekpeɖeŋu kple akɔfafatsoƒe gã aɖe na wò.—Tesalonikatɔwo I, 5:17.

Ðo ŋku edzi be bubu le ŋuwò abe ame bubuwo ene. Anyrawɔla adi be nàse le ɖokuiwò me be bubu mele ŋuwò o, eyata esɔ be woawɔ nu manyomanyowo ɖe ŋuwò. Gake menye eyae nye wò ʋɔnudrɔ̃la o. Mawue, eye ekpɔa nyuiƒe le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Anyrawɔla la boŋ ŋue bubu meganɔna tututu o le eƒe nɔnɔme ma ta.

Dzilawo​—Mikpɔ Mia Viwo Ta

Dzilawo hã ate ŋu adze egɔme kaba adzra wo viwo ɖo be woawɔ nu ɖe anyrawɔlawo ŋu nunyatɔe. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu awɔ fefe siwo me wosrɔ̃a amewo ƒe nuwɔwɔ le kple wo viwo atsɔ afia alesi woaɖe dzinɔameƒo afiae wo.

Tsitrenu nɔnɔ—adzɔ ka—kura gɔ̃ hã ɖea dzideƒo fiana si ɖea dzi le anyrawɔla aɖewo ƒo. Amea ŋkume kpɔkpɔ tẽ, nana be wò asi kple abɔwo navo le wo ɖokui me, kple nuƒoƒo kple gbe si me kɔ hã ate ŋu anye kpekpeɖeŋu. Woxlɔ̃ nu dzilawo be woafia wo viwo be woatrɔ adzo, woaƒo asa na anyrawɔlawo, eye be woabia kpekpeɖeŋu tso ame tsitsi aɖe si dzi woka ɖo, abe nufiala ene, gbɔ.

Anyrawɔwɔ ƒe nɔnɔmewo ɖeɖe ɖa dzea egɔme tso hehenana ƒomea dzi. Dzila siwo dea ha kple wo viwo eye wotsɔa dzigbɔɖi ɖoa to woƒe dzimaɖitsitsiwo eye wotsɔa ɖe le eme na wo nana wosenɛ le wo ɖokui me be yewo le vevie eye be wolɔ̃a yewo. Amesiwo bi ɖe dzilanyenye kple ɖeviwo ŋuti kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me xlɔ̃ nu dzilawo be woana nukpɔsusu nyui nanɔ ɖeviwo si ku ɖe wo ɖokui ŋu. Nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ alea nana menɔa bɔbɔe na anyrawɔlawo be woawɔ woƒe nuwɔnawo o.

Gake nu geɖe li wu nuƒoƒo ɖeɖeko. Ele be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nasrɔ̃ alesi wodea bubu ame ŋu ahatu veveseseɖeamenu ɖo. Eyata mègaɖe mɔ ɖe anyranu aɖeke wɔwɔ ŋu le aƒewòme o. Na aƒewòme nanye afisi dzidzeme le, afisi wodea bubu ame ŋu le heɖea lɔlɔ̃ fiaa ame le.

Anyrawɔwɔ Nu Ayi

“Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Alea Biblia ƒo nu tso amegbetɔwo ƒe ŋutinya ŋu kpuie. Nyateƒee, anyrawɔwɔ gblẽ nu le ameƒomea ŋu ƒe akpe geɖe. Biblia ŋlɔla aɖe gblɔ be: “Megaɖe ŋku ɖe ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu, ke akɔfala aɖeke meli na wo o.”—Nyagblɔla 4:1.

Ke hã Mawu kpɔa ŋutasẽnu siwo katã le edzi yim le xexeame, eye wòsea veve ɖe amesiwo wote ɖe anyi nu. Gake ɖe wòawɔ nane tso eŋu gbaɖegbea? Awɔe godoo! De dzesi ŋugbe si wòdo le Mixa 4:4: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.”

Bu alesi xexeame anɔ ne ŋugbedodo ma va eme ŋu kpɔ ko. Ame aɖeke magana ŋɔdzi nalé nɔvia o—anyrawɔla aɖeke maganɔ anyi o! Ðe nya ma medoa dzidzɔ na ame oa? Gake Mawu wɔ geɖe wu etsɔme ma ƒe ŋugbedodo. Biblia fiafiadɔ gã aɖe le edzi yim le xexeame godoo fifi laa. Nu nyui geɖe le dodom tso eme. Wofia amesiwo le gome kpɔm le eme be woaɖe asi le adãnuwɔwɔ ŋu, eye woanɔ ŋutifafa me kple amesiame ahade bubu kple asixɔxɔ amewo ŋu. (Efesotɔwo 4:22-24) Eteƒe madidi o, mɔfiame ma me tsonuwo axɔ anyigba bliboa katã dzi, eye anyrawɔwɔ le amewo ŋu ƒe kuxia maganɔ anyi o. Emegbe Mawu ƒe ŋugbedodo siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ava eme bliboe. Amesiame si anɔ anyigba dzi ɣemaɣi magakpe fu akpɔ le anyrawɔlawo si me o!

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mele be wòakpe lãme na wò be nàtrɔ adzo le anyrawɔla gbɔ o

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Le ƒome ɖɔʋuwo me la, wofiaa ɖeviwo be woakpe akɔ kple anyrawɔwɔ le ame ŋu ƒomevi ɖesiaɖe

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Fia viwò alesi wòatsɔ ŋuɖɔɖo aɖe eɖokui nui kple dzinɔameƒo