Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyrawɔwɔ—Nusita Wowɔnɛ Kple Emetsonu Aɖewo

Anyrawɔwɔ—Nusita Wowɔnɛ Kple Emetsonu Aɖewo

Anyrawɔwɔ​—Nusita Wowɔnɛ Kple Emetsonu Aɖewo

NUKAE naa ɖevi tea anyrawɔwɔ le etɔ bubuwo ŋu? Ne wowɔ anyra le ŋuwò kpɔ la, ɖewohĩ àɖo eŋu be, “Nyemenya nusi tae o! Taflatsedodo aɖeke meli woatsɔ aɖe ameɖokui nui le ŋlɔmiwɔwɔ mawo me o.” Eye ɖewohĩ tɔwò anya dzɔ. Gake vovototo gã aɖe le nusiwo ta wowɔnɛ kple taflatsedodo dome. Nusiwo nana ɖevi va zua anyrawɔla meɖe mɔ ɖe eƒe nɔnɔme baɖaa ŋu o, gake woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase eƒe nuwɔnaa gɔme. Eye viɖe geɖe ate ŋu anɔ nusia gɔmesese ŋu. Le mɔ ka nu?

Blema lododo aɖe gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae.” (Lododowo 19:11) Dzikudodo ɖe ŋlɔmitɔ ƒe nuwɔna ŋu ate ŋu ana míabu nu ŋu nyuie o eye dziɖeleameƒo kple fuléle gɔ̃ hã ate ŋu anɔ mía me ɖe eŋu. Gake eƒe nɔnɔmea gɔmesese ate ŋu atsi míaƒe dzikua nu. Ema ate ŋu ana míase nuwo gɔme ɖe edzi geɖe esi míele egbɔkpɔnuawo dim. Eyata mina míalé ŋku ɖe nusiwo hea nɔnɔme baɖa sia vɛ la dometɔ aɖewo ŋu.

Nukae Nana Wowɔa Anyra le Amewo Ŋu?

Zi geɖe la, dzilawo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽ ɖoɖo alo ɖevia gbegblẽ ɖi ye kpɔa ŋusẽ ɖe anyrawɔla dzi le eƒe ɖevime. Ŋutasẽnuwɔla siawo dometɔ geɖe tso aƒe siwo me dzilawo meɖea lɔlɔ̃ fiana o me alo si nana ɖeviawo srɔ̃nɛ be woate ŋu atsɔ dziku kple ŋutasesẽ akpɔ kuxiwo gbɔe. Ðevi siwo wonyi le nɔnɔme ma me menyana be amedzudzu kple ŋutasesẽ nye ŋlɔmiwɔwɔ le ame bubuwo ŋu o; woate ŋu asusui kura gɔ̃ hã be yewoƒe nɔnɔmea sɔ eye wòdze.

Nyɔnuvi ƒe 16 vi aɖe si ŋu dadaa srɔ̃ wɔ ŋlɔmi le le aƒeme kpakple ehati sukuviwo hã ƒe anyrawɔwɔ le eŋu na wòva zu anyrawɔla esime wònɔ sukuxɔ adrelia me. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Dzi kuam vevie; medzea amesiame ƒomevi dzi. Vevesese kpɔa ŋusẽ geɖe ɖe ame dzi. Ne ènya le veve sem ko la, àdi be yeaɖee ɖe ame bubuwo ŋu.” Togbɔ be adãnuwɔwɔ alea medzena le nyɔnuvi anyrawɔlawo ŋu o hã la, dziku si wodona nyea eƒe akpa aɖe. *

Sukuvi gbogbo siwo tso teƒe vovovo, siwo wonyi le nɔnɔme vovovowo mee va doa go le sukuwo me. Nublanuitɔe la, ɖevi siawo dometɔ aɖewo wɔa adã elabena wofia wo le aƒeme be ŋɔdzidodo na amewo kple dzugbewo zazã ɖe wo ŋue nye mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ nusi dim wole.

