Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nudodo Siwo Vaa Tsia Dzi Ƒomevi Vovovowo

Nudodo Siwo Vaa Tsia Dzi Ƒomevi Vovovowo

Nudodo Siwo Vaa Tsia Dzi Ƒomevi Vovovowo

MÍEÐADE dzesii alo míede dzesii o, nudodo siwo le tsia dzi kpɔa ŋusẽ ɖe nyametsotso siwo míewɔna gbesiagbe ku ɖe awu siwo míado ŋu la dzi le go aɖewo ya teti me. Zi geɖe la, nudodo siwo le tsia dzi kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe awu si amewo ƒlena dzi.

Awu siwo míegadona fifia o gɔ̃ hã nɔ tsia dzi kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsuwo ƒe dziwui kple taya si woblana va tsia dzi ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye si va yi. Eye nyɔnuwo ƒe vuvɔmewu va tsia dzi tso keke ƒe 1920-awo me.

Didi eve koŋue ʋãa awudɔwɔlawo—woawoe nye didi be woado nu yeye kple be nudodoa nasɔ ɖe atsyã si le tsia dzi nu. Amesiame kloe dina be yeado nu yeye. Ema tae míeƒlea awu yeye, menye be esiwo le mía si do xoxo ta o, ke esi míedina be míado nu yeye tae. Azɔ hã, míedina be míaƒe nudodowo nanye tsigãdziwuwo o, eyata míeƒlea awu siwo sɔ ɖe atsyã siwo mía hatiwo dona nu ɖona afi aɖe. Le ƒe alafaawo me la, awudɔwɔlawo kpɔ didi be woado nu yeye eye be wòasɔ ɖe atsyã si le tsia dzi nu—siwo ŋudɔ wowɔna le mɔ gbegblẽ nu ɣeaɖewoɣi—ƒe hiahiã la gbɔ.

Eŋutinya Kpui Aɖe

Be awutɔtsyãtovɛlawo nato atsyã aɖe vɛ la, nu vevi atɔ̃ aɖewo dzie wonɔa te ɖo: amadede, amewo ƒe nɔnɔme, awutɔvɔa ƒe nɔnɔme, alesi wolɔ̃ avɔa me kawoe, kple alesi avɔa me nutatawo le (alo afisi wotrɔ ta ɖo). Nu atɔ̃ siwo dzi wòle be awutɔtsyãtovɛlawo kple etɔlawo nanɔ te ɖo la va keke ta le ƒeawo me. Le kpɔɖeŋu me, le blema Egipte la, awutɔvɔ si wowɔ kple ɖeti ɣi le afima wòle falɛfalɛ lae amewo dina vevie, eye wòsɔna na zazã le dzomeŋɔli. Gake esi ama dede ɖeti ɣi mele bɔbɔe o ta la, zi geɖe la, amadede ɖeka me koe wònɔna—si nye amadede ɣi. Ke hã le etɔtɔ me la, awutɔla siwo nɔ Egipte ŋea avɔ bliboa ɖe fli ƒe didime ɖeka aɖe dzi klukluklui hafi tɔnɛ si nana eƒe nɔnɔme nyona eye wòdzea ame nyuie. Mɔ sia dzie woto to awutɔtsyã xoxo siwo le xexeame egbea la dometɔ ɖeka vɛ.

Kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. naɖo la, awutɔvɔ yeyewo kple amadede vovovowo nɔ anyi. Romatɔ siwo nye kesinɔtɔwo dɔa sedavɔ tsoa China alo India, togbɔ be ʋudzɔa nana be sedavɔ xɔa asi abe sika ene hã. Awutɔvɔ bubu si nɔ tsia dzi enye lãfuvɔ si wode amae, si tso Tiro, eye avɔ sia ƒe kpekpeme pounde ɖeka te ŋu xɔa denario 1,000—si nye dɔwɔla ƒe ƒe etɔ̃ fetu. Ama kple awutɔvɔ yeyewo ƒe vava na Roma-nyɔnu hotsuitɔwo te ŋu tsɔa ɖetivɔ si wode ama blɔe, si tso India alo sedavɔ si ƒe amadede nye aŋutiɖiɖi, si tso China la—tɔa awu legbee dona.

Togbɔ be awutɔtsyã yeyewo tona tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi hã la, le ɣeyiɣi siwo va yi me la, awu xɔasi te ŋu nɔa amewo si wozãna le woƒe agbenɔɣi katã. Atsyãwo metrɔna kabakaba o eye zi geɖe la, ame ŋkutawo gome koe wòtrɔna le. Gake tɔtrɔ kpata siwo va asitsanyawo me na be nudodo siwo va tsia dzi va kpɔa ŋusẽ ɖe ame tsɛwo hã dzi.

Le ƒe alafa 19 lia me la, awutɔdɔwɔƒe geɖewo do siwo tɔa awu hotsuitɔwo kple hiãtɔwo siaa ƒlena. Mɔ̃ siwo trea ɖeti kple esiwo trɔa asi le lãfu ŋu wotsɔna wɔa avɔe va bɔ si na be awutɔvɔwo ƒe asi ɖiɖi. Awutɔmɔ̃wo hã va to si na be wote ŋu tɔa awuwo le asi bɔbɔe dzi, eye ama yeye vovovowo ƒe vava wɔe be awutɔvɔwo le amadede geɖe me woate ŋu atia.

