Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Maŋlɔ Nu ɖe Ŋutia?

Ðe Wòle Be Maŋlɔ Nu ɖe Ŋutia?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Wòle Be Maŋlɔ Nu ɖe Ŋutia?

“Nuŋɔŋlɔ aɖewo nya kpɔna le ame ƒe ŋutilã ŋu. Wonya kpɔna ale gbegbe.”—Jalene. *

“Hafi maŋlɔ nu ɖe ŋuti zi gbãtɔ la, enye nusi dzrom ƒe eve sɔŋ.”—Michelle.

NUŊƆŊLƆÐEŊUTI bɔ ɖe afisiafialo nenemae wòdzena. Rock hadzilawo, kamedefefewɔla xɔŋkɔwo, amesiwo doa boblo awu yeyewo, kple sinima me fefewɔla ame ŋkutawo ɖea nusiwo wota ɖe ŋuti fiana. Ƒewuivi geɖewo srɔ̃a wo eye woɖea nusiwo woŋlɔ ɖe woƒe abɔta, asiwo, ali, kple afɔkɔewo ŋu fiana dadatɔe. Andrew ʋli nya be: “Nuŋɔŋlɔɖeŋuti sɔ ale gbegbe. Ewɔwɔ alo emawɔmawɔ nye ame ŋutɔ ƒe nya.”

World Book Encyclopedia gblɔ be: “Nuŋɔŋlɔɖeŋuti nye nuwɔna si me woŋlɔa nu wòtsia ŋutilã ŋu tegbee. Wozãa nusiwo ƒe nu le tsutsũe abe ati fefe, ƒu, alo abui ene tsɔ tɔa aŋɔ siwo wotsaka kple ama eye woŋɔa do suesue ɖe ŋutilãa ŋu.”

Togbɔ be esesẽ be woake ɖe eŋuti kɔnta siwo de pɛpɛpɛ ŋu hã la, agbalẽ aɖe bu akɔnta be amesiwo xɔ tso ƒe 15 va ɖo 25 le United States dometɔ 25 le alafa me ye ŋlɔ nu ɖe ŋuti. Sandy gblɔ be: “Enye nusi ame geɖe wɔna.” Nukatae nuŋɔŋlɔɖeŋuti dzɔa dzi na sɔhɛ aɖewo alea ɖo?

Nukatae Wòbɔ Alea Gbegbe Ðo?

Le ame aɖewo gome la, nuŋɔŋlɔɖeŋuti nye mɔ vevi si dzi wotona ɖea lɔlɔ̃ fiana. Michelle gblɔ be: “Fonye ŋlɔ eƒe ahiãvi si wo kpakplii nɔ zɔzɔm tsã la ƒe ŋkɔ ɖe eƒe klo nu.” Nukae va dzɔ? “Wo kpakplii megale zɔzɔm fifia o.” Teen magazine gblɔ be: “Ðɔktawo bu akɔnta be nuŋɔŋlɔɖeŋuti dometɔ 30 le alafa me kple edzivɔ siwo woɖena ɖa nyea nyɔnuvi ƒewuivi siwo di be woatutu ahiãvi si nɔ wo si tsã la ƒe ŋkɔ ɖa la tɔ.”

Sɔhɛ aɖewo bua nuŋɔŋlɔɖeŋuti abe aɖaŋunu ene. Bubuwo bunɛ abe ɖokusinɔnɔ ƒe dzesi ene. Josie gblɔ be: “Mekpɔ ŋusẽ ɖe nye agbe dzi” hegblɔ kpee be nuŋɔŋlɔɖeŋuti “koe nye nyametsotso aɖe si mewɔ le agbe me kpɔ.” Nuŋɔŋlɔɖeŋuti nana sɔhɛ aɖewo tea nu yeye wɔwɔ kpɔsi nana wosenɛ le wo ɖokui me be yewokpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe dzedzeme dzi. Nuŋɔŋlɔɖeŋuti hã nyea aglãdzegbenɔnɔ alo agbenɔnɔ manyatalenu aɖe ƒe dzesi. Eyata nya ƒaƒãwo kple nutata alo nusiwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me gɔ̃ hã nɔa nuŋɔŋlɔ aɖewo me.

Ke hã anye nusi le tsia dzi wɔwɔ ƒe nudzroame koe anya he sɔhɛ akpa gãtɔ de nuwɔna sia me. Gake esi wòdze abe amesiame le nu ŋlɔm ɖe ŋuti ta koe hã nàwɔea?