Nublanuitɔe la, edze abe wokpɔa dzidzedze to mɔnu siawo dzi zi geɖe ene. Shelley Hymel, amesi nye Britaintɔwo ƒe Yunivɛsiti si le Columbia, Canada, ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka nɔ nu srɔ̃m ɖeviwo ƒe nɔnɔmewo ŋu hena ƒe 20. Egblɔ be: “Ðevi aɖewo li siwo kpɔ mɔnu siwo dzi woato akpɔ nusi dim wole, eye nublanuitɔe la, anyrawɔwɔ nana wokpɔa dzidzedze. Wokpɔa nusi dim wole—ŋusẽ kple ɖoƒe sua wo si eye amewo trɔa susu ɖe wo ŋu.”

Nu bubu si kpena ɖe anyrawɔlawo ŋu wokpɔa dzidzedze enye ŋku malémalé ɖe wo ŋu. Ame geɖe siwo ŋu wowɔa ŋutasẽnu le senɛ le wo ɖokui me be sitsoƒe aɖeke meli na yewo o—eye nublanuitɔe la, nya sia ƒe akpa gãtɔ nyea nyateƒe. Debra Pepler, amesi nye LaMarsh Ŋutasesẽ Kple Masɔmasɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ Ŋuti Numekuƒe si le Toronto ƒe York Yunivɛsiti ƒe tatɔ lé ŋku ɖe sukuvi siwo le sukukpodzi ŋu eye wòde dzesii be anyrawɔwɔ 4 le alafa me ko ŋue nufialawo kena ɖo heléa enu.

Ke hã Ðk. Pepler xɔe se be nyaa gbɔ kpɔkpɔ le vevie ŋutɔŋutɔ. Egblɔ be: “Ŋutete menɔa ɖeviwo ŋu be woakpɔ kuxia gbɔ o elabena nyaa ku ɖe ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ ŋu, eye ɣesiaɣi si anyrawɔla dze ame aɖe dzi la, ewɔa eƒe ŋusẽ ŋudɔ.”

Ekema nukatae amewo menaa ŋutasẽnu siwo wowɔna ɖe wo ŋu ŋuti nutsotso o? Elabena amesiwo dzi wodzena bunɛ be ɖeko egbɔgblɔ ana nɔnɔmea nagavɔ̃ɖi ɖe edzi. Eyata sɔhɛ geɖewo tsia dzi eye womenɔa dedie tututu le woƒe sukudeɣiwo katã o. Nukawoe wògblẽna le wo ŋu?

Nusiwo Wògblẽna le Lãmesẽ Kple Seselelãme Ŋu

Nyatakaka aɖe si United States Dukɔa me Sukuwo ƒe Susuŋutinunyalawo ƒe Habɔbɔ na gblɔ be ɖevi siwo wu 160,000 gbea suku gbesiagbe le vɔvɔ̃ be woawɔ ŋlɔmi alo anyra le yewo ŋu ta. Amesiwo ŋu wowɔa anyra le ate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo tso suku ŋu alo klass gobii aɖe alo suku ƒe dɔwɔna aɖe ŋu. Woate ŋu aɖoe atsi megbe hafi ayi suku gbesiagbe alo agbe suku yiyi alo agbe suku kura gɔ̃ hã.

Aleke woate ŋu akpɔ ɖevi siwo ŋu wowɔa anyra le la adze sii? Woléa blanui, wodoa dziku kabakaba, dzi ɖena le wo ƒo, alo nu tia kɔ na wo eye woɖea wo ɖokui ɖe aga. Woate ŋu ado adã ɖe amesiwo woa kple wo le aƒeme alo ɖe wo hatiwo kple xɔlɔ̃wo ŋu. Amesiwo kpɔ anyrawɔwɔ le amewo ŋu teƒe hã te ŋu kpea eƒe fu. Nɔnɔmea nana vɔvɔ̃ ƒomevi aɖe ɖoa wo me, si ɖea woƒe nusɔsrɔ̃ŋutete dzi kpɔtɔna.

