Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tiatia Siwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Lãmesẽ Dzi

Tiatia Siwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Lãmesẽ Dzi

Tiatia Siwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Lãmesẽ Dzi

NU NYUI ɖuɖu kple egbɔkpɔkpɔ be woanɔ lãmesẽ nyui me nyea kuxi zi geɖe. Le egbe ƒe ɣeyiɣi si yɔ fũ kple hloloetsotso me la, edze abe edzea amewo ŋu be woaɖu “ɖaƒle” wu be woaɖa nu nyuiwo aɖu eye esɔna na wo be woagblẽ ɣeyiɣi ɖe television alo kɔmpiuta zazã ŋu wu be woade kame. Gake tiatia siawo ate ŋu akplɔ ame tsitsi kple ɖevi siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi ade lãmesẽkuxi sesẽwo me.

Asiaweek magazine gblɔ be le Asia la, “nuɖuɖu siwo me ami le fũ kple dɔ sesẽ mawɔmawɔ na ame gbogbowo le suklidɔ lém.” Nublanuitɔe la, dɔlélea le ɖeviwo dzi dzem. Eye le Canada la, The Globe and Mail ka nya ta be “numekulawo de dzesii be ɖevi siwo mekpɔ ɖo ƒewuiwo me haɖe o dometɔ ɖeka le adre me koe ɖua atikutsetsewo kple amagbewo edziedzi [eye] be esiwo wu ema ƒe afã koe wɔa kamedefefe si ana woadze fifia.” Nyatakakaa gblɔ be agbenɔnɔ ma nana sɔhɛwo “xɔa dzidɔ bɔbɔe le woƒe ƒe 30-awo xɔxɔ me.”

Nenema ke alɔ̃dɔdɔ ŋutinunyala bibiwo gblɔ be ame tsitsiwo hiã gaƒoƒo enyi ƒe alɔ̃dɔdɔ zã ɖesiaɖe eye be sɔhɛwo ahiã geɖe wu ema. Le nyateƒe me la, Chicago Yunivɛsiti ƒe numekuku aɖe si wowɔ ɖee fia be, dɔléle siwo ɖea fu na ame tsitsiwo ƒe dzesi te dzedze le ɖekakpui siwo le lãmesẽ me ŋu esi wodɔ gaƒoƒo ene pɛ ko ƒe alɔ̃ hena ŋkeke ade. Togbɔ be ame geɖewo tsɔa alɔ̃dɔdɔ ƒe ɣeyiɣi tɔxɛa saa vɔ ɖe dɔwɔwɔ, suku, alo modzakaɖeɖe ta hã la, emetsonuawo ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu ŋutɔ. Alɔ̃dɔdɔ ŋuti numekula James Maas, amesi le New York ƒe Cornell Yunivɛsiti gblɔ be: “Vovototo gã aɖe le alesi ŋutete dzro ko nanɔ ame si wòawɔ nu, kple be woanɔ ŋute le susu me awɔ nu le aɖaŋu me akɔlɔ̃e madɔmadɔe esi wole ʋu kum le mɔ gã dzi, dome.”

Nyateƒee, nu bubuwo hã kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe lãmesẽ nyui me nɔnɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui ƒe amesinɔnɔ nana wonɔa lãmesẽ nyui me. Eye tameɖoɖo nyui ƒe amesinɔnɔ le agbe me ate ŋu aʋã mí míawɔ tiatia siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ lãmesẽ nyui me.