Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ati si Naa Aɖu Ŋu Kɔna

Ati si Naa Aɖu Ŋu Kɔna

Ati si Naa Aɖu Ŋu Kɔna

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE ZAMBIA GBƆ

AFRIKA—nye afisi wowɔa numeklɔbrɔs ʋɛ aɖewo ko dzrana le, evɔ ameawo ƒe aɖu nya kpɔna ale gbegbe! Nukae na? Le ame geɖe gome la—ati fefe aɖe—si nye atiɖuɖu, gbɔe wòtso woƒe aɖu nya kpɔna ŋutɔ!

Babilontɔwo zã atiɖuɖu kpɔ, eye emegbe Egiptetɔwo, Helatɔwo, kple Romatɔwo hã zãe. Amesiwo nɔ Arabia si nɔ anyi do ŋgɔ na Islam subɔsubɔ hã zã ati “numeklɔbrɔs” siawo. Ƒe 300 enye si va yi esime Europatɔwo megadoa vivi ɖe atiɖuɖu ŋu o, ke hã amewo kpɔtɔ zãnɛ vevie le Afrika, Asia, kple Titina Ɣedzeƒe ƒe akpa aɖewo.

Le Titina Ɣedzeƒe la, ati si woyɔna be saltbush, alo numeklɔbrɔsti, koŋue wotsɔna wɔa atiɖuɖui. Le Ɣetoɖoƒe Afrika la, ame aɖewo ɖua dɔŋutiti kple aŋutiti hã, eye le India ƒe teƒe geɖe la, liliti koŋue wotsɔna wɔa atiɖuɖui. Le Ɣedzeƒe Afrika la, ati ƒomevi vovovo 300 kloe wotsɔna wɔa atiɖuɖui. Aleke ati kɔa ame ƒe aɖu ŋui?

Ne èle eɖum la, atia nu gbãna hebɔbɔna zua “brɔs.” Ne èle eɖum hele aɖuawo ŋu tutum la, eɖea nukuiwo ɖa le aɖuawo tome kple wo ŋu eye wònaa ʋu sina toa ʋuka siwo le aɖulã me la me nyuie. Ati ɖuɖu nana be ta, si wɔa dɔ abe dzɔdzɔme numeklɔtsi ene, eye wòklɔa dɔlékuiwo ɖa si wɔnɛ be womekpɔa nɔƒe nɔna dzina o la hã dzina ɖe ame ƒe nume nyuie. *

Gake menye aɖututunu koe atiɖuɖu nye o. Atike siwo xea mɔ na aɖu ƒe gbegblẽ le ati aɖewo ƒe alɔ suewo kple kewo me. Wokpɔe be nanewo le ati aɖewo me siwo kpɔa ŋusẽ ɖe dɔlékui ƒomevi vovovowo dzi. Numeklɔbrɔsti si míeyɔ va yi, ƒe alɔ suewo te ŋu wua abi gɔ̃ hã. Le Namibia la, ati si woyɔna be muthala ƒe atiɖuɖu xea mɔ na dɔléle siwo naa aɖu vona, aɖulã me dɔléle, kple vemewɔabi. Dzɔdzɔmeɖututunu sia ate ŋu axe mɔ na aɖu ƒe ŋɔŋɔ ahana aɖulãa kple aɖua siaa nasẽ. Adzɔnuwɔƒe aɖewo le ati siawo ƒe akpa aɖewo zãm tsɔ le numeklɔtike wɔmee fifia.

Ele eme be ame aɖewo lɔ̃ numeklɔbrɔs zazã wu atiɖuɖu. Eɖanye eyae nèdi alo di be yeaɖu ati abe alesi blematɔwo wɔnɛ ene o, nu ɖeka aɖe ya hiã ŋutɔ: Eyae nye be beléle na ame ƒe nume le vevie ŋutɔ le lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Gake nuɖuɖu hã wɔa akpa vevi aɖe. Afrika kɔƒeduwo me nɔlawo ɖua blinu kple amagbewo wu wo havi siwo le dugãwo me. Azɔ hã womeɖua sukli, nuɖuɖu siwo ŋu wotrɔ asi le fũ, henoa aha viviwo—nusiwo koŋ naa aɖu vona la fũ o.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Liliti nye ati siwo woɖuna dometɔ ɖeka

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

William M. Ciesla, Forest Health Management International, www.forestryimages.org