Nusiwo Blematɔwo Ŋlɔna ɖe Ŋuti

Nuŋɔŋlɔɖeŋuti dze egɔme tso blema ke. Woke ɖe Egipte kple Libia me kuku siwo wosi atike na siwo ŋu nuŋɔŋlɔ siwo anɔ anyi do ŋgɔ na Kristo la le. Wokpɔ ame kuku siwo wosi atike na siwo ŋu nuŋɔŋlɔ le le Anyiehe Amerika hã. Nutata geɖewo ku ɖe mawu siwo trɔ̃subɔlawo subɔna ŋu tẽ. Numekula Steve Gilbert gblɔ be: “Nutata xoxotɔ kekeake si ɖi nane ke menye nususukpɔ dzro aɖe ko o si li enye mawunɔ Bes ƒe nɔnɔme. Le Egiptetɔwo ƒe xotutu me la, mawu Bes nye gbɔdɔdɔ ƒe mawu.”

Edze ƒã be Mose ƒe Sea tsri nuŋɔŋlɔɖeŋuti na Mawu ƒe amewo. Mose III, 19:28 gblɔ be: “Ne ame ku la, migasi blini ɖe ŋuti o, eye migatá nu ɖe ŋuti hã o. Nyee nye Yehowa.” Trɔ̃subɔla, siwo dometɔ aɖewo nye Egiptetɔwo ŋlɔa woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo alo dzesiwo ɖe woƒe nowo alo abɔwo ŋu. Yehowa ƒe se si ku ɖe nuŋɔŋlɔɖeŋuti ŋu la dzi wɔwɔ ana Israel-viwo nato vovo tso dukɔ bubu me tɔwo gbɔ.Mose V, 14:1, 2.

Togbɔ be Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te egbea o hã la, alesi wòtsri nuŋɔŋlɔɖeŋuti naa ame bua tame. (Efesotɔwo 2:15; Kolosetɔwo 2:14, 15) Ne Kristotɔe nènye la, madi kura be woata nu ɖe wò ŋutilã ŋueɖanye ɣeyiɣi kpui tɔsi anye ŋkuɖoɖo trɔ̃subɔsubɔ alo alakpasubɔsubɔ dzi na wò o.Korintotɔwo II, 6:15-18.

Nusiwo Wògblẽna le Lãmesẽ Ŋu

Lãmesẽnyawo hã li siwo ŋu wòle be nàde ŋugble le. Ðk. Robert Tomsick, amesi hã nye ŋutigbalẽŋutinunya nufialagãtenɔla gblɔ be: “Nusi tututu wowɔnae nye ŋutilã sisi ahatsɔ amadede ade teƒea. Togbɔ be ŋutilã ƒe akpa sue aɖe koe abuia ŋɔna hã la, ne èsi ŋutilã la, enɔa bɔbɔe be dɔlékuiwo nage ɖe eme. Mebui be [nu tata ɖe ŋuti] nye nusi me afɔku le ŋutɔ be woawɔ.” Ðk. Tomsick yi edzi be: “Ne amadedea nya ge ɖe eme, eye dɔlékui mege ɖe eme o hã la, dɔ honame, ŋutigbalẽ ƒe dɔlélewo kple dɔléle bubuwo ate ŋu ana ŋutilã nado ʋusrã, wòaɖo loholoho ahatse wòanɔ fiewòm.”

Togbɔ be ɖe woɖonɛ koŋ be nuŋɔŋlɔɖeŋuti nanɔ anyi ɖaa hã la, mɔnu vovovo siwo wote kpɔ be woatsɔ aɖee ɖa la li siwo nye: Keklẽ zazã be woatsɔ afiae ɖa, amekoko, ŋutiklɔnu si wotsɔ ga wɔe tsɔtsɔ ƒlɔ teƒea ɖa, dzetsi zazã atsɔ atutu amadedea, kple tsi si me wode aɖii tsɔtsɔ tutu teƒea si nana abiteƒe va xɔna ɖe eteƒe. Mɔnu siawo xɔ asi eye woate ŋu ana woase veve helĩhelĩ. Teen magazine gblɔ be, “keklẽ zazã atsɔ aɖe nuŋɔŋlɔɖeŋuti ɖa vena sasasã wu nuŋɔŋlɔɖeŋuti.”

Aleke Amewo Abu Wòe?