Gake nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Pediatrics in Review gblɔ be: “Nu vɔ̃ɖitɔ kekeake si ate ŋu adzɔ ɖe amesi ŋu wowɔa ŋlɔmi le kple ɖe ame bubu ɖesiaɖe dzi enye ŋutasesẽ, tsɔ kpe ɖe ameɖokuiwuwu kple amewuwu ŋu. Alesi ɖevi siwo ŋu wowɔa anyra le sena le wo ɖokui me be ŋusẽ mele yewo ŋu o ate ŋu aɖe dzesi ale gbegbe be wotea nu masɔmasɔwo wɔwɔ ɖe wo ɖokui ŋu alo hlɔ̃biabia.”

Ðk. Ed Adlaf, amesi nye dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti numekula kple nufialagã le Toronto Yunivɛsiti ɖe eƒe dzimaɖitsitsi gblɔ be “ele bɔbɔe be amesiwo ŋu wowɔa anyra le alo wɔnɛ le amewo ŋu siaa ate ŋu ato seselelãme ƒe kuxi sesẽwo me fifia alo le etsɔme.” Le ƒe 2001 ƒe sukudeɣia la, wowɔ numekuku le Ontario sukuvi 225,000 kple edzivɔ ŋu, eye wo dometɔ siwo ƒe agbɔsɔsɔ ade xexlẽme ma ƒe akpa ɖeka le ene me va ɖo ɖeka le etɔ̃ me kpɔ gome le anyrawɔwɔ le ame ŋu tɔgbe aɖe me, wònye eya ŋue wowɔe ɖo loo alo eyae wɔe ɖe ame aɖe ŋu. Le ƒuƒoƒo ma ke me la, wo dometɔ 1 le 10 me ɖoe vevie be yewoawu yewo ɖokui.

Anyrawɔwɔ le ame ŋu atraɖii ate ŋu aɖe amea ƒe dzinɔameƒo dzi akpɔtɔ, eye wòahe lãmesẽkuxi sesẽwo vɛ ahagblẽ nu le eƒe agbemedɔ gɔ̃ hã ŋu. Taɖuame, alɔ̃madɔmadɔ, dzimaɖitsitsi, kple blanuiléle ate ŋu aɖe fu na amesiwo ŋu wowɔa anyra le. Ŋɔdzi ƒe fuɖename emegbe ƒe dɔlélewo va nɔa wo dometɔ aɖewo ŋu. Amesiwo kpɔ amesi dzi anyrawɔla dze hewɔ ŋutasẽnu ɖe eŋu atso be yeaxɔ nɛ, gake ame aɖeke mekpɔa amesi ƒe seselelãme ŋu wogblẽ nu le ahayi xɔxɔ ge nɛ o. Eƒe nugblẽƒewo medzena boo wokpɔna o. Eyata le esi xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nase veve ɖe enu teƒe la, amea ƒe nyatoƒoetoto va tia wo boŋ.

Anyra alo ŋlɔmi wɔwɔ le ame ŋu va gblẽa nu le ewɔlawo ŋutɔ hã ŋu. Ne womedzudzɔ le ɖevime o la, ate ŋu ava eme be woatsi ava nɔ anyra wɔm le amewo ŋu le dɔwɔƒe. Le nyateƒe me, numekuku aɖewo ɖee fia be amesiwo wɔa anyra le amewo ŋu srɔ̃nɛ tso woƒe ɖevime tsɔ tsinae. Ate ŋu ava eme be woanye hlɔ̃dolawo wu amesiwo mewɔa anyra o.

Nusi Wògblẽna le Ƒomea Ŋu

Anyrawɔwɔ le ame ŋu le dɔwɔƒe gblẽa nu le ƒomewo ƒe kelili kple ŋutifafa me nɔnɔ ŋu. Ate ŋu ava nɔ nu wɔm wòanɔ tetem ɖe eƒe ƒometɔwo dzi le aƒea me, eye womanya nusitae wòle nu wɔm nenema o. Gakpe ɖe eŋu la, ate ŋu ana ame srɔ̃ alo ƒometɔ nade amesi ŋu wole nua wɔm ɖo dzi ahawɔ avu kple anyrawɔla la. Le go bubu me la, amesi ŋu wole nua wɔm ɖo srɔ̃ ate ŋu abu fɔ eƒe kpeɖeŋutɔa be eya gbɔe wòtso wole nu wɔm ɖe eŋu nenema. Ne anyrawɔwɔ le ame ŋu ŋuti kuxi sia yi edzi egbɔmakpɔmakpɔe la, kpeɖeŋutɔ siwo wonya nyuie be wogbɔa dzi ɖi eye wonaa kpekpeɖeŋu la gɔ̃ hã magate ŋu agbɔ dzi ɖi o. Ne ƒewo va le yiyim la, ate ŋu ava eme be ƒomea ate ŋu akaka.

