Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Eƒe Nyatakaka Wɔ Dɔ Ðe Wo Dzi Ale Gbegbe

Eƒe Nyatakaka Wɔ Dɔ Ðe Wo Dzi Ale Gbegbe

Eƒe Nyatakaka Wɔ Dɔ Ðe Wo Dzi Ale Gbegbe

Esi Ginny, si nye Yehowa Ðasefo le United States le eƒe ƒe mamlɛa me le suku la, mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe su esi wòƒo nu tso eƒe subɔsubɔha ŋu. Egblɔ be: “Míaƒe nufiala gblɔ na klass la be woade dɔ aɖe asi na mí be míaŋlɔ nu tso nanewo ŋu hafi awu sukua nu. Megblɔ nɛ be medi be maŋlɔ nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖawo me nɔnɔ ŋu.”

Nufialaa ɖe mɔ na Ginny be wòaŋlɔ nu tso nyati si wòdi ŋu. Ginny ʋu nya me be: “Esi ɣeyiɣia ɖo be matsɔ nye nuŋɔŋlɔa ana ahaƒo nu tso eŋu le klass la ŋkume la, vɔvɔ̃ ɖom vie. Nyemenya nya si nye sukuxɔmehatiwo agblɔ alo ne woaɖu fewu le ŋunye o.”

Ginny dze eƒe nuƒoa gɔme kple biabia sia: “Amekae nya amesiwo ƒe awudodo ŋu Dawid ƒe Ɣletividzesi le le Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖa me?” Amesiame gblɔ be: “Yudatɔwoe.” Emegbe ebia be amekae nya amesiwo tɔ ŋu dzesidevɔ dzẽ si le dzogoe etɔ̃ me le. Ame aɖeke meɖo eŋu o. Ginny gblɔ be: “Megblɔ na wo be Yehowa Ðasefowoe.”

Ginny ƒe nyatakaka la wɔ dɔ ɖe nufialaa kple klass la dzi ale gbegbe. Ginny gblɔ be: “Esi wose be agbalẽ kakɛ aɖe ko tee wòle be Yehowa Ðasefowo nade asii be yewoɖe asi le yewoƒe xɔse ŋu ko woaɖe asi le wo ŋu hafi la, woƒe nu ku ŋutɔ. Emegbe nye sukuxɔmehati aɖewo gblɔ nam be yewoɖua fewu le Yehowa Ðasefowo ŋu tsã gake ne wo dometɔ aɖe gava yewoƒe aƒeme la, yewoaɖo toe azɔ.”

Wona gbãxɔxɔ ƒe ŋɔŋlɔdzesi ene Ginny ɖe eƒe nyatakakaa kple nuƒoa ta. Egblɔ be: “Menye ŋɔŋlɔdzesi deŋgɔ koe mexɔ le dodokpɔa me o ke boŋ mɔnukpɔkpɔ gã aɖe hã su asinye meƒo nu tso nye xɔse ŋu!”

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Wogblɔ na Yehowa Ðasefo geɖe be woaɖe asi le wo ŋu ne wode asi agbalẽ sia te be yewoɖe asi le yewoƒe xɔse ŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of United States Holocaust Memorial Museum