Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nudodo Siwo Le Tsia Dzi Me Tsonu Gbegblẽwo

Nudodo Siwo Le Tsia Dzi Me Tsonu Gbegblẽwo

Nudodo Siwo Le Tsia Dzi Me Tsonu Gbegblẽwo

ÐIKEKE mele eme o be didi be ame ƒe nudodo nasɔ ɖe esiwo le tsia dzi nu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò wò dzedzeme nanyo ɖe edzi ahana wò nɔnɔme nadze ŋuwò. Awu si sɔ dodo ate ŋu ana wò ŋutilã ƒe akpa siwo menya kpɔ tututu o nabu eye wòana nànya kpɔ ɖe edzi gɔ̃ hã. Ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi amewo bua wòe hã dzi.

Ke hã nudodo siwo le tsia dzi me tsonu gbegblẽwo hã li, siwo dzi womate ŋu aŋe aɖaba ƒui o. Awu yeyewo ƒeƒle gbesiagbe ƒe mɔ̃ ate ŋu aɖe nuƒlelawo. Elabena awuawo wɔlawo yi edzi le atsyã yeyewo tom vɛ gbesiagbe. Menye ɖeko esia dzɔna le vome o, elabena awudɔwɔlawo kpɔa ga geɖe ne awu yeyewo le xɔxɔm ɖe xoxoawo teƒe kabakaba. Awutɔtsyãtovɛla Gabrielle Chanel gblɔ be: “Ðe wotoa atsyã yeyewo vɛ be woado xoxo bubu naxɔ ɖe wo teƒe.” Esia kpɔa ŋusẽ ɖe nuƒlela maɖɔŋuɖo dzi wòdina be yeanɔ awu yeyewo ƒlem gbawotsyogbe ne yeanɔ tsia dzi.

Afɔku bubu hã li be boblododo nakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi le manyamanya me. Awudɔwɔlawo zãa dɔlar miliɔn geɖe tsɔ doa woƒe awuwo ɖe ŋgɔe, eye zi geɖe la, woɖenɛ fiana be naneke meɖea fu na amesiwo doa yewoƒe awuwo o. Gbedasi siawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi vevie. Nufiala aɖe si le Spain gblɔ be: “Nu tena ɖe ƒewuiviwo dzi vevie ne menye ‘adzɔha si wolɔ̃na’ ƒe afɔkpae wodo o.”

Nudodo Siwo Le Tsia Dzi ƒe Amebleŋusẽ

Ame aɖewo doa awu aɖewo tɔgbe tsɔ ɖea ƒuƒoƒo siwo me wole fiana. Woƒe nudodowo ate ŋu aɖee afia be wotsi tre ɖe amewo ŋu, wonye ɖokuisigbenɔlawo, alo ŋutasẽnuwɔlawo gɔ̃ hã, alo be wodea vovototo ame me. Togbɔ be atsyã siawo dometɔ aɖewo madze gadzi o alo woatɔ ŋku hã la, ƒuƒoƒo ma me tɔwo donɛ zi geɖe. Awu ma ate ŋu alé dzi na ame aɖewo siwo meda asi ɖe ƒuƒoƒoa ƒe nukpɔsusuwo dzi o la gɔ̃ hã. Amesiwo doa awu mawo tɔgbe ate ŋu ana amewo nasusui be woda asi ɖe ƒuƒoƒoa ƒe nukpɔsusuwo dzi hedoa wo ɖe ŋgɔ.

Nudodo yeyewo vaa tsia dzi gadzona, eye ɣleti ʋɛ aɖewo koe ɖewo nɔa anyi. Hadzila xɔŋkɔwo alo nutovɛla bubuwo te ŋu toa wo vɛ. Gake nudodo siwo va tsia dzi dometɔ ʋɛ aɖewo va zua atsyã siwo dzi ame geɖe daa asi ɖo. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ tsitretsiɖenuŋulawo koŋue lɔ̃a atalegbe si woyɔna be blue jeans dodo le ƒe 1950 kple 1960 ƒeawo me. Gake fifia la, ame vovovo siwo xɔ ƒe vovovowoe donɛ yia teƒe vovovowoe.

Didi Be Ame ƒe Ameti Nanye Nyuitɔ Kekeake

Amesiwo tiaa nudodo siwo le tsia dzi yome fũ va tsia dzi ɖe woƒe dzedzeme ŋu akpa. Zi geɖe amesiwo doa boblo awu yeyewo nyea ame kɔkɔ tsralɛwo, eye woƒe fotowo xɔa afisiafi. * Wozãa amesiwo ƒe dzedzeme “sɔ ŋutɔ” wodoa nusianu kloe ƒe boblo, tso ʋuwo dzi va ɖo kpetikewo dzi. Britain ƒe Hadomenyawo Ŋuti Numekuƒe bu akɔnta be nyɔnu dzetugbe siwo ƒe foto “ɖetugbiwo kpɔna fifia gbesiagbe la sɔ gbɔ sasasã wu esiwo mía dadawo kpɔ le woƒe ɖevimenɔƒewo katã me.”

