Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Anyrawɔwɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie

Anyrawɔwɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie

Anyrawɔwɔ​—Xexeame Katã ƒe Kuxie

“Míawu wò ne èva suku etsɔ.”—Sukuvi aɖe si le Canada, amesi ŋkɔe nye Kristen, ye xɔ nyatakaka ma tso nyɔnuvi bubu aɖe si meyɔ eŋkɔ o gbɔ to telefon dzi. *

“Nyemenye amesi nu ɖea fu na akpa o, gake eva ɖo afi aɖe si nyemegadi be mayi suku o. Dɔme ɖuam, meɖea xe ŋdi ɖesiaɖe le ŋdinuɖuɖu vɔ megbe.”—Hiromi, sukuvi ƒewuivi aɖe si le Japan, ɖo ŋku ŋlɔmi si wowɔ le eŋu dzi.

ÐE NÈNƆ te ɖe anyrawɔla aɖe nu kpɔa? Mía dometɔ akpa gãtɔ do go nɔnɔme sia ɣeaɖewoɣi. Ate ŋu anye le suku alo le dɔwɔƒe, alo ate ŋu anye le aƒeme gɔ̃ hã—afisi wowɔa ŋusẽ ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu alea le zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta le Britain be srɔ̃tɔwo alo amesiwo li ɖekae srɔ̃maɖemaɖe dometɔ 53 le alafa me nye amesiwo ŋu wowɔa dzivedonamenuwo le kple nya veamewo gbɔgblɔ. Anyrawɔlawo kple amesiwo ŋu wowɔnɛ le siaa ate ŋu anye ŋutsu kple nyɔnu siwo si ɖoƒe vovovowo le le agbe me, eye wotso xexeame ƒe akpawo katã.

Ekema nuka koŋ enye anyrawɔwɔ le ame ŋu? Mesɔ kple fuɖename alo amedzidzedze tẽ ŋutɔŋutɔ le susua nu ya o. Elɔ numanyomanyo suesue wɔwɔ ɖe amewo ŋu enuenu hena ɣeyiɣi didi aɖe ɖe eme wu esi adzɔ zi ɖeka aɖe alo ɣeaɖewoɣi ko eye enu nasẽ. Susuŋutinunyala Dan Olweus si nye ame gbãtɔ si srɔ̃ nu tsitotsito tso anyrawɔwɔ le ame ŋu ŋu fia asi nɔnɔme siawo dometɔ aɖewo siwo bɔ, abe eɖoɖo koŋ anɔ ŋutasẽnu wɔm le ame si mesẽ de ame nu o ŋu.

Ðewohĩ gɔmeɖeɖe ɖeka gobii aɖeke meli si ɖe anyrawɔwɔ le ame ŋu gɔme keŋkeŋ o, gake woyɔnɛ be “eɖoɖo koŋ ahadi be woawɔ nu ɖe ame bubu ŋu wòase veve alo ana wòaxa nu.” Menye nusi dzɔ ŋutɔŋutɔe nana woxaa nu o ke boŋ vɔvɔ̃ na nusi ate ŋu ava dzɔ ye. Mɔ siwo dzi wotona wɔa esia ate ŋu anye fewuɖuɖu vevie le ame ŋu, ɖeklemiɖeɖe amea atraɖii, dzugbewo zazã, ameŋunyagbɔgblɔ, kple nu manyatalenu didi tso ame gbɔ.—Kpɔ aɖaka si le axa 12.

Kristen, si nye ƒewuivi si míeyɔ le nyatia ƒe gɔmedzedze nye amesi etɔwo ɖe ŋku tɔ vevie le eƒe sukudeɣi akpa gãtɔ me. Esi wònɔ gɔmedzesuku dem la, anyrawɔlawo ɖua aŋekpetike tsɔ tena ɖe ɖame nɛ, woɖua fewu le eƒe dzedzeme ŋu, eye woklẽa ŋku denɛ be yewoaƒoe. Le sekɛndrisuku la, nuwo gblẽ ɖe edzi kura—ale gbegbe be wodoa vɔvɔ̃ nɛ to telefon dzi be yewoawui gɔ̃ hã. Fifia si wòxɔ ƒe 18 la, efa konyi be: “Afisi wòle be woasrɔ̃ nu lee suku nye hafi, ke menye afisi woatsɔ ku ado vɔvɔ̃ na ame alo anɔ ŋɔdzi dom na ame le o.”

Tagbɔdɔdala aɖe gblɔ be: “Menyo kura o gake enye nɔnɔme aɖe si bɔ ɖe amegbetɔwo dome. Ame aɖewo kpɔa dzidzɔ ne woda ame bubu aɖe ɖe anyi.” Ne nɔnɔme sia yi edzi la, ate ŋu akplɔ ame ade ŋutasesẽnuwɔwɔ atsɔ aɖo eteƒe alo afɔku gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, woɖu fewu le ʋudɔwɔla aɖe si nu menya ƒona na tututu o ŋu eye wodo dzive nɛ ale gbegbe be wòwu eƒe dɔwɔhatiwo dometɔ ene eye wòda tu wu eɖokui mlɔeba.