Ele be nàde ŋugble vevie hã tso alesi amewo abu wòe ne wokpɔ nuŋɔŋlɔ le wò ŋutilã ŋu la ŋu, le alesi menya kpɔna na amewo o ta. (Korintotɔwo I, 10:29-33) Li, nyɔnu aɖe si le Taiwan la na woŋlɔ nu ɖe ŋuti nɛ eŋumabumabui esi wòxɔ ƒe 16. Fifia la enye ɔfisdɔwɔla si xɔ ƒe 21. Li lɔ̃ ɖe edzi be, “etena ɖe dzinye ne nye dɔwɔhatiwo fɔ ŋku ɖe nuŋɔŋlɔa dzi.” Britaintɔ tagbɔdɔdala Theodore Dalrymple gblɔ be le ame geɖe gome la, nuŋɔŋlɔɖeŋuti “nyea nusi dea dzesi ame . . . be enye anyrawɔla, ŋutasẽla, amesi menya hadomegbe nɔnɔ o, kple hlɔ̃dolawo ƒe ƒuƒoƒo me tɔwo dometɔ ɖeka.”

Nyati aɖe si dze le American Demographics magazine me hã gblɔ nya ma ke be: “Edze ƒã be Amerikatɔ geɖewo bua nuŋɔŋlɔɖeŋuti si dzena gaglã be enye afɔku ŋutɔ. [Sɔhɛ] 85 le alafa me lɔ̃ ɖe nya sia dzi be, ‘ele be amesiwo ŋlɔ nu ɖe ŋuti wòdzena gaglã . . . nanya be wo ɖokui ɖeɖe fia alea ate ŋu anye mɔxenu na woƒe agbemedɔ alo wo kpakple ame bubuwo dome ƒomedodo.’”

Gade ŋugble hã kpɔ be ɖe etiatia be yeaŋlɔ nu ɖe yeƒe ŋutilã ŋu ana wò Kristotɔnyenye nanyo ɖe edzi loo alo ado vloea? Ðe wòazu “nuɖiaɖia” na amewoa? (Korintotɔwo II, 6:3) Ele eme baa be sɔhɛ aɖewo na woŋlɔ nu ɖe woƒe ŋutilã ƒe ɣaɣlaƒewo ya. Wo dzilawo gɔ̃ hã mate ŋu anya naneke tso nuŋɔŋlɔ ɣaɣla sia ŋu o. Gake kpɔ nyuie! Ðɔkta gbɔ yiyi kpata le vome alo tsiléle le ame hahoowo ƒe tsileƒe le suku ana woanya nu tso eŋu mlɔeba! Anyo be “míanɔ agbe nyui le nusianu me” eye míaƒo asa na alakpanuwɔwɔ ƒe movidzɔdzɔ.Hebritɔwo 13:18.

Abe alesi wòle le nu yeye ɖesiaɖe si va tsia dzi gome ene la, nuŋɔŋlɔɖeŋuti nu ate ŋu ava yi le ɣeyiɣi aɖe megbe. Le nyateƒe me la, ɖe nudodo aɖeeɖanye atalegbe ye o, dziwui ye o, alo afɔkpa aɖesi nèlɔ̃na vevie ale gbegbe li si nàdi be yeanɔ dodom le wò agbemeŋkekewo katã mea? Ao! Atsyã, kple amadedewo trɔna. Gake nuŋɔŋlɔɖeŋuti to vovo na avɔ, wo ɖeɖe ɖa sesẽ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nusi “sɔ” na wò esi nèxɔ ƒe 16 madze ŋuwò tututu ne èxɔ ƒe 30 o.

Evea ame geɖe emegbe be yewowɔ nusi atsi yewo ŋu ɖaa. Amy gblɔ be: “Mena woŋlɔ nu ɖe ŋuti nam hafi meva srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Medzena agbagba be maɣlae. Ne hamea me tɔwo kpɔe la, ekpea ŋu nam.” Nufiame kae le eme? Bu nuwo ŋu nyuie hafi nàŋlɔ nu ɖe ŋuti. Mègawɔ nyametsotso si ave wò le etsɔme o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Aglãdzelawoe ŋlɔa nu ɖe ŋuti zi geɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Eva vea ame geɖe mlɔeba be yewoŋlɔ nu ɖe ŋuti

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Bu nuwo ŋu nyuie hafi nàŋlɔ nu ɖe ŋuti