Amesiawo ƒe foto ƒe bɔbɔ ɖe afisiafi ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, numekuku aɖe si ŋu Newsweek magazine ƒo nu tsoe ɖee fia be yevu ƒewuivi siwo ƒe ŋutigbalẽ fu 90 le alafa me mekpɔa dzidzɔ ɖe wo ɖokui ŋu o. Wo dometɔ aɖewo toa mɔ sia mɔ kloe dzi be yewoƒe ‘ametia nanye nyuitɔ kekeake.’ Ke hã Hadomenyawo Ŋuti Numekuƒe gblɔ be nyɔnu 5 le alafa me koe ate ŋu aɖo kpekpeme kple lolome ƒe nudidi si dzena le nyakakamɔnuwo me la gbɔ. Ke hã didi be woanɔ abe ame tsralɛ siawo ene kplɔ ɖetugbi miliɔn geɖe de kluvinyenye me. Ena ame aɖewo xɔ numaɖumaɖudɔ si menya dana o. * Nieves Álvarez, si nye Spaintɔ si ɖea nudodo siwo va tsia dzi fiana, si xɔ numaɖumaɖudɔ la ʋu nya me be: “Lãmekpɔkpɔ doa ŋɔdzi nam wu ku.”

Ele eme be nu bubu geɖewo ate ŋu ahe numaɖumaɖudɔ kple nutsuɖuɖudɔ vɛ ya. Ke hã Ðk. Anne Guillemot kple Michel Laxenaire gblɔ be: “Agbagbadzedze be woanɔ tsralɛ hã henɛ vɛ.”

Edze ƒã be viɖe le nudodo siwo le tsia dzi ŋu gake afɔkuwo hã le eme. Ekpɔa amegbetɔ ƒe didi be yeanya kpɔ eye be yeakpɔ nu yeye azã la gbɔ. Gake nudodo siwo le tsia dzi yomenɔnɔ fũ te ŋu kplɔa ame dea awu siwo naa nukpɔsusu gbegblẽ sua amewo si ɖe ame ŋu la dodo me. Eye ne míetsia dzi ɖe míaƒe dzedzeme ŋu akpa la, míate ŋu ava xɔe ase vodadatɔe be míaƒe asixɔxɔ nɔ te ɖe ‘gotagome dzedzeme’ dzi ke menye ɖe ememe nyonyo dzi o. Álvarez, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Ele be míadze egɔme anɔ asixɔxɔ dem ame ƒe ŋutete kple amenyenye ŋu wu gotagome dzedzeme dzaa ko.” Gake edze abe tɔtrɔ wɔwɔ le nukpɔsusuwo ŋu alea manya wɔ kaba o ene. Ekema mɔ ka dzie míato akpɔ nudodo siwo le tsia dzi ŋuti nukpɔsusu si da sɔ?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Time magazine ka nya ta be, zi geɖe la, wokpɔa mɔ be amesiwo doa boblo awu yeyewo ƒe kɔkɔme naɖo “meta 1.74 ya teti, woanɔ tsralɛ, woƒe nuyiwo nanɔ tegblẽe, woƒe mo nanɔ lɔbɔe, woƒe ŋku nalolo, woƒe afɔwo nadidi, eye woƒe ŋɔti nanɔ vedomesi.”

^ mm. 10 United States Dukɔa ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Numaɖumaɖudɔ Kple Dɔléle Bubu Siwo Do Ƒome Kplii Gbɔ bu akɔnta be ame miliɔn enyi dzie numaɖumaɖudɔ dze le United States ɖeɖe eye be wo dometɔ geɖe ku. Amesiawo ƒe akpa gãtɔ (ame 86 le alafa me) mekpɔ xɔ ƒe 21 hafi xɔ numaɖumaɖudɔa o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Ame aɖe Ado Awu Ma Nyateƒea?

Woɖea awutɔtsyãtovɛla xɔŋkɔ eve ƒe awu tɔxɛwo fiana le New York, Paris, kple Milan ƒe teƒe siwo wodoa boblo awu yeyewo le le ada kple kele ɖesiaɖe me. Hekpe ɖe asi gbogbo si wokana ɖe awu siawo ŋuti ŋu la, edzena abe wo dometɔ geɖe mesɔ, alo womenyo kura na dodo o ene. Juan Duyos, si nye Spaintɔ awutɔtsyãtovɛla gblɔ be: “Le nyateƒe me la, awu kpeɖi gbɔme siwo nàkpɔ la tovɛlawo mebua wo dolawo ŋu le wo totovɛ me o. Taɖodzinu si ta wole awuawo ɖem fia anye be woahe susu ayi atsyãtovɛlaa alo awuawo ƒe ŋkɔ dzi wu be amewo nava ƒle awu siwo ɖem fia wole. Le kpɔɖeŋu me, awu yeye aɖe si woɖe fia si ŋu nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo ƒo nu geɖe le ate ŋu ana amewo naƒle atsyãtovɛla ƒe ami ʋeʋẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le la fũ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ena ame aɖewo xɔ numaɖumaɖudɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Awu ƒomevi aɖewo dodo ate ŋu ana woabu wò ade ƒuƒoƒo aɖe me

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nudodo ɖesiaɖe si va tsia dzi yomenɔnɔ ate ŋu agblẽ ga