Le nɔnɔme aɖewo me la, anyrawɔwɔ le ame ŋu nana agbemedɔ kple dɔwɔɖui gena le ame si, eye kaklã, srɔ̃gbegbe, alo ameɖokuiwuwu gɔ̃ hã gena ɖe eme. Dɔwɔla siwo le Australia dometɔ afã va ɖo eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me ka nya ta tso anyra si wowɔna le wo ŋu le dɔwɔƒe ƒe nugbegblẽ le woƒe ƒometɔ kplikplikpli abe woƒe kpeɖeŋutɔwo, wo srɔ̃wo, alo ƒomea ene ŋu.

Anyrawɔwɔ le Ame ŋu Gblẽa Nu Ale Gbegbe

Anyrawɔwɔ le dɔwɔƒe gblẽa nu geɖe le dɔtɔwo hã ŋu. Amesi wɔa anyra le dɔwɔƒe ate ŋu anye dɔmemegã nyatɔame zãla alo dɔwɔhati tamevɔ̃ɖola, eye zi geɖe la, ate ŋu anye nyɔnu loo alo ŋutsu. Ame mawo tɔgbe kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi madzemadzee, woléa ŋku ɖe nu suesuewo ŋu ale gbegbe, eye wodaa ame bubuwo ɖe anyi eye woɖea ɖeklemi wo heɖia gbɔ wo le ame bubuwo ŋkume zi geɖe. Anyrawɔlawo mete ŋu kpɔa woƒe numawɔmawɔ nyuie ɖe ame ŋu dzea sii o alo ɖea kuku ɖe woƒe nuwɔnawo ta o. Zi geɖe la, woɖea ŋku tɔa dɔwɔla bibi wɔnuteƒe siwo woƒe hatidɔwɔlawo lɔ̃na vevie.

Ete ŋu dzɔna be dɔwɔla siwo ŋu wowɔa anyra le va nyea amesiwo megadina be yewoakɔ dɔme awɔ dɔ wòanyo nyuie abe tsã ene o. Dɔwɔhati siwo kpɔ anyranu wɔwɔ ɖe ame ŋu teƒe ƒe dɔwɔnawo hã meganyona tututu o. Anyrawɔwɔ le ame ŋu ate ŋu aɖe dzi le dɔwɔla ƒo eye magado vevie dɔ o. Nyatakaka aɖe gblɔ be anyrawɔlawo nana adzɔnuwɔƒe siwo le United Kingdom bua dɔlar biliɔn etɔ̃ kloe ƒe sia ƒe. Eye wogblɔ be nɔnɔme mae hea dɔléle ƒomevi 30 le alafa me kple edzivɔ siwo do ƒome kple nuteɖeamedzi vɛ.

Edze ƒã be anyrawɔwɔ le amewo ŋu gblẽa nu le amewo ŋu le xexeame godoo. Biabiae nye be ɖe nane li woate ŋu awɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔ ahaɖee ɖaa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Mɔnu siwo nyɔnu anyrawɔlawo zãna koŋ enye amesi woɖe ŋku tɔ ɖeɖe ɖa le woƒe hame alo eŋu gbegblẽ le amewo gbɔ. Ke hã edze abe wo dometɔ geɖe wɔa ŋutasẽnu ŋutɔŋutɔwo hã ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dzi ate ŋu aɖe le amesiwo ŋu wowɔa anyra le ɣesiaɣi ƒo eye woalé blanui

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ewɔ nublanui be anyrawɔwɔ bɔ ɖe dɔwɔƒewo