Anyrawɔwɔ le Ame Ŋu Bɔ ɖe Xexeame Godoo

Anyrawɔwɔ le ame ŋu si yia edzi le sukuviwo dome nye nusi dzɔna le xexeame godoo. Numekuku aɖe si wota ɖe Pediatrics in Review me ɖee fia be le Norway la, ɖevi 14 le alafa me nye amesiwo wɔa ŋutasẽnu le wo tɔwo ŋu alo nye amesiwo ŋu wowɔe le. Le Japan la, gɔmedzesukuvi 15 le alafa me gblɔ be wowɔa anyra le yewo ŋu, eye kuxi sia yia edzi le sukuvi 17 le alafa me dome le Australia kple Spain. Numekula aɖe bu akɔnta be ɖevi miliɔn 1.3 ŋue wowɔa ŋutasẽnu le le Britain.

Nufialagã Amos Rolider si le Emek Yizre’el Kɔledzi wɔ numekuku le sukuvi 2,972 ŋu le suku 21 me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Jerusalem Post gblɔ be nufialagã la de dzesii be “wo dometɔ 65 le alafa me na nutsotso be yewo hati sukuvi bubuwo ƒo tome na yewo, tu afɔkpo yewo, tutu yewo alo sẽ ŋuta le yewo ŋu.”

Anyrawɔwɔ le ame ŋu ƒe mɔnu yeye aɖee nye esi yia edzi le mɔ̃wo dzi—ŋɔdzidonamenyawo ɖoɖo ɖe ame to asitelefon kple kɔmpiutawo dzi. Sɔhɛwo hã gadea amesi wolé fui eye wole dzive dom na ŋuti nyawo Internet Nyatakakadzraɖoƒe. Ðk. Wendy Craig si le Queen’s Yunivɛsiti le Canada gblɔ be dzivedoname sia tɔgbe “gblẽa nu le ɖevi si ŋu wòwɔnɛ ɖo la ŋu vevie.”

Le Dɔwɔƒe

Anyrawɔwɔ le ame ŋu le dɔwɔƒe nye ŋutasesẽ le ame ŋu dometɔ ɖeka si le dzidzim ɖe edzi kabakaba si ŋu wole nya ta kam le wu. Le nyateƒe me la, dukɔ aɖewo ka nya ta be ebɔ wu vovototodedeameme alo gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na amee. Ƒe sia ƒe la, wowɔa ŋlɔmi le ame 1 le 5 ɖesiaɖe me ŋu le United States le dɔwɔƒe.

Le Britain la, nyatakaka aɖe si Manchester Yunivɛsiti si me Wosrɔ̃a Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mɔ̃ɖaŋununya Le na le ƒe 2000 me gblɔ be le dɔwɔla 5,300 siwo le dɔwɔha 70 me dome la, wo dometɔ 47 le alafa me ka nya ta be yewokpɔ anyrawɔwɔ le amewo ŋu teƒe le ƒe atɔ̃ siwo va yi me. Le Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha ƒe numekuku aɖe si wowɔ esi wobia gbe ame 15,800 le ƒe 1996 me le dukɔ 15 me ɖee fia be ame 8 le alafa me—si ade dɔwɔla miliɔn 12—ŋue wowɔ nu manyomanyowo ɖo alo wɔ anyra le.

Eɖanye le sukukpodzi loo alo le dɔwɔƒe o, edze abe nu ɖeka aɖe tɔgbe dzena le anyrawɔwɔ le amewo ŋu me ene—si nye ŋusẽ zazã atsɔ agblẽ nu le ame ŋu alo aɖi gbɔ amea. Ekema nuka koŋ tae ame aɖewo wɔa anyra le ame bubuwo ŋu ɖo? Nukawoe nye emetsonuawo? Eye nukae woate ŋu awɔ le eŋu?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Aɖaka si le axa 12]

Anyrawɔwɔ le Ame Ŋu Ƒomevi Vovovowo

Anyrawɔla si Ƒoa Ame: Esiawoe nye esiwo dzena wokpɔna bɔbɔe wu. Woɖea woƒe dziku fiana to amea ƒoƒo, asi alo afɔkpo tutu amea—alo to eƒe nunɔamesi dome gbegblẽ me.

Dzugbezãlawo: Amesiawo zãa nyawo tsɔ doa dzivee alo ɖia gbɔ amesi woɖe ŋku tɔ to megbeŋkɔwo yɔyɔ nɛ, dzugbewo zazã ɖe eŋu, alo fewuɖuɖu le amea ŋu atraɖii dzi.

Ƒomedodo Dome Gblẽlawo: Amesiawo kakaa aʋatsonyawo le amesi woɖe ŋku tɔ ŋu. Nɔnɔme sia bɔ ɖe nyɔnu anyrawɔlawo koŋ dome.

Amesiwo Ŋu Wowɔ Anyra Le: Amesiawo nyea amesiwo ŋu wowɔ anyra le kpɔ siwo hã va zu anyrawɔlawo. Ele eme baa be ŋutasẽnu si wowɔ ɖe wo ŋu meɖe mɔ ɖe woƒe anyrawɔwɔa ŋu o ya; ɖeko wòna míesea nusita wowɔnɛ ɖo gɔme.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyawo Tsoƒe: Take Action Against Bullying, by Gesele Lajoie, Alyson McLellan, and Cindi Seddon