Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nudodo Siwo Le Tsia Dzi Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

Nudodo Siwo Le Tsia Dzi Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

Nudodo Siwo Le Tsia Dzi Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

BIBLIA gblɔ be Mawu “[wɔ] nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi.” (Nyagblɔla 3:11) Míekpɔa nu dzeaniwo le xexeame ƒe akpa sia akpa. Míekpɔnɛ le amegbetɔwo hã ŋu.

Awutɔtsyãtovɛla ƒe taɖodzinue nye be yeana míanya kpɔ ɖe edzi to awu siwo míedona dzi. Gake abe alesi wòdze le nyati si do ŋgɔ mee ene la, awudɔwɔlawo trɔ nusi wobuna nyonyoe. Ruth Striegel-Moore, si nye susuŋutinunyafialagã gblɔ be: “Ame tsralɛwo kpɔkpɔ xɔ susu me na mí ale gbegbe be míeva buna be ɖeko wòle be nànye ame tsralɛ hafi adze tugbe.”

Edze ƒã be nunya manɔ eme be míaɖe mɔ alesi xexea bua nyonyo fifiae nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi míadze eyome o. Doris Pooser ɖee fia le eƒe agbalẽ si nye Always in Style me be “mehiã be egbe nyɔnuwo natrɔ wo ɖokui alo atrɔ woƒe dzedzeme ɣesiaɣi si wobe ‘nu nyui’ aɖe do o.” Nyateƒee, nukatae wòle be míaɖe mɔ nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo nazi woƒe nukpɔsusuwo ɖe mía dzi? Pooser gblɔ be: “Vovo ka gbegbee nye si wònye be míana míaƒe nɔnɔmewo nadze mía ŋu tsɔ wu be míanɔ agbagba dzem dzimaɖitsitsitɔe be míatrɔ alesi míele.”

Nyonyo si Nɔa Anyi Ɣeawokatãɣi

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋutɔ ƒe nɔnɔme ŋu kple dzidzeme le agbe me nɔ te ɖe nu geɖe dzi wu tugbedzedze. Judy Sargent, si lé numaɖumaɖudɔ kpɔ, ŋlɔ bena: “Ememee dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsona. Menɔ te ɖe ame ƒe lolome dzi o.” Biblia gɔ̃ hã ƒo nu tso nyonyo ŋu zi geɖe. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “[Wò nyonyo nanye] dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.”—Petro I, 3:4.

Nyonyo si nɔa anyi ɣeawokatãɣi si ŋu Petro ƒo nu tsoe xɔ asi wu ŋutilãmetugbedzedze sasasã, le alesi wònɔa anyi ɖaa kple asixɔxɔ si le eŋu le Mawu ŋkume ta. Ƒe alafa geɖewoe nye si va yi la, fia nyanu aɖe gblɔ be: “Nyonyo la, alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa la, ele be, woakafui.”—Lododowo 31:30.

Togbɔ be egbea amewo akpɔ dzidzɔ ɖe ŋutilãmetugbedzedze ŋu wu hã la, ame geɖe kpɔtɔ dea bubu amesi ɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo fiana la ŋu. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “[Mido amenyenye yeye la], . . . mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.”—Kolosetɔwo 3:10, 12.

Le alesi nudodo siwo va tsia dzi nɔna ta la, womenɔa anyi eteƒe didina o. Ne atsyã aɖe nyo le ame aɖe ŋkume ŋutɔ hã la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòadoe. Gake aleke kee awu ma adze míi o, míaƒe nu manyo amewo ŋu ne míaƒe nɔnɔme mewɔ ɖeka kple míaƒe dzedzeme o. Ðo ŋku edzi be ‘gbɔgbɔ ƒe kutsetse’—siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo kple ɖokuidziɖuɖu—nu meyina gbeɖe o.—Galatiatɔwo 5:22, 23; Timoteo I, 2:9, 10.

Gake enye nyateƒe be ele be míalé fɔ ɖe míaƒe nudodowo ŋu alesi dze. Aline, si tso France, lɔ̃ ɖe edzi be mele bɔbɔe be woada asɔ le go sia me o. Egblɔ be: “Abe ƒewuivi ene la, metsɔ ɖe le nudodowo me ale gbegbe. Awu sia awu si nya va tsia dzi ko mele egbɔ, elabena enaa nye nɔnɔme dzea ŋunye. Eye dzi gadzɔam wu ne awu si ŋu atsyãtovɛla xɔŋkɔ aɖe ƒe ŋkɔ lee meƒle.”

Aline yi edzi be: “Gake esi metsi la, ele be makpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ na ɖokuinye, azɔ hã, mete nye ɣeyiɣi akpa gãtɔ zazã ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Meva kpɔe dze sii be ne medi be manɔ agbe ɖe ga si le asinye nu la, ke mele be maganye kluvi na nudodo siwo va tsia dzi o. Mete nye awuwo ƒeƒle le fiase siwo me nuwo mexɔa asi le o me. Mekpɔe be nye nudodowo kpɔtɔ le nɔnɔme nyui me—gake ga si megblẽna tsã ƒe akpa enelia koe dena nam. Nya la koe nye be nàsrɔ̃ alesi nàƒle awu siwo dzea wò, siwo sɔ na zazã, siwo sɔ kple esiwo le asiwò xoxo, kple esiwo nu mayi kaba o. Le esi teƒe be mana nudodo siwo va tsia dzi nafia awu siwo maƒlem la, medzea agbagba fifia be maƒle atsyã siwo dzem. Nyemele gbɔgblɔm be nudodowo megale vevie nam azɔ o. Gake bubu si le ŋunye nɔ te ɖe nu geɖe dzi wu nye dzedzeme ko.”

Le xexe si wobua gotagome dzedzeme nu vevitɔ zi geɖe wu nɔnɔme nyuiwo me la, ele be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo vevi sia nanɔ susu me na Kristotɔwo: “Nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:16, 17.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Dzimee tugbedzedze vavãtɔ tsona, metsoa wò nudodowo gbɔ o

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Tia awu siwo sɔ na zazã hewɔ ɖeka kple esiwo le asiwò xoxo