Hadome kple mɔ̃ɖaŋununya me tɔtrɔwo hã wɔ akpa vevi aɖe be awuwo bɔ be ame tsɛwo hã nakpɔ ado. Le Ɣetoɖoƒe Europa kple Dziehe Amerika la, ga geɖe le amewo si. Le ƒe 1850-awo me la, wote nyɔnuwo ƒe awuwo dzadzra le fiase suewo me, eye ema megbe kpuie la, wotɔa awuwo ɖe lolome vovovowo me dzrana le fiase gãwo me. Azɔ hã le ƒe alafa 19 lia me la, Charles Frederick Worth naa amewo doa atsyã yeye siwo wotɔ la fiana amehawo, tsɔ nyɔa woƒe ɖetsɔleme ɖe awu mawo ŋu.

Le ƒe alafa 20 lia me la, avɔlɔ̃ka yeyewo abe rayon, nylon, kple polyester ƒe vava na be awutɔvɔwɔlawo te ŋu wɔa avɔ vovovowo. Kɔmpiutawo na be atsyã yeyewo totovɛ va le bɔbɔe, eye kadodo si va le xexeame dukɔwo dome wɔe be atsyã yeye siwo to la te ŋu ɖoa teƒeteƒewo, eye le ɣeyiɣi ɖeka me la, àte ŋu akpɔe le Tokyo, New York, Paris, kple São Paulo. Azɔ hã, awutɔtsyãtovɛlawo kple etɔlawo ke ɖe mɔnu yeyewo ŋu siwo dzi wotona doa woƒe dɔwo ɖe ŋgɔ.

Egbea la, sɔhɛwo va xɔ ɖe hotsuitɔwo teƒe le vividodo ɖe atsyã yeyewo ŋu me. Wo dometɔ miliɔn geɖe ƒlea awu yeyewo ɣleti sia ɣleti, eye awutɔdɔwɔƒewo tɔa awu siwo ƒe home ɖona dɔlar biliɔn geɖe ƒe sia ƒe. * Gake ɖe afɔku ɣaɣlawo le emea?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, wobu akɔnta be awu siwo wotɔ ƒe home anɔ dɔlar biliɔn 335.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]

Atsyã Yeye Doɖeŋgɔlawo

Hena ƒe alafa geɖe la, fiawo kple ame ŋkutawo ƒe nudodoe amewo kpɔna srɔ̃na. Le ƒe alafa 17 lia me la, Franseawo ƒe Fia Louis XIII ɖoe be yeaɖɔ ɖawɔwɔe atsɔ atsyɔ yeƒe takpakpa dzii. Eteƒe medidi o Europa-meŋkutawo te ta lulũ heɖɔa ɖawɔwɔe—eye atsyã sia nɔ anyi ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ.

Le ƒe alafa 19 lia me la, magazine siwo ƒoa nu tso nyɔnuwo ŋu do atsyã yeyewo ɖe ŋgɔ eye wotaa atsyã siwo mexɔ asi o ƒe kpɔɖeŋu ale be nyɔnuwo nakpɔ wo dzi atɔ. Esi sinimawo kple television va te bɔbɔ le ƒe alafa 20 lia me la, ame xɔŋkɔwo va zu kpɔɖeŋuɖolawo le dukɔwo dome eye woƒe nudodowo ŋue amewo tɔa awu ɖo. Hadzila xɔŋkɔwo hã doa awu tsɔ hea amewo ƒe susu ɖe wo ɖokui ŋui, eye sɔhɛ geɖewo srɔ̃a wo enumake. Egbea la, tɔtrɔ boo aɖeke meva o, elabena boblodolawo wɔa awuɖeɖefia mɔnuwo, magazine dzeaniwo, boblodoʋuƒowo, fiasewo, kple television dzi boblododowo ŋudɔ nyuie tsɔ hea amewo ƒe susu ɖe awu yeyewo ŋui.

[Nɔnɔmetata]

Fia Louis XIII

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

From the book The Historian’s History of the World

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Blema Egiptetɔwo ƒe awu sia si wotsɔ ɖeti ɣi tɔe la nye awu siwo nɔ tsia dzi ɣeyiɣi didi le xexeame godoo la dometɔ ɖeka

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photograph taken by courtesy of the British Museum

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Nyɔnuwo doa awu legbewo le blema Roma

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

From the book Historia del Traje, 1917

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

Awu si nye kimono va tsia dzi tso keke ƒe 650 M.Ŋ. me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

From the newspaper La Ilustración Artística, Volume X, 1891

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Le blema la, awu xɔasiwo te ŋu nɔa tsia dzi amewo zãna le woƒe agbe me katã

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

EclectiCollections

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Tɔtrɔ siwo va asitsanyawo me na ame tsɛwo hã va tsina dzi ɖe nudodo siwo le tsia dzi ŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

EclectiCollections